‘Lé Ŋku Ðe Alesi Nèɖoa Toe Ŋuti’
NE ÈDI be yeanye nusrɔ̃la nyui la, ekema ele be nànye toɖola nyui. Toléle ɖe nya ŋu ate ŋu ana woatsi agbe alo womatsi agbe o. Esime Yehowa nɔ dzadzraɖo wɔm be yeaɖe yeƒe dukɔ tso kluvinyenye me le Egipte la, ena mɔfiamewo Mose, eye Mose hã na Israel me tsitsiwo nya nusi wòle be woawɔ be woaxɔ woƒe ŋgɔgbeviwo ɖe agbe tso ku ƒe dɔla si me. (Mose II, 12:21-23) Ame tsitsiawo hã gblɔ nya siawo na ƒome ɖesiaɖe. Wogblɔe kple nu. Ehiã be dukɔa naɖo to nyuie. Aleke woamawo xɔ nya lae? Biblia ka nya ta be: “Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose kple Aron ene; nenema wowɔ.” (Mose II, 12:28, 50, 51) Esia wɔe be Israel kpɔ ɖeɖe wɔnuku aɖe.
Egbea Yehowa le asi trɔm le mía ŋu hena ɖeɖekpɔkpɔ si de ŋgɔ boo wu ema. Ele be míalé to ɖe nufiame si wònaa mí la ŋu tsitotsito vavã. Wonaa nufiame sia le hamea ƒe kpekpewo me. Ðe kpekpe siawo le vi ɖem na wò bliboea? Alesi nèɖoa toe dzie wòanɔ te ɖo.
Ðe nya vevi siwo le nufiame siwo wonana le kpekpeawo me tsia susu me na wòa? Ðe wònye numame na wò be kwasiɖa sia kwasiɖa, nèdia mɔ siwo dzi nàto anɔ agbe ɖe nufiame siwo wonana la nu alo aƒo nu tso wo ŋuti na ame bubuwoa?
Dzra Wò Dzi Ðo
Be nufiame si wonana le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me naɖe vi na mí bliboe la, ele be míadzra míaƒe dzi ɖo. Nusi dzɔ le Yuda-fia Yosafat ƒe fiaɖuɣi te gbe ɖe nusia wɔwɔ ƒe vevienyenye dzi. Yosafat ʋli tadedeagu vavãtɔ ta dzideƒotɔe. “Eɖe nuxeƒewo kple Aserawo ɖa le Yuda,” eye wòde dɔ asi na amegãwo, Lewi-viwo, kple nunɔlawo be woafia Yehowa ƒe Sea dukɔa le Yuda-duwo katã me. Ke hã “womeɖe nuxeƒewo ɖa o.” (Kron. II, 17:6-9; 20:33) Wotsɔ tadedeagu na alakpamawuwo tsaka tadedeagu na Yehowa le woa ŋutɔwo ƒe didi nu le trɔ̃subɔlawo ƒe nuxeƒeawo, eye esia xɔ aƒe ɖe wo me ale gbegbe be womete ŋu ɖe wo ɖa keŋkeŋ o.
Nukatae nufiame ƒe ɖoɖo si Yosafat wɔ la mete ŋu li ke ɖe wo me o? Nuŋlɔɖia yi edzi be: “Dukɔ la metsɔ woƒe dzi ɖo wo fofowo ƒe Mawu la ŋu haɖe o.” Wose nya baa ya, gake wogbe edziwɔwɔ. Ðewohĩ ewɔ na wo be mɔzɔzɔ ayi Yerusalem ƒe gbedoxɔa me aɖasa vɔ la nye fuɖename. Woagblɔ ko be xɔse meʋã woƒe dzi o.
Be míagade megbe ayi Satana ƒe xexeame ƒe mɔwo dzi o la, ele be míadzra míaƒe dzi ɖo be míaxɔ nufiame si nam Yehowa le egbea. Aleke míawɔe? Eƒe mɔnu vevi ɖekae nye to gbedodoɖa dzi. Ele be míado gbe ɖa bene míate ŋu atsɔ akpedada axɔ nufiame si tso Mawu gbɔ. (Ps. 27:4; 95:2) Esia akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ ŋudzedze ɖe mía nɔvi siwo togbɔ be womede blibo o hã la, wotsɔa wo ɖokui nana, be Yehowa nazã yewo ne yewoafia nu eƒe amewo la ƒe agbagbadzedzewo ŋu. Aʋã mí be míada akpe na Yehowa, menye ɖe nu yeye siwo srɔ̃m míele ɖeɖeko ta o, ke boŋ ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míadzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo míesrɔ̃ va yi ŋu ɖe edzi hã ta. Esi didia le mía me be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu bliboe ta la, míedoa gbe ɖa be: “Yehowa, fia wò mɔm, . . . tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ!”—Ps. 86:11.
Wò Susu Nenɔ Nya Ŋu
Nu geɖe doa kplamatse míaƒe toléle ɖe nya ŋu tsitotsito. Ate ŋu anɔ eme be dzimaɖitsitsiwo axɔ míaƒe susu me. Toɣliɖeɖe kple alesi nyaselawo dometɔ aɖewo anɔ yiyim anɔ gbɔgbɔm le takpeƒea alo gota hã ate ŋu ahe míaƒe susu. Mavomavotsitsi ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míaƒe susu nanɔ nya ŋu. Amesiwo si ɖevi suewo le la kpɔnɛ enuenu be yewoƒe susu mete ŋu nɔa afi ɖeka o. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ nuƒoawo ŋu?
Ŋku kpɔa ŋusẽ tɔxɛ ɖe afisi míaƒe susu le dzi. Nɔ nuƒolaa kpɔm tututu ne wòakpe ɖe ŋuwò wò susu nanɔ nyaa ŋu. Ne eyɔ mawunyakpukpui aɖe—ne eganye esi nènya nyuie xoxo gɔ̃ hã la—ʋui nànɔ edzi kpɔm esime wòle exlẽm. Nede megbe xaa tso gbɔwò be gbeɖiɖi ɖesiaɖe si nèse alo amesiame si tso alo va ko la, nànyè kɔ akpɔ afima ɖa. Ne wò ŋku le nu geɖe siwo mele vevie o lɔm le susu me dem na wò la, ekema nya siwo gblɔm wole le nuƒolanɔƒea ƒe akpa veviwo ato ŋuwò.
Ne dzimaɖitsitsi alo ‘ŋugbledede le dzi me’ na wòsesẽ na wò be wò susu nanɔ nuƒoawo ŋu la, do gbe ɖa na Yehowa ne wòana wò susu kple wò dzi nadze akɔ anyi be nàte ŋu alé to ɖe nya ŋu. (Ps. 94:19; Fil. 4:6, 7) Wɔ nusia zi alesinu hiã. (Mat. 7:7, 8) Mɔnuɖoɖo si tso Yehowa gbɔe hamea ƒe kpekpewo nye. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be edi be kpekpeawo naɖe vi na wò bliboe.—Yoh. I, 5:14, 15.
Toléle Ðe Nuƒowo Ŋu
Ðewohĩ àɖo ŋku nyati vevi siwo nèse le nuƒo aɖewo siwo do dzidzɔ na wò me la dzi. Gake toléle ɖe nuƒo ŋu bia nu geɖe wu ŋkuɖoɖo nyati vevi aɖewo ko dzi. Nuƒo le abe mɔzɔzɔ ene. Togbɔ be nusiwo kpɔkpɔ ado dzidzɔ na ame anɔ mɔa dzi hã la, nu vevitɔ si minyam amea le ye nye afisi wòyina, taɖodzinua. Ate ŋu anɔ eme be nuƒolaa le agbagba dzem be yeakplɔ nyaselawo woaɖo nyataƒoƒo aɖe gbɔ alo yeaʋã wo woawɔ afɔɖeɖe tɔxɛ aɖe.
Bu nuƒo si Yosua ƒo na Israel-dukɔa, si woŋlɔ ɖe Yosua 24:1-15, ŋu kpɔ. Eƒe taɖodzinue nye be yeaʋã dukɔa ne woaku ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu goŋgoŋ to wo ɖokui ɖeɖeɖa keŋkeŋ tso dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe trɔ̃subɔsubɔ gbɔ la me. Nukatae ema le vevie nenema gbegbe? Alesi gbegbe alakpasubɔsubɔ ƒo xlã woe la he dukɔa ƒe tenɔnɔ nyui le Yehowa ŋku me de afɔku gã aɖe me. Dukɔa ɖo Yosua ƒe kokoƒoƒoa ŋu be: “Nede megbe xaa tso mía gbɔ be, míagblẽ Yehowa ɖi asubɔ mawu bubuwo! . . . Míawo hã míasubɔ Yehowa.” Wosubɔe hã vavã!—Yos. 24:16, 18, 31.
Ne èle nuƒo sem la, dze agbagba nàde dzesi nuƒoa ƒe taɖodzinu. Bu alesi nya siwo hem nuƒolaa le ɖe go la le taɖodzinu ma gbɔ ɖomee la ŋu. Bia nusi nyatakakaa di tso asiwò be nàwɔ la ɖokuiwò.
Toɖoɖo ne Wole Nu Me Dzrom
Wowɔa Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃, Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃, kple Subɔsubɔ Kpekpe ƒe akpa aɖewo wonyea nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro tso agbalẽ siwo ɖe Biblia me la me.
Ne míele to ɖom le numedzroɣia la, le go aɖewo me la, ɖeko wòle abe ɖe míele gome kpɔm le dzeɖoɖoa me ene. Ele be nànye toɖola nyui be wòaɖe vi na wò bliboe. Lé to ɖe alesi wole nyaawo me kɔmee ŋu. De dzesi alesi wɔnaa dzikpɔlaa le gbe tem ɖe tanyaa kple nyati veviawo dzii. Ðo eƒe nyabiabiawo ŋu le susu me. Ðo to esime ame bubuwo le nyaa me ɖem hele asi fiam viɖe si le nusɔsrɔ̃a ƒe akpa ma ŋu. Ame bubuwo ƒe nukpɔsusu sese ana nàgase nusi nènya xoxo la gɔme le mɔ yeye nu. Ƒo ɖokuiwò ɖe dzeɖoɖoa me to wò dzixɔse ɖeɖe gblɔ me.—Rom. 1:12.
Nya si wotia la sɔsrɔ̃ do ŋgɔ akpe ɖe ŋuwò be wò susu katã nanɔ numedzodzroa ŋu eye nàse ame bubuwo ƒe nyaŋuɖoɖowo gɔme bɔbɔe. Ne manya wɔ na wò bɔbɔe be nàsrɔ̃ nyatia tsitotsito o le nɔnɔme si me nèle ta la, ke zã aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo nàtsɔ axlẽ nusɔsrɔ̃a ƒe akpa vevi aɖewo ya teti do ŋgɔ na kpekpea. Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò be numedzodzroa nagaɖe vi na wò geɖe wu.
Toɖoɖo le Takpekpe Sue Kple Gãawo Me
Susuhenu geɖe te ŋu nɔa takpekpe sue kple gãawo me wu hamea ƒe kpekpewo. Esia ate ŋu ana toléle ɖe nya ŋu nagasesẽ ɖe edzi. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?
Nu vevi ɖekae nye ɖiɖiɖeme nyuie le zã me. Gbesiagbe hafi nuƒoawo nadze egɔme la, na ŋkekea ƒe tanyaa nanɔ susu me na wò vevie. Lé ŋku ɖe nuƒo ɖesiaɖe ƒe tanya ŋu, eye nàkpɔe ɖa le susu me be nya kae woagblɔ le eŋu hã. Wɔ wò Biblia ŋudɔ bliboe. Ame geɖe kpɔe be ne yewowɔ nuŋlɔɖi kpuikpuiwo le nyati veviawo ŋu la, ekpena ɖe yewo ŋu be yewoƒe susu nanɔ nuƒoawo ŋu. De dzesi nufiame si nèɖo be yeazã le wò ŋutɔ wò agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔa me ɖi. Gbesiagbe ne èyina takpekpea alo ne ètrɔ gbɔna la, ɖo dze tso nya siwo nèse la ƒe ɖewo ŋu. Esia akpe ɖe ŋuwò be nyawo natsi susu me na wò.
Ðeviwo Hehe be Woalé To Ðe Nya Ŋu
Dzila Kristotɔwo ate ŋu akpe ɖe wo viwo—vi fẽwo gɔ̃ hã—ŋu be ‘nunya nasu wo si hena agbexɔxɔ’ ne wokplɔa wo vaa hame ƒe kpekpewo, takpekpe suewo, kple takpekpe gãwo me. (Tim. II, 3:15) Esi ɖevi ɖesiaɖe ƒe nɔnɔme kple susu ƒe nuŋunɔnɔ ŋutete to vovo ta la, ŋuɖɔɖɔɖo hiã be woate ŋu akpe ɖe wo ŋu woanye toɖola nyuiwo. Ðewohĩ aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la aɖe vi na wò.
Ne miele aƒeme la, midi ɣeyiɣi ne viwòawo nanɔ anyi kpoo axlẽ nu alo akpɔ nɔnɔmetata siwo le míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo me. Mègatsɔ naneke na ɖeviawo woatsɔ anɔ fefemee le kpekpewo o. Alesi wònɔ le blema Israel la, nenema ke wògakpɔtɔ le egbea be wokplɔa ɖeviwo vaa kpekpeawo be ‘woase nya ahasrɔ̃ nu.’ (Mose V, 31:12) Le afisiwo wòanya wɔ le la, dzila aɖewo naa agbalẽ siwo srɔ̃m wole la wo vi suesuewo gɔ̃ hã be woalé ɖe asi. Ne ɖeviawo le tsitsim la, kpe ɖe wo ŋu woadzra ɖo akpɔ gome le wɔna siwo hiã na gomekpɔkpɔ le wo me la me.
Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be ƒomedodo kplikplikpli le toɖoɖo Yehowa ƒe nya kple eƒe gbe dzi wɔwɔ dome. Esia dze le nya siwo Mose gblɔ na Israel-dukɔa me, bena: ‘Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu.’ (Mose V, 30:19, 20) Egbea toɖoɖo nufiame si tso Yehowa gbɔ ahatsɔe ade dɔwɔwɔ me ɖokuibɔbɔtɔe le míaƒe agbe me hiã vevie be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye agbe mavɔ ƒe yayra nasu mía si. Eyata aleke gbegbe wòhele vevie enye si be míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Milé ŋku ɖe alesi mieɖoa toe ŋuti”!—Luka 8:18, NW.