Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Yohanes I, 4:18 gblɔ na mí be: “Vɔvɔ̃ aɖeke mele lɔlɔ̃ me o, ke boŋ lɔlɔ̃ blibo nyãa vɔvɔ̃ doa goe.” Gake Petro ŋlɔ bena: “Milɔ̃ nɔviawo, mivɔ̃ Mawu.” (Petro I, 2:17) Aleke míatsɔ mawunyakpukpui eve siawo awɔ ɖekae?
Petro kple Yohanes siaa nye apostolo siwo srɔ̃ nu tso Yesu Kristo ŋutɔ gbɔ tẽ. Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be ɖekawɔwɔ le nya si woŋlɔ la dome. Le mawunyakpukpui siwo míeyɔ ɖe etame gome la, nusi ana míase nya la gɔmee nye be vɔvɔ̃ ƒomevi eve ŋue apostolo eveawo nɔ nu ƒom tsoe.
Gbã la, mina míadzro Petro ƒe aɖaŋuɖoɖoa me kpɔ. Nya siwo ƒo xlãe la ɖee fia be Petro nɔ nuxlɔ̃ame si tso gbɔgbɔ me nam ehati Kristotɔwo le nɔnɔme si woaɖe afia amesiwo le ɖoƒe kɔkɔwo ŋu. Ne míagblɔe bubui la, ɖokuibɔbɔ le nɔnɔme aɖewo me ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Eyata exlɔ̃ nu Kristotɔwo be woabɔbɔ wo ɖokui na amesiwo le ɖoƒe kɔkɔwo le amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo me, abe fiawo alo dukplɔlawo ene. (Petro I, 2:13, 14) Petro ŋlɔ yi edzi be: “Mibu amewo katã, milɔ̃ nɔviawo, mivɔ̃ Mawu, mibu fia la.”—Petro I, 2:17.
Ne míebu nya siwo ƒo xlãe ŋu la, edze ƒã be esi Petro gblɔ be Kristotɔwo ‘navɔ̃ Mawu’ la, efia be ele be míatsɔ bubu deto ana Mawu, eye míavɔ̃ be míava wɔ nusi madze ŋusẽtɔ gãtɔ kekeake la ŋu o.—Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 11:7.
Ke apostolo Yohanes ƒe nyawo ya ɖe? Apostoloa do ŋgɔ ƒo nu tso alesi wòhiã be míado “gbɔgbɔawo kpɔ” be aʋatsonyagblɔɖilawo gbɔe wòtso hã ŋu le Yohanes I, ta 4 me. Edze ƒã be woƒe nyawo metso Yehowa Mawu gbɔ o; xexe vɔ̃ɖi la mee wotso alo eƒe nɔnɔmee woɖe fia.
Gake ‘Mawu mee’ Kristotɔ amesiaminawo ya ‘tso.’ (Yohanes I, 4:1-6) Esi wòle nenema ta la, Yohanes ƒoe ɖe mía nu be: “Lɔlɔ̃tɔwo, mina míalɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me.” Mawue xɔ ŋgɔ le lɔlɔ̃ ɖeɖefia me—‘edɔ Via ɖo ɖa, bena wòanye avuléle le mía nuvɔ̃wo ta.’ (Yohanes I, 4:7-10) Aleke wòle be míawɔ nu ɖe enui?
Edze ƒã be ele be míayi edzi awɔ ɖeka kple mía Mawu lɔlɔ̃tɔ la. Mele be ŋɔdzi nalé mí alo míanɔ ƒoƒom kpakpakpa ne míedo ɖe eŋkume le gbedodoɖa me o. Yohanes ɖo aɖaŋu do ŋgɔ be: “Ne míaƒe dzi mebu fɔ mí o la, ekema dzideƒo le mía si le Mawu ƒe ŋku me, eye nusianu, si míebiae la, míaxɔe atso esi me; elabena míeléa eƒe seawo me ɖe asi.” (Yohanes I, 3:21, 22) Ẽ, dzitsinya nyui naa ablɔɖe mí be míado ɖe Mawu ŋkume dzitsitsi alo vɔvɔ̃ manɔmee. Míetsoa lɔlɔ̃ me ƒoa nu faa, alo dona ɖe Yehowa ŋkume le gbedodoɖa me. “Vɔvɔ̃ aɖeke mele lɔlɔ̃ me” le go sia me o.
Azɔ mina míatsɔ nya eveawo awɔ ɖekae. Ele be Kristotɔ navɔ̃ Yehowa bubutɔe ɣesiaɣi, si tsoa bubu deto dede eƒe nɔƒe, ŋusẽ, kple dzɔdzɔenyenye ŋu me. Gake míelɔ̃ Mawu le esi wònye mía Fofo ta eye míetena ɖe eŋu kplikplikpli hedona ɖe eŋkume faa. Le esi teƒe be ŋɔdzi nanɔ mía me ɖe eŋu la, kakaɖedzi nɔa mía si be míate ŋu ate ɖe eŋu, abe alesi ɖevi tena ɖe dzila lɔlɔ̃tɔ ŋu faa ene.—Yakobo 4:8.