INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w04 10/1 axa 29
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nète Ŋu ‘Ƒoa Nu Kple Dzideƒoa’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Lɔ̃ Mawu Si Lɔ̃ Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
w04 10/1 axa 29

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esi apostolo Yohanes ŋlɔ bena “lɔlɔ̃ blibo nyãa vɔvɔ̃ doa goe” la, nuka fiamee wònɔ esi wògblɔ be “lɔlɔ̃ blibo,” eye “vɔvɔ̃” kae wònyana doa goe?

Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Vɔvɔ̃ aɖeke mele lɔlɔ̃ me o, ke boŋ lɔlɔ̃ blibo nyãa vɔvɔ̃ doa goe; elabena fetu vɔ̃ le vɔvɔ̃ me; ke amesi le vɔvɔ̃m la, mezua blibo le lɔlɔ̃ me o.”—Yohanes I, 4:18.

Nya siwo me nya siawo dze le ɖee fiaa be Yohanes nɔ nuƒoƒo faa dzideƒotɔe me dzrom—ne míagblɔe koŋ la, enɔ nu ƒom tso ƒomedodo si le lɔlɔ̃ na Mawu kple nuƒoƒo faa na Eyama dome ŋu. Esia dze ƒã le nusi míexlẽ le kpukpui 17 lia me me be: “Esia me lɔlɔ̃ la zu blibo le mía gbɔ le, bena dzideƒo nanɔ mía si le ʋɔnudrɔ̃gbe.” Alesi gbegbe Kristotɔ aɖe lɔ̃ Mawui eye wòkpɔnɛ be Mawu lɔ̃ yee la kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe nuƒoƒo faa dzi—alo dzi manɔ eƒo kura o—ne ete ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me.

Nyagbɔgblɔ si nye “lɔlɔ̃ blibo” la sɔ. Abe alesi wozãe le Biblia mee ene la, nya “blibo” mefiana blibodede keŋkeŋ le goawo katã me ɣesiaɣi o, ke boŋ efiaa blibodede vaseɖe afi aɖe zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunya la me be: “Eyaŋuti miawo hã mizu blibo, sigbe alesi mia Fofo, si le dziƒo la, le blibo ene.” Yesu nɔ gbɔgblɔm na eyomedzelawo be ne wolɔ̃a amesiwo lɔ̃a wo ɖeɖeko la, woƒe lɔlɔ̃ la made blibo o, made edeƒe o, kpɔtsɔtsɔ anɔ eŋu. Ele be woana woƒe lɔlɔ̃a nade blibo, alo wòagba go, to woƒe futɔwo gɔ̃ hã lɔlɔ̃ me. Nenema kee esime Yohanes ŋlɔ nu tso “lɔlɔ̃ blibo” ŋu la, enɔ nu ƒom tso lɔlɔ̃ na Mawu si atso dzi blibo me, si ade edeƒe, eye woaɖee afia le ame ƒe agbemenuwɔna ɖesiaɖe me, la ŋu.—Mateo 5:46-48; 19:20, 21.

Ne Kristotɔ le nu ƒom na Mawu le gbedodoɖa me la, enɔa susu me nɛ be yenye nuvɔ̃me eye yemede blibo o. Gake ne eƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple alesi wòsena le eɖokui me be Mawu lɔ̃ yee de edeƒe bliboe la, vɔvɔ̃ na fɔbuame alo be woagbe ye mado kplamatsee o. Ke boŋ, aƒo nu faa aɖe nusiwo le eƒe dzime agblɔ eye wòabia tsɔtsɔke to tafevɔsa si Mawu na lɔlɔ̃tɔe to Yesu Kristo dzi la dzi. Kakaɖedzi nɔa esi be Mawu se yeƒe kukuɖeɖewo eye wodze eŋu.

Aleke ame “zua blibo le lɔlɔ̃ me” ‘henyãa’ vɔvɔ̃ na fɔbuame alo be woagbe ye ‘dona goe’? Apostolo Yohanes gblɔ be: “Amesi ke lé [Mawu ƒe] nya la me ɖe asi la, eya me Mawu ƒe lɔlɔ̃ zu blibo le vavã.” (Yohanes I, 2:5) Bu eŋu kpɔ: Ne Mawu lɔ̃ mí esime míegakpɔtɔ nye nuvɔ̃wɔlawo la, ɖe malɔ̃ mí geɖe wu ne míetrɔ dzime vavã hedo vevie nu “lé eƒe nya la me ɖe asi” oa? (Romatɔwo 5:8; Yohanes I, 4:10) Le nyateƒe me la, ne míeyi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la, kakaɖedzi ma ke si nɔ apostolo Paulo si la ke anɔ mía si le esi wògblɔ le Mawu ŋu be: “Amesi mehe ye ŋutɔ ƒe Vi ɖe megbe o, ke wòtsɔe hena ɖe mí katã mía ta boŋ; aleke lawɔ, eye matsɔ nuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa?”—Romatɔwo 8:32.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe