INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 5/15 axa 24-28
  • Nɔviŋutsuwo—Miƒã Nu Le Gbɔgbɔ Me, Miminya Agbanɔamedziwo!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔviŋutsuwo—Miƒã Nu Le Gbɔgbɔ Me, Miminya Agbanɔamedziwo!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Minya Dɔ Nyui Sia
  • Ðokuitsɔtsɔsavɔ Ƒe Gbɔgbɔ Le Vevie
  • Tu Amewo Subɔsubɔ Ƒe Didia Ðo
  • Akpa Si Ƒomea Wɔna
  • Àgate Ŋu Asubɔ Akea?
  • Gbugbɔ Dzro Ðokuiwò Me Kpɔ
  • Subɔsubɔdɔwɔlawo Kpɔa Dɔ Veviwo Gbɔ
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Mina Hehe Ŋutsuwo Woadze Axɔ Agbanɔamedziwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nɔviŋutsuwo​—Ðe Miele Subɔsubɔdɔwɔlawo Ƒe Dɔa Minyama?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Hamemegãwo Mina Hehe Ame Bubuwo be Woatsɔ Agba La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 5/15 axa 24-28

Nɔviŋutsuwo—Miƒã Nu Le Gbɔgbɔ Me, Miminya Agbanɔamedziwo!

“Ame si le nu ƒãm hena gbɔgbɔa la, aŋe agbe mavɔ.”—GAL. 6:8.

1, 2. Aleke Mateo 9:37, 38 le eme vamee, eye ame kawoe va le hiahiãm fifia le hameawo me?

ÈLE nudzɔdzɔ aɖe si dzi woaɖo ŋkui tegbee la teƒe kpɔm egbea! Dɔ aɖe si ŋu Yesu Kristo ƒo nu tsoe la le zɔ ɖem ale gbegbe. Yesu gblɔ be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo ya mesɔ gbɔ o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be, wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mat. 9:37, 38) Yehowa Mawu le gbedodoɖa sia ŋu ɖom le mɔ ɖedzesi aɖe nu fifia. Le ƒe 2009 subɔsubɔƒea me la, hame 2,031 va kpe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le xexea me godoo la ŋu, si na woƒe xexlẽme va ɖo 105,298. Eye le mama dedie nu la, ame 757 xɔa nyɔnyrɔ gbe sia gbe!

2 Dzidziɖedzi sia wɔe be nɔviŋutsu siwo dze axɔ ŋgɔ le nufiafia kple alẽkpɔkplɔdɔa me le hameawo me la va le hiahiãm geɖe wu. (Ef. 4:11) Le ƒe blanane siwo va yi me la, Yehowa na woɖo ŋutsu siwo dze la be woakpɔ eƒe alẽawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye míeka ɖe edzi be ayi edzi anɔ esia wɔm. Nyagblɔɖi si le Mixa 5:4 la ka ɖe edzi na mí be, le ŋkeke mamlɛawo me la, “lãkplɔvi adre kple amegã enyi” anɔ Yehowa ƒe amewo si. Esia fia be ŋutsu geɖe siwo dze la anɔ anyi axɔ ŋgɔ le wo dome.

3. Ðe nu si wòfia be ‘woaƒã nu hena gbɔgbɔ la’ me.

3 Ne nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔe nènye la, nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wòadzro wò be nàminya subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo? Nu vevi aɖe si akpe ɖe ŋuwòe nye be ‘nàƒã nu hena gbɔgbɔ la.’ (Gal. 6:8) Esia wɔwɔ bia be nànɔ agbe nɔm le mɔ si ana Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò la nu. Ðoe kplikpaa be ‘màgaƒã nu hena ŋutilã la o.’ Mègaɖe mɔ be nuwo abe vivisese yome titi, ɖiɖiɖeme, kple modzakaɖeɖe ene, nana didi si le mewò be nàwɔ geɖe le Mawu subɔsubɔdɔa me la dzi naɖe akpɔtɔ o. Ele be Kristotɔwo katã ‘naƒã nu hena gbɔgbɔ la,’ eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nɔviŋutsu siwo wɔa esia la adze axɔ agbanɔamedziwo le hamea me. Esi wònye be subɔsubɔdɔwɔla kple hamemetsitsi geɖewo hiã egbea ta la, wotrɔ asi le nyati sia ŋu na Kristotɔ ŋutsuwo koŋ. Eya ta nɔviŋutsuwo, míele dzi dem ƒo na mi be míado gbe ɖa vevie le nyati sia sɔsrɔ̃ me.

Minya Dɔ Nyui Sia

4, 5. (a) Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ kawoe wode dzi ƒo na nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo be woaminya le hamea me? (b) Alekee ame wɔna dzena na mɔnukpɔkpɔ siawo?

4 Ŋutsu Kristotɔ meva zua dzikpɔla agbagbamadzemadzee o. Ele nɛ be wòaminya “dɔ nyui” sia. (1 Tim. 3:1) Esia bia be wòanɔ haxɔsetɔwo subɔm to woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo tso dzi blibo me me. (Mixlẽ Yesaya 32:1, 2.) Nɔviŋutsu si tsɔa susu nyui minyaa agbanɔamedziwo la menye nɔƒegãdila o. Ke boŋ efia be ɖokuitɔmadimadi ƒe didi vevi le eme be yeawɔ nu siwo aɖe vi na ame bubuwo.

5 Mɔ si dzi ame tona ɖenɛ fiana be yedi be yeadze azu subɔsubɔdɔwɔla eye yeaminya dzikpɔlawo ƒe agbanɔamedzia ye nye be wòanɔ agbagba dzem be yeaɖo nudidi siwo woɖo ɖi le Ŋɔŋlɔawo me la gbɔ. (1 Tim. 3:1-10, 12, 13; Tito 1:5-9) Ne nɔviŋutsu ɖeadzɔgbee nènye la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboea, eye ɖe mekpena ɖe ame bubuwo ŋu be woawɔ esia? Ðe metsɔa ɖe le hati tadeagulawo ƒe nyonyo me vavã hetoa esia dzi tua wo ɖoa? Ðe wonyam be menye Mawu ƒe Nya la srɔ̃la dovevienua? Ðe mena nye nyaŋuɖoɖowo le nyonyom ɖe edzia? Ðe meléa fɔ ɖe dɔ siwo hamemetsitsiwo dea asi nam la wɔwɔ ŋua?’ (2 Tim. 4:5) Ehiã be nàde ŋugble le nyabiase siawo ŋu vevie.

6. Mɔ vevi ka dzie nàto adze na agbanɔamedziwo xɔxɔ le hamea me?

6 Mɔ bubu si dzi nàto adze na agbanɔamedziwo xɔxɔ le hamea mee nye be ‘nàsẽ ŋu le ame si nènye le ememe la gome, to Mawu ƒe gbɔgbɔ la dzi.’ (Ef. 3:16) Menye asidada ɖe ame dzi be wòanɔ ɖoƒe aɖe ƒe nyae subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi zuzu le Kristo hamea me nye o. Ke boŋ gbɔgbɔmeŋgɔyiyiwɔwɔ dzi koe ame tona subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia sua esi. Aleke ame wɔna hafi wɔa ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me? Mɔ ɖekae nye be ‘nàyi edzi anɔ zɔzɔm le gbɔgbɔ me’ ahanɔ gbɔgbɔa ƒe kutsetsea tum ɖo. (Gal. 5:16, 22, 23) Ne èɖea Kristotɔwo ƒe nɔnɔme siwo hiã be nàte ŋu axɔ agbanɔamedzi bubuwo le hamea me fiana eye nèwɔna ɖe aɖaŋu siwo woɖona na wò be wò dɔwɔnawo nanyo ɖe edzi dzi la, wò ‘ŋgɔgbedede adze ƒãa na amewo katã.’—1 Tim. 4:15.

Ðokuitsɔtsɔsavɔ Ƒe Gbɔgbɔ Le Vevie

7. Nu kae amewo subɔsubɔ bia?

7 Amewo subɔsubɔ bia kutrikuku kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ. Esi wònye be dzikpɔla Kristotɔwo nye gbɔgbɔ me alẽkplɔlawo ta la, wotsɔa ɖe le kuxi siwo alẽawo doa goe la me vevie. Kpɔ ale si dɔ siwo gbegbe apostolo Paulo ƒe alẽkpɔkplɔdɔa bia tso esi na wòse le eɖokui me ɖa. Egblɔ na haxɔsetɔ siwo nɔ Korinto la be: “Le xaxa kple dzi me vevesese geɖe me metsɔ aɖatsi geɖe ŋlɔ nu ɖo ɖe mi, menye be mana miaxa nu o, ke boŋ bene mianya lɔlɔ̃ geɖe si le asinye na mi la.” (2 Kor. 2:4) Edze kɔtɛ be Paulo wɔ eƒe alẽkpɔkplɔdɔa tso dzi kpakple luʋɔ blibo me.

8, 9. Ƒo nu tso Biblia me kpɔɖeŋu siwo ɖe ale si ame aɖewo kpɔ ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na woe fia la ŋu.

8 Tso keke blema ke la, ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ɖe dzesi le ŋutsu siwo wɔ dɔ geɖe le Yehowa subɔlawo ta la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu abui ɖe Noa ŋu gbeɖe be agblɔ na eƒe ƒomea be, ‘Ne miekpa aɖakaʋua vɔ la, mina manya ne mava wɔ ɖeka kpli mi’ o. Mose megblɔ na Israel viwo le Egipte be, ‘Midze agbagba ɖe sia ɖe miaɖo Ƒu Dzĩa nu, mava tso mi le afi ma’ o. Yosua megblɔ gbeɖe be, ‘Ne Yerixo ƒe gliawo mu la, mina manya’ o. Eye Yesaya mefia asi ame bubu hegblɔ be, ‘Eyae nye ekem, dɔe!’ o.—Yes. 6:8.

9 Ame si ɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa ʋãe wu ame bubu ɖe sia ɖe eye wònye kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake na mí míasrɔ̃ ye nye Yesu Kristo. Elɔ̃ faa xɔ dɔ si wode asi nɛ be wòava nye ameƒomea Ðela. (Yoh. 3:16) Ðe mele be Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃a naʋã mí be míawo hã míaɖe nɔnɔme ma afia oa? Esi hamemetsitsi aɖe si subɔ ƒe geɖe la nɔ nu ƒom tso ale si wòsena le eɖokui me ɖe alẽha la ŋu ŋu la, egblɔ be: “Nya siwo Yesu gblɔ na Petro be, kplɔ nye alẽ sueawo la, wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, meva kpɔ ale si nya ʋɛ aɖewo gbɔgblɔ lɔlɔ̃tɔe alo dɔmenyonuwɔna sue aɖe wɔwɔ na ame aɖe tea ŋu dea dzi ƒo nɛ la dze sii. Alẽawo sasrã kpɔ doa dzidzɔ nam ŋutɔ.”—Yoh. 21:16.

10. Nu kae ate ŋu aʋã ŋutsu Kristotɔwo be woasrɔ̃ Yesu le amewo subɔsubɔ gome?

10 Le Mawu ƒe alẽha la kpɔkplɔ gome la, ele be wòanye nɔviŋutsu ɖeadzɔgbe siwo le hamea me ƒe didi be yewoaɖe Yesu, ame si gblɔ be, “mana gbɔdzɔe mi” la, ƒe nɔnɔme afia. (Mat. 11:28) Mawu dzi xɔxɔ se kple lɔlɔ̃ si le ŋutsu Kristotɔwo si na hamea ʋãa wo be wominyaa dɔ nyui sia, eye womesusuna be esia wɔwɔ abia nu geɖe fũu akpa tsɔtsɔ sa vɔe alo dɔ geɖe akpa wɔwɔ o. Ke ne didia mele nɔviŋutsu aɖe me be wòaminya agbanɔamedziwo o ya ɖe? Ðe wòate ŋu atu amewo subɔsubɔ ƒe didia ɖoa?

Tu Amewo Subɔsubɔ Ƒe Didia Ðo

11. Nu kae ame awɔ be wòate ŋu atu amewo subɔsubɔ ƒe didia ɖo?

11 Ne èse le ɖokuiwò me be ŋutete siwo hiã be yeatsɔ agbanɔamedziwo mele ye ŋu o eye esia wɔe be mèle wo minyam o la, anyo be nàdo gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea. (Luka 11:13) Yehowa ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe ŋuwò nàɖu dzimaɖitsitsi ɖe sia ɖe si le mewò ku ɖe dɔ sia ŋu la dzi. Mawu gbɔe didi be woasubɔ amewo la ŋutɔ tsona, elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ lae ʋãa nɔviŋutsuwo be woaminya agbanɔamedziwo eye wòdoa ŋusẽ wo na subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ. (Flp. 2:13; 4:13) Eya ta esɔ be nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò be nàtu subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo xɔxɔ ƒe didia ɖo.—Mixlẽ Psalmo 25:4, 5.

12. Nu kae ame aɖe awɔ be nunya si hiã la nasu esi bene wòate ŋu atsɔ agbanɔamedzi siwo wode esi?

12 Ne edze na Kristotɔ aɖe be beléle na alẽha la sesẽ alo ebia dɔ geɖe akpa wɔwɔ la, ɖewohĩ atiae be yemaminya dɔ sia o. Alo ate ŋu ase le eɖokui me be nunya si hiã hena hamea ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ la mele ye si o. Ne aleae nyaa le la, ɖewohĩ ate ŋu ana nunya nasu esi to Mawu ƒe Nya la kple Biblia srɔ̃gbalẽwo sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe wu me. Anyo be wòabia eɖokui be, ‘Ðe meɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi na Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃a, eye ɖe medoa gbe ɖa biaa nunyaa?’ Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neyi edzi wòanɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o; eye wòanae.” (Yak. 1:5) Èxɔ nya sia si tso gbɔgbɔ me la dzi sea? Le gbe si Salomo do ɖa ŋu ɖoɖo nɛ me la, Mawu na “dzi nyanu, si sea nu gɔme la” eyama, si wɔe be wòte ŋu de vovototo nyui kple vɔ̃ dome le ʋɔnudrɔ̃nyawo me. (1 Fia. 3:7-14) Ele eme be Salomo ƒe nɔnɔmea nɔ etɔxɛ ya. Ke hã, míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ana nunya ŋutsu siwo si wotsɔ hamea me agbanɔamedziwo dee la bene woate ŋu alé be na eƒe alẽawo ale si dze.—Lod. 2:6.

13, 14. (a) Ƒo nu tso ale si “lɔlɔ̃ si le Kristo la si” kpɔ ŋusẽ ɖe Paulo dzii ŋu. (b) Alekee wòle be “lɔlɔ̃ si le Kristo la si” nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi?

13 Nu bubu si akpe ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu wòatu amewo subɔsubɔ ƒe didia ɖoe nye be wòanɔ nu siwo gbegbe Yehowa kple Via wɔ na mí la ŋu bum vevie. Le kpɔɖeŋu me, bu 2 Korintotɔwo 5:14, 15 ŋu kpɔ. (Mixlẽe.) Mɔ ka nue “lɔlɔ̃ si le Kristo la si ƒonɛ ɖe mía nu” le? Lɔlɔ̃ si Kristo ɖe fia esi wòtsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ɖe dzesi ale gbegbe be zi ale si míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu le dzidzim ɖe edzi la, zi nenemae wòʋãa míaƒe dzi vevie. Kristo ƒe lɔlɔ̃ la kpɔ ŋusẽ ɖe Paulo dzi. Ena wòƒo asa na nuwɔwɔ ɖokuitɔdiditɔe eye wòkpe ɖe eŋu be wòtsɔ subɔsubɔdɔwɔwɔ na Mawu kpakple ehavi amegbetɔ siwo le hamea me kple egodo siaa subɔsubɔ wɔ eƒe agbemetaɖodzinu vevitɔ.

14 Ŋugbledede le lɔlɔ̃ si le Kristo si na amewo ŋu ʋãa mí míedina be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia. Eye esia wɔnɛ be míekpɔnɛ dzea sii be masɔ kura be ‘míanɔ nu ƒãm hena ŋutilã la’ to ɖokuitɔdidi ƒe taɖodzinuwo yome titi kple vivisese ɖeɖe ko yome nɔnɔ me o. Ke boŋ míetrɔa asi le míaƒe ɖoɖowo ŋu bena míatsɔ dɔ si Mawu de mía si la wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ. Eʋãa mí míesubɔa mía nɔviwo “abe kluviwo ene” le lɔlɔ̃ si le mía si na wo ta. (Mixlẽ Galatiatɔwo 5:13.) Ne míebua mía ɖokuiwo abe kluvi siwo le dɔ wɔm ɖokuibɔbɔtɔe ɖe Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo ta ene la, míade bubu kple asixɔxɔ wo ŋu. Eye míaƒo asa na vodadadidi le ame ŋu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ame ƒe gbɔgbɔ si Satana dona ɖe ŋgɔ la.—Nyaɖ. 12:10.

Akpa Si Ƒomea Wɔna

15, 16. Hafi nɔviŋutsu aɖe nadze woaɖoe subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi la, akpa kae eƒe ƒomea me tɔwo wɔna?

15 Ne nɔviŋutsu aɖe nye srɔ̃tɔ si si viwo le la, wobua ale si nuwo yia edzi le eƒe ƒomea me ŋu hafi tsoa nya me nenye be edze anye subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi. Le nyateƒe me la, hafi wòaxɔ agbanɔamedziwo le hamea me la, eƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmemenyenye kple ŋkɔ si le wo ŋu la wɔa akpa vevi aɖe. Esia te gbe ɖe akpa vevi si ƒomea wɔna le asikpekpe ɖe ame si nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo si le agbagba dzem be yeasubɔ hamea abe subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi ene ŋu la dzi.—Mixlẽ 1 Timoteo 3:4, 5, 12.

16 Ne Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe me tɔwo wɔa nu aduadu la, edzea Yehowa ŋu. (Ef. 3:14, 15) Hafi ƒome ƒe ta aɖe nate ŋu atsɔ hamea ƒe agbanɔamedziwo ahakpɔ eƒe aƒe “dzi nyuie” la, ebia be wòada asɔ. Le esia ta, ele vevie be hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla nanɔ Biblia srɔ̃m kple srɔ̃a kpakple viawo le Ƒometadedeagu si wowɔna kwasiɖa sia kwasiɖa la me bene wòaɖe vi na ƒome bliboa. Ele be wòanɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me kpli wo edziedzi. Le susu sia ke ta la, ele vevie be ƒomea me tɔwo nakpe asi ɖe ƒomea ƒe taa ŋu be eƒe agbagbadzedzewo nakpɔ dzidzedze.

Àgate Ŋu Asubɔ Akea?

17, 18. (a) Ne woxɔ hamea me agbanɔamedzi aɖe le nɔviŋutsu aɖe si la, nu kae wòhiã be wòawɔ? (b) Nu kawoe wòle be nɔviŋutsu si subɔ abe hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla ene kpɔ la nanɔ wɔwɔm?

17 Ðewohĩ ènye hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla kpɔ, gake fifia la, subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ ma megale asiwò o. Èlɔ̃ Yehowa eye èka ɖe edzi be egatsɔa ɖe le eme na wò kokoko. (1 Pet. 5:6, 7) Ðe woɖo aɖaŋu na wò be nàwɔ tɔtrɔ aɖewoa? Ne èwɔ vodada aɖe la, lɔ̃ ɖe edzi eye nàɖɔ nɔnɔmea ɖo le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me. Dze agbagba be màgalé dziku ɖe dɔ me o. Wɔ nu le nunya me, eye nàna nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ asiwò. Hamemetsitsi aɖe si subɔ ƒe geɖe gake subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo va ge le esi la gblɔ be: “Meɖoe kplikpaa be mayi edzi anɔ kpekpeawo kple gbeadzi dem ahanɔ Biblia xlẽm abe ale si ko mewɔnɛ esime menye hamemetsitsi la ene, eye mete ŋu ɖo taɖodzinu sia gbɔ. Mesrɔ̃ dzigbɔɖi, elabena mesusui be mɔnukpɔkpɔawo agasu asinye le ƒe ɖeka alo eve megbe, ke hã, exɔ ƒe adre kloe hafi megate subɔsubɔ abe hamemetsitsi ene. Le ɣeyiɣi mawo me la, dzideƒonamenya si nye be ɖeɖi megate mía ŋu o, ke boŋ míayi edzi aminya subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo la kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.”

18 Ne ènye nɔviŋutsu si le nɔnɔme si ŋu míeƒo nu tsoe fifia me la, dzi megaɖe le ƒowò o. Wò susu nenɔ ale si Yehowa le wò subɔsubɔdɔa kpakple wò ƒomea yramee la ŋu. Tu wò ƒomea ɖo le gbɔgbɔ me, srã dɔnɔwo kpɔ, eye nàde dzi ƒo na ame siwo gbɔdzɔ. Ƒo wo katã ta la, de asixɔxɔ gã mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nèle Mawu kafum hele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia abe Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka ene la ŋu.a—Ps. 145:1, 2; Yes. 43:10-12.

Gbugbɔ Dzro Ðokuiwò Me Kpɔ

19, 20. (a) Nu ka ƒe dzie wode ƒo na nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo katã? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Wohiã na dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Eya ta míele dzi dem ƒo na nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo katã be woagbugbɔ ade ŋugble le woƒe nɔnɔmewo ŋu ahabia wo ɖokuiwo be: ‘Ne nyemele subɔsubɔm fifia abe subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi ene o la, nu ka gbɔe wòtso?’ Na Mawu ƒe gbɔgbɔ la nakpe ɖe ŋuwò be nukpɔsusu nyuitɔ nasu asiwò le nya vevi sia ŋu.

20 Ne nɔviŋutsuwo ɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ fiana le subɔsubɔ me la, eɖea vi na hamea me tɔwo katã. Ne míenyoa dɔme na amewo ɖokuitɔmadimaditɔe la, dzidzɔ si dona tso amewo subɔsubɔ kple nuƒaƒã hena gbɔgbɔ la me la sua mía si. Ke hã, abe ale si nyati si kplɔe ɖo aɖe emee ene la, mele be míado nuxaxa na Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la o. Aleke míate ŋu aƒo asa na nuwɔna sia?

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ August 15, 2009, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 30-32.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka dzie nyagblɔɖi si le Mixa 5:4 ka ɖo na mí?

• Ðe nu si ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ɖeɖe fia bia la me.

• Aleke ame ate ŋu atu amewo subɔsubɔ ƒe didia ɖo?

• Aleke ƒomea ƒe nuwɔwɔ aduadu le vevie hafi nɔviŋutsu aɖe si si ƒome le nadze asubɔ abe subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi ene?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Mɔ kawo dzie nàto aminya agbanɔamedziwo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe