INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 3/1 axa 4-7
  • Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Mee Biblia Tso Vavã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Mee Biblia Tso Vavã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzro Kpeɖodziawo Me
  • Ame Siwo Wòle Na Be Woaʋli Biblia Ta Hafi La Tsɔ Nya Ðe Eŋu
  • Ðe Wòle Vevie Be Nànya?
  • Ka Ðe “Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo” Dzi
  • Biblia La—Agbalẽ Si Tso Mawu Gbɔ
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Agbalẽ Kae Biblia Nye?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Mawu Ƒe Nyae Biblia Nyea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nunya Si De Ŋgɔ La Tsoƒe Tɔxɛ Aɖe
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 3/1 axa 4-7

Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Mee Biblia Tso Vavã

NU KAE nya si apostolo Paulo gblɔ be Biblia “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me” la fia? (2 Timoteo 3:16) Helagbe me nya si Paulo zã la fia “Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã.” Eya ta Paulo ƒe nyawo fia be Mawu zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ fia mɔ Biblia ŋlɔlawo woŋlɔ nu siwo tututu wòdi be woaŋlɔ la ɖe eme.

Apostolo Petro gblɔ be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo [Biblia ŋlɔlawo] wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.” (2 Petro 1:21) Esia tae apostolo Paulo te ŋu gblɔ tso Biblia me nyawo ŋu be wonye ‘nuŋlɔɖi kɔkɔewo, siwo ate ŋu ana nàzu nunyala hena ɖeɖekpɔkpɔ to Kristo Yesu dzi xɔxɔse me.’—2 Timoteo 3:15.

Ame geɖewo hea nya be menye Mawu ƒe agbalẽ ye Biblia nye o. Ðeklemiɖelawo tsɔ nya ɖe Biblia ƒe nyateƒenyenye ŋu vevie, eye woƒe nuwɔna sia nye “bubu mademade Biblia me nyawo ŋu” abe ale si tomenukula Aƒetɔ Charles Marston gblɔe ene. Ame aɖewo bua Biblia be enye “gliwo kple nyakpakpawo ŋuti gbalẽ xoxo” dzro aɖe ko.

Dzro Kpeɖodziawo Me

Ðe míate ŋu aka ɖe Biblia dzia? Ele vevie ŋutɔ be nàkpɔ ŋuɖoɖo nyuitɔ na biabia sia? Nu ka tae? Elabena ne Mawu ƒe agbalẽ ye Biblia nye la, ke nunya manɔ eme be míagbe emenyawo o, eye ate ŋu anye afɔku na mí gɔ̃ hã be míawɔe nenema. Ne èbunɛ be enye amegbetɔwo ƒe agbalẽ dzro aɖe ko, ke menye Mawu ƒe Nya o la, ale si wòle be nàɖe mɔ wòakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò ahafia mɔ wò nuwɔnawo kple dzixɔsewo la dzi aɖe kpɔtɔ kuraa.—1 Tesalonikatɔwo 2:13.

Aleke nàwɔ anya ne nàte ŋu aka ɖe Biblia dzi? Aleke nèwɔna nyana ame siwo dzi nàte ŋu aka ɖo? Nane li si mele be nàŋlɔ be o. Asesẽ ŋutɔ be nàka ɖe ame aɖe si mènya nyuie o dzi. Ne ɣeyiɣiwo va le yiyim eye nèva le si dzem amewo nyuie ko hafi nànya ne wotoa nyateƒe eye be yeate ŋu aka ɖe wo dzi. Nenemae wòle le Biblia hã gome. Mègaxɔ nukpɔsusu kple ɖeklemiɖenya ɖe sia ɖe si amewo gblɔna tsɔ ɖenɛ fiana be mele be woaxɔ Biblia dzi se o la de eme eŋumabumabui o. Dze agbagba nàdzro kpeɖodzi siwo li be Biblia “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me” la me.

Ame Siwo Wòle Na Be Woaʋli Biblia Ta Hafi La Tsɔ Nya Ðe Eŋu

Mele be wòaɖe dzi le ƒowò be ame siwo gblɔna be yewoxɔ Biblia dzi se la ŋutɔ gatsɔa nya ɖe emenyawo ƒe nyateƒenyenye kple kakaɖedzi si le wo ŋu la ŋu o. Le nyagɔmeɖegbalẽ si nye New Dictionary of Theology ƒe nya nu la, togbɔ be Biblia ŋuti numeɖela geɖewo gblɔna egbea be Kristotɔwoe yewonye hã la, “ɖeko woƒoa nu tso Ŋɔŋlɔawo ŋu abe amegbetɔwo ƒe agbalẽe wònye ene.”

Mawunyaŋutinunyala geɖewo ʋlia nya le ame siwo tututu ŋlɔ Biblia gbalẽwo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ aɖewo be menye nyagblɔɖila Yesaya ye ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa o. Wogblɔ be ƒe gbogbo aɖewo le Yesaya ƒe ku megbe hafi wova ŋlɔ agbalẽ sia. Lowther Clarke gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Concise Bible Commentary me be, “ame vovovo siwo nɔ agbe le dzidzime vovovowo mee ŋlɔ agbalẽ sia.” Gake ame siawo ŋlɔ be be Yesu Kristo kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo kpe edzi enuenu be Yesaya ŋutɔe ŋlɔ agbalẽ sia.—Mateo 3:3; 15:7; Luka 4:17; Yohanes 12:38-41; Romatɔwo 9:27, 29.

Esi gavɔ̃ɖi wue nye be Biblia ŋuti ɖeklemiɖelawo, abe J. R. Dummelow ene, gblɔ be nyagblɔɖi siwo le Daniel ƒe agbalẽa me la nye “nu siwo dzɔ xoxoxo hafi wova ŋlɔ wo, evɔ woŋlɔ wo abe ɖe wogblɔ nyaawo ɖi gbe aɖe gbe ʋĩi hafi nuawo va dzɔ ene.” Le go sia me hã la, woŋlɔ kpeɖodzi si Yesu Kristo ŋutɔ na la be. Yesu xlɔ̃ nu tso nane si wòyɔ be “ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu avae, abe ale si wogblɔe to nyagblɔɖila Daniel dzi ene, wòtsi tsitre ɖe kɔkɔeƒe la” ŋu. (Mateo 24:15) Ðe wòsɔ be Kristotɔ naxɔe ase be Yesu Kristo ŋutɔ ayɔ nya tso ŋutinya aɖe si woble amewo be nyagblɔɖi wònye la me atsɔ ade amebeblea dzia? Gbeɖe.

Ðe Wòle Vevie Be Nànya?

Ðewohĩ àbia be, “Ðe wòle vevie be míanya ame siwo ŋlɔ Biblia?” Ɛ̃, ele vevie ŋutɔ. Ðe nàde asixɔxɔ nuŋlɔɖi aɖe si wogblɔ be enye xɔ̃wò aɖe ƒe domenyinumagbalẽ la ŋu ne èva nya emegbe be menye eya ŋutɔe ŋlɔe oa? Tsɔe be senyalawo gblɔ na wò be exɔlɔ̃ bubu aɖewoe ŋlɔ nu siawo siwo woawo ŋutɔ wosusu be ewɔ ɖeka kple xɔ̃wòa ƒe didiwo la ɖi. Ðe ema maɖe asixɔxɔ si le agbalẽa ŋu la dzi kpɔtɔ oa? Ðe nàte ŋu aka ɖe edzi bliboe be nu siwo katã le eme la wɔ ɖeka kple xɔ̃wòa ƒe didiwoa?

Nenemae wòanɔ le Biblia hã gome. Mewɔ nuku o be ame geɖewo—ame siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye gɔ̃ hã—te ŋu ŋea aɖaba ƒua nu si Biblia gblɔ tso anukwareɖiɖi, gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, kple bubuwo ŋu la dzi faa. Ðe mèsenɛ amewo gblɔna zi geɖe be, “Tsoo, Nubabla Xoxoa me nyae mae,” abe ɖe viɖe megale eŋu o ene oa? Wowɔa esia, evɔ apostolo Paulo ya yɔ Biblia ƒe akpa ma si ame aɖewo yɔna be Nubabla Xoxo la be ‘ŋɔŋlɔ kɔkɔe’ siwo “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.”

Ðewohĩ àgblɔ be, “Nyemate ŋu aŋe aɖaba aƒu numekukuwɔlawo kple agbalẽnyalawo ƒe kpeɖodzinyawo katã dzi nenema ko o ɖe!” Nyateƒee. Ele be míakpɔ ŋudzedze ɖe numekuku siwo agbalẽnyala aɖewo wɔ le anukwareɖiɖi me, siwo va kpe ɖe mía ŋu míenya nu siwo nɔ Biblia me nuŋlɔɖi gbãtɔwo me la ŋu. Enye nyateƒe be vodada suesuesue aɖewo ge ɖe mawunyakpukpui aɖewo me esi wogbugbɔ nɔ Biblia kɔpim le ƒe alafa geɖewo me ya. Gake ɖo ŋku edzi be: Vovototo gã aɖe le lɔlɔ̃ ɖe edzi be vodada suesuesue aɖewo ge ɖe mawunyakpukpui aɖewo me kple gbɔgblɔ be Biblia bliboa nye amewo ƒe nyakpakpa dzro aɖe ko dome.

Ka Ðe “Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo” Dzi

Hafi Paulo nagblɔ na Timoteo be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso la, ena wònya nu si ta nuŋlɔɖi mawo siwo tso gbɔgbɔ me la le vevie. Egblɔ be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, . . . ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo anɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖim ɖe edzi, woanɔ amewo kplɔm anɔ tatram, eye woanɔ woawo hã kplɔm anɔ tatram.” (2 Timoteo 3:1, 13) Le Paulo ƒe ŋkekea me gɔ̃ hã la, yeaɖi ‘nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo’ tsɔ “aɖe ŋanɛ” nɔ amewo flum bene woagaxɔ Yesu Kristo dzi se o. (1 Korintotɔwo 1:18, 19; Kolosetɔwo 2:4, 8) Be ame siawo nagakpɔ ŋusẽ ɖe Timoteo dzi o la, Paulo xlɔ̃ nui be ‘wòayi edzi alé nu siwo wòsrɔ̃ le ŋɔŋlɔ kɔkɔe’ siwo tso Mawu gbɔ me “tso vidzĩ me” ke la me ɖe asi.—2 Timoteo 3:14, 15.

Ele vevie be wò hã nàwɔe nenema le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me. Mègasusui be amenublelawo mate ŋu atsɔ “aɖe ŋanɛ” aflu ye gbeɖe o. Ke boŋ abe ale si ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔe ene la, xɔ nu siwo nàsrɔ̃ tso Biblia, si nye agbalẽ si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me vavã la me dzi se bene woakpɔ ta wò.

Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàxɔ Biblia dzi ase. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si agbenɔnɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu ɖe vi na amewo le ŋutinya katã me, ale si wòwɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya, ale si ɖekawɔwɔ blibo le emenyawo katã me, ale si emenyagblɔɖiwo va eme pɛpɛpɛ, kple bubu geɖewo. Ne èlɔ̃ la, àte ŋu aŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo hena nyatakaka siwo kpe ɖe dzianukwaretɔ miliɔn geɖewo ŋu wokpɔ kakaɖedzi be Mawu ƒe Nyae Biblia nye vavã la xɔxɔ.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Aleke nèwɔna nyana ame siwo dzi nàte ŋu aka ɖo?

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Ele be míakpɔ ŋudzedze ɖe numekuku siwo agbalẽnyala aɖewo wɔ le anukwareɖiɖi me te ŋu gbugbɔ Biblia me nuŋlɔɖi gbãtɔwo ɖo te la ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe