INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 4/1 axa 4
  • Yesu Kristo Ŋusẽ Le Eƒe Nyawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Kristo Ŋusẽ Le Eƒe Nyawo Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Yesu Ƒe Nyawo Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Nuwɔnawo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ðe Yesu Ƒe Nyawo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Ale Si Nèdoa Gbe Ðae Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Mawunya si Xɔ Ŋkɔ Wu Ðesiaɖe si Wogblɔ Kpɔ
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nusitae Yesu Va Anyigba Dzi Ðo
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 4/1 axa 4

Yesu Kristo Ŋusẽ Le Eƒe Nyawo Ŋu

“Ale si gbegbe nunyala si tso Kapernaum ƒe numenyawo gale ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi egbea la nye kpeɖodzi sẽŋu be enye ame vevi aɖe si nɔ anyi kpɔ.”a​—GREGG EASTERBROOK.

ŊUSẼ le nya siwo dona tsoa ame ƒe nu me ŋu ŋutɔ. Nya siwo me nunya le ate ŋu ade dzi gbɔ na ame, ana mɔkpɔkpɔ ame, alo atrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ gɔ̃ hã. Ame aɖeke ƒe nyawo mekpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi kpɔ de Yesu Kristo tɔ nu o. Ame siwo nɔ eteƒe se Yesu ƒe nya siwo woyɔna egbea be Todzimawunya la dometɔ ɖeka ŋlɔ be: “Esi Yesu wu nya siawo nu la, dɔ si wòwɔ ɖe amehaawo dzie nye be, wolulu le ale si wòfia nui ta.”—Mateo 7:28.

Va se ɖe egbea la, Yesu ƒe numenya geɖewo zu nya nyanyɛ na amewo le xexea me godoo. Se eƒe nya siwo dea dzi gbɔ na ame ŋutɔ la dometɔ aɖewo ɖa.

“Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.”—Mateo 6:24.

“Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.”—Mateo 7:12.

“Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, gake nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu.”—Mateo 22:21.

“Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Gake menye ale si gbegbe Yesu ƒe nyawo dea dzi gbɔ na ame la ta koe ŋusẽ le wo ŋu ɖo o. Nu si ta koŋ ŋusẽ le eƒe gbedeasia ŋue nye be, efia nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu, efia ale si woanɔ agbe ɖɔʋu, eye wòna wonya ameƒomea ƒe fukpekpewo katã gbɔkpɔnu ɖeka kolia si li—si nye Mawu Fiaɖuƒea. Ne èxlẽ nyati siwo kplɔe ɖo la, àgase nu si tae Yesu “ƒe numenyawo gale ŋusẽ kpɔm ɖe [ame miliɔn geɖewo] dzi egbea” la gɔme nyuie wu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kapernaum koŋ ye nye du si me Yesu nɔ le Galilea nutoa me.—Marko 2:1.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe