INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w06 11/15 axa 10-13
  • Suku aɖe si Delawo Nyea Viɖenu na Amewo le Xexeame Katã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Suku aɖe si Delawo Nyea Viɖenu na Amewo le Xexeame Katã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbagba Siwo Wodzena Hafi Dena
  • “Yehowa ƒe Nusrɔ̃viwo”
  • Nyanyuigblɔlawo, Alẽkplɔlawo, Kple Nufialawo
  • Hamewo Dzikpɔkpɔ Ganyo ɖe Edzi
  • Subɔsubɔ le Saɖaganutowo Me
  • Eɖea Vi na Sɔhɛwo
  • Kpekpeɖeŋu Nana le Dutagbedolawo ƒe Hamewo Me
  • Kpekpeɖeŋu Bubuwo Nana Ðokuibɔbɔtɔe
  • Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku—Ʋɔtru Gã si Na Wowɔa Dɔ Geɖe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Hehenana Fiaɖuƒea Ƒe Subɔlawo
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Hamemegãwo Mina Hehe Ame Bubuwo be Woatsɔ Agba La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Suku Yeye Aɖe le Afrika
    Nyɔ!—1993
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
w06 11/15 axa 10-13

Suku aɖe si Delawo Nyea Viɖenu na Amewo le Xexeame Katã

MAWU le nu fiam ame ƒomevi ɖesiaɖe le Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 98,000 me, le dukɔ 200 kple edzivɔwo me. Bibliae nye agbalẽ si koŋ wosrɔ̃na, eye susu si tae wosrɔ̃nɛ ɖoe nye be wòakpe ɖe wo ŋu woayi ŋgɔ le Mawu subɔsubɔ me, to nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple alesi woanɔ agbe ɖe enui la sɔsrɔ̃ me. Amesiwo srɔ̃a nusiawo la kpɔa viɖe geɖe. Wofiaa nusi wosrɔ̃na la ame bubuwo hã, wònyea wɔwɔ ɖe se si Yesu Kristo de be woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo la dzi.—Mateo 28:19, 20.

Tsɔ kpe ɖe nusi Yehowa Ðasefowo srɔ̃na le woƒe hamewo me ŋu la, woɖo suku tɔxɛ bubuwo hã. Esiawo dometɔ ɖekae nye Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku. Pittsburgh, Pennsylvania, U.S.A., ye wowɔ suku sia le gbã, le October 1987 me. Eŋlisigbedola 24 woe de eƒe klass gbãtɔ. Tso ɣemaɣi la, wowɔa sukua ɖe gbegbɔgblɔ 21 me le dukɔ 43 me. Ne mede ɖeke o la, hamemetsitsi kple subɔsubɔdɔwɔla, siwo nye trewo eye wole dukɔ 90 kple edzivɔwo me, woe de suku sia xoxo. Ne wowu suku sia, si dede xɔa kwasiɖa enyi, nu la woɖoa sukuviawo ɖe afisiwo hiahiã le, le woa ŋutɔwo de dukɔ me loo alo le dutadukɔ aɖe me. Tso esime woɖo sukua, va ɖo ƒe 2005 ƒe nuwuwu la, ŋutsu Ðasefo siwo wu 22,000 ye de sukua. Yehowa yra ɖe agbagba siwo wodzena ɖokuibɔbɔtɔe be yewoado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ ahakpe ɖe amewo ŋu la dzi geɖe ŋutɔ.—Lododowo 10:22; Petro I, 5:5.

Agbagba Siwo Wodzena Hafi Dena

Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua delawo dometɔ akpa gãtɔ biaa mɔ le woƒe dɔtɔwo gbɔ bene yewoate ŋu ade sukua. Ɣeaɖewoɣi la, esia zua kuxi. Le Hawaii la, eva hiã be nɔviŋutsu eve siwo wokpe be woade sukua, evɔ wonye nufialawo la, nabia mɔ hafi ate ŋu ade. Le xɔse si le wo si ta la, wobia mɔa, eye woɖe susu si tae wodi be yewoade sukua ɖo kpakple alesi wòaɖe vi na woe la me na woƒe amegãwo. Woɖe mɔ na woa kple evea be woade sukua.

Le go geɖe me la, wogblɔ na Ðasefo siwo bia mɔ la be yewoaxɔ ame bubu ɖe wo teƒe hafi woagbɔ. Ke hã, wotiae be yewoaxɔ hehe si Yehowa ƒe habɔbɔa ana yewo la, togbɔ be esia awɔe be dɔwɔɖuia nage le wo si hã. Le sukua dede vɔ megbe la, amesiawo dometɔ aɖewo ƒe dɔtɔwo gagbugbɔ xɔ wo ɖe dɔa me. Míate ŋu agblɔ tame si amewo ɖona kplikpaa be yewoade sukua la ale: Yi ɖabia mɔ le wò dɔtɔa gbɔ, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu, eye nàgblẽ kpɔtɔea ɖe esi me.—Psalmo 37:5.

“Yehowa ƒe Nusrɔ̃viwo”

Biblia koŋue wosrɔ̃na memie le kwasiɖa enyi siwo wotsɔ dea sukuae me. Sukuviawo srɔ̃a nu tso ɖoɖo siwo dzi Yehowa subɔlawo zɔna ɖo bene woate ŋu awɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu kple alesi woa ŋutɔwo woate ŋu azã Biblia nyuie le gbeƒãɖeɖedɔa, kple hamea ƒe kpekpewo kpakple takpekpewo me la hã.

Ame aɖe si de sukua kpɔ la ŋlɔ ɖo ɖe ame bubu aɖe si wokpe be wòava de sukua la be: “Nyemable wò o, suku nyuitɔ kekeake si nàde le wò agbe mee wònye nèyina. Àva se mawunyakpukpui si gblɔ be míanye ‘Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo’ la gɔme nyuie wu. Suku bliboa klɔa ame ƒe dzi ŋu hetrɔa asi le eŋu nyuie be wòanɔ agbe wòasɔ ɖe kpɔɖeŋu si Yesu Kristo gblẽ ɖi la nu nyuie wu. Hehe nyuitɔ kekeake si nàte ŋu axɔ le agbe me lae nye ma xɔ ge nèyina.”—Yesaya 54:13.

Nyanyuigblɔlawo, Alẽkplɔlawo, Kple Nufialawo

Fifi laa la, Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua delawo le kpekpeɖeŋu nam le dukɔ 117 me. Dukɔ siawo dometɔ aɖewoe nye ƒukpo siwo le Atlantik, Carib, kple Pasifik-gã la me, tsɔ kpe ɖe dukɔ siwo me Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo le la ŋu. Alɔdzedɔwɔƒewo kaa nya ta be hehe si sukuviawo xɔna la dzena le woƒe nyanyuigbɔgblɔ, alẽawo kpɔkplɔ, kple nufiafia dɔwo me. Hehea nana wova bina nyuie le Biblia zazã me le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Timoteo II, 2:15) Ne wole nyabiasewo ŋu ɖom na amewo le aƒewo me la, wozãa Reasoning From the Scriptures (Comment raisonner à partir des Écritures) gbalẽaa edziedzi eye wonaa hehe Fiaɖuƒegbeƒãɖela bubuwo hã be woawɔ nenema. Dzo si nɔa sukua delawo me la ɖoa ame bubuwo hã me, eye woƒe dɔwɔwɔwo doa ŋusẽ hameawo.

Mɔnukpɔkpɔe wònye na hamemetsitsiwo be ‘woanyi Mawu ƒe alẽha la,’ ahakpe asi ɖe amewo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔkpɔkpɔ ŋu. (Petro I, 5:2, 3) Hamemetsitsi aɖe gblɔ le ɖoɖo sia ŋu be: “Míeda akpe ŋutɔ be alɔdzedɔwɔƒea ɖo nɔviŋutsu bibiwo ɖa be woava tsɔ Mawu ƒe alẽhaa nyinyi ƒe agbaa kpli mí.” Alɔdzedɔwɔƒe aɖe si le Asia hã gblɔ be: “Sukua delawo ƒe dɔme trɔna ɖe amewo ŋu ale gbegbe. Wowɔa dɔ moveviɖoɖotɔe eye hamea dea bubu wo ŋu. Woƒe ɖokuibɔbɔ, vividodoɖeameŋu, kple dzonɔameme dzena amewo kpɔna eye esiawo dzea ameawo ŋu vevie. Wotsɔa wo ɖokuiwo saa vɔe faa helɔ̃na ʋuna yia hame siwo me alẽkplɔlawo hiã le la me.” (Filipitɔwo 2:4) Amesiawo dze na kafukafu le alesi wodea agbe yeye wo hati xɔsetɔwo me le gbɔgbɔ me la ta.—Korintotɔwo I, 16:18.

Hehe siwo Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua ƒe nufialawo nana sukuviawo la dometɔ ɖekae nye be, wokpena ɖe wo ŋu be woabi ɖe dutoƒo nuƒo ƒoƒo me. Ne sukua delawo tsɔ aɖaŋuɖoɖo siwo woxɔna la de dɔwɔwɔ me la, eteƒe medidina hafi wotea nuƒowo ƒoƒo le nutome sue kple nutome gã takpekpewo me o. Nutome sue dzikpɔla aɖe gblɔ be sukua delawo ƒoa “nuƒo ʋãmewo eye woɖea alesi nyatia ka nɔviawoe la me nyuie ŋutɔ.”—Timoteo I, 4:13.

Esi wowɔ Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua le Afrika-dukɔ aɖe me heɖo sukua delawo ɖe hamewo me la, nufiafiawo ganyo ɖe edzi ŋutɔ le hameawo me. Hamemetsitsi siwo de sukua la nana kpekpeɖeŋu le nyanyuigbɔgblɔ, alẽkpɔkplɔ, kple nufiafia me, si wɔe be hameawo tsi le gbɔgbɔ me.—Efesotɔwo 4:8, 11, 12.

Hamewo Dzikpɔkpɔ Ganyo ɖe Edzi

Hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo hiã le teƒe geɖewo. Ne ɖee womeɖo Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua dela aɖewo ɖe hame aɖewo me o la, anye ne hamemetsitsi aɖeke kura manɔ wo me o. Le esia ta, woɖoa sukua delawo dometɔ geɖe ɖe hame siwo me hiahiã siawo tɔgbe le la me.

Alɔdzedɔwɔƒe aɖewo ka nya ta be nɔviŋutsu siawo “nya alesi woawɔ be nuwo nanɔ ɖoɖo nu le hamea me nyuie,” “wowɔa woƒe dɔdasiwo moveviɖoɖotɔe,” “wokpena ɖe amewo ŋu be woakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu ahade bubu eŋu,” eye “wotua amesiwo le woƒe hameawo me la ƒe dzonɔameme kple gbɔgbɔmemenyenye ɖo.” Nusitae wòle alea ɖoe nye be sukua delawo wɔna ɖe nya siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzi eye womeɖoa ŋu ɖe woa ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu loo alo bua wo ɖokui nunyalawoe o. (Lododowo 3:5-7) Nɔviŋutsu siawo zua gbɔgbɔmeyayrawo na hame siwo me woɖoa wo ɖo la ŋutɔ.

Subɔsubɔ le Saɖaganutowo Me

Sukua dela siwo woɖo mɔɖela veviwoe la kpea asi ɖe ƒuƒoƒo siwo le saɖaganutowo me la ŋu wova zua hamewo. Hamemetsitsi aɖe, si le Guatemala ƒe saɖaganuto aɖe me, ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nɔvi siawo ƒe kpekpeɖeŋu ŋu gblɔ be: “Ƒe 20 sɔŋ enye esia si metsia dzi ɖe alesi tututu míawɔ akpe anyigbamama gã sia ɖo la ŋu. Medea nya sia gbedodoɖa me edziedzi. Nɔvi siwo de Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua la xɔ hehe nyuie le nuƒoƒo kple hamea ƒe ɖoɖowo dzikpɔkpɔ me, eye meda akpe ŋutɔ be to woƒe kpekpeɖeŋu me la, nuwo le afɔ tsɔm le nutoa me fifia nyuie ŋutɔ.”

Sukua delawo srɔ̃ alesi woawɔ dɔa wòaɖe vi le nuto siwo me wòahiã be woazɔ mɔ legbewo ato tonyigbawo dzi hafi aɖo kɔƒe sue siwo kaka ɖe nutoawo me la me. Le nuto siawo me la, woƒoa ƒu nɔvi ʋɛ siwo le afima la enumake, togbɔ be nɔvi bubuawo dzea agbagba be yewoawɔe do kpoe hã. Le kpɔɖeŋu me, hamemetsitsi aɖe si le Niger bia be sukua delawo nava kpe ɖe ye ŋu le nuto si me yele la me, elabena ede dzesii be woate ŋu awɔ dɔ tsekuwo le afima. Le saɖaganutowo koŋ me la, nɔviŋutsu trewo ate ŋu awɔ mɔɖela veviwo kple nutome sue dzikpɔlawo ƒe dɔa bɔbɔe wu. Abe alesi wònɔ le apostolo Paulo gome ene la, woɖoa ‘ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, le adzodalawo dome, kple le gbe dzi’ hetoa nɔnɔme madeamedziwo me eye woƒe susuwo katã nɔa hame siwo woyi ɖasubɔna hã ŋu.—Korintotɔwo II, 11:26-28.

Eɖea Vi na Sɔhɛwo

Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na sɔhɛwo be woaɖo ŋku wo Wɔla la dzi. (Nyagblɔla 12:1) Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku dela siwo doa vevie nu la ɖoa kpɔɖeŋu nyui na sɔhɛ Kristotɔwo. Esi woɖo sukua dela eve ɖe hame aɖe me le Amerika la, gaƒoƒo si hamea me tɔwo tsɔ kpɔa gome le gbeƒãɖeɖe me la dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve. Gawu la, gbesiagbe mɔɖelawo, alo amesiwo zãa gaƒoƒo gbogbo aɖe tsɔ ɖea gbeƒã Fiaɖuƒea la, dzi ɖe edzi tso ame 2 dzi va ɖo ame 11 dzi. Esia nye nusiwo le dzɔdzɔm le hame geɖewo me la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko.

Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua delawo dea dzi ƒo na ɖekakpuiwo hã be woadze agbagba ade suku sia. Esia ʋãa amesiwo mekpɔ nye subɔsubɔdɔwɔlawo haɖe o la be woadze agbagba ava zu subɔsubɔdɔwɔlawo. Alɔdzedɔwɔƒe si le Netherlands yɔ Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua delawo be “wonye kpɔɖeŋu nyui aɖe na ɖekakpui siwo le dɔ si woava wɔ le etsɔme ŋu bum la.”

Kpekpeɖeŋu Nana le Dutagbedolawo ƒe Hamewo Me

Le dukɔ geɖe me la, agbagba siwo dzem Yehowa Ðasefowo le be yewoaɖe gbeƒã nyanyuia na amewo le wo degbe me la le zɔ ɖem ŋutɔ. Eyata zi geɖe la, Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua delawo srɔ̃a gbegbɔgblɔ bubuwo eye woyina ɖanaa kpekpeɖeŋu le nuto siwo me ame gbogbo aɖewo ʋu tso wode dukɔwo me va le la me. Le kpɔɖeŋu me, ehiã be woaɖo Fiaɖuƒegbeƒãɖela gbogbo aɖewo ɖe Albania, Persia, kple Russia gbedola siwo va le Belgium la dome.

Nutome sue dzikpɔlawo, hamemetsitsiwo, kple subɔsubɔdɔwɔla siwo de Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua la le kpekpeɖeŋu nam dutagbedolawo ƒe hame kple ƒuƒoƒo siwo le Britain, Germany, Italy, Mexico, Amerika, kple dukɔ bubuwo me la xoxo. Alɔdzedɔwɔƒe si le Korea ka nya ta be “sukua dela 200 kple edzivɔwo le akpa vevi aɖe wɔm le kpekpe ɖe dutagbedolawo ƒe hamewo kple ƒuƒoƒowo ŋu me.”

Kpekpeɖeŋu Bubuwo Nana Ðokuibɔbɔtɔe

Tsɔ kpe ɖe kpekpe ɖe dutagbedolawo ƒe ƒuƒoƒowo kple hamewo ŋu ŋuti la, Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua delawo nyea hamemetsitsiwo, subɔsubɔdɔwɔlawo, kple nutome sue dzikpɔlawo. Woɖoa wo dometɔ aɖewo ɖe dukɔ bubuwo me bene woava na kpekpeɖeŋu kpata aɖewo le alɔdzedɔwɔƒe si le afima ƒe Subɔsubɔdɔdzikpɔƒea. Wote ŋu nana wo dometɔ siwo nya xɔtutu ŋuti dɔwo wɔwɔ la kpɔa gome le Fiaɖuƒe Akpatawo tutu me.

Alesi wole hame kple nutome sue yeyewo ɖomee le xexeame katã la wɔe be wova le nutome sue dzikpɔla geɖewo hiãm ŋutɔ. Be woate ŋu akpɔ hiahiã sia gbɔ la, wotiaa Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku dela aɖewo henaa hehe wo kwasiɖa ewo, eye emegbe woɖoa wo nutome sue dzikpɔlawo loo alo nutome sue dzikpɔlawo ƒe kpeɖeŋutɔwoe. Sukua dela siwo ade ame 1,300 woe nye nutome sue dzikpɔlawo fifia le dukɔ 97 me. Le Afrika-dukɔ aɖe me la, nutome sue dzikpɔla 55 le alafa me nye Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua delawo. Le Afrika dukɔ bubu me la, wo dometɔ 70 le alafa mee nye nutome sue dzikpɔlawo.

Woɖoa amesiwo de sukua le Australia, Canada, Europa, Asia kple ƒukpo siwo le eƒe Ɣedzeƒe, kple Amerika la dometɔ alafa geɖewo ɖe dukɔ bubuwo me be woaɖana kpekpeɖeŋu tɔxɛwo. Esia wɔnɛ be vi siwo sukua ɖena la ɖoa xexeame katã.

Yehowa to Via, Yesu Kristo, dzi ɖo nyanyuigblɔlawo, alẽkplɔlawo, nufialawo, kple ame bubu siwo le Fiaɖuƒea ƒe dɔwo dom ɖe ŋgɔ la le ŋkeke mamlɛ siawo me. Ðe Mawu subɔlawo ayi edzi anɔ dzidzim ɖe edzia? Woadzi ɖe edzi godoo! Eyata hiahiã gakpɔtɔ li be nɔviŋutsu ɖeadzɔgbewo naminya agbanɔmedzi gãwo xɔxɔ. (Yesaya 60:22; Timoteo I, 3:1, 13) Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua kpena ɖe hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ŋu be woasu te adzi woƒe subɔsubɔ ɖe edzi, ale be wòaɖe vi na woa ŋutɔwo kple ame bubuwo le xexeame katã.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dom ɖe ŋgɔ le xexeame katã

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Àdi be yeade Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua bene yeanye viɖenu na ame bubuwoa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe