Mawu Ƒe Nyae Biblia Nyea?
“Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nadze bliboe, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—2 TIMOTEO 3:16, 17.
NYA ʋãme kawo gbegbee nye esi apostolo Paulo gblɔ tsɔ ɖe asixɔxɔ si gbegbe le Biblia ŋu la fia! Le nyateƒe me la, Biblia ƒe akpa si nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me—ŋɔŋlɔ siwo amewo yɔna zi geɖe be Nubabla Xoxo—la ŋue wògblɔ nya sia le. Gake le nyaa ŋutɔŋutɔ nu la, eƒe nya siawo lɔ Biblia ƒe agbalẽ 66-awo katã ɖe eme, esiwo Yesu ƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo ŋlɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me hã le eme.
Ðe nèdea asixɔxɔ ma gbegbe Biblia ŋu abe Paulo enea? Ðe nèka ɖe edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso nyateƒea? Nenemae wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gome. Kakaɖedzi ma nu metsi le Kristotɔwo dome le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo me o. Le kpɔɖeŋu me, ƒe alafa enelia me nunɔla John Wycliffe si tso England la gblɔ be Biblia nye “nyateƒe tsimatɔe.” Nyagɔmeɖegbalẽ si nye The New Bible Dictionary gblɔ tso Paulo ƒe nya siwo míeyɔ le etame ŋu be esi wònye Mawu ƒe “gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia ta la, kakaɖedzi li be emenyawo katã nye nyateƒe.”
Amewo Megava Le Kakam Ðe Biblia Dzi O
Ke hã, le míaƒe ɣeyiɣi siawo me la, amewo megava le kakam ɖe Biblia dzi tututu o. Agbalẽ si nye The World’s Religions gblɔ be: “Kristotɔwo katã [gagblɔna kokoko] be Biblia dzie yewotu yewoƒe nuwɔnawo kple dzixɔsewo ɖo.” Gake woƒe agbenɔnɔ ɖee fia be nya ma meganye nyateƒe o. Ame geɖe bua Biblia be enye “amegbetɔwo ƒe kɔnyinyi ŋuti nufiagbalẽ si dzi womate ŋu aka ɖo o.” Togbɔ be wolɔ̃ ɖe edzi be Biblia ŋlɔlawo nye mawusubɔla siwo si xɔse sẽŋu nɔ hã la, ɖeko wobua wo be wonye ame siwo dzi womate ŋu aka ɖo o, elabena agbagba ko wodze be yewoaɖe Mawu ŋuti nyateƒenya goglowo me, evɔ sidzedze kple ŋkuʋuʋu si li egbea la mesu wo si o.
Le nyateƒe me la, ame ʋɛ aɖewo koe ɖe mɔ Biblia kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe nuŋububu kple nuwɔnawo dzi egbea. Ðe mèsenɛ amewo gblɔna zi geɖe be Biblia ƒe dzidzenu siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la zu tsigãdzinu oa? Ame geɖewo troa gbo Biblia me gɔmeɖosewo, alo ŋea aɖaba ƒua wo dzi kura gɔ̃ hã, ne wokpɔe be wo dzi wɔwɔ mana yewoawɔ nu si dzro yewo o. Ame aɖewo siwo yɔa wo ɖokuiwo be Kristotɔwo la ŋea aɖaba ƒua nu si Biblia gblɔ tso matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, anukwareɖiɖi, kple ahamumu ŋu la dzi gaglã.—1 Korintotɔwo 6:9, 10.
Nu ka tae? Le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, tomenukula Aƒetɔ Charles Marston ɖe susu siwo tae la dometɔ ɖeka me le eƒe agbalẽ si nye The Bible Is True me. Egblɔ be amewo “xɔa egbegbe agbalẽŋlɔla” siwo ƒoa nu tsia tsitre ɖe Biblia ƒe nyateƒenyenye ŋu la “ƒe nyawo dzi se enumake ɖeklemi maɖemaɖee.” Ðe amewo gawɔa nu nenema egbea? Aleke wòle be nàbu agbalẽnyala siwo gblɔna be kakaɖedzi mele Biblia ŋu o ƒe nyawoe? Kpɔ numeɖeɖe siwo le nyati si kplɔe ɖo me ku ɖe nya sia ŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 3]