INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w05 11/15 axa 10-12
  • Toɖoɖo Lɔlɔ̃tɔe ƒe Aɖaŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Toɖoɖo Lɔlɔ̃tɔe ƒe Aɖaŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Vevi Aɖe
  • Ðo To Ale be Nànya Amea ƒe Seselelãmewo
  • Toɖoɖo Lɔlɔ̃tɔe—Nu Sesẽe
  • Srɔ̃ Nusrɔ̃lawɔla Gã La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • ‘Lé Ŋku Ðe Alesi Nèɖoa Toe Ŋuti’
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Aleke Míaɖo To Mawui?
    Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • Akpa 1
    Ðo To Mawu
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
w05 11/15 axa 10-12

Toɖoɖo Lɔlɔ̃tɔe ƒe Aɖaŋu

“AKPE na wò be nèɖo to se nye nyawo nam.” Ame aɖe gblɔ nya mawo na wò nyitsɔ laa sia? Kafukafunyawoe ma lo! Amesiame kloe kpɔa dzidzɔ ɖe amesi ɖoa to ame ƒe nya nɛ nyuie ŋu. Ne míeɖoa to nyuie la, ekema míate ŋu ana amesiwo dzi kuxiwo te ɖo la ƒe dzi nafa. Eye ɖe toɖoɖo amewo nyuie menana míeva dea asixɔxɔ geɖe wu wo ŋu oa? Le Kristo-hamea me la, toɖoɖo lɔlɔ̃tɔe nye ‘ŋkuléle ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me’ ƒe akpa vevi aɖe.—Hebritɔwo 10:24.

Gake ame geɖe meɖoa to nyuie o. Wodina be yewoaɖo aɖaŋu, agblɔ nusiwo me woa ŋutɔwo woto, alo aɖe woa ŋutɔwo ƒe nukpɔsusu agblɔ le esi teƒe be woalé to ɖe nya si le ame bubuwo si woagblɔ ŋu. Le nyateƒe me la, be woaɖo to bia aɖaŋu. Aleke míawɔ asrɔ̃ alesi míaɖo to lɔlɔ̃tɔe?

Nu Vevi Aɖe

Yehowae nye míaƒe ‘Nufialagã.’ (Yesaya 30:20) Ate ŋu afia nu geɖe mí tso toɖoɖo ŋu. Bu alesi Yehowa kpe ɖe nyagblɔɖila Eliya ŋui ŋu kpɔ. Esi Fianyɔnu Izebel do vɔvɔ̃ na Eliya la, esi yi gbedadaƒo hedi be yeaku. Mawu ƒe dɔla va ƒo nu kplii le afima. Yehowa ɖo to esi eƒe nyagblɔɖilaa gblɔ vɔvɔ̃ siwo nɔ eyama me, eye emegbe Eɖe eƒe ŋusẽ gã fiae. Nukae do tso eme? Eliya dzudzɔ vɔvɔ̃, si na wòtrɔ yi eƒe dɔa wɔ ge. (Fiawo I, 19:2-15) Nukatae Yehowa kpɔ vovo ɖoa to nusiwo le fu ɖem na eƒe subɔlawo? Esi wòtsɔ ɖe le eme na wo tae. (Petro I, 5:7) Nu vevi aɖe le afisia si ana nàzu toɖola nyui: Tsɔ ɖe le eme ŋutɔŋutɔ na amewo.

Esi ŋutsu aɖe si le Bolivia wɔ nuvɔ̃ gã aɖe la, ekpɔ ŋudzedze ɖe ɖetsɔleme sia si haxɔsetɔ aɖe nae ŋu ŋutɔ. Ŋutsua gblɔ be: “Megbɔdzɔ keŋkeŋ le agbe me ɣemaɣi. Ne menye ɖe nɔviŋutsu aɖe kpɔ vovo ɖe ŋunye ɖo tom o la, anye ne meɖe asi le Yehowa subɔsubɔ ŋu bɔbɔe. Megblɔ nya geɖe o, gake ɖetsɔleme si ɖeɖe wòɖe fia heɖo tom la do ŋusẽm ale gbegbe. Nyemehiã be wòagblɔ nusi wòle be mawɔ nam o; nye ŋutɔ menyae xoxo. Nusi ko hiãm ye nye be manya be ame aɖe tsɔ ɖe le nye seselelãmewo me. Eƒe toɖoɖom wɔe be dziɖeleameƒo meɖu dzinye o.”

Ame aɖe si ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le toɖoɖo lɔlɔ̃tɔe ƒe aɖaŋua mee nye Yesu Kristo. Ɣeyiɣi kpui aɖe le Yesu ƒe ku megbe la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve zɔ mɔ tso Yerusalem nɔ kɔƒe aɖe si didi tso afima abe kilometa 11 ene me yim. Edze ƒã be dzi ɖe le wo ƒo. Eyata Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre la dze zɔzɔ kpli wo. Etrɔ asi le nyabiase aɖewo ŋu tsɔ na nusrɔ̃laawo ɖe nusi le woƒe susu me gblɔ. Wogblɔ nusiwo wonɔ mɔ kpɔm na tsã kple dziɖeleameƒo kpakple tɔtɔ si me wole azɔ. Yesu tsɔ ɖe le eme na wo, eye alesi wòɖo to nusrɔ̃la eveawo lɔlɔ̃tɔe la na woawo hã woɖo to. Azɔ Yesu ɖe “nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gɔme fia wo.”—Luka 24:13-27.

Toɖoɖo ame bubuwo gbã ana woawo hã woaɖo to mí. Nyɔnu Boliviatɔ aɖe gblɔ be: “Dzinyelawo kple srɔ̃nye dzilawo va nɔ tsitre tsim ɖe alesi menɔ vinyewo hemee ŋu. Woƒe nyawo ve dɔme nam, gake nyemese le ɖokuinye me be menye dzila nyui o. Ɣemaɣi lɔƒoe Yehowa Ðasefo aɖe va gbɔnye. Eƒo nu tso Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu nam. Gake mɔ si dzi wòto bia nye nukpɔsusui lae na menya be amesia di be yeaɖo tom. Mekpee be wòage ɖe xɔa me, eye enumake medze nye kuxia gbɔgblɔ nɛ. Etsɔ dzigbɔɖi ɖo tom. Ebiam nusi dim mele na vinyewo kple alesi srɔ̃nye buna tso eŋu. Nye dzi dze eme ŋutɔ be meɖo dze kple ame aɖe si lɔ̃ faa be yeadze agbagba ase nu gɔme nam. Esi wòdze nusi Biblia gblɔ tso ƒomegbenɔnɔ ŋu gbɔgblɔ nam la, menyae enumake be ame aɖe si tsɔ ɖe le nye nɔnɔmea mee mele nu ƒom kple.”

Biblia gblɔ be: “Lɔlɔ̃ la . . . media ye ŋutɔ tɔ o.” (Korintotɔwo I, 13:4, 5) Eyata toɖoɖo lɔlɔ̃tɔe bia be míaɖe asi le mía ŋutɔwo míaƒe nudidiwo ŋu. Esia ate ŋu abia be míatsi television si kpɔm míele, míaɖe asi le nyadzɔdzɔgbalẽ si xlẽm míele ŋu, alo atsi míaƒe asitelefon ne ame bubuwo le nya vevi aɖe gblɔm na mí. Toɖoɖo lɔlɔ̃tɔe fia be míatsɔ ɖe vevie le ame evelia ƒe susuwo me. Ebia be míagadze nuƒoƒo tso mía ŋutɔ mía ɖokui ŋu, ahadze nyawo abe, “Wò nyaa na meɖo ŋku nane si dzɔ ɖe dzinye ɣeaɖeɣi va yi dzi,” ene gbɔgblɔ o. Togbɔ be woate ŋu agblɔ nya mawo ne xɔlɔ̃wo le dze ɖom hã la, ele be míaɖe asi le nusiwo me mía ŋutɔwo míetsɔ ɖe le ŋu ne ame aɖe le nya vevi aɖe gblɔm na mí. Ðetsɔleme vavã si anɔ mía si na amewo la agate ŋu adze le mɔ bubu aɖe nu.

Ðo To Ale be Nànya Amea ƒe Seselelãmewo

Hiob ƒe zɔhɛwo se eƒe nuƒo ewo ya teti. Ke hã, Hiob gblɔ be: “Oo, ɖe ame aɖe naɖo tom!” (Hiob 31:35) Nukatae? Elabena woƒe toɖoɖoa mehe akɔfafa aɖeke vɛ nɛ o. Wometsɔ ɖeke le Hiob ŋutɔ me loo alo di be yewoase eƒe seselelãmewo gɔme o. Womenye veveseɖeamenula siwo dzi ame ƒe nya wɔa dɔ ɖo o. Gake apostolo Petro ɖo aɖaŋu be: “Mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.” (Petro I, 3:8) Aleke míawɔ aɖee afia be míesea veve ɖe amewo nu? Mɔ ɖekae nye to ɖetsɔleme ɖeɖefia ɖe amea ƒe seselelãmewo ŋu kple agbagba dzedze be míase wo gɔme nɛ me. Veveseɖeamenunyawo abe “nu ma ave wò godoo” alo “anye be womese wò nuwɔnaa (alo nyaawo) gɔme o” gbɔgblɔ nye mɔ aɖe si dzi míato aɖee afia be míetsɔ ɖe le eme. Mɔ bubue nye be míagbugbɔ amea ƒe nyawo agblɔ ɖe mía ŋutɔwo míaƒe nyagbɔgblɔ me, ahato eme aɖee afia be míese nya si amea gblɔ gɔme. Toɖoɖo lɔlɔ̃tɔe fia be menye nyawo ŋu ko míalé to ɖo o, ke boŋ ɖe seselelãme siwo womeɖe gblɔ o hã ŋu.

Roberta nye Yehowa Ðasefo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla si si nuteƒekpɔkpɔ geɖe le. Egblɔ be: “Ɣeaɖeɣi va yi la, nye subɔsubɔdɔa va ɖe dzi le ƒonye. Eyata megblɔ na míaƒe dzikpɔla mɔzɔla be maɖo dze kplii. Eɖo tom ŋutɔŋutɔ eye wòdze agbagba be yease nye seselelãmewo gɔme. Ewɔ nam kura gɔ̃ hã be ese nye vɔvɔ̃ si nye be ele nya he ge ɖe ŋunye le nye nɔnɔmea ta gɔme. Nɔvia ka ɖe edzi nam be nye seselelãmeawo sɔ, elabena ye ŋutɔ hã yese le ye ɖokui me nenema kpɔ ɣeaɖeɣi. Esia kpe ɖe ŋunye ŋutɔ be mete ŋu yi dɔa dzi.”

Ðe míate ŋu aɖo to ame, evɔ míalɔ̃ ɖe nya si wògblɔ dzi oa? Ðe míate ŋu agblɔ na ame aɖe be edzɔ dzi na mí be egblɔ alesi wole sesem le eɖokui me na mía? Ẽ. Ne viŋutsuvi aɖe da kɔ le suku alo nyɔnuvi ƒewuivi aɖe gbɔ va aƒeme va gblɔ be ŋutsuvi aɖe ƒe nu dzɔ dzi na ye ɖe? Ðe manyo wu be dzilaa naɖo toe ahadze agbagba ase nusi le sɔhɛa ƒe susu me hafi agblɔ nusi nyo kple nusi menyo o la nɛ oa?

Lododowo 20:5 gblɔ be: “Ŋutsu ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela dunɛ.” Ne ame nyanu kpɔnuteƒe aɖe li si medina be yeaɖo aɖaŋu na ame ne womebia ye o la, ɖewohĩ míate ŋu ana wòaɖo aɖaŋu na mí. Nenema kee wòle ne míeɖoa to lɔlɔ̃tɔe. Ebia nukpɔkpɔ ayi ŋgɔe hafi nàna ame aɖe naɖe eƒe susu agblɔ. Nyabiasewo biabia nyo, gake ele be míakpɔ nyuie be míagava nɔ didim be míanya amea ƒe nya ɣaɣlawo o. Ðewohĩ anyo be míagblɔe na amea be ate ŋu adze nuƒoƒo gɔme tso nya siwo wòkpɔ be yeate ŋu agblɔ bɔbɔe la dzi. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃nyɔnu si di be yeagblɔ kuxi siwo le yeƒe srɔ̃ɖeɖe me la akpɔe be anɔ bɔbɔe wu be yeadze egɔme tso alesi woa kple srɔ̃a wowɔ do go hafi va ɖe wo nɔewoe dzi. Amesiwo gbɔdzɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me la akpɔe be anɔ bɔbɔe wu be yeadze egɔme tso alesi yewɔ va srɔ̃ nyateƒea dzi.

Toɖoɖo Lɔlɔ̃tɔe—Nu Sesẽe

Toɖoɖo amesi do dziku ɖe mía ŋu ate ŋu anye nu sesẽ, elabena le dzɔdzɔme nu la, míedina be míaʋli mía ɖokui ta. Aleke míawɔ akpɔ kuxi ma gbɔ? Lododowo 15:1 gblɔ be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu.” Gbɔgblɔ na amea dɔmenyotɔe be wòaƒo nu, kple toɖoɖoe dzigbɔɖitɔe esime wòle eƒe dziku ɖem le gbɔgblɔm la nye mɔ aɖe si dzi míato aɖo nya ŋu nɛ le dɔmefafa me.

Zi geɖe la, ame eve siwo léa nya ɖeka ɖe nu lae nɔa glãka hem vevie. Wo dometɔ ɖesiaɖe susuna be ame evelia mele to ɖom ye o. Kpɔ alesi wòanyoe ɖa ne wo dometɔ ɖeka gbɔ dzi ɖi heɖo to nɔvia ŋutɔŋutɔ! Ke hã, ele vevie be míaɖu mía ɖokui dzi ahagblɔ míaƒe nyawo le aɖaŋudzedze kple lɔlɔ̃ me. Biblia gblɔ na mí be: “Amesi kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.”—Lododowo 10:19.

Toɖoɖo ame lɔlɔ̃tɔe menye aɖaŋu si vana le eɖokui si o. Gake enye aɖaŋu aɖe si míate ŋu asrɔ̃ to agbagbadzedze kple ɖokuimamla dzi. Le nyateƒe me la, enye aɖaŋu aɖe si wòhiã be míasrɔ̃. Toɖoɖo amewo nyuie ne wole nu ƒom nye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia wo. Enana míekpɔa dzidzɔ hã. Eyata, nunyanu gã aɖe ŋutɔe wònye be míasrɔ̃ alesi míaɖo to lɔlɔ̃tɔe!

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔa.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Ne míele to ɖom ame aɖe la, ele be míaɖe asi le mía ŋutɔwo míaƒe didiwo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Toɖoɖo amesi do dziku ate ŋu anye nu sesẽ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe