Na Amewo Naxɔ Wò Nyawo Dzi Ase Ne Èle Nu Fiam
1. Zi geɖe la, nu kae Mawu ƒe Nya la fiafia nyuie le subɔsubɔdɔa me bia?
1 Abe apostolo Paulo ene la, subɔla bibiwo nyae be “nyateƒenya la ŋu dɔ [wɔwɔ] pɛpɛpɛ” bia nu geɖe wu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me nyawo yɔyɔ ko. (2 Tim. 2:15) Aleke míawɔ be amewo naxɔ míaƒe nyawo dzi ase ne míele Mawu ƒe Nya la fiam?—Dɔw. 28:23.
2. Nu kae míawɔ be amewo nade asixɔxɔ geɖe Mawu ƒe Nya la ŋu?
2 Na Mawu Ƒe Nya La Naƒo Nu: Gbã la, he nyaselaa ƒe susu yi Biblia dzi le mɔ si ana wòade asixɔxɔ Mawu ƒe nunya si le eme la nu. Ale si mía ŋutɔwo míeka ɖe nya siwo le Mawu ƒe Nya la me dzie aʋã nyaselaa be wòaɖo to nyuie ne míele mawunyakpukpui aɖe xlẽm. (Heb. 4:12) Míate ŋu agblɔ ko be: “Eɖe vi nam esi menya nu si Mawu gblɔ tso nya sia ŋu. Se nu si eƒe Nya la gblɔ ɖa.” Ne anya wɔ la, xlẽ Mawu ƒe Nya la ŋutɔ nɛ, ale be Biblia ŋutɔ naƒo nu nɛ.
3. Ne míexlẽ mawunyakpukpui aɖe na ame aɖe vɔ la, nu kae wòle be míawɔ atsɔ akpe ɖe eŋu be wòase egɔme?
3 Evelia, ɖe ŋɔŋlɔ si nèxlẽ la me nɛ. Ne míexlẽ Ŋɔŋlɔawo na ame geɖe zi gbãtɔ la, esesẽna na wo be woase egɔme. Ehiãna be míaɖe eme hafi amea ate ŋu akpɔ ale si wòwɔ ɖeka kple nu si me dzrom míele la. (Luka 24:26, 27) He susu yi nya vevi siwo dze le mawunyakpukpuia me dzi. Àte ŋu abia nya aɖe amea atsɔ aka ɖe edzi be nyaa me kɔ nɛ.—Lod. 20:5; Dɔw. 8:30.
4. Afɔ mamlɛtɔ kae wòhiã be nàɖe hafi amewo naka ɖe nu si nèfiana la dzi?
4 Dzro Ŋɔŋlɔawo Me Kplii: Etɔ̃lia, dze agbagba wò nyawo nawɔ dɔ ɖe eƒe susu kple dzi dzi. Kpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu wòakpɔ ale si mawunyakpukpuia me nyawo ka eya ameae la adze sii. Ne míedzro Ŋɔŋlɔawo me kple amea la, ate ŋu ana wòatrɔ susu. (Dɔw. 17:2-4; 19:8) Le kpɔɖeŋu me, ne míexlẽ Psalmowo 83:19 na amea vɔ la, míate ŋu adzro ale si ame aɖe ƒe ŋkɔ nyanya le vevie hafi mía kplii dome nanɔ kplikplikpli la me kplii. Emegbe àte ŋu abiae be: “Ðe nèsusui be Mawu ƒe ŋkɔ nyanya ana wò gbedodoɖawo naganyo ɖe edzi wua?” Ne èna aƒemenɔlaa kpɔ ale si mawunyakpukpuia ku ɖe eya ŋutɔ ŋui alea la, ana wòakpɔe be viɖe le Ŋɔŋlɔawo ŋu. Ne èkpena ɖe dzi nyui tɔwo ŋu wokana ɖe Mawu ƒe Nya si nèfiana la dzi la, aʋã wo woava subɔ Mawu vavã, Yehowa, si le agbe la.—Yer. 10:10.