INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w04 6/1 axa 29
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Dada Kple Ðokuibɔbɔ Ŋuti Nusɔsrɔ̃ Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nu Si Ta Wòle Be David Nasi
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nya Vevi Siwo Tso Samuel ƒe Agbalẽ Evelia Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
w04 6/1 axa 29

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae Dawid, amesi nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe, ɖe mɔ be aklama kpakpɛ alo legba nɔ srɔ̃a Mixal si, abe alesi wòdze le Samuel I, 19:12, 13 ene?

Gbã la, mína míalé ŋku ɖe nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui sia ŋu kpuie. Esi Mixal, Dawid srɔ̃, se be Fia Saul ɖo nugbe be yeawu Dawid la, eɖe afɔ kpata. Biblia gblɔ be: “Eye Mixal ɖiɖi Dawid to fesre nu, eye wòsi dzo heyi. Eye Mixal tsɔ aklama kpakpɛ [si dze ƒã be eƒe nɔnɔme kple lolome sɔ kple amegbetɔ tɔ] da ɖe aba dzi, etsɔ gbɔ̃fuvɔ ɖo eƒe tade, eye wòtsyɔ avɔ nɛ.” Esi Saul ƒe dɔlawo va be yewoalé Dawid la, Mixal gblɔ na wo be: “Ele dɔ lém.” Ayedzedze sia na be wohe ɖe megbe vie, eye Dawid te ŋu si dzo dedie.—Samuel I, 19:11-16.

Tomenumekukuwo ɖee fia be, le blema la, aklama kpakpɛwo menɔa amewo si ɖe subɔsubɔ me kɔnuwo wɔwɔ ta ko o, ke boŋ wozãnɛ hã le senyawo me. Abe alesi woŋlɔa domenyinumaɖoɖo ɖe agbalẽ me dana ɖi tsɔ ɖea amesi dze anyi nane ƒe domee fiana egbea ene la, nenema kee wozã aklama kpakpɛwo le blema tsɔ ɖoa kpe domenyinu xɔxɔ ƒe gomenɔamesi dzi. Edze ƒã be, le nɔnɔme aɖewo me la, aklama kpakpɛwo ƒe amesinɔnɔ ate ŋu ana gome toyɔvi be wòanyi toa ƒe nunɔamesiwo dome. Anye susu sia tae, ɣeaɖeɣi la, Raxel tsɔ fofoa ƒe aklama kpakpɛwo kple nusitae fofoa di vevie be yeaxɔ wo ɖo. Le go ma me la, Raxel srɔ̃, Yakob, menya be ye srɔ̃a tsɔ fofoa ƒe aklama kpakpɛawo o.—Mose I, 31:14-34.

Esi Israel-viwo va zu dukɔ la, woxɔ Se Ewoawo, eye se evelia gblɔe kaŋ be, woagazã legbawo o. (Mose II, 20:4 5) Emegbe la, nyagblɔɖila Samuel zã se sia esi wònɔ nu ƒom na Fia Saul. Egblɔ be: “Elabena tosesẽ enye afakaka ƒe nuvɔ̃, eye tamesesẽ enye legbawo kple aklama kpakpɛwo subɔsubɔ.” (Samuel I, 15:23) Le susu sia ta la, Israel-viwo manya zã aklama kpakpɛwo tsɔ ɖoa kpe domenyinuwo xɔxɔ ƒe gomenɔamesi dzi o. Gake edze abe Israel-viwo ƒe ƒome aɖewo kpɔtɔ lé blema Yudatɔwo ƒe aʋatsodzixɔse sia me ɖe asi ene. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:5, 6; Fiawo II, 23:24) Esi aklama kpakpɛ nɔ Mixal si ta la, efia be anɔ eme be eƒe dzi meku ɖe Yehowa ŋu bliboe o. Dawid manya nya be aklama kpakpɛa nɔ Mixal si alo da asi ɖe ezazã dzi nɛ le esi wònye Fia Saul vinyɔnu ta o.

Dawid ɖe eƒe nukpɔsusu le Yehowa subɔsubɔ tso dzi blibo me gblɔ le nya siawo me be: “Elabena Yehowa lolo, edze kafukafu ŋutɔ, eye vɔvɔ̃ le eŋu wu mawuwo katã. Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye legbawo, ke Yehowa wɔ dziƒo.”—Kronika I, 16:25, 26.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Se evelia le Se Ewoawo me tsri legbawo, abe aklama kpakpɛ si wota ɖe afisia ene la, wɔwɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

From the book The Holy Land, Vol. II, 1859

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe