Ame Kawo Kple Nu Ka Ƒe Ŋkɔ Mee Wòle Be Woaxɔ Nyɔnyrɔ Ðo?
“Miheyi ɖawɔ . . . nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me.”—MAT. 28:19.
1, 2. (a) Nu kae dzɔ le Yerusalem le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi? (b) Nu kae ʋã ameha la dometɔ geɖe woxɔ nyɔnyrɔ?
AME gbogbo aɖewo tso dukɔ vovovowo me va Yerusalem, eye esia wɔe be howɔwɔ nɔ dua me. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, wonɔ azã vevi aɖe ɖum eye amedzro geɖewo hã nɔ gome kpɔm le eme. Gake nu madzɔkpɔ aɖe dzɔ, eyome apostolo Petro ƒo nuƒo ʋãme aɖe, eye nu wɔnuku aɖe do tso eme. Eƒe nuƒoa wɔ dɔ ɖe Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo, siwo ade ame 3,000 la, dzi wotrɔ le woƒe dziwo me eye wona wonyrɔ wo ɖe tsi me. Esia wɔe be wotsɔ wo kpe ɖe Kristo hame si woɖo teti koe nye ema la ŋu. (Dɔw. 2:41) Ame gbogbo mawo gbegbe nyɔnyrɔ ɖe tawo alo tsiwo me le Yerusalem dua me la anya wɔe be howɔwɔ gã aɖe nɔ dua me!
2 Nu kae na ame gbogbo mawo gbegbe xɔ nyɔnyrɔ? Gbe ma gbe ŋdi la, “wose nane ƒe ɖiɖi tso dziƒo abe ya sesẽ aɖee ƒo ene.” Le aƒe aɖe ƒe dziƒoxɔ me la, gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo anɔ ame 120 la taŋ. Esia megbe la, ŋutsu kple nyɔnu mawuvɔ̃lawo va ƒo ƒu eye woƒe nu ku esi wosee nusrɔ̃lawo ‘nɔ gbe bubuwo dom.’ Esi wose Petro ƒe numeɖeɖewo kple nya siwo wògblɔ kã ku ɖe Yesu ƒe kua ŋu le eƒe nuƒoa me la, ‘etɔ dzi me na ame geɖe vevie.’ Nu kae woawɔ azɔ? Petro gblɔ na wo be: “Mitrɔ dzi me, eye mina woanyrɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me . . . , eye miaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana faa la.”—Dɔw. 2:1-4, 36-38.
3. Nu kae wòhiã be Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo, siwo trɔ le woƒe dzi me le Pentekoste ŋkekea dzi la, nawɔ?
3 Bu ƒomedodo si me Yudatɔ mawo kpakple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo, siwo se Petro ƒe nyawo la, nɔ kple Mawu la ŋu kpɔ. Wolɔ̃ ɖe edzi xoxo be Yehowae nye yewoƒe Mawu. Eye wosrɔ̃ nu tso gbɔgbɔ kɔkɔea, si nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ si wòzã le nuwo wɔwɔ me kple emegbe siaa, ŋu tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me henya nu tso eŋu nyuie. (1 Mose 1:2; Ʋɔn. 14:5, 6; 1 Sam. 10:6; Ps. 33:6) Gake nu bubu aɖewo ganɔ anyi siwo wònɔ vevie be woanya. Ehiã be woanya ame si dzi Mawu ato aɖe wo, si nye Yesu, ame si nye Mesia la, eye woaxɔ edzi ase. Eya ta Petro te gbe ɖe edzi na wo be ehiã be ‘woanyrɔ wo ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.’ Ŋkeke aɖewo do ŋgɔ la, Yesu si wofɔ ɖe tsitre la de se na Petro kple ame bubuwo be woanyrɔ amewo “ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me.” (Mat. 28:19, 20) Gɔmesese vevi aɖe nɔ nya mawo ŋu na ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo, eye wògale nenema egbea hã. Eyae nye eka?
Nyɔnyrɔxɔxɔ Ðe Fofo La Ƒe Ŋkɔ Me
4. Tɔtrɔ kae Yehowa wɔ le subɔsubɔnyawo gome ku ɖe ame siwo nɔ ƒomedodo me kplii xoxo la ŋu?
4 Abe ale si míede dzesii va yi ene la, ame siwo wɔ ɖe Petro ƒe nyaa dzi la dea ta agu na Yehowa eye ƒomedodo nɔ woa kplii dome xoxo. Wonɔ agbagba dzem be yewoawɔ ɖe eƒe Sea dzi, eye susu sia tae wotso dukɔ vovovowo me va Yerusalem ɖo. (Dɔw. 2:5-11) Ke hã, ɖeko Mawu wɔ tɔtrɔ vevi aɖe le ale si wòwɔa nu kple amewo le subɔsubɔnyawo gome la ŋu teti koe nye ema. Egbe Yudatɔwo be woaganye yeƒe dukɔ tɔxɛ azɔ o; Sea dzi wɔwɔ meganye mɔ si dzi woato ana wòakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o. (Mat. 21:43; Kol. 2:14) Ne ame siawo di be yewoakpɔtɔ anɔ ƒomedodo nyui me kple Yehowa la, ekema wogahiã na nu bubu aɖe.
5, 6. Nu kae ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ geɖewo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo wɔ be woanɔ ƒomedodo me kple Mawu?
5 Kakaɖedzitɔe la, esia mefia be woatrɔ ɖa le Yehowa, woƒe Agbenala la, ŋu o. (Dɔw. 4:24) Gbeɖe, ke boŋ ame siwo wɔ ɖe Petro ƒe nyawo dzi la te ŋu kpɔe dze sii kɔtɛ wu tsã be Yehowa nye Fofo dɔmenyotɔ. Elabena edɔ Mesia la ɖa be wòava ɖe wo eye wòlɔ̃ faa be yeatsɔ ame siwo Petro gblɔ na be, “Israel ƒe aƒe blibo la nanyae be, Mawu ɖo Yesu sia si miehe ɖe ati ŋu la wòzu Aƒetɔ kple Kristo,” la gɔ̃ hã ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Le nyateƒe me la, susu geɖe wu va su ame siwo wɔ ɖe Petro ƒe nyawo dzi la si azɔ siwo tae wòle be woada akpe ɖe nu siwo Fofo la wɔ na ame siwo katã di be yewoanɔ ƒomedodo me kplii la ta ɖo!—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 2:30-36.
6 Le nyateƒe me la, Yudatɔ mawo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo ate ŋu akpɔe adze sii azɔ be hafi yewoanɔ ƒomedodo me kple Yehowa la, ehiã be yewoalɔ̃ ɖe edzi be Yehowae ana yewoakpɔ ɖeɖe to Yesu dzi. Esia na míese nu si tae wotrɔ dzi me tso woƒe nu vɔ̃wo me ɖo la gɔme; eye nu vɔ̃ si nye Yesu wuwu hã le eme, togbɔ be wo dometɔ aɖewo manyae be eƒe fɔbubu le yewo dzi o gɔ̃ hã. Eye esia na míegase nu si tae le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, “woyi edzi lé fɔ ɖe apostoloawo ƒe nufiafiawo ŋu vevie” ɖo la gɔme. (Dɔw. 2:42) Azɔ la, woate ŋu atsɔ “nuƒoƒo dzinɔameƒotɔe ate ɖe amenuveve ƒe fiazikpui la ŋu” eye woadi be yewoawɔe hã.—Heb. 4:16.
7. Egbea la, alekee ame geɖewo trɔ nukpɔsusu si nɔ wo si tsã le Mawu ŋu la heva xɔ nyɔnyrɔ ɖe Fofo la ƒe ŋkɔ me?
7 Egbea la, ame miliɔn geɖe siwo tso dukɔ vovovowo me la srɔ̃ nyateƒea ku ɖe Yehowa ŋu tso Biblia me. (Yes. 2:2, 3) Tsã la, wo dometɔ aɖewo nye mawudzimaxɔselawo eye ɖewo nye ame siwo xɔe se be Mawu aɖe li gake megatsɔ ɖeke le eme na eƒe nuwɔwɔwo o, gake azɔ la, wova ka ɖe edzi be Wɔla aɖe li, si yewoate ŋu anɔ ƒomedodo me kple. Ame bubuwo subɔ mawuetɔ̃ƒokpliwo alo legba vovovowo tsã. Wova nyae be Yehowa ɖeka koe nye Mawu ŋusẽkatãtɔ la, eye fifia wozãa eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ tsɔ yɔnɛ. Esia wɔ ɖeka kple se si Yesu de be woanyrɔ yeƒe nusrɔ̃lawo ɖe Fofo la ƒe ŋkɔ me la.
8. Nu kae wòhiã be ame siwo menya naneke tso nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la ŋu tsã o la nanya tso Fofo la ŋu?
8 Wova nyae hã be yewonyi nu vɔ̃ ƒe dome tso Adam gbɔ. (Rom. 5:12) Esia nye nugɔmesese yeye aɖe si dzi wòle be woalɔ̃ ɖo be enye nyateƒe. Míate ŋu atsɔ ame siawo ƒomevi asɔ kple ame aɖe si ŋu dɔléle aɖe le evɔ eya ŋutɔ menya o la. Ðewohĩ anɔ dzesi aɖewo kpɔm, abe vevesese le eƒe lãme ɣeaɖewoɣi ene. Ke hã, esi wònye be womedoe kpɔ hekpɔ dɔléle aɖe koŋ le eŋu o ta la, ate ŋu anɔ susum be yele lãmesẽ me. Gake le nyateƒe me la, kpeɖodziawo ɖee fia be menye nenemae wòle hafi o. (Tsɔe sɔ kple 1 Korintotɔwo 4:4.) Ke ne wodoe kpɔ hekpɔ dɔ si tututu lém wòle ya ɖe? Ðe nunya manɔ eme be wòadi dɔdamɔnu aɖe si ŋu kakaɖedzi le la ahalɔ̃ woazãe nɛ oa? Nenema kee esi ame geɖewo va srɔ̃ nyateƒea ku ɖe nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi ŋu la, wolɔ̃ ɖe edzi be nu vɔ̃ ƒe “dɔ” le yewo ŋu abe ale si Biblia ɖee fia ene, eye wova se egɔme hã be Mawu le “atike si ada dɔa” la nam. Ɛ̃, ele be ame siwo katã le adzɔge tso Fofo la gbɔ la nate ɖe Eya, Ame si ate ŋu ‘ada dɔa’ na wo la ŋu.—Ef. 4:17-19.
9. Nu kae Yehowa wɔ si ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí be míate ŋu ava nɔ ƒomedodo me kplii?
9 Ne ètsɔ wò agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu hezu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ xoxo la, ènya ale si gbegbe wònyoe be ame nanɔ ƒomedodo nyui me kplii. Ekema fifia èkpɔ ale si gbegbe Fofowò, Yehowa, lɔ̃ wòe la dze sii. (Mixlẽ Romatɔwo 5:8.) Togbɔ be Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu hã la, Mawu ŋutɔ wɔ afɔɖeɖe aɖe si ana woƒe dzidzimeviwo, siwo dome míawo hã míele la, nava nɔ ƒomedodo nyui me kplii. Le esia wɔwɔ me la, enɔ na Mawu be wòato vevesese me, si fia be wòakpɔ eteƒe Via lɔlɔ̃a nakpe fu ahaku. Ðe mele be esia nyanya nana míakpɔe be ele be míabɔbɔ ɖe Mawu ƒe ŋusẽ te eye lɔlɔ̃ si le mía si nɛ la naʋã mí míawɔ eƒe sewo dzi oa? Ne mèkpɔ ɖe adzɔgbe na Mawu hexɔ nyɔnyrɔ haɖe o la, ekema àlɔ̃ ɖe edzi azɔ be susu nyuiwo li siwo tae wòle be nàɖe afɔ sia ɖo.
Nyɔnyrɔxɔxɔ Ðe Vi La Ƒe Ŋkɔ Me
10, 11. (a) Fe ka gbegbee nènyi le Yesu ŋu? (b) Aleke Yesu ƒe vɔsakua na nèse le ɖokuiwò mee?
10 Gade ŋugble le nya si Petro gblɔ na ameha la ŋu kpɔ. Ete gbe ɖe edzi be ele be woalɔ̃ ɖe ɖoƒe si Yesu le la dzi, eye esia do ƒome kplikplikpli kple nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe ‘Vi la ƒe ŋkɔ me.’ Nu ka tae esia nɔ vevie ɣemaɣi, eye nu ka tae wògale vevie egbea hã? Nya lae nye be, lɔlɔ̃ ɖe ɖoƒe si Yesu le dzi kple nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe eƒe ŋkɔ me fia be míelɔ̃ ɖe akpa si wòwɔna le mía kple mía Wɔlaa dome ƒomedodo me dzi. Ehiã be woahe Yesu ɖe fuwɔameti ŋuti bene wòaɖe Se la ƒe fiƒode la ɖa le Yudatɔwo dzi; ke hã, viɖe aɖe si lolo wu ema do tso eƒe kua me. (Gal. 3:13) Etsɔ eɖokui na wònye tafevɔsa si ameƒomea katã hiã na. (Ef. 2:15, 16; Kol. 1:20; 1 Yoh. 2:1, 2) Yesu do dzi le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖe eŋu, dzudzu, kple fuwɔame me, eye wòku mlɔeba hafi te ŋu ɖo taɖodzinu sia gbɔ. Aleke gbegbee nèdaa akpe ɖe eƒe vɔsaa ta? Tsɔe be ènye ŋutsuvi ƒe 12 vi nɔ meli si wona ŋkɔe be Titanic, si lɔ tsikpe aɖe henyrɔ le ƒe 1912 me, la me nɔ mɔ zɔm. Èdze agbagba be yeage ɖe ameɖetɔdziʋu aɖe me, gake eyɔ. Kasia ŋutsu aɖe si nɔ ameɖetɔdziʋua me la gbugbɔ nu na srɔ̃a, do le tɔdziʋua me hetrɔ va melia me, eye wòkɔ wò boŋ de ameɖetɔdziʋua me. Alekee nàse le ɖokuiwò me? Àda akpe ɖe nu si ŋutsua wɔ na wò la ta godoo! Ekema àte ŋu akpɔ ale si ŋutsuvi aɖe si dzi nu sia dzɔ ɖo ŋutɔŋutɔ la se le eɖokui me la le susu me.a Ke hã, nu si Yesu wɔ na wò la de ŋgɔ sãsãsã wu ema. Eku ale be nàte ŋu anɔ agbe tegbee.
11 Esi nèva nya nu si gbegbe Mawu ƒe Vi la wɔ na wò la, aleke nèse le ɖokuiwò me? (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 5:14, 15.) Anɔ eme godoo be èkpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ŋutɔ. Ema ʋã wò be nètsɔ wò agbe ɖe adzɔgbe na Mawu eye nèɖoe be ‘yemaganɔ agbe na ye ɖokui azɔ o, ke na ame si ku ɖe ye ta la boŋ.’ Nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Vi la ƒe ŋkɔ me fia be nàde dzesi nu si Yesu wɔ na wò la eye nàlɔ̃ ɖe ɖoƒe si wòle abe “agbe ƒe Kplɔla Vevitɔ la” ene dzi. (Dɔw. 3:15; 5:31) Tsã la, ƒomedodo aɖeke menɔ mia kple Wɔla la dome o, eye le nyateƒe me la, mɔkpɔkpɔ vavã aɖeke menɔ asiwò o. Gake esi nèva xɔ Yesu Kristo ƒe ʋu si wokɔ ɖi la dzi se hexɔ nyɔnyrɔ ta la, ƒomedodo va le mia kple Fofo la dome azɔ. (Ef. 2:12, 13) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mi ame siwo nɔ adzɔge tsã, eye mienye futɔwo, le esi miaƒe susuwo nɔ dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ŋu ta la, [Mawu to Yesu] ƒe luʋɔŋutilã dzi gadzra mia kplii dome ɖo to eƒe ku me, bene wòatsɔ mi aɖo eŋkume mianye ame kɔkɔewo kple mokakamanɔŋutɔwo.”—Kol. 1:21, 22.
12, 13. (a) Esi wònye be wonyrɔ wò ɖe Vi la ƒe ŋkɔ me ta la, alekee wòle be nàwɔ nui ne ame aɖe dze agɔ le dziwò? (b) Abe Kristotɔ si wonyrɔ ɖe Yesu ƒe ŋkɔ me ene la, agba kae le dziwò?
12 Togbɔ be wonyrɔ wò ɖe Vi la ƒe ŋkɔ me hã la, ènyae nyuie be amegbetɔ nuvɔ̃me koe yeganye. Esia nyanya ɖea vi na wò gbe sia gbe. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe dze agɔ le dziwò la, ɖe nèɖoa ŋku edzi be mi ame evea siaa miewɔa nu vɔ̃a? Ɛ̃, mi ame evea siaa miehiã na Mawu ƒe tsɔtsɔke, eya ta ele be miatsɔ anɔ mia nɔewo kem. (Mar. 11:25) Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ te gbe ɖe esia ƒe vevienyenye dzi be: Kluvi aɖe ƒe aƒetɔ tsɔ ga home si nye talento akpe ewo (alo denario miliɔn 60) ƒe fe si wònyi la kee. Emegbe la, kluvi ma melɔ̃ be yeatsɔ ehati kluvi aɖe si nyi denario 100 ƒe fe le eŋu la akee o. Azɔ Yesu ƒo nya ta be: Yehowa matsɔ ame si melɔ̃na be yeatsɔ ake ye nɔvi o la ƒe nu vɔ̃wo akee o. (Mat. 18:23-35) Ɛ̃, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Vi la ƒe ŋkɔ me fia be míade bubu ɖoƒe si Yesu le la ŋu ahadze agbagba vevie be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu eye míanɔ agbe ɖe eƒe nufiafiawo nu—esia bia hã be míalɔ̃ faa atsɔ mía nɔviwo ƒe nu vɔ̃wo ake wo.—1 Pet. 2:21; 1 Yoh. 2:6.
13 Esi nènye ame madeblibo ta la, màte ŋu asrɔ̃ Yesu le mɔ deblibo nu o. Ke hã, esi nètsɔ wò agbe ɖe adzɔgbe na Mawu tso dzi blibo me ta la, ehiã be nàwɔ wò ŋutete katã le Yesu sɔsrɔ̃ me. Nu si hã esia galɔ ɖe emee nye be nàyi edzi anɔ agbagba dzem be yeaɖe amenyenye xoxo la ɖa ahado yeyea. (Mixlẽ Efesotɔwo 4:20-24.) Ne èdea bubu xɔ̃wò aɖe ŋu la, anɔ eme be àdze agbagba asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu kple nɔnɔme nyuiwo. Nenema kee anye wò didi be yeasrɔ̃ nu tso Kristo gbɔ ahasrɔ̃ eƒe nɔnɔme nyuiwo.
14. Aleke nàte ŋu aɖee afia be èdea bubu ɖoƒe si Yesu le abe Dziƒofia ene ŋu?
14 Mɔ bubu aɖe hã li si dzi nàto aɖee afia be èse nu si nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Vi la ƒe ŋkɔ me lɔ ɖe eme la gɔme. Mawu ‘tsɔ nuwo katã de Yesu ƒe afɔ te, eye wòtsɔe ɖo ta na nuwo katã hena hame la.’ (Ef. 1:22) Eya ta ele be nàde bubu ale si Yesu kplɔa ame siwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowae la ŋu. Kristo le amegbetɔ madeblibowo, vevietɔ ŋutsu siwo tsi le gbɔgbɔ me, siwo nye hamemetsitsi siwo woɖo la zãm le hamea me. Susu si ta woɖo ŋutsu mawo ɖoe nye “be woaɖɔ ame kɔkɔewo ɖo, . . . hena Kristo la ƒe ŋutilã tutu.” (Ef. 4:11, 12) Ne amegbetɔ madeblibo aɖe wɔ vodada aɖe gɔ̃ hã la, Yesu si nye Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia la akpɔ nyaa gbɔ le eƒe ɣeyiɣi dzi kple le mɔ si wòdi la nu. Èxɔ nya sia dzi sea?
15. Ne fifia hafi nèle nyɔnyrɔ xɔ ge la, yayra kawoe nàte ŋu akpɔ mɔ na le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe?
15 Gake ame aɖewo mekpɔ tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ haɖe o. Ne mèkpɔ ɖe afɔ sia haɖe o la, ɖe mèkpɔe le nu siwo me míedzro va yi la me be lɔlɔ̃ ɖe ɖoƒe si Vi la le dzi ye nye afɔ si me nunya le, si wòle be nàɖe atsɔ aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu oa? Nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Vi la ƒe ŋkɔ me ana mɔnukpɔkpɔ naʋu ɖi na wò be nàxɔ yayra gãwo le etsɔme.—Mixlẽ Yohanes 10:9-11.
Nyɔnyrɔxɔxɔ Ðe Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Ƒe Ŋkɔ Me
16, 17. Ne wonyrɔ wò ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋkɔ me la, vi kae wòaɖe na wò?
16 Nu kae wòfia be woanyrɔ ame ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me? Abe ale si míekpɔe va yi ene la, ame siwo nɔ to ɖom Petro le Pentekoste ŋkekea dzi la nya nu tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu xoxo. Le nyateƒe me la, woawo ŋutɔwo kpɔ kpeɖodziwo kple woƒe ŋkuwo be Mawu gakpɔtɔ le gbɔgbɔ kɔkɔea zãm. Petro hã nɔ ame siwo “gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ . . . taŋ, eye wote gbe bubuwo dodo” la dome. (Dɔw. 2:4, 8) Nyagbɔgblɔ si nye ‘ɖe eƒe ŋkɔ me’ mefiaa ame ƒe ŋkɔ kokoko o. Egbea la, wowɔa nu geɖe “ɖe dziɖuɖu ƒe ŋkɔ me,” evɔ menye amee dziɖuɖu nye hafi o. Efia be dziɖuɖua ƒe ŋusẽ mee wowɔ nuawo ɖo. Nenema kee ame si wonyrɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me lɔ̃na ɖe edzi be menye amee gbɔgbɔ kɔkɔe la nye o, ke boŋ Yehowa ƒe dɔwɔŋusẽe wònye. Eye ame si wonyrɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me la lɔ̃na ɖe akpa si gbɔgbɔa wɔna le Mawu ƒe tameɖoɖo me la dzi.
17 Ðikeke mele eme o be, èva nya nu tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu to Biblia sɔsrɔ̃ dzi, alo? Le kpɔɖeŋu me, èva se egɔme be gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã amewo woŋlɔ Biblia. (2 Tim. 3:16) Esi nènɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm la, anɔ eme be gɔmesese deto va su asiwò ku ɖe nyateƒe si wònye be ‘Fofo si le dziƒo la naa gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ’ la ŋu, eye wò hã èle ame siawo dome. (Luka 11:13) Ðikeke mele eme o be èkpɔe be gbɔgbɔ kɔkɔe la le dɔ wɔm le wò agbe me. Gake ne fifia hafi nèle nyɔnyrɔ xɔ ge ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋkɔ me la, kakaɖedzi si Yesu na be Fofo la naa gbɔgbɔ kɔkɔe la fia be yayra nyuiwo le ŋgɔ na wò ne Mawu na gbɔgbɔ kɔkɔe la wò.
18. Yayra kawoe sua ame siwo wonyrɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me la si?
18 Edze kɔtɛ be Yehowa fiaa mɔ Kristo hamea hekplɔnɛ to eƒe gbɔgbɔa dzi egbea hã. Gbɔgbɔ ma kpena ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu le míaƒe gbe sia gbe nuwɔnawo hã me. Abe ame siwo wonyrɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋkɔ me ene la, ele be míalɔ̃ ɖe akpa si wòwɔna le míaƒe agbe me la dzi eye míatsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ awɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple eƒe mɔfiafia. Gake ɖewohĩ ame aɖewo abia be, ‘Aleke wòate ŋu anya wɔ be míanɔ agbe ɖe adzɔgbe si míeɖe na Yehowa la nu, eye alekee gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ me?’ Míadzro nya sia me le nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ October 22, 1981, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 3-8, alo January 22, 1982, ƒe Fransegbe me Nyɔ!, axa 3-8.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Nu kae nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Fofo la ƒe ŋkɔ me fia na wò?
• Nu kae wòfia be woanyrɔ ame ɖe Vi la ƒe ŋkɔ me?
• Aleke nàte ŋu aɖee afia be yese nu si tae wòle vevie be ame naxɔ nyɔnyrɔ ɖe Fofo la kple Vi la ƒe ŋkɔ me gɔme?
• Nu kae wòfia be woanyrɔ ame ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
By permission of the Israel Museum, Jerusalem
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea dzi la, ƒomedodo kae va ɖo nusrɔ̃la yeyewo kple Fofo la dome?