Na Wò Gbe Sia Gbe Gbenɔnɔ Nahe Ŋutikɔkɔe Avae Na Mawu
HAKPALA David do gbe ɖa na Yehowa be: “Na mase wò amenuveve le ŋdi, . . . ɖe mɔ, si mato la fiam.” (Ps. 143:8) Ne èfɔ ŋdi heda akpe na Yehowa ɖe ŋu nyui si gake ɖe wò ta la, ɖe nèɖea kuku na Yehowa be wòafia mɔ wò le afɔɖeɖe kple nyametsotso nyuitɔwo kekeake wɔwɔ me abe ale si David wɔe enea? Ðikeke mele eme o be èwɔnɛ.
Esi míenye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo ta la, ‘míele nu ɖum alo le nu nom, alo ɖale nu bubu aɖe wɔm o,’ míedzea agbagba be ‘míawɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.’ (1 Kor. 10:31) Míenya be ale si míenɔa agbee la ate ŋu ade bubu Yehowa ŋu loo alo ahe vlodoame ava edzi. Míeɖoa ŋku edzi hã be Mawu ƒe Nya la gblɔ be Satana nɔa Kristo nɔviwo—le nyateƒe me la, Mawu subɔla siwo katã le anyigba dzi la—nu tsom “zã kple keli.” (Nyaɖ. 12:10) Eya ta míeɖoe kplikpaa be míaɖee afia be Satana ƒe nutsotsowo nye aʋatso, eye be míana dzi nadzɔ Yehowa, to subɔsubɔ kɔkɔe tsɔtsɔ na eyama si nye mía Fofo si le dziƒo la “zã kple keli” me.—Nyaɖ. 7:15; Lod. 27:11.
Na míadzro mɔ vevi eve siwo dzi míate ŋu ato ana míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ nahe ŋutikɔkɔe avae na Mawu la me kpuie. Gbãtɔ ku ɖe nu siwo le vevie wu la tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ ŋu, eye evelia ku ɖe ale si míaɖe ameŋububu afia amewo ŋu.
Ale Si Míanɔ Agbe Ðe Míaƒe Adzɔgbeɖeɖea Nui
Esi míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa la, míeɖee fia be míedi be míasubɔe tso dzi blibo me. Míedo ŋugbe hã na Yehowa be míazɔ le eƒe mɔwo dzi ‘gbe sia gbe’—ɛ̃, yi ɖe mavɔmavɔ me. (Ps. 61:6, 9) Ekema alekee míanɔ agbe ɖe ŋugbedodo ma nu? Alekee míate ŋu aɖee afia le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me be míelɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me?
Mawu ƒe Nya la gblɔ nu siwo Yehowa di tso mía si la eme kɔ ƒãa. (5 Mose 10:12, 13) Woƒo nu tso wo dometɔ aɖewo ŋu le aɖaka si ƒe tanyae nye “Agba Siwo Le Mía Dzi Le Mawu Ŋkume,” si le axa 22, la me. Agbanɔamedzi siawo katã tso Mawu gbɔ, eya ta wole vevie. Alekee míawɔ anya esi wòle be míatsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ ne eva hiã be míakpɔ wo dometɔ eve alo wu nenema gbɔ le ɣeyiɣi ɖeka me?
Míetsɔa nu siwo do ƒome kple míaƒe subɔsubɔ kɔkɔe, siwo dome Biblia sɔsrɔ̃, gbedodoɖa, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, kple gbeadzisubɔsubɔdɔa le, la ɖoa nɔƒe gbãtɔ. (Mat. 6:33; Yoh. 4:34; 1 Pet. 2:9) Gake manya wɔ be, gbɔgbɔmedɔ siawo ɖeɖe naxɔ míaƒe ŋkeke bliboa o. Ele be míakpɔ dɔwɔɖui, suku, kple aƒemedɔ vovovowo hã gbɔ le ŋkekea me. Ke hã, míewɔa nu sia nu si míate ŋui hewɔa ɖoɖo ɖe míaƒe dɔwɔɖui ŋu be magado kplamatsɛ míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe wɔnawo, abe Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede ene o. Le kpɔɖeŋu me, ne míele ɖoɖo wɔm ɖe mɔkekeyiyi ŋu la, míekpɔa egbɔ be nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔ kpakple takpekpe suewo kple gãwo dometɔ aɖeke nagato mía ŋu o. Ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu akpɔ míaƒe agbanɔamedzi vovovowo gbɔ le ɣeyiɣi ɖeka me. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu atsɔ Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo ade dɔ siwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu míaƒe ƒomea wɔ ɖoɖo ɖo la me, alo azã suku, alo dɔ me ƒe ŋdɔmeɖiɖiɖemeɣiwo atsɔ aɖi ɖase na sukuhatiwo alo dɔwɔhatiwo. Le nyateƒe me la, ɣesiaɣi si wòhiã be míawɔ nyametsotso aɖe le agbe me, eɖanye ku ɖe dɔwɔɖui, suku, alo ame si míadze xɔlɔ̃e tiatia ŋu o, ele be míana nu si le vevie na mí wu le agbe me—si nye míaƒe tadedeagu na Yehowa, mía Fofo lɔ̃ame la—nakpɔ ŋusẽ ɖe nyametsotsoawo dzi.—Nyagb. 12:13.
Ðe Ameŋububu Fia Amewo
Yehowa di be míatsɔ ɖe le eme na amewo ahawɔ nyui na wo. Gake Satana ya doa ɖokuitɔdidi ɖe ŋgɔ. Eƒe xexea yɔ fũu kple “ɖokuilɔ̃lawo,” “ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ,” kple ame siwo ‘ƒãa nu hena woƒe ŋutilã.’ (2 Tim. 3:1-5; Gal. 6:8) Ame geɖe mebua nu siwo woƒe nuwɔnawo agblẽ le ame bubuwo ŋu la ŋu o. “Ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” xɔ aƒe ɖe afi sia afi.—Gal. 5:19-21.
Gake aleke gbegbe ame siwo dzi Yehowa ƒe gbɔgbɔa wɔa dɔ ɖo, si wɔnɛ be woɖea lɔlɔ̃, dɔmenyo, kple nyuiwɔwɔ fiaa amewo la ya ƒe nɔnɔme to vovo kurae nye esi! (Gal. 5:22) Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí be míatsɔ ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ aɖo ŋgɔ na mía tɔwo. Eya ta míewɔa nu siwo aɖee afia be míetsɔ ɖe le eme na mía nɔewo, gake míeɖɔa ŋu ɖo be míade nu nya siwo metsɔ mía gbɔ o la me o. (1 Kor. 10:24, 33; Flp. 2:3, 4; 1 Pet. 4:15) Haxɔsetɔwo koŋ ye míeɖea ameŋububu fiana. Ke hã, míedzea agbagba be míana kpekpeɖeŋu dzimaxɔsetɔwo hã. (Gal. 6:10) Ðe nàte ŋu adi mɔnukpɔkpɔ aɖe egbea atsɔ anyo dɔme na ame aɖe si nàdo goea?—Kpɔ aɖaka si nye “Ðe Ameŋububu Fia Wo,” si le axa 23.
Menye ɣeyiɣi alo nɔnɔme tɔxɛ aɖe me koe wòle be míaɖe ameŋububu afia le o. (Gal. 6:2; Ef. 5:2; 1 Tes. 4:9, 10) Ke boŋ gbe sia gbe la, míedzea agbagba be nɔnɔme si me amewo le la nanɔ nyanya na mí bene míaɖe afɔ kaba ana kpekpeɖeŋu wo, ne esia wɔwɔ made mía dzi le mɔ aɖe nu o gɔ̃ hã. Míedina be míatsɔ nu siwo le mía si la akpe ɖe amewo ŋu faa—eɖanye míaƒe ɣeyiɣi, nunɔamesi, nuteƒekpɔkpɔ, alo nunya o. Yehowa na kakaɖedzi mí be, ne míenyoa dɔme na amewo faa la, ye hã yeanyo dɔme na míawo hã.—Lod. 11:25; Luka 6:38.
Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe Wɔwɔ “Zã Kple Keli”
Ðe wòanya wɔ be míatsɔ subɔsubɔ kɔkɔe anɔ Yehowa nam “zã kple keli” vavã? Ɛ̃, míate ŋu awɔ esia to gomekpɔkpɔ le míaƒe tadedeagu ƒe akpa sia akpa me kutrikukutɔe ɣesiaɣi. (Dɔw. 20:31) Míate ŋu awɔ geɖe le subɔsubɔdɔ kɔkɔea me to Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple ŋugbledede tso eŋu gbe sia gbe, gbedodoɖa madzudzɔmadzudzɔe, kpekpeawo katã dede, kple mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe zazã atsɔ aɖi ɖase na amewo me.—Ps. 1:2; Luka 2:37; Dɔw. 4:20; 1 Tes. 3:10; 5:17.
Ðe míawo ŋutɔwo míele subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na Yehowa le mɔ vovovo siawo nua? Ne míewɔnɛ la, ale si míedi vevie be míadze Yehowa ŋu ahaɖee afia be Satana ƒe nutsotsoawo nye aʋatso la adze le míaƒe gbe sia gbe nuwɔnawo katã me. Míedzea agbagba be míatsɔ ŋutikɔkɔe ana Yehowa le nu sia nu si míewɔna me, kpakple le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Míeɖea mɔ eƒe gɔmeɖosewo fiaa mɔ mí le míaƒe nuƒoƒo, agbenɔnɔ, kple nyametsotsowo wɔwɔ me. Míeɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe ale si wòléa be na mí lɔlɔ̃tɔe hekpena ɖe mía ŋu la ŋu, to kaka ɖe eyama dzi bliboe kpakple míaƒe ŋutetewo katã zazã le eƒe subɔsubɔdɔa me me. Eye míelɔ̃na faa xɔa eƒe aɖaŋuɖoɖo kple tohehe nenye be míete ŋu ɖo eƒe dzidzenuwo gbɔ o le míaƒe blibomademade ta.—Ps. 32:5; 119:97; Lod. 3:25, 26; Kol. 3:17; Heb. 6:11, 12.
Mina míayi edzi ana míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ nahe ŋutikɔkɔe avae na Mawu. Ne míewɔnɛ alea la, míakpɔ gbɔdzɔe na míaƒe luʋɔwo eye mía Fofo si le dziƒo la ayi edzi anɔ be lém na mí lɔlɔ̃tɔe tegbee.—Mat. 11:29; Nyaɖ. 7:16, 17.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 22]
Agba Siwo Le Mía Dzi Le Mawu Ŋkume
• Gbedodoɖa edziedzi.—Rom. 12:12.
• Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃, kple ŋugbledede le ale si nàtsɔe ade dɔwɔna mee ŋu.—Ps. 1:2; 1 Tim. 4:15.
• Tadedeagu na Yehowa le hame ƒe kpekpewo me.—Ps. 35:18; Heb. 10:24, 25.
• Míaƒe ƒomea me tɔwo ƒe ŋutilã me, gbɔgbɔ me, kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ.—1 Tim. 5:8.
• Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia, kple amewo wɔwɔ woanye nusrɔ̃lawo.—Mat. 24:14; 28:19, 20.
• Míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo kpakple seselelãmenuhiahiãwo—si lɔ ɖoɖowɔwɔ ɖe modzakaɖeɖe ŋu hã ɖe eme—gbɔ kpɔkpɔ.—Mar. 6:31; 2 Kor. 7:1; 1 Tim. 4:8, 16.
• Hamea me agbanɔamedziwo gbɔ kpɔkpɔ.—Dɔw. 20:28; 1 Tim. 3:1.
• Beléle na míaƒe aƒewo kple Fiaɖuƒe Akpatawo.—1 Kor. 10:32.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]
Ðe Ameŋububu Fia Wo
• Nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu si tsi le ƒe me.—3 Mose 19:32.
• Ame aɖe si dze dɔ alo si dzi nu te ɖo.—Lod. 14:21.
• Hamea me tɔ aɖe si hiã na kpekpeɖeŋu vevie si ŋu nàte ŋu akpe ɖo.—Rom. 12:13.
• Wò ƒometɔ kplikplikpli aɖe.—1 Tim. 5:4, 8.
• Haxɔsetɔ aɖe si srɔ̃ ku.—1 Tim. 5:9.
• Hamemetsitsi aɖe si doa vevie nu le miaƒe hamea me.—1 Tes. 5:12, 13; 1 Tim. 5:17.