Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku—Ʋɔtru Gã si Na Wowɔa Dɔ Geɖe
1 Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yeremya dzi be: “Maɖo lãkplɔviwo [nye amewo] nu, amesiwo anyi wo; womagavɔ̃ azɔ o, dzi magaɖe le wo ƒo o, eye wo dometɔ aɖeke mabu o.” (Yer. 23:4) Wole alẽkpɔkplɔdɔ ma wɔm egbea le dukɔwo katã me tɔwo dome. Hamemegã akpe geɖewoe le esia wɔm. Hekpe ɖe eŋu la, sɔhɛ siwo sɔ gbɔ abe zãmu ene la tsɔ wo ɖokui na faa be yewoasubɔ Yehowa. (Ps. 110:3) Yayra ka gbegbee nye esi nɔviŋutsu ɖokuibɔbɔla siawo nye na Mawu ƒe amewo ƒe hamewo! Zi alesi gbɔgbɔmenuwo nuƒoƒoƒudɔa le edzi yim la, zi nenemae ŋutsu siwo dze la hiã be woatsɔ wo ɖokui ana asubɔ wo nɔviwoe.
2 Ðoɖo nyui aɖe si wowɔ be woana hehe hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla trewo be woaxɔ agbanɔamedzi siwo lolo wue nye Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua. Sukuvi siwo ƒe xexlẽme wu 22,000 siwo tso dukɔ siwo ade 140 me lae xɔ hehe sia le klass 999 siwo wowɔ tso esime wodze sukua gɔme le ƒe 1987 me la me. Nɔviŋutsu siawo kpɔe be sukua nye ‘ʋɔtru gã si na wowɔa dɔ geɖe.’—Kor. I, 16:9.
3 Taɖodzinu si le Sukua Ŋu: Taɖodzinu si le Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua ŋu enye be wòana hehe nɔviŋutsu siwo dze la ahadzra wo ɖo be woaxɔ agbanɔamedziwo le afisiafi si hiahiã aɖe anɔ le habɔbɔa me. Sukua na wodzi ŋutete siwo le wo si be woaxɔ ŋgɔ le nyanyuigbɔgblɔdɔa me, akpɔ gome le alẽkpɔkplɔdɔa me, ahafia nu le hamea me la ɖe edzi. Ne wowu sukua nu la, woɖoa sukuviawo dometɔ aɖewo wonyea mɔɖela veviwo alo dzikpɔla mɔzɔlawo le woƒe dukɔa me alo le duta. Wodea dɔ asi na ame bubuwo be woasubɔ le woƒe hamea me alo le teƒe siwo hiahiã la lolo le wu le alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamamaa me.
4 Sukuviawo srɔ̃a nu gbogbo aɖe tsoa Biblia me le kwasiɖa enyi si wotsɔ dea sukua me. Wodzroa Biblia ƒe nufiafia geɖe kpakple alẽkpɔkplɔ ƒe agbanɔamedziwo kple mɔfiamewo ku ɖe alesi woakpɔ kuxiwo gbɔe le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me ŋu la me nyuie. Wosrɔ̃a nusiwo Ŋɔŋlɔawo fia le dɔdzikpɔkpɔ, ʋɔnudrɔ̃nyawo, kple ɖoɖowɔwɔ ŋu hã. Wonaa hehe tɔxɛ wo be woate ŋu aƒo nu le dutoƒo eye wokpena ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe ŋu etɔxɛ be wòayi ŋgɔ kabakaba le gbɔgbɔ me.
5 Nudidiawo: Abe alesi nàkpɔ mɔ be anɔ ene la, nudidi kɔkɔwoe wobia tso amesiwo di be yewoade sukua si. Ele be amesiwo di be yewoadee la nanye hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla wòade ƒe eve ya teti. Ele be wo katã nanye tre eye woaxɔ tso ƒe 23 vaseɖe 50. Ele be amesiwo di be yewoade sukua nanya gbe si me woawɔ sukua le la xexlẽ, eŋɔŋlɔ, kple edodo nyuie, eye ele be woanɔ lãmesẽ me, womanye amesiwo hiã dzikpɔkpɔ tɔxɛ alo nuɖuɖu tɔxɛ aɖeke o. Amesiwo nye gbesiagbe mɔɖelawoe wolɔ̃a yɔyɔ wu.
6 Ele be amesiwo di be yewoade sukua la nalɔ̃ faa eye ŋutete nanɔ wo ŋu be woasubɔ le afisiafi si woahiã wo le. Esia bia be woƒe nɔnɔme nasɔ kple nyagblɔɖila Yesaya tɔ, amesi tsɔ eɖokui na faa hena dɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ hegblɔ be: “Nyee nye esi, dɔm!” (Yes. 6:8) Ebɔbɔ eɖokui hã le eƒe agbe me katã. Ele be nɔviwo lɔlɔ̃ kple didi be yewoasubɔ wo naʋã amesiwo di be yewoade Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua, tsɔ wu be woadi be gãnyenye alo ɖoƒe tɔxɛ aɖe nasu yewo si. Ne sukuviawo xɔ hehe nyui sia vɔ la, wokpɔa mɔ be woawɔ nusiwo wosrɔ̃ la ŋudɔ wòaɖe vi na ame bubuwo.—Luka 12:48.
7 Viɖeawo: Le kwasiɖa enyi si sukuviawo xɔa hehe deto me la, “[wonyia wo] le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia nyui” me. (Tim. I, 4:6) Esia na wodzena be woakpe ɖe ame bubuwo ŋu le hamea me kple nutome sue siwo me wole la me. Le teƒe geɖe siwo woɖo Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua delawo ɖo la, gbeadzisubɔsubɔdɔa dzi ɖe edzi; wode dzi ƒo na amewo, vevietɔ sɔhɛwo, be woawɔ mɔɖeɖedɔa; eye wolé ŋku ɖe ame yeye geɖe siwo le ha dem kple Mawu ƒe amewo la ŋu nyuie wu.
8 Hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla si nye tre si xɔ tso ƒe 23 vaseɖe 50 ye nènyea? Nukatae màbu eŋu kpɔ ne àte ŋu abia be yeade Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua oa? Sɔhɛ ɖekakpui si di be yeaɖo taɖodzinuwo le Yehowa subɔsubɔ mee nènyea? Ðe manyo be nànɔ agbe tsɛ si me susuhenuwo mele o ale be nàte ŋu ato ‘ʋɔtru gã si na wowɔa dɔ geɖe’ sia nu oa? Esia ate ŋu ahe dzidzɔ kple dzidzeme geɖe vɛ na wò. Le nyateƒe me la, menye amesiwo de Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua koe wòɖea vi na o, ke eɖea vi na Mawu ƒe amewo ƒe hame siwo le xexeame katã hã.
[Aɖaka si le axa 3]
Viɖe Siwo Wokpɔ tso Hehexɔxɔa Me
“Hehexɔxɔ sia na nye subɔsubɔdɔa kple alesi mazã Ŋɔŋlɔawo atsɔ awɔ alẽkpɔkplɔdɔae le nunya me la nyo ɖe edzi wu.”
“Sukua na kakaɖedzi geɖe wu va su asinye le agbanɔamedzi vovovowo gbɔ kpɔkpɔ me le hamea me.”
“Etrɔ nye agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa kloe, kpakple alesi mebua teokrasiɖoɖo kple Mawu ƒe habɔbɔae hã.”
“Hehe si mexɔ la kpe ɖe ŋunye mekpɔ alesi wòhiã be matsɔ ɖokuinye aɖo anyi asubɔ le afisiafi si hiahiã le.”