Satana Ƒe Dziɖuɖu Ado Kpo Nu Godoo
“Eme manyo na ame vɔ̃ɖiwo o.”—NYAGB. 8:13.
1. Nu ka tae ʋɔnu si woava drɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la nye akɔfanya?
YEHOWA ava drɔ̃ ʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo godoo. Woaɖo nu siwo wowɔ la teƒe na wo. (Lod. 5:22; Nyagb. 8:12, 13) Nya sia faa akɔ na ame ŋutɔ, vevietɔ na ame siwo lɔ̃a dzɔdzɔenyenye, siwo ŋu ame vɔ̃ɖiwo wɔ ŋlɔmi kple nu madzɔmadzɔwo ɖo la. Ame si dze na ʋɔnudɔdrɔ̃ wu le ame vɔ̃ɖiwo dome lae nye ame vɔ̃ɖiwo fofo, Satana Abosam.—Yoh. 8:44.
2. Nu ka tae wòhiã be ɣeyiɣi aɖe nava yi hafi woate ŋu akpɔ nya si fɔ ɖe te le Eden bɔa me la gbɔ?
2 Le Eden bɔa me, esi dadagbɔgbɔ yɔ Satana me fũu la, ena amegbetɔwo gbe nu le Yehowa ƒe dziɖulanyenye gbɔ. Esia na mía dzila gbãtɔawo va wɔ ɖeka kple Satana wotsi tsitre ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe dzedze ŋu, si na wova zu nuvɔ̃mewo le Yehowa ŋkume. (Rom. 5:12-14) Ele eme be Yehowa nya nu siwo ado tso woƒe amemabumabu kple aglãdzedzea me na wo ya. Gake enɔ na Yehowa be wòana woƒe aglãdzedzea me tsonu si nu womate ŋu asi le o la nadze ƒãa na nuwɔwɔ siwo katã si nunya le. Eya ta ehiã be woaɖe mɔ ɣeyiɣi aɖe nava yi be woakpɔ nya la gbɔ ahaɖee afia kɔtɛ be aglãdzelaawo tɔ medzɔ kura o.
3. Alekee míebua amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwoe?
3 Esi wònye be amegbetɔwo gbe Yehowa ƒe dziɖuɖu ta la, eva hiã be woaɖo woawo ŋutɔwo ƒe dziɖuɖuwo anyi. Esi apostolo Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na eƒe haxɔsetɔ siwo nɔ Roma la, eyɔ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu mawo be “ŋusẽtɔ siwo kɔ wu.” Esime Paulo nɔ nya siawo ŋlɔm la, Roma dziɖuɖua si nɔ Fiagã Nero, si ɖu dzi tso ƒe 54-68 M.Ŋ. me, te la koŋ ŋue ŋusẽtɔ siwo kɔ wu siawo ku ɖo. Paulo gblɔ be “Mawue ɖe mɔ [ŋusẽtɔ siwo kɔ wu la le] woƒe nɔƒe, siwo seɖoƒe li na la.” (Mixlẽ Romatɔwo 13:1, 2.) Ðe esia fia be Paulo nɔ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu kafum be enyo wu ale si Mawu ɖua dziia? Ao! Ke boŋ, nya si gblɔm wònɔ koe nye be zi ale si Yehowa ɖe mɔ na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo be woanɔ anyi la, ele be Kristotɔwo nade bubu “Mawu ƒe ɖoɖo” ŋu ahawɔ nu ɖe wo ŋu ale si dze.
Afɔɖeɖe Si Ahe Gbegblẽ Avae Godoo
4. Ðe susu si tae amegbetɔ ƒe dziɖuɖu mate ŋu akpɔ dzidzedze o la me.
4 Gake amegbetɔ ƒe dziɖuɖu si dzi Satana kpɔ ŋusẽ ɖo la ado kpo nu godoo. Nu ka tae? Susuawo dometɔ ɖekae nye be menye mawumenunya dzie wotui ɖo o. Yehowa si koe nunya deblibo le. Eya ta eya ɖeka koe ate ŋu ana mɔfiame si ŋu kakaɖedzi le bene dziɖuɖu aɖe nakpɔ dzidzedze. (Yer. 8:9; Rom. 16:27) Yehowa mele abe amegbetɔ siwo tea mɔnu vovovowo kpɔna hafi nyana esi nye nyuitɔ la ene o, enya mɔ nyuitɔ kekeake si nu wòawɔ nu le. Dziɖuɖu ɖe sia ɖe si mazɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame dzi o la, ado kpo nu godoo. Le susu ma ta—ne míegaxa ƒo nu tso susu vɔ̃ si le Satana si ŋu o gɔ̃ hã—la, edze ƒãa tso gɔmedzedzea me ke be mɔnu ɖe sia ɖe si wòato vɛ to amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu dzi la atɔ kpe godoo.
5, 6. Nu kae anya na Satana dze aglã ɖe Yehowa ŋu?
5 Zi geɖe la, nunyala ƒoa asa na dɔ aɖe si wònya be ava do kpo nu godoo la wɔwɔ. Ne eɖoe be yeawɔe kokoko la, emetsonua ava na wòakpɔe be yeda ƒu. Le ŋutinya katã me la, edze ƒãa be tsitretsitsi ɖe Wɔla ŋusẽkatãtɔ la ŋu nye tofloko. (Mixlẽ Lododowo 21:30.) Gake esi ɖokuidodoɖedzi kple dada gbã ŋku na Satana ta la, etrɔ megbe de Yehowa. Eya ta Abosam ɖoe koŋ ƒo ta ɖe nu si ahe gbegblẽ avae godoo la me.
6 Satana ƒe dadagbɔgbɔ siae Babilon fia aɖe va ɖe fia emegbe, esi wòƒo adegbe be: “Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi le anyiehe kekeake; malia alilikpowo ta me, eye mía kple dziƒoʋĩtɔ la míanɔ tasɔsɔ me.” (Yes. 14:13-15) Fia ma ƒe taɖodzinu si me nunya mele o la medze edzi o, eye Babilon fiaɖuƒea wu enu gbɔɖiametɔe. Nenema kee eteƒe madidi o, Satana kple eƒe xexea ava nuwuwu keŋkeŋ.
Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ?
7, 8. Viɖe kawoe do tso Yehowa ƒe mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu hena ɣeyiɣi aɖe la me?
7 Ame aɖewo agblɔ be nu ka tae Yehowa mexe mɔ na amegbetɔwo be woaganɔ Satana ƒe akpa dzi o, eye nu ka tae wòɖe mɔ wode Satana ƒe dziɖuɖu si wòto vɛ si ava do kpo nu godoo la dzi? Esi wònye Mawu Ŋusẽkatãtɔ ta la, ate ŋu awɔe bɔbɔe hafi. (2 Mose 6:3) Gake mewɔe nenema o. Eƒe nunya na wòtiae be yemade nu amegbetɔwo ƒe aglãdzenuwɔna sia me o hena ɣeyiɣi aɖe, le esi wònya be nu nyui aɖe ava do tso eme mlɔeba ta. Amegbetɔwo ava de dzesii kɔtɛ be Yehowa nye Dziɖula dzɔdzɔetɔ si lɔ̃a ame, eye nyametsotso si wòwɔ la aɖe vi na amegbetɔ nuteƒewɔlawo.
8 Nɔnɔme wɔnublanui kawo gbegbee nye esi amegbetɔwo ate ŋu aƒo asa na hafi, nenye ɖe wogbe Satana ƒe ameblenyawo hetiae be yewoanɔ Mawu ƒe dziɖuɖu te! Ke hã, Yehowa ƒe mɔɖeɖe na amegbetɔwo be woaɖu wo ɖokuiwo dzi hena ɣeyiɣi aɖe la he viɖe aɖewo vɛ. Ena dzianukwaretɔwo va kpɔ nunya si gbegbe le toɖoɖo Mawu kple ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu me la dze sii kɔtɛ. Ƒe alafa geɖewoe nye esia si amegbetɔwo le dziɖuɖu ƒomevi vovovowo tem kpɔ, gake ɖeka teti hã mekpɔ dzidzedze o. Nyateƒenya sia na kakaɖedzi si su Mawu subɔlawo si be ale si Yehowa ɖua dzii lae nye nyuitɔ kekeake la me gasẽ ɖe edzi. Ele eme be Yehowa ƒe mɔɖeɖe ɖe Satana ƒe dziɖuɖu vɔ̃ɖia ŋu la na be ameƒomea katã, si me Mawu subɔla wɔnuteƒewo hã le, le fu kpem ya. Ke hã, mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu hena ɣeyiɣi aɖe la he viɖe aɖewo hã vae na Mawu subɔla wɔnuteƒewo.
Aglãdzedze Aɖe Si He Ŋutikɔkɔe Vae Na Yehowa
9, 10. Ðe ale si Satana ƒe dziɖuɖu he ŋutikɔkɔe vae na Yehowae la me.
9 Yehowa ƒe mɔɖeɖe be Satana nakpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzi bene woaɖu wo ɖokuiwo dzi la meɖe ale si Yehowa ɖua dzii la ƒe nyonyome dzi kpɔtɔ o. Ðe ŋutinya ɖee fia boŋ be nya si gbɔgbɔ ʋã Yeremiya wògblɔ be amegbetɔwo mate ŋu aɖu wo ɖokuiwo dzi o la nye nyateƒe. (Mixlẽ Yeremiya 10:23.) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Satana ƒe aglãdzedzea ʋu mɔ na Yehowa be wòɖe eƒe nɔnɔme nyuiawo fia wòɖe dzesi wu. Le mɔ ka nu?
10 Esi Satana ƒe dziɖuɖua me tsonu gbegblẽwo dze ƒãa ta la, Yehowa ƒe nɔnɔme nyui debliboawo va ɖe dzesi na mí geɖe wu. Le mɔ sia nu la, edo gã eɖokui le ame siwo lɔ̃nɛ la ŋkume. Ɛ̃, togbɔ be nya sia awɔ mo yaa hã la, nyateƒee wònye be nu siwo do tso Satana ƒe dziɖuɖu me la he ŋutikɔkɔe vɛ na Mawu. Ena wòdze ƒãa be mɔ si nu Yehowa le tsitretsitsi ɖe eƒe dziɖulanyenye ŋu ƒe nya la gbɔ kpɔm le lae nye nyuitɔ kekeake. Be míawɔ nyateƒenya sia ƒe kpɔɖeŋu la, mina míadzro Yehowa ƒe nɔnɔme nyui aɖewo me, bene míakpɔ ale si Satana ƒe dziɖuɖu vɔ̃ɖia na Yehowa gaɖe nɔnɔme siawo fia le mɔ siwo ɖe dzesi wu nu la me akpɔ.
11. Aleke Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ fiae?
11 Lɔlɔ̃. Ŋɔŋlɔawo na míenya be “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yoh. 4:8) Amegbetɔwo wɔwɔ ɖeɖe dzaa nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fia. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mɔ wɔnuku si nu Mawu wɔ mí le la hã nye kpeɖodzi be elɔ̃ mí. Yehowa tsɔ aƒe dzeani aɖe si me nu sia nu si ana amegbetɔ nakpɔ dzidzɔ le la na wo lɔlɔ̃tɔe. (1 Mose 1:29-31; 2:8, 9; Ps. 139:14-16) Gake esi ameƒomea dze nu vɔ̃ me ko la, Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃a fia le mɔ bubuwo nu. Alekee? Apostolo Yohanes gblɔ Yesu ƒe nya siawo be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yoh. 3:16) Ðe mɔ bubu aɖe gali si nu Mawu ato aɖe eƒe lɔlɔ̃ afia amegbetɔwo le wòaɖe dzesi wu eƒe Tenuvi la ɖoɖo ɖe anyigba dzi be wòava ku ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta? (Yoh. 15:13) Lɔlɔ̃ɖeɖefia gã sia gazu kpɔɖeŋu hã na amegbetɔwo, si na mɔnukpɔkpɔ wo be woaɖe Mawu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ sia tɔgbi afia le woƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me abe ale si Yesu hã wɔe ene.—Yoh. 17:25, 26.
12. Nu ka mee Yehowa ƒe ŋusẽ dze le?
12 Ŋusẽ. “Mawu, Ŋusẽkatãtɔ” la ɖeka ko sie ŋusẽ le be wòana agbe. (Nyaɖ. 11:17; Ps. 36:10) Ne wodzi ame teti la, woate ŋu atsɔ eƒe agbenɔnɔ ƒe gɔmedzedze asɔ kple pepa si dzi womeŋlɔ naneke ɖo o. Kaka eƒe kuɣi naɖo la, kpɔɖeŋupepa ma si dzi womeŋlɔ naneke ɖo o la dzi va yɔna fũu kple nyametsotso, nuwɔna, kple agbemenuteƒekpɔkpɔ siwo wɔnɛ be nɔnɔme kple amenyenye tɔxɛ aɖe va sua esi. Yehowa ate ŋu aɖo ŋku nyatakaka mawo katã dzi. Ne ɣeyiɣia de la, Yehowa ate ŋu agbɔ agbe amea, eye eƒe amenyenye bliboa katã agasu esi. (Yoh. 5:28, 29) Eya ta togbɔ be ku mekpe ɖe Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na amegbetɔwo ŋu o hã la, ena mɔnukpɔkpɔ Yehowa wòɖee fia be ŋusẽ le ye si be yeagbɔ agbe kukuawo gɔ̃ hã. Yehowae nye “Mawu ŋusẽkatãtɔ” la vavã.
13. Aleke Yesu ƒe vɔsa la ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye deblibo la fiae?
13 Dzɔdzɔenyenye. Yehowa mekaa aʋatso o; eye mewɔa nu madzɔmadzɔ hã o. (5 Mose 32:4; Tito 1:2) Eléa nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu kɔkɔtɔ kekeake me ɖe asi, nenye be esia wɔwɔ abia be wòatsɔ nu geɖe asa vɔe gɔ̃ hã. (Rom. 8:32) Aleke gbegbe wòanya te ɖe Yehowa dzii enye esi esi wòkpɔ Via lɔlɔ̃a, Yesu, wònɔ kukum le fuwɔametia ŋuti abe busunyagblɔla mawɔnuteƒe aɖee wònye ene! Ke hã, esi Yehowa lɔ̃ amegbetɔ madeblibowo ta la, eɖe mɔ nudzɔdzɔ sia si te ɖe edzi ŋutɔ la dzɔ bene yealé yeƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu deblibo la me ɖe asi. (Mixlẽ Romatɔwo 5:18-21.) Xexe si yɔ fũu kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo la na mɔnukpɔkpɔ Yehowa wòɖee fia be yeƒe dzɔdzɔenyenye ƒo ɖe sia ɖe ta.
14, 15. Nu siwo me Yehowa ƒe nunya kple dzigbɔɖi si ɖeke mesɔ kplii o la dze le la dometɔ aɖewo ɖe?
14 Nunya. Esi Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ megbe teti ko la, Yehowa ɖe mɔ si dzi wòato aɖɔ woƒe aglãdzedzea me tsonuwo katã ɖo la fia. (1 Mose 3:15) Ale si Yehowa wɔ nu kpatae, kple ale si wòɖe eƒe tameɖoɖo fia esubɔlawo vivivii la, na eƒe nunya deto la dze ƒãa. (Rom. 11:33) Naneke mate ŋu axe mɔ na ale si Mawu te ŋu kpɔa kuxiwo gbɔ dzidzedzetɔe la o. Ale si agbe gbegblẽ nɔnɔ, aʋawɔwɔ, bometsinuwɔwɔ, amemabumabu, nublanuimakpɔmakpɔ, ameŋkumekpɔkpɔ, kple alakpanuwɔwɔ xɔ aƒe ɖe xexe sia mee la, na mɔnukpɔkpɔa su Yehowa si wòɖe nu si nunya vavãtɔ nye la fia eƒe nuwɔwɔwo. Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Le nunya si tso dziƒo gome la, gbã la, ele dzadzɛ, azɔ hã, ewɔa ŋutifafa, esea nu gɔme, elɔ̃na faa ɖoa to, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũu, medea vovototo amewo me le ameŋkumekpɔkpɔ ta o, alakpanuwɔwɔ mele eme o.”—Yak. 3:17.
15 Dzigbɔɖi Kple Dzigbɔgbɔ Blewu. Ne ɖe amegbetɔ ƒe blibomademade, nu vɔ̃, kple vodadawo medo mo ɖa o la, anye ne Yehowa ƒe dzigbɔɖi kple dzigbɔgbɔ blewu maɖe dzesi alea gbegbe o. Ale si Yehowa lɔ̃ faa ɖe nɔnɔme siawo fia ƒe akpe geɖewoe nye esia la, ɖee fia be eɖe nɔnɔme nyui siawo siwo le esi la fia le mɔ deŋgɔtɔ kekeake nu, eye ele be míada akpe ɖe esia ta geɖe ŋutɔ. Apostolo Petro gblɔe wòsɔ nyuie be ele be ‘míabu mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔɖi la be enye xɔxɔ.’—2 Pet. 3:9, 15.
16. Nu ka tae ale si Yehowa tsɔna kena faa la, nye susu si ta wòle be míakpɔ dzidzɔ geɖe ɖo?
16 Etsɔna Kena Faa. Nuvɔ̃mewoe mí katã míenye si wɔnɛ be míedaa vo zi geɖe. (Yak. 3:2; 1 Yoh. 1:8, 9) Eya ta aleke gbegbe wòle be míada akpee nye esi be Yehowa ‘tsɔa nu vɔ̃ kena geɖe’! (Yes. 55:7) Bu nyateƒenya sia hã ŋu kpɔ: Esi wònye be wodzi mí míenye nu vɔ̃ wɔla madeblibowo ta la, míekpɔa dzidzɔ geɖe ŋutɔ nenye be Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí. (Ps. 51:5, 9, 17) Ne Yehowa ɖe eƒe nɔnɔme lédziname sia fia míawo ŋutɔwo la, lɔlɔ̃ si le mía si na eyama la me gasẽna ɖe edzi, eye wòdea dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua le nuwɔwɔ ɖe ame bubuwo ŋu me.—Mixlẽ Kolosetɔwo 3:13.
Nu Si Tae Xexea Dze Dɔ
17, 18. Mɔ kawo nue Satana ƒe dziɖuɖu do kpo nu le?
17 Satana ƒe nuɖoanyi bliboa—si nye nu si do tso mɔ si nu wòɖua dzi le la me—do kpo nu enuenu zi geɖe ƒe alafa geɖewoe nye esia. Le ƒe 1991 me la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The European gblɔ be: “Ðe xexe sia dze dɔa? Ɛ̃, edze dɔ, gake . . . menye Mawu gbɔe wòtso o—xexe sia ƒe dɔlélea tso emenɔlawo ŋutɔ gbɔ.” Nya mawo le eme vavã! Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi na mía dzila gbãtɔawo gbe Yehowa ƒe dziɖuɖu hetia amegbetɔ ƒe dziɖuɖu. Woto esia dzi ɖo dziɖuɖu mɔnu aɖe si ava do kpo nu godoo la anyi. Vevesese kple nɔnɔme wɔnublanui siwo me tom amegbetɔwo le le xexea me godoo la ɖee fia be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu dze dɔ vevie nyateƒe.
18 Satana ƒe dziɖuɖu doa ɖokuitɔdidi ɖe ŋgɔ. Gake ɖokuitɔdidi mate ŋu aɖu lɔlɔ̃, si nye nu si fiaa mɔ ale si Yehowa ɖua dzii la, dzi gbeɖe o. Satana ƒe dziɖuɖu mete ŋu he nudzedziname, dzidzɔkpɔkpɔ, alo dedienɔnɔ vɛ o. Eya ta edze ƒãa be ale si Yehowa ɖua dzii lae nye nyuitɔ kekeake! Ðe nyateƒenya sia ƒe kpeɖodzi aɖewo li egbea? Ɛ̃, woli abe ale si míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo mee ene.
Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Dziɖulanyenye Ŋu Le Mawunyakpukpui Siwo Gbɔna Me . . .
[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]
Satana ƒe dziɖuɖu meɖe vi na ameƒomea ɣeaɖekeɣi kpɔ o
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
U.S. Army photo
WHO photo by P. Almasy
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Ŋusẽ le Yehowa si be wòagbɔ agbe kukuawo gɔ̃ hã
[Nɔnɔmetata si le axa 27]
Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye dze ƒãa le ale si wòtsɔ Via sa vɔe me