INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w09 11/1 axa 5
  • Nyakpakpa 2: Ame Vɔ̃ɖiwo Kpea Fu Le Dzo Mavɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyakpakpa 2: Ame Vɔ̃ɖiwo Kpea Fu Le Dzo Mavɔ Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kawoe Yia Dzo Mavɔ Me?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nukae Dzɔ ɖe Hell ƒe Dzoa Dzi?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Dzixɔse Aɖe Si De Du
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nuka Tututue Nye Hell?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
w09 11/1 axa 5

Nyakpakpa 2: Ame Vɔ̃ɖiwo Kpea Fu Le Dzo Mavɔ Me

Afi kae nyakpakpa sia dzɔ tso? “Le blema Hela xexemenunyalagãwo katã dome la, Plato ye do dzo mavɔ ŋuti nufiafia la ɖe ŋgɔ wu.”—Histoire des enfers (Hell Ƒe Ŋutinya La), si Georges Minois ŋlɔ, axa 50.

“Tso ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe domedome la, Kristotɔ siwo xɔ hehe le Helatɔwo ƒe xexemenunya me la va kpɔe be ehiã be yewoazã nu siwo yewosrɔ̃ atsɔ aɖe yewoƒe xɔse mee . . . Xexemenunya si sɔ na wo wue nye Plato ƒe nufiafia.”—The New Encyclopædia Britannica (1988), Babla 25, axa 890.

“Sɔlemeha la ƒe nufiafia ɖo kpe dzo mavɔ kple eƒe anyinɔnɔ tegbee dzi. Ne ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo nya ku teti ko la, woƒe luʋɔwo ɖoa ta dzo mavɔ me, afi si wokpea ‘dzo mavɔ’ ƒe fu le. Dzo mavɔ ƒe tohehea koŋ ye nye kaklãɖa tso Mawu gbɔ tegbee.”—Catechism of the Catholic Church, 1994 tɔa, axa 270.

Nu kae Biblia fia? ‘Elabena agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsiẽƒe [Sheol], afi si yi ge nala o.’—Nyagblɔla 9:5, 10.

Woɖe Hebrigbe me nya Sheol si nye “nɔnɔme si me ame kukuwo le” la gɔme le Biblia aɖewo me be “dzo mavɔ.” Nu kae mawunyakpukpui sia ɖe fia tso nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu? Ðe wole fu kpem le Sheol, le nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi la ta? Ao, elabena “kukuawo menya naneke o.” Esia tae esime dɔléle vɔ̃ɖi aɖe nɔ fu wɔm blemafofo Hiob vevie la, eɖe kuku na Mawu be: “Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe [Sheol, le Hebrigbe me].” (Hiob 14:13) Gɔmesese kae anɔ eƒe nya siawo ŋu ne dzo mavɔe Sheol nye? Le Biblia ƒe nya nu la, Sheol ye nye tsiẽƒe, alo yɔdo, si nye afi si kukuawo megawɔa naneke le o.

Ðe susu mele Sheol gɔme ɖeɖe alea me, eye wòwɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo wu oa? Nu vɔ̃ ka gbegbee ame awɔ, aleke kee wòɖavloe o, si ana lɔlɔ̃ Mawu la nanɔ fu wɔmee tegbetegbe le dzo mavɔ me? (1 Yohanes 4:8) Gake ne nyakpakpae dzo mavɔ nye la, ke dziƒoyiyi ŋuti nufiafia ya ɖe?

Dzro mawunyakpukpui siawo hã me: Psalmo 146:3, 4; Dɔwɔwɔwo 2:25-27; Romatɔwo 6:7, 23

NYATEƑE LAE NYE:

Mawu mewɔa fu amewo le dzo mavɔ me o

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 5]

Barrators​—Giampolo/The Doré Illustrations For Dante’s Divine Comedy/Dover Publications Inc.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe