INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w09 7/1 axa 31
  • Ŋutsu Aɖe Si Xɔ Mawu Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋutsu Aɖe Si Xɔ Mawu Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sodom Kple Gomora Ƒe Tsɔtsrɔ̃ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Ðu Tetekpɔ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yesu Da Dɔ Na Amewo Nukutɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Na Eƒe Nyaselawo Ƒe Nu Ku
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
w09 7/1 axa 31

Na Sɔhɛwo

Ŋutsu Aɖe Si Xɔ Mawu Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ 1 MOSE 12:1-4; 18:1-15; 21:1-5; 22:15-18.

Ðɔ ale si Abraham anya se le eɖokui me esime wòse be yeava nye ‘dzidzimevi’ aɖe si ŋugbe Mawu do, si ava ɖe vi na xexe blibo la katã ƒe tɔgbui la.

․․․․․

Alekee nèsusu be amedzro etɔ̃ siwo ŋu woƒo nu tso le 1 Mose 18:2 la ƒe dzedzeme anɔ?

․․․․․

Aleke nèkpɔ nudzɔdzɔ si ŋu woƒo nu tso le 1 Mose 18:6-8 la le susu mee? (Nenɔ susu me na wò be Abraham yina ƒe 100 lɔƒo xɔ ge ɣemaɣi.)

․․․․․

WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆE.

Ɣeyiɣi didi kae tso Yehowa ƒe ŋugbedodo na Abraham be adzi ŋutsuvi aɖe kple ɣeyiɣi si me wova dzi Isak la dome? (Gbugbɔ xlẽ 1 Mose 12:4 kple 21:5.)

․․․․․

Kakaɖedzi kawoe Yehowa na Abraham le ɣeyiɣi siwo katã me wònɔ lalam? (Xlẽ 1 Mose 12:7; 13:14-17; 15:1-5, 12-21; 17:1, 2, 7, 8, 15, 16.)

․․․․․

Nu kae Yehowa wɔ na Abraham esime Abraham menɔ kakam ɖe edzi be yeate ŋu agadzi vi o? (Gbugbɔ xlẽ 1 Mose 15:3-5, 12-21.)

․․․․․

Alekee Yehowa na numekɔkɔ tso ‘dzidzimevi’ la ŋu vivivi?

․․․․․

TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI . . .

Ale si wòhiã be míaxɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi ase.

․․․․․

Ale si Yehowa ɖea eƒe tameɖoɖowo fiana vivivi.

․․․․․

NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?

․․․․․

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe