Ale Si Yehowa Ðua Dzii Lae Nye Nyuitɔ Kekeake!
“Dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ [ɖe] amegbetɔwo ƒe ƒiaɖuƒewo dzi.”—DAN. 4:14.
1, 2. Nu siwo na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo do kpo nu la dometɔ aɖewo ɖe?
AMEGBETƆWO ƒe dziɖuɖu do kpo nu! Ðikeke aɖeke mele nya sia ŋu o. Nu si ta koŋ wòdo kpo nue nye be nunya si woatsɔ aɖu dzi dzidzedzetɔe la mele amegbetɔwo si o. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ƒe kpododo nu dze ƒãa, vevietɔ egbea si dziɖula geɖewo ɖee fia be yewonye ‘ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, ɖokuidoɖedzilawo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃na ɖe nya aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, kple ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo.’—2 Tim. 3:2-4.
2 Gbe aɖe gbe ʋĩi ke la, mía dzila gbãtɔwo gbe Mawu ƒe dziɖuɖu. Esi wonɔ afɔ sia ɖem la, woanya bui be ana yewoanɔ yewo ɖokui si. Gake le nyateƒe me la, ɖe esia na wova nɔ Satana ƒe dziɖuɖu te boŋ. Ƒe 6,000 siwo amegbetɔwo tsɔ ɖu dzi ɖe mɔ gbegblẽ nu—le Satana, “xexe sia dzi ɖula la,” ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te—lae na míeva le nɔnɔme wɔnublanui sia me le ameƒomea ƒe ŋutinya me. (Yoh. 12:31) Esi ŋutinyagbalẽ aɖe nɔ nu ƒom tso nɔnɔme si me ameƒomea va le egbea ŋu la, egblɔ be “mɔkpɔkpɔ na xexe deblibo” nye tofloko. (The Oxford History of the Twentieth Century) Agbalẽa gblɔ be: “Menye ɖekoe míete ŋu le keke ge ɖe xexe sia tɔgbi ŋu o, ke agbagbadzedze be woaɖoe anyi la he afɔkuwo, ŋutasẽdziɖuɖuwo, kple aʋa dziŋɔwo hã vae.” Esia nye lɔlɔ̃ ɖe edzi be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu do kpo nu vavã!
3. Nya kae míate ŋu agblɔ tso ale si Mawu aɖu mía dzii ne ɖe Adam kple Xawa mewɔ nu vɔ̃ o la ŋu?
3 Aleke gbegbee wòwɔ nublanui ye nye esi be mía dzila gbãtɔwo gbe dziɖuɖu nyuitɔ kekeake—si nye Mawu ƒe dziɖuɖu! Ele eme be míenya ɖoɖo si tututu nu Yehowa aɖu mía dzi le nenye ɖe Adam kple Xawa wɔ nuteƒe nɛ ya o. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be anye ne lɔlɔ̃ kple ameŋkumemakpɔmakpɔ axɔ aƒe ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu si dzi ameƒomea katã da asi ɖo la me hafi. (Dɔw. 10:34; 1 Yoh. 4:8) Esi Mawu ƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta ta la, míate ŋu aka ɖe edzi hã be ne ɖe amegbetɔwo kpɔtɔ nɔ Yehowa ƒe dziɖuɖu te la, anye ne woƒo asa na vodada siwo katã amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu wɔ la hafi. Anye ne Mawu ƒe dziɖuɖu, alo teokrasi, atsɔ ‘nu gbagbewo katã ƒe nudidiwo aɖi ƒo na woe’ hafi. (Ps. 145:16) Kpuie ko la, anye ne dziɖuɖu deblibo aɖee wòanye hafi. (5 Mose 32:4) Aleke gbegbee wòwɔ nublanui ye nye esi be amegbetɔwo gbe dziɖuɖu sia!
4. Seɖoƒe kae woɖo na Satana ƒe dziɖuɖu?
4 Ke hã, enyo be wòanɔ susu me na mí be togbɔ be Yehowa ɖe mɔ amegbetɔwo le wo ɖokuiwo dzi ɖum hã la, meɖe asi le gome si le esi be wòaɖu eƒe nuwɔwɔwo dzi la ŋu kpɔ o. Woƒoe ɖe Babilontɔwo ƒe fia sẽŋutɔ kekeake la gɔ̃ hã nu wòva de dzesii mlɔeba be, “dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ [ɖe] amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi.” (Dan. 4:14) Mlɔeba la, Mawu Fiaɖuƒea akpɔ egbɔ be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme godoo. (Mat. 6:10) Nyateƒee, Yehowa ɖe mɔ be Satana nanye “nuɖoanyi sia ƒe mawu” hena ɣeyiɣi kpui aɖe kple susu be woakpɔ ŋuɖoɖo adodoe aɖe na nya siwo tsitretsiɖeŋula sia fɔ ɖe te la. (2 Kor. 4:4; 1 Yoh. 5:19) Ke hã, Satana mete ŋu wɔ nu wògbɔ seɖoƒe si Yehowa ɖo nɛ la ŋu kpɔ gbeɖe o. (2 Kron. 20:6; tsɔe sɔ kple Hiob 1:11, 12; 2:3-6.) Eye le ŋutinya katã me la, ame aɖewo nɔ anyi siwo tiae be yewoabɔbɔ yewo ɖokui ɖe Mawu te, togbɔ be xexe si dzi ɖum Mawu ƒe Futɔ gãtɔ le la mee wole hã.
Ale Si Mawu Ðu Israel Dzii
5. Adzɔgbe kae Israel viwo ɖe na Mawu?
5 Tso Abel ŋɔli va ɖo blemafofowo ŋɔli la, nuteƒewɔla geɖewo subɔ Yehowa hewɔ ɖe eƒe sewo dzi. (Heb. 11:4-22) Le Mose ƒe ŋkekeawo me la, Yehowa bla nu kple blemafofo Yakob ƒe dzidzimeviwo, si wɔe be wova zu Israel dukɔ la. Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, Israel viwo kple woƒe dzidzimeviwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa helɔ̃ ɖe edzi be wòanye yewoƒe Dziɖula, esime wogblɔ be: “Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe.”—2 Mose 19:8.
6, 7. Alekee nuwo nɔ esi Mawu nɔ Israel viwo dzi ɖum?
6 Tameɖoɖo aɖe tae Yehowa tia Israel viwo be woanye yeƒe dukɔ ɖo. (Mixlẽ 5 Mose 7:7, 8.) Menye Israel viwo ƒe dedienɔnɔ kple nyonyo ta koe wòtia wo ɖo o. Ke elɔ Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe dziɖulanyenye hã ɖe eme, eye nu mawoe nɔ vevie wu. Enɔ na Israel viwo be woaɖi ɖase tso nyateƒe si wònye be Yehowa ye nye Mawu vavã ɖeka kolia la ŋu. (Yes. 43:10; 44:6-8) Eya ta Yehowa gblɔ na dukɔ ma be: “Dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la, eye Yehowa tia wò tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi, ne nanye eya ŋutɔ ƒe dukɔ.”—5 Mose 14:2.
7 Mawu wɔ nu ɖe Israel viwo ŋu abe ame madeblibowo ene le wo dzi ɖuɖu me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, eƒe sewo de blibo, eye woɖe seawo Nala ƒe amenyenyewo fia. Yehowa ƒe sedede siwo wòna to Mose dzi la na Mawu ƒe kɔkɔenyenye, ale si wòlɔ̃ dzɔdzɔenyenyee, ale si wòlɔ̃na faa tsɔna kena, kple eƒe dzigbɔɖi dze ƒãa. Emegbe le Yosua kple eŋɔlimetɔwo ƒe ŋkekewo me la, dukɔa wɔ ɖe Yehowa ƒe sededewo dzi, eye esia na wonɔ ŋutifafa me hese vivi na gbɔgbɔmeyayrawo. (Yos. 24:21, 22, 31) Ale si nuwo nɔ le Israel viwo ƒe ŋutinya me ɣemaɣi la ɖe ale si Yehowa ƒe dziɖuɖu kpɔa dzidzedzee la fia.
Amegbetɔwo Ƒe Dziɖuɖuwo Hea Kuxiwo Vanɛ
8, 9. Nu si me nunya mele o kae Israel viwo bia, eye nu kae do tso eme?
8 Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Israel viwo gbe nu le Yehowa ƒe dziɖuɖu gbɔ enuenu, eye esia na eƒe ametakpɔkpɔ megava nɔ wo dzi o. Mlɔeba la, Israel viwo to nyagblɔɖila Samuel dzi bia be woana fia si nye amegbetɔ naɖu yewo dzi. Yehowa gblɔ na Samuel be wòawɔ nu si dim wole la na wo. Gake Yehowa gblɔ kpee be: “Menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.” (1 Sam. 8:7) Togbɔ be Yehowa ɖe mɔ na Israel viwo be woaɖo fia si nye amegbetɔ hã la, exlɔ̃ nu wo be amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ahe kuxiwo avae.—Mixlẽ 1 Samuel 8:9-18.
9 Nu siwo dzɔ le Israel viwo ƒe ŋutinya me la, ɖo kpe Yehowa ƒe nuxlɔ̃amea ƒe nyateƒenyenye dzi. Amegbetɔwo ƒe fiaɖuɖu ɖe Israel dzi he kuxi geɖewo vae, vevietɔ ne fia aɖe mewɔ nuteƒe o. Esi Israel viwo ƒe ŋutinyaa le susu me na mí ta la, mewɔ nuku o be, le ŋutinya katã me la, dziɖuɖu siwo nɔ amegbetɔ siwo menya Yehowa o si me la mete ŋu he viɖe gbati aɖeke vae na wo teviwo o. Enye nyateƒe be dunyahedziɖula aɖewo biaa Mawu ƒe yayra ɖe woƒe agbagbadzedze be yewoahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ avae dzi ya, gake alekee Mawu ate ŋu ayra ame siwo mebɔbɔa wo ɖokui ɖe eƒe dziɖulanyenye te o la?—Ps. 2:10-12.
Mawu Ƒe Dziɖuɖu Ðe Dukɔ Yeye Aɖe Dzi
10. Nu ka tae dukɔ bubu va xɔ ɖe Israel teƒe heva zu Mawu ƒe dukɔ tiatia?
10 Israel dukɔa gbe nuteƒewɔwɔ na Yehowa. Mlɔeba la, wova gbe nu le Mesia si Mawu tia la gbɔ, eye Yehowa hã gbe wo heɖoe be yeatsɔ amewo ƒe ƒuƒoƒo si anye dukɔ yeye nɛ la aɖɔ li woe. Eya ta le ƒe 33 M.Ŋ. me la, woɖo Yehowa subɔla Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame la. Hame sia va zu dukɔ yeye si va le Yehowa ƒe kpɔkplɔ te. Paulo yɔ dukɔ ma be “Mawu ƒe Israel.”—Gal. 6:16.
11, 12. Nu kawoe ɖi wo nɔewo le ŋgɔxɔxɔ ƒe ɖoɖo si nɔ anyi le blema Israel kple “Mawu ƒe Israel la” ŋu?
11 Nu siwo to vovo kple esiwo ɖi wo nɔewo la siaa nɔ blema Israel dukɔa kple “Mawu ƒe Israel” si nye dukɔ yeye la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, fia si nye amegbetɔ mele Kristo hamea si o, eye mehiã hã be woatsɔ lãwo anɔ vɔ sam ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta abe ale si wònɔ le blema Israel ene o. Nu siwo ɖi wo nɔewo le blema Israel dukɔa kple Kristo hamea ŋu la dometɔ ɖekae nye ɖoɖo si li be ame tsitsiwo alo hamemetsitsiwo nanɔ anyi. (2 Mose 19:3-8) Kristotɔ hamemetsitsi siawo meɖua aƒetɔ ɖe hamea dzi o. Ke boŋ, wokplɔa hamea helɔ̃na faa xɔa ŋgɔ le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me. Wowɔa nu ɖe ame sia ame ŋu lɔlɔ̃tɔe le hamea me hedea bubu ame sia ame ŋu.—2 Kor. 1:24; 1 Pet. 5:2, 3.
12 Ne “Mawu ƒe Israel la” kple woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo’ de ŋugble le ale si Mawu wɔ nu ɖe blema Israel dukɔa ŋui ŋu la, woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa kple ale si wòɖua dzii ŋu la dea to ɖe edzi. (Yoh. 10:16) Le kpɔɖeŋu me, ŋutinyamenudzɔdzɔwo ɖo kpe edzi be, fia siwo ɖu blema Israel dzi la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe wo teviwo dzi, eye emetsonua te ŋu nyena nyui alo vɔ̃. Nyateƒenya sia nana ame siwo xɔa ŋgɔ le Kristotɔwo dome la kpɔnɛ dzea sii kɔtɛ be, togbɔ be yewomeɖua dzi abe blemafiawo ene o hã la, ele na yewo be yewoanye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo le xɔse me ɣesiaɣi.—Heb. 13:7.
Ale Si Yehowa Ðua Dzii Egbea
13. Nu ɖedzesi kae dzɔ le ƒe 1914 me?
13 Kristotɔ siwo li egbea la le gbeƒã ɖem na xexea be amegbetɔ ƒe dziɖuɖu nu ava yi kpuie. Le ƒe 1914 me la, Yehowa ɖo eƒe Fiaɖuƒe anyi ɖe dziƒo le Fia si wòtia, si nye Yesu Kristo, ƒe kpɔkplɔ te. Ɣemaɣi la, ena ŋusẽ Yesu be wòayi ‘aɖanɔ aʋa dzi ɖum, bene wòawu eƒe aʋadziɖuɖu la nu.’ (Nyaɖ. 6:2) Wogblɔ na Fia sia si woɖo yeyee la be: “Ðu fia le wò futɔwo titina!” (Ps. 110:2) Nublanuitɔe la, dukɔwo gbe gbidii be yewomabɔbɔ ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu te o. Woyi edzi le nu wɔm abe ɖe “[Yehowa] aɖeke meli o” ene.—Ps. 14:1.
14, 15. (a) Alekee Mawu Fiaɖuƒea le mía dzi ɖum egbeae, eye nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo? (b) Alekee wòdze ƒãae egbea gɔ̃ hã be Mawu ƒe dziɖuɖue nye nyuitɔ kekeake?
14 “Mawu ƒe Israel la” me tɔ amesiamina ʋɛ aɖewo gakpɔtɔ li, eye ame siawo siwo nye Yesu nɔviwo la le dɔ dzi abe “ame dɔdɔwo le Kristo teƒe” ene. (2 Kor. 5:20) Woɖo wo kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha, be woanɔ be lém na amesiaminawo kple Kristotɔwo ƒe ha gã si le dzidzim ɖe edzi, siwo ƒe xexlẽme de ame miliɔn geɖe fifia, siwo si agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la, ahanɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu hã nam wo. (Mat. 24:45-47; Nyaɖ. 7:9-15) Gbɔgbɔmenudzedziname si me mawusubɔla vavãwo le vivi sem le egbea la nye kpeɖodzi be Yehowa ƒe yayra le ɖoɖo sia dzi.
15 Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe mekpɔ akpa si wòle be mawɔ le Kristo hamea me la dze sii bliboea? Ðe mele Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi dem ale si dzea? Ðe wònye dada nam be menye Yehowa ƒe Fiaɖuƒe si le dzi ɖum la tevia? Ðe meɖoe kplikpaa be mayi edzi anɔ ɖase ɖim le Mawu Fiaɖuƒea ŋu na ame bubuwo ale si mate ŋuia?’ Abe ƒuƒoƒo ene la, míelɔ̃na faa wɔna ɖe mɔfiame siwo Dziɖuha la nana la dzi hewɔa nu aduadu kple hamemetsitsi siwo woɖo le hameawo me. Míetoa mɔ siawo dzi ɖenɛ fiana be míelɔ̃ ɖe ale si Mawu ɖua dzii la dzi. (Mixlẽ Hebritɔwo 13:17.) Ale si míelɔ̃na faa bɔbɔa mía ɖokui la na míewɔ ɖeka le xexea me godoo wòɖe dzesi le xexe sia si ma keŋ la me. Ewɔe hã be míele ŋutifafa me hewɔa nu dzɔdzɔe wòhea ŋutikɔkɔe vanɛ na Yehowa, eye míetoa esia dzi ɖenɛ fiana be ale si Yehowa ɖua dzii lae nye nyuitɔ kekeake.
Yehowa Ƒe Dziɖuɖu Ƒo Ðe Sia Ðe Ta
16. Nyametsotso kae dze ŋgɔ ame sia ame egbea?
16 Ɣeyiɣi si me woakpɔ nya siwo fɔ ɖe te le Eden bɔa me gbɔ keŋkeŋ la le aƒe tum kabakaba. Eya ta fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be ame sia ame natso nya me. Ele be ame sia ame natiae nenye be yeade Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi loo alo be yeaku ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ŋu. Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míakpe ɖe ame fafawo ŋu woawɔ nyametsotso nyuitɔ. Eteƒe madidi o, Harmagedon ava, eye Yehowa ƒe dziɖuɖu ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu, si dzi Satana kpɔ ŋusẽ ɖo la, teƒe tegbee. (Dan. 2:44; Nyaɖ. 16:16) Amegbetɔ ƒe dziɖuɖu nu ayi, eye Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖu fia ɖe anyigba bliboa dzi. Ava dze kɔtɛ be ale si Yehowa ɖua dzii lae nye nyuitɔ kekeake vavã.—Mixlẽ Nyaɖeɖefia 21:3-5.
17. Nyateƒenya kawoe kpena ɖe ame fafawo ŋu wowɔa nyametsotso nyuitɔ ku ɖe dziɖulanyenye ƒe nya la ŋu?
17 Ele be ame siwo mekpɔ tso nya me keŋkeŋ be yewoanɔ Yehowa ƒe akpa dzi haɖe o la, nabu viɖe siwo Mawu ƒe dziɖuɖu ahe avae na ameƒomea la ŋu gbedodoɖatɔe. Amegbetɔ ƒe dziɖuɖu mete ŋu ɖe nu vlo wɔwɔ, si me amedzidzedze ŋɔdzitɔe hã le, ɖa o. Mawu ƒe dziɖuɖua aɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖa le anyigba dzi. (Ps. 37:1, 2, 9) Amegbetɔ ƒe dziɖuɖu na aʋawɔwɔ xɔ aƒe ɖi, gake Mawu ƒe dziɖuɖua ‘atsi aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.’ (Ps. 46:10) Mawu ƒe dziɖuɖu ana ŋutifafa nanɔ amegbetɔwo kple lãwo gɔ̃ hã dome! (Yes. 11:6-9) Hiãkame kple dɔwuame xɔ anyinɔ le amegbetɔ ƒe dziɖuɖu te, gake Mawu ƒe dziɖuɖua ya aɖe wo ɖa keŋkeŋ. (Yes. 65:21) Amegbetɔ dziɖula siwo si susu nyui le la kura gɔ̃ hã mete ŋu ɖe dɔléle kple ku ɖa o, gake le Mawu ƒe dziɖuɖu te la, dzi adzɔ amegãɖeɖiwo kple dɔnɔwo siaa ɖe ale si dzo agaɖo woƒe lãme abe ɖekakpuiwo ene la ta. (Hiob 33:25; Yes. 35:5, 6) Le nyateƒe me la, anyigba bliboa atrɔ azu paradiso si me woafɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre le.—Luka 23:43; Dɔw. 24:15.
18. Alekee míate ŋu aɖee afia be míeka ɖe edzi be ale si Mawu ɖua dzii lae nye nyuitɔ kekeake?
18 Ɛ̃, Mawu ƒe dziɖuɖua ava ɖɔ nu siwo katã Satana gblẽ esime wòble mía dzila gbãtɔawo wogbe nu le wo Wɔlaa gbɔ la ɖo. Azɔ bu eŋu kpɔ, Satana le nu gblẽm ƒe 6,000 aɖewoe nye esia, gake Mawu ato Kristo dzi aɖɔ nu siwo wògblẽ la katã ɖo le ƒe 1,000 ko me! Ðe esia menye kpeɖodzi gã aɖe ŋutɔ be ale si Mawu ɖua dzii la ƒo ɖe sia ɖe ta oa? Esi míenye Mawu ƒe Ðasefowo ta la, míelɔ̃ ɖe edzi be eyae nye míaƒe Dziɖula. Eya ta mina míaɖee afia gbe sia gbe, le gaƒoƒo ɖe sia ɖe me, be míenye Yehowa subɔlawo kple Fiaɖuƒea teviwo, eye be enye dada na mí be míenye eƒe Ðasefowo. Eye mina míazã mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe atsɔ ana ame siwo aɖo to mí la nanya be ale si Yehowa ɖua dzii lae nye nyuitɔ kekeake.
Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Mawu Ƒe Dziɖulanyenye Ŋu Le Mawunyakpukpui Siwo Gbɔna Me . . .
[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]
Yehowa meɖe asi le eƒe dziɖulanyenye ŋu ɣeaɖekeɣi kpɔ o
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Ale si míelɔ̃na faa bɔbɔa mía ɖokui ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye te la na míewɔ ɖeka le xexea me godoo