INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 4/1 axa 8-10
  • Nu Si Yesu Fia Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Yesu Fia Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Fiaɖuƒea Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
  • Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Tso Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 4/1 axa 8-10

Nu Si Yesu Fia Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu

“Eyi tso du me yi du me kple kɔƒe yi kɔƒe nɔ gbeƒã ɖem . . . Mawu fiaɖuƒea ŋuti nya nyui la.”—LUKA 8:1.

MÍELƆ̃A nuƒoƒo tso nu siwo le vevie na mí, alo léa dzi na mí la ŋu. Abe ale si Yesu ŋutɔ gblɔe ene la, “nya si wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Mateo 12:34) Ne míelé ŋku ɖe nu siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe subɔsubɔdɔa me ŋu la, míalɔ̃ ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea le vevie nɛ ŋutɔ.

Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la? Fiaɖuƒe nye dziɖuɖu si nu Fia nɔna. Eya ta Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si Mawu ɖo. Yesu ƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu zi geɖe, eye eya koŋ ye nye gbedeasi si wòɖe gbeƒãe ƒe akpa vevitɔ. Woyɔ Fiaɖuƒe ma wu zi 110 sɔŋ le Nyanyuigbalẽ eneawo me. Gake menye nyagbɔgblɔwo koe Yesu tsɔ fia nui o. Etsɔ eƒe nuwɔnawo hã fia nu geɖe tso Mawu Fiaɖuƒea kple nu siwo wòava wɔ la ŋu.

Ame kae nye Fiaɖuƒe ma ƒe Fia? Menye amegbetɔwoe da akɔ hetia Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia o. Ke boŋ Mawu ŋutɔe tia Fia ma. Yesu ɖee fia le eƒe nufiafiawo me be yee nye Fia si Mawu tia.

Yesu nyae be wògblɔ ɖi le Biblia me be Mesia si ŋugbe wodo la aɖu Fia, eye eƒe Fiaɖuƒea anɔ anyi tegbee. (2 Samuel 7:12-14; Daniel 7:13, 14; Mateo 26:63, 64) Ðo ŋku edzi be Yesu ŋutɔ ʋu eme gaglã be yee nye Mesia si ŋugbe wodo. Yesu to ema dzi na eme kɔ ƒãa be yee nye Fia si Mawu tia. (Yohanes 4:25, 26) Eya ta esɔ ŋutɔ be Yesu zã nya “nye fiaɖuƒe” zi gbɔ zi geɖe.—Yohanes 18:36.

Yesu fia nu hã be ame bubuwo aɖu fia kpli ye le Fiaɖuƒe ma me. (Luka 22:28-30) Eyɔ hatidziɖula siawo be “alẽha sue,” elabena woƒe xexlẽme le ʋɛ ŋutɔ. Egblɔ tso wo ŋu be: “Edze mia Fofo la ŋu be yeatsɔ fiaɖuƒe la ana mi.” (Luka 12:32) Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ ɖee fia be ame 144,000 sie mɔnukpɔkpɔ asu be woaɖu fia kple Kristo.—Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1.

Afi kae Fiaɖuƒea le? Yesu gblɔ na Roma dziɖula Pontio Pilato be: “Nye fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 18:36) Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa aɖeke manɔ amegbetɔwo si me le anyigba dzi o. Yesu yɔ Mawu Fiaɖuƒea enuenue be “dziƒofiaɖuƒe.”a (Mateo 4:17; 5:3, 10, 19, 20) Eya ta Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si woɖo anyi le dziƒo.

Yesu nya nyuie be yeatrɔ ayi dziƒo le yeƒe anyigbadzinɔnɔ ɣeyiɣi ʋɛ aɖe megbe. Egblɔ be yeayi afi ma ‘aɖadzra teƒe ɖo ɖi’ na yeƒe hatidziɖulawo.—Yohanes 14:2, 3.

Nu kawoe Fiaɖuƒea awɔ? Yesu fia eƒe nyaselawo be woado gbe ɖa na Mawu be: “Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.” (Mateo 6:9, 10) Wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le dziƒo xoxo. Fiaɖuƒeae nye mɔnu si dzi Mawu ato ana eƒe tameɖoɖo nava eme le anyigba dzi. Hafi ema nava eme la, Fiaɖuƒea ahe tɔtrɔ ɖedzesiwo ava anyigba dzi.

Nu kawoe Fiaɖuƒea awɔ le anyigba dzi? Yesu fia nu be Mawu Fiaɖuƒea aɖe nu gbegblẽwo kple ame siwo wɔa wo la ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ. (Mateo 25:31-34, 46) Esia ahe nu fitifiti wɔwɔ kple vɔ̃ɖinyenyewo katã ava nuwuwu. Yesu fia nu be “ame fafawo,” ame dzɔdzɔewo, nublanuikpɔlawo, “ame siwo dza le dzi me,” kple ŋutifafawɔlawo sɔŋ ye ayɔ anyigba la dzi.—Mateo 5:5-9.

Anyigba ƒo ɖi sia dzie nuteƒewɔla siawo anɔa? Gbeɖe! Yesu do ŋugbe be Mawu Fiaɖuƒea ahe tɔtrɔ nyui wɔnuku geɖewo ava anyigbaa dzi. Ŋutsu aɖe si hã woklã ɖe ati ŋuti le Yesu xa la biae be: “Yesu, ɖo ŋku dzinye ne èɖo wò fiaɖuƒe la me.” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Vavã mele egblɔm na wò egbea be: Ànɔ Paradiso me kplim.” (Luka 23:42, 43) Ɛ̃, Mawu Fiaɖuƒea atrɔ anyigba sia wòazu paradiso, abe ale si wònɔ le Eden bɔa me ene.

Nu bubu kawo hãe Fiaɖuƒea awɔ na ameƒomea? Menye ɖeko Yesu do ŋugbe tso nu siwo Mawu Fiaɖuƒea awɔ ŋu ko o. Eɖe nu siwo Fiaɖuƒea awɔ la ƒe kpɔɖeŋuwo fia. Yesu wɔ nukunu geɖewo, eye wòda dɔ na ame geɖewo heto esia dzi ɖe nu siwo gbegbe wòato eƒe Fiaɖuƒea dzi awɔ le etsɔme la ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe fia. Nyanyuigbalẽ si gbɔgbɔ ʋã Mateo wòŋlɔ la gblɔ tso Yesu ŋu be: “Eye wòyi ɖato Galilea blibo la katã, nɔ nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo henɔ gbeƒã ɖem fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la, eye wònɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi kpakple lãmegbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi dam le dukɔ la dome.”—Mateo 4:23.

Yesu da dɔléle ƒomevi vovovo. “[Eʋu] ŋku na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe.” (Yohanes 9:1-7, 32, 33) Eka asi ŋutsu aɖe si nɔ kpodɔ, si nye dɔléle si amewo nyɔa ŋui, lém la ŋu lɔlɔ̃tɔe heda gbe le eŋu. (Marko 1:40-42) Esi wokplɔ “ame aɖe si nye tokunɔ, eye mete ŋu ƒoa nu nyuie o” va Yesu gbɔ la, eyɔ dɔe heɖee fia be yeate ŋu ana ‘tokunɔwo nase nu, eye mumuwo naƒo nu.’—Marko 7:31-37.

Ku kura gɔ̃ hã mate ŋu anɔ te ɖe Fia si Mawu tia la nu o. Nuŋlɔɖiwo ɖee fia be Yesu fɔ ame kuku ɖe tsitre zi etɔ̃. Efɔ ahosi aɖe ƒe viŋutsuvi ɖekɛ, nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe 12, kple exɔlɔ̃ vevi Lazaro ɖe tsitre.—Luka 7:11-15; 8:41-55; Yohanes 11:38-44.

Esi Yesu nɔ yayra wɔnuku siwo le Mawu Fiaɖuƒea teviwo lalam ŋu nya gblɔm ɖi la, egblɔ to apostolo Yohanes dzi be: “Kpɔ ɖa! Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woanye eƒe dukɔwo. Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 1:1; 21:3, 4) Wò ya bu eŋu kpɔ ko—xexe aɖe si me nuxaxa ƒe aɖatsiwo, vevesese, kple ku gɔ̃ hã maganɔ o! Ekema gbe si míedona ɖa be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene la ava eme bliboe.

Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea ava? Yesu fia nu be ɣeyiɣi si me yeadze dziɖuɖu gɔme la anye ɣeyiɣi ɖedzesi aɖe si wòyɔ be yeƒe ‘anyinɔɣi.’ Yesu gblɔ nya aɖewo ɖi, siwo me vava ade dzesi ɣeyiɣi si wòaxɔ fiaɖuƒeŋusẽ ahadze dziɖuɖu gɔme. Tɔtɔ ɖedzesi geɖewo ava anyigba dzi le ɣeyiɣi ma me, siwo dometɔ aɖewoe nye aʋawɔwɔwo, dɔwuame, anyigbaʋuʋuwo, dɔvɔ̃wo, kple sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi. (Mateo 24:3, 7-12; Luka 21:10, 11) Nudzɔdzɔ siawo kple bubu siwo ŋu nya Yesu gblɔ ɖi la va ɖe dzesi ƒãa tso ƒe 1914, si nye ƒe si tututu me Xexemeʋa I dzɔ la me. Eya ta Yesu dze fiaɖuɖu gɔme xoxo. Eteƒe madidi o, ɣeyiɣia ade be Fiaɖuƒea nana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi.b

Aleke Mawu Fiaɖuƒea ƒe vava ka wòe? Be nàxɔ eƒe yayrawo loo alo maxɔe o la, anɔ te ɖe ale si nàwɔ nu ɖe Yesu ƒe gbedeasia ŋu fifia dzi.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Nya “dziƒofiaɖuƒe” dze zi 30 sɔŋ le Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa me.

b Kpɔ numedzodzro tsitotsito si ku ɖe ale si míewɔ nya be Mawu Fiaɖuƒea ƒe vava gogo ŋu la le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 9 lia si nye, “Ŋkeke Mamlɛawo Mee Míele Nyateƒea?” me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe