Menye Abolo Ðeɖe Ko Ŋuti Ame Lanɔ Agbe Ðo O—Ale Si Metsi Agbe Le Nazi Fuwɔamegaxɔwo Me
Abe ale si Joseph Hisiger gblɔe ene
“Nu ka xlẽm nèle?” Hatigamenɔla aɖee mebia nya siae. Egblɔ be: “Bibliae, matsɔe ana wò ne àlɔ̃ be yeatsɔe aɖɔ li wò kwasiɖa ɖeka ƒe nuɖuɖu.”
WODZIM le March 1, 1914, dzi le Moselle, si nye Germany ƒe akpa aɖe ɣemaɣi. Esi Xexemeʋa I wu enu le ƒe 1918 me megbe la, Moselle gava zu Franseawo ƒe du. Le ƒe 1940 me la, egava zu Germany ƒe akpa aɖe. Emegbe esi Xexemeʋa II wu enu le ƒe 1945 me la, egava zu France ƒe akpa aɖe ake. Nye dukɔmevinyenye trɔna le nudzɔdzɔ siawo dometɔ ɖe sia ɖe me, si wɔe be mesrɔ̃ Fransegbe kple Germanygbe siaa.
Dzinyelawo nye Katolikotɔ akuakuawo. Gbe sia gbe hafi míamlɔ anyi la, míaƒe ƒomea me tɔwo dzea klo doa gbe ɖa. Míedea sɔleme Kwasiɖagbewo kple le dukɔa ƒe ŋkekenyuiɖugbewo. Nyemefena le nye subɔsubɔ ŋu o, eye menɔ Katoliko ƒe nusrɔ̃ha aɖe me.
Meva Zu Veviedonula Le Míaƒe Dɔa Me
Le ƒe 1935 me la, Yehowa Ðasefo eve va srã dzinyelawo kpɔ. Woɖo dze tso ale si subɔsubɔhawo kpɔ gome le xexemeʋa gbãtɔa me la ŋu. Ema megbe la, nye didi vevie be manya Biblia nyuie nu gava sẽ ɖe edzi, eye le ƒe 1936 me la, mebia míaƒe nunɔla nenye be ɖeka ate ŋu asu asinye. Egblɔ be ele be masrɔ̃ mawuŋutinunya hafi ate ŋu ase egɔme. Gake ɖeko esia na nye didi be Biblia nasu asinye eye maxlẽe la nu gasẽ ɖe edzi.
Le January 1937 me la, Albin Relewicz si nye nye dɔwɔhati aɖe si nye Ðasefo la te dzeɖoɖo nam tso Biblia ƒe nufiafiawo ŋu. Mebiae be: “Ðeka anya nɔ asiwò?” Enɔ esi nyateƒe, eye ema megbe kpuie la, efia Mawu ƒe ŋkɔ si nye Yehowa lam le Germany Biblia gɔmeɖeɖe si nye Elberfelder si wòtsɔ nam la me. Nyemeƒoa asi Biblia xexlẽ kura o, eye mete Ðasefowo ƒe kpekpewo dede le du si nye Thionville si te ɖe mía ŋu la me.
Le August 1937 me la, mekplɔ Albin ɖo míede Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe aɖe le Paris. Afi mae mete gbeƒãɖeɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu le. Le esia megbe kpuie la, mexɔ nyɔnyrɔ, eye le ƒe 1939 me la, mezu mɔɖela, alo Kristotɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Wode dɔ asi nam le Metz dugã la me. Emegbe le July me la, wokpem be mava wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Paris.
Aʋawɔɣi Ƒe Fukpekpewo
Nye subɔsubɔ le alɔdzedɔwɔƒea mexɔ ɣeyiɣi aɖeke kura o, elabena le August 1939 me la, wobia tso asinye be mava ge ɖe Franseawo ƒe asrafoha me. Nye dzitsinya maɖe mɔ nam be makpɔ gome le aʋaa me o, eya ta wolém de ga. Le ƒe si kplɔe ɖo ƒe May me, esime mekpɔtɔ nɔ gaxɔa me la, Germany va dze France dzi le vo me. Woɖu France dzi le June me, eye megazu Germanytɔ ake. Eya ta esi woɖe asi le ŋunye le July 1940 me la, meyi ɖanɔ dzinyelawo gbɔ.
Esi wònye Nazi dziɖuɖua tee míenɔ ta la, míekpena le adzame srɔ̃a Biblia. Míexɔa Gbetakpɔxɔ to Maryse Anasiak, si nye nyɔnu Kristotɔ dzinɔameƒotɔ si medoa goe le Ðasefo aɖe ƒe fiase si me wodzraa abolo le me la gbɔ. Va de asi na ƒe 1941 la, nyemeto nɔnɔme sesẽ siwo me tom Ðasefo siwo le Germany nɔ la dometɔ aɖeke me o.
Gake gbe ɖeka adzamekpovitɔ aɖe va gbɔnye. Esi kpovitɔ sia na menya be woɖo asi Ðasefowo dzi megbe la, ebiam be makpɔtɔ ayi edzi anye wo dometɔ ɖeka hã. Esi meɖo eŋu be “Ɛ̃” la, egblɔ nam be makplɔ ye ɖo. Esia do ŋɔdzi na danye eye wòku ƒenyi. Esi adzamekpovitɔa kpɔ nu si dzɔ la, egblɔ nam be matsi anyi ne makpɔ egbɔ.
Le afi si mewɔa dɔ le la, nyemezãa nyagbɔgblɔ “Heil Hitler!” tsɔ doa gbe na nye dɔdzikpɔla abe ale si wowɔnɛ ɣemaɣi ene o. Megbe hã be nyemanye Nazi dziɖuɖua ƒe dunyaheha me tɔ o. Eya ta adzamekpovitɔwo va lém le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Esi wonɔ gbe biamem la, megbe hati Ðasefo bubuwo ƒe ŋkɔwo yɔyɔ. Ame si nɔ gbe biamem la tsɔ eƒe tuzɔ xlã ɖe dzodome nam sesĩe ale gbegbe be ɖeko meyi ɖi me. Le September 11, 1942, dzi la, Ʋɔnudrɔ̃ƒe Tɔxɛ (Sondergericht) si le Metz bu fɔm be woadem gaxɔ me hena ƒe etɔ̃ “be mele Yehowa Ðasefowo kple Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe Habɔbɔa ƒe ameflunyawo kakam.”
Le kwasiɖa eve megbe la, wodem ʋu míezɔ mɔ nɔ tɔtɔm ɖe teƒeteƒewo ʋuu heva ɖo Zweibrücken gakpɔ me. Mewɔ dɔ le afi ma abe ketekemɔdzraɖolawo dometɔ ɖeka ene. Míeɖɔ lia ketekemɔ ƒe gakpo gãwo, míetsɔ gakpoblanuwo blawo ɖi sesĩe, eye míekɔa kpekuiwo ɖe ketekemɔwo dzi. Míaƒe nuɖuɖu koe nye kɔfi kplu ɖeka kple abolo gram 75 le ŋdi me, kple detsi agba ɖeka le ŋdɔ kple fiẽ. Emegbe woɖem yi gaxɔ aɖe si le du aɖe si gogo afi ma la me, eye mewɔ dɔ le afɔkpadzraɖolawo ƒe dɔwɔƒe. Le ɣleti geɖewo megbe la, wogaɖom ɖe Zweibrücken, eye fifia ya mewɔ dɔ le agblewo dzi.
Agbenɔnɔ, Menye Ðe Abolo Ðeɖe Ŋuti O
Mía kple ɖekakpui aɖe si tso Netherlands ye nɔ gaxɔ ɖeka me. Esi mesrɔ̃ wo degbea va se ɖe afi aɖe la, mete ŋu ɖi ɖase nɛ tso nye dzixɔsewo ŋu. Ewɔ ŋgɔyiyi hese nuwo gɔme kabakaba ale gbegbe be ebia tso asinye be manyrɔ ye ɖe tɔsisi aɖe me. Esi wòdo go tso tsia me la, edzo kplam hegblɔ be, “Joseph, mezu nɔviwòŋutsu!” Mía kplii dome va ma esi wogabia tso asinye ake be mawɔ dɔ le ketekemɔwo dzi.
Mía kple ame si va nɔ gaxɔ me fifia ya nye Germanytɔ. Ete agbalẽvi aɖe xexlẽ gbe ɖeka fiẽ—Bibliae! Ɣemaɣie wòbia tso asi nye be matsɔ nye kwasiɖa ɖeka ƒe nuɖuɖu aɖɔ li Biblia la. Meɖo eŋu nɛ be, “Melɔ̃!” Togbɔ be vɔsa gã aɖee kwasiɖa ɖeka ƒe nuɖuɖu tsɔtsɔ na nye hã la, mevem kpɔ o. Yesu ƒe nya siwo gbɔna la me va te kɔkɔ nam be: “Mele be ame nanɔ agbe ɖe abolo ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me ŋu.”—Mateo 4:4.
Fifia si Biblia va su asinye la, ale si mawɔ woagakpɔe o lae nye nyaa. To vovo na gamenɔla bubuwo la, womeɖe mɔ be Biblia nanɔ Ðasefowo si o. Eya ta adzamee mexlẽnɛ le heɣlanɛ ɖe nye abadzivɔ te. Le ŋkeke me la, metsɔnɛ ɣlana ɖe nye awu gɔme tsɔ yia afi sia afi. Nyemegblẽnɛ ɖe gaxɔa me o, le esi dzɔlawo va tsana teƒe mawo ta.
Esi míeva ƒo ƒu gbe ɖeka hafi míadze dɔ gɔme la, meɖo ŋku edzi be nyemetsɔ nye Biblia la o. Le fiẽ me la, mewɔ kabakaba yi nye gaxɔa me, gake Biblia la meli o. Le gbedodoɖa na Mawu megbe la, meyi dzɔlaa gbɔ hena wònya be ame aɖe va tsɔ nye agbalẽ aɖe eye medi be woatrɔe nam. Esi wònye be eɖe ŋu ɖi le eɖokui ŋu vie ta la, mete ŋu kpɔ nye Biblia la tsɔ. Meda akpe na Yehowa tso nye dzi ƒe gogloeaƒe ke!
Ɣebubuɣi la, dzɔla aɖe nɔ ŋunye meyi tsileƒe. Esi menɔ nye awu ƒoɖiawo ɖem la, meɖiɖi Biblia la da ɖe anyigba dzaa ŋuɖɔɖotɔe. Esi dzɔlaa menɔ kpɔyem o la, metsɔ afɔ tutui ɖo ɖe tsileƒea gbɔ lɔƒo. Meɣlae ɖe tsilekpɔa gbɔ hafi le tsia. Esi medo go tso tsileƒea la, megatsɔ afɔ tutu Biblia la yi afi si awu dzadzɛwo le hegatsɔe ake.
Gakpɔmenɔnɔ Ƒe Nudzɔdzɔ Dedziƒoname Kple Ðedzileameƒoawo
Gbe ɖeka ŋdi le ƒe 1943 me, esime gamenɔlawo ɖo fli le xɔxɔnu la, mekpɔ Albin! Wolé eya hã. Efi ŋku kpɔm eye wòtsɔ eƒe asi ɖo akɔta, si nye nɔviwɔwɔ ƒe dzesi. Emegbe ewɔ dzesi aɖe tsɔ ɖee fia be yeaŋlɔ agbalẽ nam. Esi wòto afi ma va yina le ŋufɔke la, eda pepa kakɛ aɖe ɖe anyigba nam. Gake dzɔla la kpɔe eye wolé mí ame evea siaa de ameɖekɛgaxɔ me hena kwasiɖa eve. Akpɔnɔ ƒuƒu kple tsi nu koe míenɔa agbe ɖo hemlɔa atikpo siwo dzi abadzivɔ mele o la dzi.
Emegbe woɖem yi gaxɔ bubu me le Siegburg, eye mewɔ dɔ le gakpodɔwɔƒe. Dɔa tea ɖeɖi ame ŋu ŋutɔ, eye nuɖuɖu mesua mí o. Le zã me la, mekua drɔ̃e be meɖua nuɖuɖu viviwo—abe akpɔnɔ vivi si me nunyiame le kple atikutsetse viviwo ene—evɔ mefɔna kple ƒodo si nɔa avi fam na nuɖuɖu kple veme si ƒuna kplakplakpla. Nye ametia katã meva tsi glaŋui. Gake mexlẽa nye Biblia sue la gbe sia gbe eye wòléa nye agbe ɖe te.
Ablɔɖe Mlɔeba!
Le April 1945 ƒe ŋdi aɖe la, dzɔlawo si dzo le gakpɔa me le vo me, eye wogblẽ agboawo ɖi wonɔ ʋuʋu gblaŋuu. Ablɔɖe su asinye mlɔeba! Gake gbã la, enɔ nam be manɔ kɔdzi hena ɣeyiɣi aɖe be ŋusẽ nagaɖo ŋunye. Le May ƒe nuwuwu la, megbɔ va dzinyelawo ƒe aƒe me. Womeganɔ mɔ kpɔm be mele agbe o. Esi Danye kpɔm la, ewó dzidzɔvi gboo! Nublanuitɔe la, eteƒe medidi hafi dzinyelawo ku o.
Megate hadede kple Thionville Hamea. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be megava wɔ ɖeka kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu haxɔsetɔwo! Dzidzɔ bliboe wònye be mekpɔe be wolé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi togbɔ be woto nɔnɔme sesẽ geɖewo me hã. Xɔ̃nye vevi Albin ku le Regensburg, le Germany. Emegbe meva se be nyruinye ƒe vi Jean Hisiger va zu Ðasefo, eye be wowui le esi eƒe dzitsinya meɖe mɔ nɛ be wòawɔ asrafodɔ o ta. Jean Queyroi, ame si mewɔ dɔ kple le Paris alɔdzedɔwɔƒea la hã do dzi le Germany dɔsesẽwɔsaɖa me hena ƒe atɔ̃ sɔŋ.a
Medze gbeƒãɖeɖe gɔme enumake le du si nye Metz me. Le ɣeyiɣi mawo me la, medoa go Minzani ƒomea edziedzi. Wo vi nyɔnu Tina xɔ nyɔnyrɔ le November 2, 1946, dzi. Edoa vevie nu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, eye eƒe nu lé dzi nam. Míeɖe mía nɔewo le December 13, 1947 dzi. Le September 1967 me la, Tina dze ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme, eye wòlé dɔ sia me ɖe asi va se ɖe esime wòku le June 2003 me le eƒe ƒe 98 xɔxɔ me. Mesusua Tina ale gbegbe.
Egbea, esi mexɔ ƒe 90 kple edzivɔwo la, mekpɔe dze sii be Mawu ƒe Nya la doa ŋusẽm ɣesiaɣi be mete ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu dzidzedzetɔe. Togbɔ be dɔ wuam ɣeaɖewoɣi hã la, metsɔa Mawu ƒe Nya la nyia nye susu kple dzi ɣesiaɣi. Eye Yehowa do ŋusẽm ŋutɔ. Nyateƒee, eƒe “nya la gbɔ agbem.”—Psalmo 119:50.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ yevugbe me Gbetakpɔxɔ October 1, 1989, axa 22-26, hena Jean Queyroi ƒe agbemeŋutinya.
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Xɔ̃nye vevi Albin Relewicz
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Maryse Anasiak
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
Biblia si metsɔ kwasiɖa ɖeka ƒe nuɖuɖu ɖɔli
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Mía kple nye ŋugbetɔ, Tina, le 1946
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Jean Queyroi kple srɔ̃a, Titica