‘Magano Vi Aɖe Kpɔ’
ALLEN te aha tsu nono esime wòxɔ ƒe 11 ko.a Woa kple exɔlɔ̃wo nɔa fefem le gbe me henɔa ame siwo wokpɔ le television dzi fefewo me la ƒe nuwɔnawo srɔ̃m. Menye aha ŋutɔŋutɔe ame siwo ƒe nuwɔnawo wonɔa sɔsrɔ̃m la nona o, gake aha sesẽ ŋutɔŋutɔe Allen kple exɔlɔ̃awo ya nona.
Ƒe 40 ye Tony xɔ esime wòdzi aha si wònona la ɖe edzi tso kɔŋkɔ ɖeka alo eve nono fiẽ sia fiẽ dzi va ɖo kɔŋkɔ atɔ̃ alo ade dzi. Mlɔeba la, megava nya aha agbɔsɔsɔme si wònona le ŋkeke ɖeka me gɔ̃ hã o.
Allen bia kpekpeɖeŋu hekpɔ eƒe ahanono ƒe kuxia gbɔ. Tony ya gbe kpekpeɖeŋu si eƒe ƒomea kple xɔlɔ̃ siwo tsɔ ɖe le eme nɛ di be yewoanae la xɔxɔ. Allen gakpɔtɔ le agbe egbea eye wògblɔ nu siwo me wòto la na mí; Tony ya ku ƒe aɖewo nye esi va yi le ʋufɔku aɖe me, le esi wòno aha muame fũu akpa ta.
Ne ame aɖe noa aha fũu la, nu si dona tso eme la gblẽa nu le ame bubuwo ƒe agbe ŋu godoo, eye zi geɖe la, afɔku geɖewo dona tso eme.b Aha sesẽ nono fũu akpa gbɔe amedzudzu kple ameƒoƒo, amedzidzedze kple amewuwu, ʋufɔku kple afɔku siwo dzɔna le dɔ me kpakple dɔléle gbogbo manyaxlẽ aɖewo tsona. Aha sesẽ nono fũu akpa gblẽa dɔlar miliɔn gbogbo aɖewo dome ƒe sia ƒe. Menye esiawo ɖeɖe koe o, ke boŋ egblẽa nu le ame ɖekaɖekawo, ƒomewo, kple ɖeviwo ƒe seselelãmewo hã ŋu vevie.
Ke hã, United States Dukɔa Ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be: “Menye ame sia ame si noa aha edziedzi la ŋue ahanono ƒe kuxi le o, eye menye ame siwo katã ŋu ahanono ƒe kuxi le hãe noa aha gbe sia gbe o.” Aha geɖe nono zu numame na ame geɖe siwo menye ahanoxewo o, evɔ woawo ŋutɔwo mede dzesii o. Ame bubu aɖewo menoa aha sesẽ edziedzi o, gake wotea ŋu noa aha sesẽ kɔŋkɔ atɔ̃ le ɣeyiɣi ɖeka me.
Ne ètiae be yeano aha sesẽ la, agbɔsɔsɔme kae asɔ gbɔ na wò akpa? Aleke nàwɔ anya ɣeyiɣi si me mele be ‘nàgano vi aɖe kpɔ o’? (Lododowo 23:29, 30) Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le nyati siwo kplɔe ɖo me ku ɖe nya sia ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
b Nya siwo le nyati sia me ku ɖe aha tsu nono ŋu la lɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖe eme.