INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 2/1 axa 18-20
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 2/1 axa 18-20

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

NU KAE ʋã Rastafaritɔ aɖe wòkpa eƒe ɖa legbeawo, eye wòte ŋu ɖu fuléle si nɔ eme ɖe yevuwo ŋu la dzi? Eye nu kae kpe ɖe ɖekakpui ŋutasẽla aɖe si lĩa fe na atikevɔ̃ɖi dzralawo la ŋu wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ? Xlẽ ame siawo ŋutɔ ƒe numenyawo nàkpɔ.

“Meva dzudzɔ fuléle yevuwo gɔ̃ hã.”​—HAFENI NGHAMA

ƑE SI WÒXƆ: 34

DUKƆ SI ME WÒTSO: ZAMBIA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: RASTAFARITƆ

AGBE SI MENƆ TSÃ: Wodzim le sitsoƒedilawo ƒe asaɖa aɖe me le Zambia. Danye si aʋa tso Namibia, eye wòva ge ɖe anyieheɣetoɖoƒe Afrikatɔwo ƒe dunyahehabɔbɔ aɖe, si woyɔna be SWAPO la me. Habɔbɔ sia nɔ aʋa wɔm kple South Africa dziɖuɖu si nɔ Namibia dzi ɖum ɣemaɣi.

Sitsoƒedilawo ƒe asaɖawo mee menɔ le nye ƒe 15 gbãtɔawo me. Wonaa hehe sɔhɛ siwo nɔ SWAPO saɖawo me la be woava nye ame siwo ado ablɔɖedihabɔbɔa ɖe ŋgɔ. Woƒã dunyahehe ɖe mía me hefia mí be míalé fu yevuwo.

Esi mexɔ ƒe 11 la, medi be maxɔ ŋusẽdodo le sɔlemeha si nɔ asaɖaa me, si nye Katolikotɔwo, Luthertɔwo, Anglikantɔwo, kple subɔsubɔha bubuwo me tɔwo ƒe tsakatsaka la me abe Kristotɔ ene. Pastɔ si megblɔ nye didia na la mede dzi ƒo nam be maɖe afɔ sia o. Tso ɣemaɣi la, nyemegaxɔe se be Mawu li o. Gake esi mexɔ ƒe 15 la, ale si gbegbe melɔ̃ reggae hadzidziwoe kple didi vevi si nɔ menye be mana woadzudzɔ numadzɔmadzɔ wɔwɔ ɖe Afrika ameyibɔwo ŋu la wɔe be meva ge ɖe Rastafaritɔwo ƒe subɔsubɔha me. Megblẽ nye ɖa ɖi wòto legbee, menoa gbekui, medzudzɔ ʋulã ɖuɖu, eye meƒo ɖokuinye ɖe ablɔɖe didi na ameyibɔwo me. Ke hã nyemedzudzɔ agbe gbegblẽ nɔnɔ kple ŋutasẽvideowo kpɔkpɔ o. Eye meyi edzi gblɔa nya ƒaƒãwo.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Le ƒe 1995 me, esi mexɔ abe ƒe 20 ene la, meva te ŋugbledede tso ale si nye agbe ava nɔ le etsɔme ŋu vevie. Mesrɔ̃a Rastafaritɔwo ƒe subɔsubɔgbalẽ ɖe sia ɖe si ŋu meke ɖo. Wo dometɔ aɖewo yɔa Biblia me nyawo, gake ale si woɖea wo mee la me mekɔna nam o. Eya ta metso nya me be nye ŋutɔ maxlẽ Biblia.

Emegbe xɔ̃nye Rastafaritɔ aɖe tsɔ Yehowa Ðasefowo ƒe Biblia srɔ̃gbalẽ aɖe nam. Mezã Biblia tsɔ srɔ̃ agbalẽ sia le ɖokuinye si.

Medze agbagba vevie dzudzɔ gbekui kple aha tsu nono. (2 Korintotɔwo 7:1) Metrɔ asi le nye dzedzeme ŋu, kpa nye ɖa legbeawo, dzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kple ŋutasẽnuwɔnawo kpɔkpɔ heƒo asa na nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ. (Efesotɔwo 5:3, 4) Mlɔeba la, meva dzudzɔ fuléle yevuwo gɔ̃ hã. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Be mate ŋu awɔ tɔtrɔ siawo la, medzudzɔ haƒoƒo siwo dea fuléle ame siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo ƒe dzi ƒo la sese hedzudzɔ hadede kple xɔ̃nye siwo ate ŋu aƒoe ɖe nunye be magaƒo ɖokuinye ɖe nu siwo gbɔ megbe nu le la me.

Le tɔtrɔ siawo wɔwɔ megbe la, meyi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖe me hebia be medi be mazu wo dometɔ ɖeka. Wowɔ ɖoɖo hesrɔ̃ Biblia kplim. Esi metso nya me be maxɔ nyɔnyrɔ azu Yehowa Ðasefo la, medzɔ dzi na nye ƒometɔwo kura o. Danye gblɔ nam be mate ŋu age ɖe “Kristotɔwo” ƒe subɔsubɔha bubu ɖe sia ɖe me faa, gake menye Yehowa Ðasefowo tɔ o. Nyruinye aɖe si nye dziɖuɖumegã la hea nya ɖe ŋunye edziedzi le esi metiae be made ha kple Ðasefowo ta.

Ke hã, nusɔsrɔ̃ tso ale si Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋu kple wɔwɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi kpe ɖe ŋunye menɔ te ɖe yometiti kple fewuɖuɖu mawo katã nu. Esi metsɔ Ðasefowo ƒe nufiafiawo sɔ kple Biblia la, mekpɔ kakaɖedzi be meke ɖe subɔsubɔha vavãtɔ la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wowɔna ɖe Biblia ƒe se si nye be woaɖe gbeƒã na amewo dzi. (Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 15:14) Eye womedea nu dunyahehe me o.—Psalmo 146:3, 4; Yohanes 15:17, 18.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu kpe ɖe ŋunye le mɔ ŋutɔŋutɔ aɖewo nu. Le kpɔɖeŋu me, esi medzudzɔ gbekui nono la, nyemegagblẽa dɔlar alafa nanewo dome ɣleti sia ɣleti o. Nyemeganɔa nu nyamanyamawo kpɔm le susu me o, eye meva le lãmesẽ me le ŋutilã kple susu me.

Azɔ tameɖoɖo va le nye agbe ŋu abe ale si ko wòdzroam tso ɖevime ke ene. Vevietɔ wu la, mesena le ɖokuinye me fifia be mete ɖe Mawu ŋu.​—Yakobo 4:8.

“Meva nya ale si maɖu nye dɔmedzoe dzi.”​—MARTINO PEDRETTI

ƑE SI WÒXƆ: 43

DUKƆ SI ME WÒTSO: AUSTRALIA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: ATIKEVƆ̃ÐI DZRALA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Le nye ɖevime la, dzinyelawo nɔa ʋuʋum edziedzi tso teƒe yi teƒe. Menɔ du viwo, du gã aɖe, kple Protestanttɔwo ƒe asaɖa aɖe si le dua godo hã me. Megaɖoa ŋku ɣeyiɣi siwo me mía kple nyruinyewo kple dagãdaɖivinyewo míenɔ anyi ɖekae la dzi​—míedea tɔƒo, daa ade hekpaa aɖaŋunu geɖewo hã.

Kɔdalae fofonye nye, eye wòfia kɔdadam tso ɖevime ke. Ŋutasẽnuwɔwɔ va zu numame nam. Le nye ƒewuiwo me la, ahanoƒewoe mezãa nye ɣeyiɣi akpa gãtɔ le. Mía kple xɔ̃nyewo míenɔa ge dim le amewo ŋu bene míakpɔ kɔ ada. Míetsɔa hɛ kple kpo dzea ame 20 kple edzivɔwo dzi.

Atikevɔ̃ɖiwo kple nu siwo melidzeƒedɔwɔlawo fina la dzadzra nue menɔa agbe ɖo. Melĩa fe na atikevɔ̃ɖi dzralawo, eye metsɔa tu doa ŋɔdzi na ame siwo nyi fe le wo ŋu. Nye taɖodzinue nye be mazu amewula. Nya si nu menɔa agbe ɖoe nye be, Ne mewui o la, awu wò.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Esi menɔ tsitsim la, meva se nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu. Meɖo ŋkui be esi mexɔ abe ƒe 20 ene la, mebia danye be afi kae makpɔ wo dometɔ aɖe le hã. Ŋkeke eve megbe la, Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Dixon va ƒo ʋɔ nam. Esi míeɖo dze vie vɔ la, ekpem be mava Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe. Meyi kpekpea, eye nyemegadzudzɔ kpɔ o ƒe 20 sɔŋ ye nye esia. Ðasefoawo zã Biblia tsɔ ɖo nye biabiawo katã ŋu.

Edzɔ dzi nam be meva srɔ̃e be Yehowa tsɔ ɖe le eme na amewo katã, ame mavɔ̃mawuwo gɔ̃ hã. (2 Petro 3:9) Meva kpɔe be enye Fofo lɔ̃ame si akpɔ tanye, ne ame sia ame gblẽm ɖi gɔ̃ hã. Nye dzi hã dze eme ŋutɔ esi meva srɔ̃e be ne metrɔ nye agbenɔnɔ la, atsɔ nye nu vɔ̃wo akem. Efesotɔwo 4:22-24 me nyawo wɔ dɔ ɖe dzinye vevie ŋutɔ. Emenyawo de dzi ƒo nam be maɖe “amenyenye xoxo” la ɖa ahado “amenyenye yeye, si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu.”

Exɔ ɣeyiɣi ŋutɔ hafi mete ŋu trɔ nye agbenɔnɔ. Mete ŋu nɔa anyi kwasiɖa blibo nyemekaa asi atike muame aɖeke ŋu o, gake ne kwasiɖaa ƒe nuwuwu ɖo eye menyado go xɔ̃nyewo ko la, meganonɛ. Meva kpɔe be ele be maʋu adzo le ame siwo medea ha kpli la gbɔ hafi mate ŋu atrɔ asi le nye agbenɔnɔ ŋu, eya ta meɖoe be madzo ayi du bubu me. Xɔ̃nye aɖewo bia be yewoaɖom ɖa, eye melɔ̃. Le mɔzɔzɔa me la, wote gbekui nono hetsɔ ɖe do ɖe gbɔnye. Megblɔ na wo be meɖe asi le agbenɔnɔ mawo ŋu, ale míeklã mɔ esi wòsusɔ vie mage ɖe dua me. Meva se emegbe be esi míeklã mɔ eteƒe medidi o la, xɔ̃nye mawo tsɔ tu yi ɖadze gadzraɖoƒe aɖe dzi.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Esi medzo le xɔ̃nye mawo gbɔ la, eva nɔ bɔbɔe nam be mawɔ tɔtrɔ siwo hiã le nye agbe me. Le ƒe 1989 me la, mexɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo. Le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, nɔvinyenyɔnu, danye kple fofonye siaa va wɔ ɖeka kplim le Yehowa subɔsubɔ me.

Meɖe srɔ̃ ƒe 17 sɔŋ ye nye esia, eye ɖevi nyuinyui etɔ̃ le asinye. Meva nya ale si maɖu nye dɔmedzoe dzi, ne wodo dziku nam gɔ̃ hã. Eye meva srɔ̃ ale si malɔ̃ ‘dukɔ, ameƒomevi, kple gbegbɔgblɔ’ ɖe sia ɖe me tɔwo hã. (Nyaɖeɖefia 7:9) Mekpɔe be Yesu ƒe nya siawo va eme le gonyeme be: “Ne mieyi edzi nɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.”—Yohanes 8:31, 32.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

Be mate ŋu awɔ tɔtrɔ la, medzudzɔ haƒoƒo siwo dea fuléle ame siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo ƒe dzi ƒo la sese

[Nya si ɖe dzesi si le axa 20]

Mía kple xɔ̃nyewo míenɔa ge dim le amewo ŋu bene míakpɔ kɔ ada. Míetsɔa hɛ kple kpo dzea ame 20 kple edzivɔwo dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe