INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp20 No. 1 axa 12-13
  • Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Fiaɖuƒea Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Fiaɖuƒea Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Yesu Fia Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tso Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
wp20 No. 1 axa 12-13
Ɣe ƒe keklẽ ɖe anyigba dzi le yamenutowo me

Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Fiaɖuƒea Ŋu

Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa ale: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.” (Mateo 6:9, 10) Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la? Nu kae wòwɔna? Eye nu ka tae wòle be míado gbe ɖa be Fiaɖuƒea nava?

Yesue nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia.

Luka 1:31-33:“Nàna ŋkɔe be Yesu. Eya anye gã, eye woayɔe be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye Yehowa Mawu atsɔ fofoa David ƒe fiazikpui la anɛ, aɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe la dzi tegbee, eye nuwuwu manɔe na eƒe Fiaɖuƒe la o.”

Fiaɖuƒeae nye nyati vevitɔ si Yesu ɖe gbeƒãe.

Mateo 9:35: “Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me le nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo hele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la, eye wòle dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi kple lãmegbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi dam.”

Yesu na dzesi eƒe nusrɔ̃lawo be wòakpe ɖe wo ŋu woanya ɣeyiɣi si me Fiaɖuƒea ava.

Mateo 24:7: “Elabena dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu, nuɖuɖu ave le teƒeteƒewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo.”

Fifia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒea le anyigba blibo la katã dzi.

Mateo 24:14: “Eye woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”

Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Nyateƒenyawo

Ele teƒe aɖe koŋ. Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si Mawu ɖo anyi ɖe dziƒo.—DANIEL 2:44; MATEO 4:17.

Taɖodzinu le eŋu. Mawu Fiaɖuƒea atrɔ anyigba wòazu paradiso, afi si amegbetɔwo katã anɔ agbe le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me le eye womagadze dɔ alo aku azɔ o.—PSALMO 37:11, 29.

Fia le Mawu Fiaɖuƒea si. Mawu tia Yesu be wòanye Fia aɖu dzi le dziƒo eye wòƒle ame 144,000 tso anyigba dzi be woaɖu fia kplii.—LUKA 1:30-33; 12:32; NYAÐEÐEFIA 14:1, 3.

Fiaɖuƒea teviwo li. Fiaɖuƒea teviwo anɔ agbe le anyigba dzi eye woalɔ̃ faa abɔbɔ ɖe Yesu ƒe dziɖulanyenye te eye woawɔ ɖe Fiaɖuƒea ƒe sewo dzi.—MATEO 7:21.

Nu Si Ta Yesue Dze Be Wòaɖu Ameƒomea Dzi

Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖee fia be ŋutete le ye si eye be yeanye dziɖula lɔ̃ame elabena

  • Etsɔ ɖe le eme na ame dahewo.—LUKA 14:13, 14.

  • Elé fu nu fitifiti wɔwɔ kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ.—MATEO 21:12, 13.

  • Ekpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi.—MARKO 4:39.

  • Ena nuɖuɖu ame akpewo.—MATEO 14:19-21.

  • Ese veve ɖe dɔnɔwo nu eye wòda gbe le ame siwo katã ƒe lãme gblẽ la ŋu.—MATEO 8:16.

  • Efɔ ame kukuwo ɖe tsitre.—YOHANES 11:43, 44.

Ale Si Mawu Fiaɖuƒea Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò Fifia

Àte ŋu anɔ agbe si me dzidzeme le fifia ne èva zu Mawu Fiaɖuƒea tevi. Le kpɔɖeŋu me, Fiaɖuƒea teviwo

  • “[Nɔa] ŋutifafa me kple amewo katã.”—HEBRITƆWO 12:14.

  • Sea vivi na ƒomegbenɔnɔ eye wowɔa ɖeka le ƒomea me elabena srɔ̃tɔwo lɔ̃a wo nɔewo eye wodea bubu wo nɔewo ŋu.—EFESOTƆWO 5:22, 23, 33.

  • Nɔa agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le elabe wonye ame siwo “nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”—MATEO 5:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe