“Amesiame Atsɔ Ye Ŋutɔ Ƒe Agba”
“Mía dometɔ ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.” —ROMATƆWO 14:12.
1. Agba kae dze ŋgɔ Hebri-vi etɔ̃awo?
AGBE kple ku ƒe nyametsotso aɖe dze ŋgɔ Hebri ɖekakpui etɔ̃ aɖewo siwo nɔ Babilon. Ðe woabɔbɔ ade ta agu na legba gã aɖe, abe alesi dukɔa ƒe se bia enea? Alo ɖe woagbe esubɔsubɔ, si ana woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo bibi aɖe mea? Ɣeyiɣi meli be Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego nabia aɖaŋuɖoɖo tso ame aɖeke gbɔ o; womehiã aɖaŋuɖoɖo aɖeke hã o. Womehe ɖe megbe kura o; wogblɔ be: “Fia, nyae be, míele wò mawuwo subɔ ge akpɔ gbeɖe o, eye míado gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o.” (Daniel 3:1-18) Hebri-vi etɔ̃awo tsɔ woa ŋutɔwo ƒe agba.
2. Le nyateƒe me la, amekawoe wɔ nyametsotso si wòle be Pilato nawɔ le Yesu Kristo gome la ɖe eteƒe, eye ɖe esia ɖe agba le Roma mɔmefiaa dzia?
2 Ƒe alafa ade aɖewo megbe la, mɔmefia aɖe se nutsotso siwo wotsɔ ɖe ŋutsu aɖe ŋu. Esi wòdzro nyaa me la, eva ka ɖe edzi be amesi nu tsom wonɔ la meɖi fɔ hafi o. Gake ameha la bia be wòana woawui. Esi mɔmefiaa dze agbagba ʋuu be yeagbe nudidi sia megbe la, eɖe ta le agba si le edzi la te hena ta. Esi wònɔ asi klɔm la, egblɔ be: “Nye la, ʋu sia mele asinye me o.” Emegbe eɖe mɔ be woaklã ŋutsua ɖe ati ŋu. Nyateƒee, le esi teƒe be Pontio Pilato natsɔ agba si le edzi le Yesu Kristo gome la, ena ame bubuwo ɖo nusi wòle be wòawɔ la nɛ. Zi gbɔ zi nenie wòɖaklɔ asii o, woabia akɔntae godoo le ʋɔnu madzemadze si wòdrɔ̃ Yesu ta.—Mateo 27:11-26; Luka 23:13-25.
3. Nukatae mele be míana ame bubuwo nawɔ nyametsotsowo ɖe mía nu o?
3 Ke wò ya ɖe? Ne nyametsotso aɖewo dze ŋgɔ wò ɖe, ɖe nèwɔa nu abe Hebri-vi etɔ̃awo enea, alo ɖe nèɖea mɔ na ame bubuwo be woagblɔ nusi nàwɔ na wòa? Nyametsotso wɔwɔ mele bɔbɔe o. Ehiã tsitsi hafi ame nate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo. Le kpɔɖeŋu me, ehiã be dzilawo nawɔ nyametsotso nyuiwo na wo vi siwo metsi o. Nyateƒee, nya me tsotso le nya aɖewo ŋu sesẽna, elabena ebiana be woabu nu vovovowo ŋu hafi awɔe. Ke hã, togbɔ be ‘amesiwo dze le gbɔgbɔ me’ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le ‘agba’ alo nya sesẽ aɖewo gbɔ kpɔkpɔ me hã la, nyametsotsowo wɔwɔ ya nye mía ŋutɔwo míaƒe nya. (Galatiatɔwo 6:1, 2) Agba si ŋu “mía dometɔ ɖesiaɖe abu akɔnta le . . . na Mawu” ye wònye. (Romatɔwo 14:12) Biblia gblɔ be: “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.” (Galatiatɔwo 6:5) Ekema, aleke míawɔ nyametsotso nyuiwo le agbe mee? Gbãa, ele be míanyae be míede blibo o, eye ele be míanya nusiwo hiã hafi míate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo.
Nudidi Vevi Aɖe
4. Nu vevi kae wòle be míasrɔ̃ le nyametsotso wɔwɔ ŋu le ame eve gbãtɔwo ƒe tomaɖomaɖoa me?
4 Esi wowɔ ame eve gbãtɔwo megbe teti ko la, wowɔ nyametsotso aɖe si he fukpekpe geɖe vɛ. Wotiae be yewoaɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia. (Mose I, 2:16, 17) Nuka dzie wotu woƒe nyametsotsoa ɖo? Biblia gblɔ be: “Esi nyɔnu la kpɔ bena, ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame, eye wònana wodzea nunya la, egbe eƒe tsetse aɖe heɖu, eye wòna srɔ̃a, si le egbɔ hã wòɖu.” (Mose I, 3:6) Ðokuitɔdidie na Xawa wɔ tiatia ma. Eƒe nuwɔna na Adam hã va wɔ ɖeka kplii. Esia wɔe be nuvɔ̃ kple ku “va to amewo katã dzi yi.” (Romatɔwo 5:12) Ele be míasrɔ̃ nu vevi aɖe tso Adam kple Xawa ƒe tomaɖomaɖoa me le amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu: Ne amegbetɔwo mewɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi o la, woate ŋu awɔ nyametsotso gbegblẽwo bɔbɔe.
5. Mɔfiame kae Yehowa na mí, eye nukae wòle be míawɔ be wòaɖe vi na mí?
5 Dzidzɔ kae nye si wònye be Yehowa Mawu meɖe asi le mía ŋu mɔfiafia manamanae o! Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be: “Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.” (Yesaya30:21) Yehowa toa eƒe Nya Biblia dzi ƒoa nu na mí. Ele be míasrɔ̃ Biblia be sidzedze vavãtɔ nasu mía si. Be míate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo la, ele be míaɖu ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu si nana wotsina.’ Ele be ‘míana hehe míaƒe sidzedze ŋutetewo’ hã ale be ‘míate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.’ (Hebritɔwo 5:14) Míate ŋu ana hehe míaƒe sidzedze ŋutetewo ne míetsɔa nusiwo míesrɔ̃na le Mawu ƒe Nya la me wɔa dɔe.
6. Nukae hiã hafi míaƒe dzitsinya nate ŋu awɔ dɔ nyuie?
6 Míaƒe dzitsinya wɔa akpa vevi aɖe le nyametsotso wɔwɔ me. Mɔfiame ŋutete le dzitsinya si, eye ate ŋu ‘abu fɔ mí alo atso afia na mí kura gɔ̃ hã.’ (Romatɔwo 2:14, 15) Ke hã, hafi míaƒe dzitsinya nate ŋu awɔ dɔ nyuie la, ele be míatsɔ Mawu ƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ ana hehee, eye eme nyawo tsɔtsɔ wɔ dɔe ana wòanɔ agbe. Ne míena hehe míaƒe dzitsinya nyuie o la, dukɔ si me míele ƒe dekɔnuwo kple nusiwo wolɔ̃a wɔwɔ la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi bɔbɔe. Nenema kee ame bubuwo ƒe nukpɔsusuwo ate ŋu akplɔ mí atrae. Nukae adzɔ ɖe míaƒe dzitsinya dzi ne míeŋea aɖaba ƒua eƒe mɔfiame nyuiwo dzi enuenu hedaa Mawu ƒe sewo dzi? Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ate ŋu ava nɔ abe ŋutilã ƒe akpa si wotsɔ “ga xɔdzo” mee wòva tri ene, si nana ŋutilã ƒe akpa ma megasea naneke o. (Timoteo I, 4:2) Gake dzitsinya si wotsɔ Mawu ƒe Nya na hehee la naa mɔfiame si dzi woaka ɖo.
7. Nudidi vevi ka dzie nyametsotso nyuiwo wɔwɔ nɔ te ɖo?
7 Eyata nudidi vevi si naa wowɔa nyametsotso nyui ye nye Ŋɔŋlɔawo me sidzedze vavãtɔ ƒe ame si nɔnɔ, kple alesi wotsɔe wɔa dɔe ƒe ŋutete. Le esi teƒe be míatso nya me dzitsitsitɔe la, ele be míadi ɣeyiɣi awɔ numekuku adi Biblia ƒe gɔmeɖosewo ahazã míaƒe tamebubu ŋutete le gɔmeɖoseawo ŋudɔ wɔwɔ me. Ne wodi tso mía si be míawɔ nyametsotso aɖe le vo me—abe alesi wònɔ le Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego gome ene kura gɔ̃ hã la—mele be míavɔ̃ o, elabena Mawu ƒe Nya me sidzedze vavãtɔ kple dzitsinya si wona hehee le mía si. Be míakpɔ alesi tsitsi le gbɔgbɔ me ate ŋu ana míawɔ nyametsotso nyuiwoe la, mina míade ŋugble tso agbe me nuwɔna eve aɖewo ŋu gbã.
Amekawoe Wòle Be Míade Ha Kplii?
8, 9. (a) Gɔmeɖose kawoe ɖee fia be ehiã be míatsri hadede vɔ̃wo? (b) Ha dede tẽ kple amesiwo menɔa agbe ɖe gɔmeɖose aɖeke nu o koe nye hadede vɔ̃a? Ðe eme.
8 Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” (Korintotɔwo I, 15:33) Yesu Kristo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mietso xexeame o.” (Yohanes 15:19) Gɔmeɖose siawo sɔsrɔ̃ na míese egɔme enumake be ehiã be míatsri hadede kple matrewɔlawo, ahasiwɔlawo, fiafitɔwo, ahamulawo, kple amesiawo tɔgbe. (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Ne míaƒe Biblia me sidzedze vavãtɔ le dzidzim ɖe edzi la, míava de dzesii be ɣeyiɣi zazã atsɔ akpɔ amesiawo ƒomevi le sinima, television, alo kɔmpiuta dzi, alo wo ŋu nya xexlẽ le agbalẽ me hã agblẽ nu le mía ŋu. Nenema kee nye hadede kple ‘amesiwo ɣlana amesi ƒomevi wonye ŋutɔŋutɔ’ le Internet dzi hã.—Psalmo 26:4.
9 Ke ha dede kplikplikpli kple amesiwo ɖewohĩ wonɔa agbe dzadzɛ, gake womexɔ nyateƒe Mawu la dzi se o ya ɖe? Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Míeva de dzesii be menye ha dede kple nu baɖa wɔlawo alo amesiwo nɔa agbe gbegblẽ ɖeɖekoe nye hadede vɔ̃wo o. Eyata nunya anɔ eme be amesiwo lɔ̃ Yehowa koe wòle be míadze xɔ̃e.
10. Nukae kpena ɖe mía ŋu míewɔa nyametsotso nyuiwo le hadede kple xexeame gome?
10 Manya wɔ be míaƒo asa na nu wɔwɔ kple amesiwo le xexeame keŋkeŋ o, eye womebia nu ma tso mía si hã o. (Yohanes 17:15) Esi mí Kristotɔwo míedea gbeadzi, míedea suku, eye míewɔa dɔ ta la, míanɔ egodotɔwo dome godoo. Ðewohĩ ava hiã be Kristotɔ si srɔ̃ nye dzimaxɔsetɔ ya nagawɔ nu kple egodotɔwo geɖe wu. Gake ne míebua nuwo ŋu nyuie la, míanyae be togbɔ be asɔ be míawɔ nu kple egodotɔwo ɣeaɖewoɣi le esi wòhiã ta hã la, mele be míade ha kpli wo kplikplikpli o. (Yakobo 4:4) Esia kpena ɖe mía ŋu míenyana ne asɔ be míakpɔ gome le wɔna siwo wotsɔ kpena ɖe sukunusɔsrɔ̃wo ŋu, abe kamedefefe kple ɣeɖuɖu ene, kpakple le kplɔ̃ɖoƒe siwo ŋu dɔwɔhatiwo wɔ ɖoɖo ɖo me.
Dɔwɔɖui Tiatia
11. Nuka ŋue wòle be míabu gbã hafi atia dɔ aɖe awɔ?
11 Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ wɔwɔ nyuie kpena ɖe mía ŋu míewɔa nyametsotso ku ɖe alesi míawɔ akpɔ agba si le mía dzi be ‘míakpɔ míaƒe ƒomea dzi’ ŋu. (Timoteo I, 5:8) Nu gbãtɔ si ŋu wòle be míabu enye dɔ si ƒomevi wònye—si nye nusi wòabia tso mía si. Masɔ kura be míatia dɔ siwo doa nusiwo ŋu Biblia tsi tre ɖo tẽ la ɖe ŋgɔ ya o. Eyata Kristotɔ vavãwo malɔ̃ awɔ dɔ siwo ku ɖe trɔ̃subɔsubɔ, fififi, ʋu zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, alo nu bubu siwo ŋu Ŋɔŋlɔawo tsi tre ɖo la o. Míada alakpa alo aba amewo hã o, ne míaƒe dɔtɔ di be míawɔe nenema hã.—Dɔwɔwɔwo 15:29; Nyaɖeɖefia 21:8.
12, 13. Ne míele nya me tsom le dɔ si míawɔ ŋu la, nu vevi bubu kawo hã ŋue wòle be míabu kpe ɖe dɔa ŋutɔ ŋu?
12 Ke ne Ŋɔŋlɔawo metsi tre ɖe dɔa ŋu tẽ o ya ɖe? Esi míaƒe nyateƒea ŋuti sidzedze le to dem ɖe edzi, eye míaƒe tamebubu ŋutetewo hã le dzidzim ɖe edzi la, míeva kpɔa nu bubu siwo ŋu wòle be míabu. Ke ne dɔa abia be míakpɔ gome le nane si ŋu Ŋɔŋlɔawo tsi tre ɖo me, abe telefon siwo amewo awɔ ɖo ɖe lotodɔwɔƒe aɖe, ŋu ɖoɖo ene ya ɖe? Anyo be míabu afisi ga tsona wotsɔ xea fe na mí kple teƒe si dɔa le hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe Kristotɔ xɔtula si ŋutɔ xɔa dɔ wɔna la adi be yeaxɔ dɔ aɖe si abia be yeasi aŋɔ na Kristodukɔa ƒe sɔlemexɔwo awɔ, si anye gome kpɔkpɔ le alakpasubɔsubɔ dodo ɖe ŋgɔ mea?—Korintotɔwo II, 6:14-16.
13 Ke ne edzɔ be dɔwɔvie nènye, eye wò aƒetɔ bia be nàsi aŋɔ na alakpasubɔsubɔ ƒe sɔlemexɔ aɖe ya ɖe? Le go sia me la, ahiã be míabu ŋusẽ si le mía si le dɔa me kple akpa si míawɔ le eme ŋu. Ke ne Biblia metsi tre ɖe dɔa ŋu o, abe lɛta mama le nuto aɖe me, evɔ teƒe aɖewo le nuto ma me, siwo wonya nyuie le nuwɔna gbegblẽwo ta ya ɖe? Ðe mele be míabu gɔmeɖose si le Mateo 5:45 ŋu le go sia me oa? Nusi hã dzi mele be míaŋe aɖaba aƒu o ye nye alesi dɔa wɔwɔ gbesiagbe ate ŋu anɔ fu ɖem na míaƒe dzitsinyae. (Hebritɔwo 13:18) Le nyateƒe me la, nyametsotso nyuiwo wɔwɔ le dɔwɔɖui ŋu ƒe agba si le mía dzi tsɔtsɔ bia be míana hehe míaƒe tamebubu ŋutetewo, eye míamla dzitsinya si Mawu na mí la.
“Lé Ŋku Ðe Eŋu le Wò Mɔwo Katã Dzi”
14. Le nyametsotsowo wɔwɔ gome la, nukawo ŋue wòanyo be míade ŋugble le ɣesiaɣi?
14 Ke ne nyametsotsoa ku ɖe nu bubuwo ŋu, abe suku si míade kple ne míalɔ̃ be woawɔ atike aɖe na mí alo míalɔ̃ o ene, ya ɖe? Ne míele nya me tso ge le nane ŋu la, ele be míakpɔe ɖa be Biblia ƒe gɔmeɖose kawoe ku ɖe nyaa ŋu hã, eye míazã tamebubu ŋutete le gɔmeɖoseawo ŋudɔ wɔwɔ me. Fia nyanu Salomo si ɖu blema Israel dzi la gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”—Lododowo 3:5, 6.
15. Nukae míesrɔ̃ tso ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gbɔ le nyametsotsowo wɔwɔ ŋu?
15 Zi geɖe la, nyametsotso siwo míewɔna la ate ŋu aɖe vi na ame bubuwo alo agblẽ nu le wo ŋu, eyata ele be míabu nya sia nya vevii. Le kpɔɖeŋu me, ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo meganɔ Mose ƒe Sea ƒe nudidi siwo tsri nuɖuɖu aɖewo la te o. Woate ŋu atiae be yewoaɖu nanewo siwo wobua nu makɔmakɔwoe tsã le Sea te evɔ naneke megblẽ le wo ŋu fifia hafi o. Ke hã, apostolo Paulo ŋlɔ nu tso lã aɖe si woate ŋu atsɔ tso trɔ̃xɔ aɖe me ŋu be: “Ne nuɖuɖu ɖia nɔvinye nu la, ekema nyemele lã ɖu ge gbeɖegbeɖe akpɔ o, bene nyemagaɖia nɔvinye nu o.” (Korintotɔwo I, 8:11-13) Wode dzi ƒo na Kristotɔ gbãtɔwo be woabu ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu be woagaɖia wo nu o. Mele be míaƒe nyametsotsowo nana míazu “nukikli” na amewo o.—Korintotɔwo I, 10:29, 32.
Di Mawumenunya
16. Aleke gbedodoɖa kpena ɖe mía ŋu le nyametsotsowo wɔwɔ mee?
16 Nu vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu le nyametsotsowo wɔwɔ mee nye gbedodoɖa. Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.” (Yakobo 1:5) Míate ŋu atsɔ kakaɖedzi ado gbe ɖa na Yehowa ahabiae be wòana nunya si hiã la mí be míate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo. Ne míegblɔa míaƒe didiwo na nyateƒe Mawu la hebiana eƒe mɔfiafia la, ekema gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase mawunyakpukpui siwo me dzrom míele le nyametsotsoa ŋu la gɔme nyuie wu eye wòaɖo ŋku esiwo míeŋlɔ be la dzi na mí.
17. Aleke ame bubuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le nyametsotsowo wɔwɔ mee?
17 Ðe ame bubuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le nyametsotsowo wɔwɔ mea? Ẽ, Yehowa na ame tsitsiwo mí le hamea me. (Efesotɔwo 4:11, 12) Míate ŋu abia aɖaŋuɖoɖowo tso wo gbɔ, vevietɔ ne nyametsotso vevi aɖe wɔmee míele. Amesiwo tsi le gbɔgbɔ me eye wokpɔ nuteƒe le agbe me la ate ŋu ahe míaƒe susu ayi Biblia ƒe gɔmeɖose bubu siwo ku ɖe míaƒe nyametsotsoa ŋu la dzi, eye esia akpe ɖe mía ŋu míade “vovo nyui kple vɔ̃ dome.” (Filipitɔwo 1:9, 10) Ke hã, nya vevi aɖee nye esi si mele be míaŋlɔ be o: Ele be míakpɔ nyuie be ame bubuwo nagawɔ nyametsotso ɖe mía nu alo awɔe na mí o. Mía ŋutɔwoe atsɔ agba ma.
Ðe Emetsonuwo Nyona Ɣesiaɣia?
18. Nukae míate ŋu agblɔ tso nusiwo dona tsoa nyametsotso nyuiwo wɔwɔ me ŋu?
18 Ðe nu nyuiwo dona tsoa nyametsotso siwo míetuna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi hetsɔ dzitsinya nyui wɔnae la me ɣesiaɣia? Ẽ, nu nyuiwo va dona tsoa eme mlɔeba. Gake ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu hena ɣeyiɣi vi aɖe. Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego nyae be woate ŋu awu yewo le esi yewotso nya me be yewomade ta agu na legba gã la o ta. (Daniel 3:16-19) Nenema kee esi apostoloawo gblɔ na Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe gã si nye Sanhedrin la me tɔwo be yewoaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo la, woƒo wo hafi ɖe asi le wo ŋu. (Dɔwɔwɔwo 5:27-29, 40) Gawu la, “azãgbe kple nuɖiɖeame” ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu le nyametsotso aɖe si míewɔ ta. (Nyagblɔla 9:11) Ne nyametsotso nyui si míewɔ na míekpe fu le mɔ aɖe nu hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu míado dzi, eye ayra mí mlɔeba.—Korintotɔwo II, 4:7.
19. Nukae akpe ɖe mía ŋu míatsɔ agba siwo le mía dzi le nyametsotsowo wɔwɔ me la dzinɔameƒotɔe?
19 Eyata ne míele nyametsotsowo wɔm la, ele be míadi Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo ku ɖe wo ŋu, eye míazã míaƒe tamebubu ŋutete le wo wɔwɔ me. Míedaa akpe geɖe ɖe kpekpeɖeŋu si Yehowa toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple hamemetsitsiwo dzi nana mí ta. Esi mɔfiame kple kpekpeɖeŋu siawo li na mí ta la, mina míatsɔ agba siwo le mía dzi le nyametsotso nyuiwo wɔwɔ me la dzinɔameƒotɔe.
Nukae Nèsrɔ̃?
• Nu vevi siwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuiwo dometɔ ɖeka ɖe?
• Aleke míaƒe tsitsi le gbɔgbɔ me kpɔa ŋusẽ ɖe amesiwo míedea ha kplii dzi?
• Nya vevi kawo ŋue wòle be míabu ne míele nya me tsom le dɔ si míawɔ ŋu?
• Nukae akpe ɖe mía ŋu le nyametsotsowo wɔwɔ me?
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
Míesrɔ̃ nu vevi aɖe tso Adam kple Xawa ƒe tomaɖomaɖoa me
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Hafi nàwɔ nyametsotso vevi aɖe la, di Biblia me gɔmeɖosewo ku ɖe eŋu gbã