INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 1/1 axa 19-21
  • Ðe Kukuawo Ate Ŋu Akpe Ðe Agbagbeawo Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Kukuawo Ate Ŋu Akpe Ðe Agbagbeawo Ŋua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Kukuawo Gale Agbe Le Afi Aɖea?
  • Ðe Nane Le Amegbetɔ Me Si Nɔa Agbe Le Eƒe Ku Megbea?
  • Fia Aɖe Di Kpekpeɖeŋu Tso Kukuawo Gbɔ
  • Kpekpeɖeŋutsoƒe Ŋutɔŋutɔ Si Li Na Agbagbeawo Kple Kukuawo Siaa
  • Gbɔgbɔyɔyɔ
    Nyɔ!—2014
  • Ðe Kukuawo Ate Ŋu Akpe Ðe Agbagbeawo Ŋua?
    Nyɔ!—2012
  • Ðe Wòle Be Nàvɔ̃ Na Ame Kukuwoa?
    Nyɔ!—2009
  • Mɔkpɔkpɔ Kae Li Na Kukuawo?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 1/1 axa 19-21

Ðe Kukuawo Ate Ŋu Akpe Ðe Agbagbeawo Ŋua?

TAMBA, sɔhɛ aɖe si le Ɣetoɖoƒe Afrika la yina sukudodokpɔ wɔ ge.a Dadaa gblɔ be ele kokoko be woaxɔ kpekpeɖeŋu tso eƒe ƒometɔ siwo ku la gbɔ hafi wòate ŋu akpɔ dzidzedze le dodokpɔa me. Le Palermo, si le Sicily la, ame geɖewo yina ɖaɖia tsa le ameɖiƒe siwo nye kpeto siwo me woda ame kuku siwo wosi atike na hekpɔ wo ta nyuie ɖo be amewo nava kpɔ. Ame aɖewo xɔe se be ame kuku siwo wosi atike na siwo le afi ma la kpɔa agbagbeawo ta le gbɔgbɔ me. Ƒe sia ƒe la, amewo ɖia tsa yia Lily Dale, du aɖe si le New York State, U.S.A. ƒe ɣetoɖoƒe, afi si ŋɔliyɔla gbogbo aɖewo le, si amewo nya nyuie la. Amewo yia teƒe ma kple mɔkpɔkpɔ be yewoaƒo nu kple yewoƒe ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo ku la ahabia kpekpeɖeŋu tso wo gbɔ.

Dzixɔse si nye be kukuawo ate ŋu akpe ɖe agbagbeawo ŋu la xɔ aƒe ɖe xexea me ŋutɔ. Nu kae nye wò susu? Ðewohĩ wò hã esrɔ̃ nu tso dzixɔse ma ŋu alo wò ame vevi aɖe lé eme ɖe asi vevie. Ele dzɔdzɔme nu be míadi vevie be míagakpɔ míaƒe ame vevi aɖe si ku la ake. Ŋɔliyɔlawo doa ŋugbe be yewoate ŋu akpe ɖe amewo ŋu le go ma me. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Time ka nya ta be ŋɔliyɔla aɖe gblɔ be ame siwo le gbɔgbɔmenutowo me la “le klalo ɣesiaɣi be yewoana kpekpeɖeŋu ne wonya bia yewo ko.” Nyateƒee wònyea? Ðe kukuawo ate ŋu akpe ɖe agbagbeawo ŋua? Ale si Biblia ɖo nya sia ŋu eme kɔ la awɔ nuku na wò.

Ðe Kukuawo Gale Agbe Le Afi Aɖea?

Biblia ɖe nɔnɔme si me kukuawo le la me eme kɔ nyuie. Nyagblɔla 9:5 gblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” Ðe seselelãme agate ŋu anɔ kukuawo sia? Kpukpui 6 lia ɖo eŋu be: ‘Woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke, eye womagakpɔ gome le nu siwo katã dzɔna le ɣea te la me akpɔ o.’ De dzesii hã be kpukpui 10 lia gblɔ be, ‘nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afi si yi ge nala o.’ Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le afi sia be “tsieƒe” la fia “ameƒomea ƒe yɔdo.” Eɖe dzesi ŋutɔ be wozã Helagbe me nya “Hades” si sɔ kple ema la le Ŋɔŋlɔawo me tsɔ ɖɔ afi si Yesu Kristo nɔ hena ɣeyiɣi kpui aɖe esime wòku.—Dɔwɔwɔwo 2:31.

Yesu kpe ɖe ame geɖewo ŋu esime wònɔ agbe, gake enyae be yegbɔna kuku ge. Ðe wònɔ mɔ kpɔm be yeagate ŋu akpe ɖe amewo ŋu le ɣeyiɣi siwo me yeanɔ yɔdo mea? Ao. Etsɔ eƒe ku si nɔ gogom la sɔ kple ale si zã dona eye amewo dzudzɔa dɔwɔwɔ. (Yohanes 9:4) Yesu nya nyuie be ne amegbetɔ ku la, megatea ŋu wɔa naneke o.—Nyagblɔla 9:10.

Yesu tsɔ ku sɔ kple nu bubu aɖe hã, si ɖe susu ma ke fia. Esi Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ku la, Yesu gblɔ be ele alɔ̃ dɔm. (Yohanes 11:11-13) Ðe míekpɔa mɔ be ame si le alɔ̃ dɔm la nakpe ɖe mía ŋua? Ame si le alɔ̃ me la menya nu siwo le edzi yim o, eye mate ŋu awɔ naneke hã atsɔ akpe ɖe ame aɖeke ŋu o.

Ðe Nane Le Amegbetɔ Me Si Nɔa Agbe Le Eƒe Ku Megbea?

Wofia ame geɖe be luʋɔ nye nu makpɔmakpɔ aɖe si yia edzi nɔa agbe le ame ƒe ku megbe. Biblia ya fia nu si to vovo kuraa. Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ si nye Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔ nu si luʋɔ nye la na mí. Le 1 Mose 2:7 ƒe nya nu la, esi wowɔ ame gbãtɔ la ‘ezu luʋɔ gbagbe.’ Amegbetɔ, ameti bliboa, nye luʋɔ; eye lãwo hã nye luʋɔ. (1 Mose 1:20-25) Eya ta, nya la ŋutɔe nye be ne amegbetɔ alo lã aɖe ku la, luʋɔ lae nye ema ku. Biblia ɖo kpe esia dzi.—Xezekiel 18:4.

Ke hã, ame aɖewo abia be, ‘Ke nya siwo amewo gblɔna be yewoyɔ ame kukuwo, se woƒe gbe, alo kpɔ wo gɔ̃ hã ya ɖe?’ Nya mawo tɔgbi bɔ le xexea ƒe teƒe geɖewo. Nya mawo naa mɔkpɔkpɔ ame siwo dzi ku dzɔ ɖo la kple wo xɔlɔ̃wo, eye wòʋãa wo dometɔ geɖe wodia ŋɔliyɔlawo, ame siwo gblɔna be yewoate ŋu ayɔ kukuawo na wo la, yome mɔ.

Ðe nya mawo nye nyateƒea? Ne nyateƒee wonye la, ɖe matsi tsitre ɖe Biblia me nya siwo míeyɔ fifi laa la ŋu oa? Kristo Yesu gblɔ be Mawu ƒe Nya la nye nyateƒe. (Yohanes 17:17) Nyateƒe metsia tsitre ɖe eɖokui ŋu o. Ne míagblɔe tututu la, Biblia gblɔ ale si wòle be míabu nya siwo wogblɔna tsɔ ɖenɛ fiana be kukuawo ate ŋu akpe ɖe agbagbeawo ŋu la na mí. Biblia ƒo nu tso ame aɖe si dze agbagba be yeaxɔ kpekpeɖeŋu tso kukuawo gbɔ la ŋu na mí. Nuŋlɔɖi sia xexlẽ nyuie aɖe nyateƒe si le nya mawo me la afia mí.

Fia Aɖe Di Kpekpeɖeŋu Tso Kukuawo Gbɔ

Nya sia dzɔ le aʋagbedzi le Israel ƒe dziehe. Filistitɔwo ƒe aʋakɔ dziŋɔwo ho aʋa ɖe Fia Saul kple eƒe asrafowo ŋu. Esi Saul kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔa la, “evɔ̃, eye dzika tso eƒo ŋutɔ.” Le Saul ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣi mawo me la, eɖe asi le tadedeagu vavãtɔ la ŋu. Le esia ta la, ne Saul bia kpekpeɖeŋu tso Yehowa gbɔ la, Yehowa medea nu eme nɛ o. Afi kae Saul adi kpekpeɖeŋu tsoe azɔ? Mawu ƒe nyagblɔɖila Samuel ku xoxo.—1 Samuel 28:3, 5, 6.

Saul yi ɖadi mɔfiame tso ŋɔliyɔla aɖe si nɔ En-Dor la gbɔ. Eɖe kuku na ŋɔliyɔlaa be ‘wòayɔ Samuel’ si ku la na ye. Ŋɔliyɔlaa yɔ gbɔgbɔ aɖe. Gbɔgbɔ ma si wɔ eɖokui Samuel la gblɔ na Saul be Filistitɔwo aɖu wo dzi, eye be woawu eya kple viaŋutsuwo le aʋaa me. (1 Samuel 28:7-19) Samuel si ku la ŋutɔŋutɔe woyɔ vaea?

Bu eŋu kpɔ. Biblia gblɔ be ne ame ku la, “egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ” eye “eƒe tameɖoɖowo nu yina.” (Psalmo 146:4) Saul kple Samuel siaa nyae be Mawu tsri nutabiabia le ŋɔliyɔlawo gbɔ. Ènyaa, do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia la, Saul xɔ ŋgɔ woɖe gbɔgbɔyɔlawo katã ɖa le dukɔa me!—3 Mose 19:31.

De ŋugble tso nya la ŋu nyuie. Ne ɖe nuteƒewɔla Samuel zu gbɔgbɔ aɖe hegale agbe la, ɖe wòada Mawu ƒe se dzi ahawɔ ɖeka kple ŋɔliyɔla aɖe be wòana ye kple Saul yewoado goa? Yehowa gbe nuƒoƒo na Saul. Ke ɖe ŋɔliyɔla aɖe ate ŋu azi Mawu Ŋusẽkatãtɔ la dzi be wòaƒo nu kple Saul to Samuel dzia? Kura o. Eme kɔ ƒãa be menye Mawu ƒe nyagblɔɖila wɔnuteƒe Samuel si ku lae ŋɔliyɔla sia yɔ o. Ke boŋ gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe si wɔ eɖokui abe Samuel si ku ene ye.

Gbɔgbɔ vɔ̃wo nye mawudɔla siwo dze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu tso amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke. (1 Mose 6:1-4; Yuda 6) Gbɔgbɔ vɔ̃ siawo ate ŋu alé ŋku ɖe amegbetɔwo ŋu, anya woƒe dzedzeme, ale si ame sia ame ƒoa nui, kple ale si wowɔa nui hã. Wodina vevie be yewoado nukpɔsusu si nye be Biblia me nyawo menye nyateƒe o la ɖe ŋgɔ. Mewɔ nuku o be Biblia xlɔ̃ nu mí be míagado ka kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siawo le mɔ aɖeke nu o. (5 Mose 18:10-12) Gbɔgbɔ siawo gale dɔ dzi egbea.

Azɔ míate ŋu akpɔ susu si tae ame geɖe gblɔna be “yewokpɔ” yewoƒe ame vevi siwo ku, alo be “yewose” woƒe gbe ɖo. Togbɔ be gbɔgbɔ siawo ƒe nuwɔnawo dzena ɣeaɖewoɣi abe ɖe woate ŋu akpe ɖe ame ŋu ene hã la, wonye gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo ɖoe koŋ be yewoaflu amegbetɔwo.b (Efesotɔwo 6:12) Gabu nya sia hã ŋu kpɔ: Yehowa nye Mawu lɔ̃ame si tsɔa ɖe le eme na mí. Ne kukuawo le agbe le afi aɖe nyateƒe, eye woate ŋu ava kpe ɖe wo xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ŋu la, ɖe mía Wɔla lɔ̃ame la agbe be míagaƒo nu kpli wo o, eye wòagblɔ tso nuƒoƒo kpli wo ŋu be enye “ŋunyɔnu” na yea? Gbeɖe! (1 Petro 5:7) Ekema ɖe kpekpeɖeŋutsoƒe aɖe li si dzi míate ŋu aka ɖoa?

Kpekpeɖeŋutsoƒe Ŋutɔŋutɔ Si Li Na Agbagbeawo Kple Kukuawo Siaa

Míede dzesii le nu siwo me míedzro va yi la me be kukuawo mate ŋu akpe ɖe agbagbeawo ŋu o. Gawu la, menye ɖeko agbagbadzedze be woadi kpekpeɖeŋu tso kukuawo gbɔ meɖea vi o; egblẽ nu geɖe le ame ŋu hã, le esi wònye Mawu ƒe se dzi dada eye wònana ame va nɔa gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te ta.

Biblia fia Kpekpeɖeŋutsoƒe nyuitɔ mí—eyae nye mía Wɔla Yehowa. Ate ŋu aɖe mí tso ku kura gɔ̃ hã si me. (Psalmo 33:19, 20) Ele klalo be yeakpe ɖe mía ŋu egbea hã. Enaa mɔkpɔkpɔ vavã, si to vovo na mɔkpɔkpɔ ƒuƒlu si ŋɔliyɔlawo nana la mí.

Tamba, ame si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze la, ŋutɔ va kpɔ vovototo si le mɔkpɔkpɔ gbɔlo si ŋɔliyɔlawo nana kple mɔkpɔkpɔ vavã si Yehowa naa mí dome la dze sii. Ŋɔliyɔlawo gblɔ be ne mesa vɔ na tɔgbui kukuwo o la, makpɔ dzidzedze le sukudodokpɔa me o. Ɣemaɣi la, Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kple Tamba. Esrɔ̃ nu tso nɔnɔme si tututu me ame kukuwo le kple afi si ame siwo wɔa wo ɖokuiwo abe tɔgbui kukuwo ƒe gbɔgbɔwo ene dzɔ tso la ŋu. Togbɔ be dadaa ƒo nya ɖe enu vevie be wòadi kpekpeɖeŋu tso ŋɔliyɔlawo gbɔ hã la, Tamba gbe hegblɔ na dadaa be, “ne nyemekpɔ dzidzedze o hã la, madze agbagba ado vevie nu le ƒe si gbɔna me.”

Nu kae do tso eme? Exɔ ɖoƒe gbãtɔ le dodokpɔa me! Ewɔ nuku na dadaa, megaka ɖe ŋɔliyɔlawo dzi o, eye megaƒoa nu tso vɔsa mawo tɔgbi ŋu gbeɖegbeɖe o. Tamba srɔ̃e be Yehowa xlɔ̃ nu mí be míatsri ‘nubiabia kukuawo na agbagbeawo.’ (Yesaya 8:19) Biblia sɔsrɔ̃ na Tamba ka ɖe edzi be ne yekpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe sewo ŋu la, yeakpɔ dzidzedze.—Psalmo 1:1-3.

Ke míaƒe ame vevi siwo ku ya ɖe? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na wo oa? Tsɔ kpe ɖe kpekpeɖeŋu si Yehowa nana agbagbeawo ŋu la, edo ŋugbe be yeakpe ɖe ame siwo le yɔdowo me la hã ŋu. Esi nyagblɔɖila Yesaya ɖɔ ale si ŋusẽ aɖeke megale kukuawo ŋu o vɔ la, egblɔ le ta 26 kpukpui 19 lia me be: “Ke ame siwo ku le mewò la anɔ agbe. . . . Mi ame siwo mlɔ ke me, minyɔ, eye miado dzidzɔɣli.” Nyagblɔɖila la yi edzi gblɔ be, “anyigba la aɖe eƒe ame siwo ku la ɖe go.”—Agbenya La.

Kpɔe ɖa le susu me! Woafɔ ame miliɔn akpe nane siwo le alɔ̃ dɔm le yɔdowo me, eye womegate ŋu wɔa naneke o la ɖe tsitre! Le nyateƒe me la, Biblia ɖee fia be ele Yehowa ‘dzrom’ vevie be yeagbɔ agbe ame kukuwo. (Hiob 14:14, 15) Ðe wòwɔ na wò abe ŋugbedodo siawo mate ŋu ava eme o enea? Yesu Kristo ka ɖe mɔkpɔkpɔ sia dzi ale gbegbe be egblɔ tso kukuawo ŋu be wole agbe le Yehowa ƒe susu me.—Luka 20:37, 38.

Àdi be mɔkpɔkpɔ sia nasu ye sia?c Yi edzi nànɔ Biblia me sidzedze vavãtɔ xɔm. Ne èyi edzi le nua srɔ̃m la, kakaɖedzi ava su asiwò be Yehowa ate ŋu akpe ɖe agbagbeawo kple kukuawo siaa ŋu, eye be eƒe ŋugbedodowo “nye nyateƒenyawo kple nya vavãwo.”—Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Míetrɔ ŋkɔa.

b Kpɔ agbalẽ gbadza si nye Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?, si Yehowa Ðasefowo ta la hena nyatakaka bubuwo.

c Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowoe ta la ƒe ta 7 lia hena nyatakaka bubu siwo ku ɖe ŋugbe si Biblia do be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la ŋu.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

Ele dzɔdzɔme nu be míadi vevie be míagakpɔ míaƒe ame vevi aɖe si ku la ake

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Nyagblɔɖila Samuel si ku lae va ƒo nu kple Fia Saul nyateƒea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe