INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 4/1 axa 16-18
  • Ƒuƒoƒewo—Afi Si Yesu Kple Eƒe Nusrɔ̃lawo Fia Nu Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒuƒoƒewo—Afi Si Yesu Kple Eƒe Nusrɔ̃lawo Fia Nu Le
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Yesu Wɔ Nukudɔwo Le Kapernaum
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Migadzudzɔ Takpekpe Ðekae O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Eyi Ƒuƒoƒea Le Nazaret
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 4/1 axa 16-18

Ƒuƒoƒewo—Afi Si Yesu Kple Eƒe Nusrɔ̃lawo Fia Nu Le

“Eye wòyi ɖato Galilea blibo la katã, nɔ nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo henɔ gbeƒã ɖem fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la.”—MATEO 4:23.

WOGBLƆ le Nyanyuigbalẽawo me enuenu be Yesu yi ƒuƒoƒewo. Eɖanye le Nazaret, afi si wonyii le loo, alo le Kapernaum, du si koŋ me wòva nɔ loo, alo le du kple kɔƒe bubu siwo katã me wòɖi tsa yi le ƒe etɔ̃ kple afã si wòtsɔ wɔ subɔsubɔdɔa le anyigba dzi ŋkubiãtɔe me o, ƒuƒoƒewoe Yesu yina ɖaɖea gbeƒã hefia nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu le zi geɖe. Le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe nuwuwu lɔƒo la, ete ŋu gblɔ be: “Mefiaa nu ɣesiaɣi le ƒuƒoƒe kple gbedoxɔa me, afi si Yudatɔwo katã va ƒoa ƒu ɖo.”—Yohanes 18:20.

Nenema kee Yesu ƒe apostolowo kple Kristotɔ gbãtɔ bubuwo hã fia nu le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo zi geɖe. Aleke wòdzɔe be Yudatɔwo va dea ta agu le ƒuƒoƒewo? Eye alekee tadeaguƒe mawo nɔ le Yesu ƒe ɣeyiɣiawo me? Na míadzro eme kpɔ.

Ewɔ Akpa Vevi Aɖe Le Yudatɔwo Ƒe Agbe Me Yuda ŋutsuwo yia Yerusalem ɖaɖua azã le gbedoxɔ kɔkɔe si le afi ma me zi etɔ̃ ƒe sia ƒe. Gake ƒuƒoƒe siwo le du siwo me wole me, le Palestina loo alo dutadukɔ bubu siwo le Yudatɔwo ƒe ŋusẽ te me lae wozãna hena woƒe gbe sia gbe tadedeagu.

Ɣekaɣie wote ƒuƒoƒewo zazã? Ame aɖewo susu be anye ɣeyiɣi si Yudatɔwo nɔ aboyo me le Babilon (607-537 D.M.Ŋ.), esime Yehowa ƒe gbedoxɔa zu glikpo lɔƒo mee. Alo ɖewohĩ anye esime Yudatɔwo trɔ tso aboyo me gbɔ teti, esi nunɔla Ezra de dzi ƒo na wo be woana Mawu ƒe Se la ŋuti sidzedze kple gɔmesese geɖe wu nasu wo si ye.—Ezra 7:10; 8:1-8; 10:3.

Le gɔmedzedzea me la, nu si nya si gɔme wova ɖe be “ƒuƒoƒe” fia koe nye “takpekpe” alo “ƒuƒoƒo.” Gɔmesese ma nue wozãe le le Septuagint, si nye Hebri Ŋɔŋlɔawo siwo gɔme woɖe ɖe Helagbe me la me. Gake emegbe wova zã nya ma na xɔ siwo me amewo ƒoa ƒu ɖo hena tadedeagu. Kaka ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. naɖo la, ƒuƒoƒe geɖe nɔ dugãwo me; gbogbo aɖewoe nɔ Yerusalem ya, eye ɖeka ya teti nɔ du siwo katã kloe me Yesu yi me. Alekee xɔ mawo nɔ?

Tadeaguƒe Siwo Mele Kpeɖi O Zi geɖe ne Yudatɔwo di be yewoatu ƒuƒoƒe aɖe la, wodia teƒe si le kpo dzi, eye wotunɛ ale be eƒe mɔ nu (1) nadze ŋgɔ Yerusalem. Gake esia menye se kpaɖi o, elabena menye ɣesiaɣie wòanya wɔ nenema o.

Zi geɖe la, womedoa atsyã kpeɖi aɖeke na ƒuƒoƒea o, eye nu ɖeka eve aɖewo koe nɔa eme. Gake nu vevi si nɔa eme godoo ye nye aɖaka (2) alo nudzraɖoƒe si me wodzraa nutoa me tɔwo ƒe nu xɔasitɔ kekeake, si nye agbalẽ xatsaxatsa siwo dzi Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo le la ɖo. Ne wova kpekpe la, woɖea aɖaka la ɖe go, eye wogatrɔnɛ dana ɖe xɔ si me wònɔna la me le kpakpã vɔ megbe (3).

Ŋgɔgbezikpuiwo (4) nɔa aɖakaa xa hedzea ŋgɔ anyinɔƒea, eye afi mae ƒuƒoƒea ƒe zimenɔlawo kple amedzro tɔxɛ ɖe sia ɖe si wokpe vae la nɔna. (Mateo 23:5, 6) Wowɔa nuƒolanɔƒe, si kɔa dzi vie la ɖe xɔa titina lɔƒo, afi si nuƒolaa ƒe kplɔ̃ kple zikpui nɔna (5). Woɖoa bentsi siwo dzi nyaselawo nɔna la ɖe nuƒolanɔƒea ŋgɔ kple axa eveawo (6).

Zi geɖe la, hame si le nutoa mee léa be na ƒuƒoƒea. Kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa ƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔ dzraa ƒuƒoƒea ɖo be wòanɔ nɔnɔme nyui me ɣesiaɣi. Alekee kpekpe siwo wowɔna le ƒuƒoƒeawo nɔna?

Tadedeagu Le Ƒuƒoƒewo Ðoɖo siwo yia edzi le ƒuƒoƒe siawo lɔa kafukafuhawo dzidzi, gbedodoɖa, Ŋɔŋlɔawo xexlẽ, nufiafia kple gbeƒãɖeɖe ɖe eme. Wodzea kpekpea gɔme kple Shema, si nye Yudatɔwo ƒe xɔsemeʋuʋu gbedodoɖa. Shema gɔmee nye “see,” eye ŋɔŋlɔ siwo me nyawo wogblɔna le gbedodoɖa ma me la dometɔ gbãtɔ dzie wotui ɖo, si gblɔ be: “Israel, see [Shema], Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!”—5 Mose 6:4.

Emegbe woxlẽa Torah, si nye Mose ƒe agbalẽ atɔ̃awo la ƒe akpa aɖe heɖea eme. (Dɔwɔwɔwo 15:21) Eyome woxlẽa nyagblɔɖigbalẽ aɖe ƒe akpa sue aɖe heɖea eme. Ɣeaɖewoɣi la, nuƒola si wokpe va ye wɔa akpa sia, abe ale si wònɔ le Yesu gome le nudzɔdzɔ si ŋu nya wogblɔ le Luka 4:16-21 me ene.

Womema agbalẽ xatsaxatsa si wotsɔ na Yesu le kpekpe ma me la ɖe tawo kple kpukpuiwo me abe ale si wòle le Biblia siwo li egbea me ene o. Eya ta míate ŋu akpɔ ale si Yesu anya tsɔ eƒe nuɖusi lé agbalẽa hetsɔ eƒe miasi le eme kekem va se ɖe esime wòke ɖe mawunyakpukpui si dim wòle ŋu la ɖaa le susu me. Ne woxlẽ nua vɔ la, wogbugbɔa agbalẽ xatsaxatsaa ŋlɔna.

Zi geɖe la, woxlẽa nua le Hebrigbe si me wòŋlɔe ɖo me, eye woɖea egɔme ɖe Aramgbe me. Wozãa Septuagint la le Helagbe hamewo me.

Ewɔ Akpa Vevi Aɖe Le Gbe Sia Gbe Gbenɔnɔ Me Ƒuƒoƒewo wɔ akpa vevi aɖe le Yudatɔwo ƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me le mɔ sia nu be wozãa woa kple xɔ bubu siwo wotu kpe ɖe eŋu la hena nu vovovowo wɔwɔ. Ɣeaɖewoɣi la, wodrɔ̃a ʋɔnu le afi ma, eye ɣebubuɣiwo la, nutoa me tɔwo wɔa kpekpe kple takpekpewo le afi ma, siwo me woɖua nu le gɔ̃ hã, le nuɖuxɔ si le afi ma me. Wonaa dzeƒe mɔzɔlawo hã ɣeaɖewoɣi ɖe amedzroxɔ siwo le afi ma me.

Le du sia du kloe me la, woɖoa suku ɖe ƒuƒoƒea. Míate ŋu akpɔ xɔ si me sukuviwo yɔ taŋ hele ŋɔŋlɔdzesi gã siwo woŋlɔ ɖe nuŋlɔkpe si dzi wosi bosomi ɖo xexlẽ srɔ̃m la ɖaa le susu me. Suku mawo koŋ ye wɔe be blema Yudatɔwo nya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ale be ame tsɛwo kura gɔ̃ hã te ŋu xlẽa Ŋɔŋlɔawo.

Ke hã, taɖodzinu si ta koŋ ƒuƒoƒea li ɖoe nye be wòanye teƒe si woanɔ ta dem agu le edziedzi. Eya ta mewɔ nuku o be kpekpe siwo ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ la de sɔsɔ ge kple esiwo Yudatɔwo wɔ le ƒuƒoƒeawo. Taɖodzinu si nɔ Kristotɔwo ƒe kpekpeawo hã ŋue nye be woade ta agu na Yehowa to gbedodoɖa, kafukafuhawo dzidzi kple Mawu ƒe Nyaa xexlẽ kple eme ɖeɖe dzi. Mese ɖe afi ma o. Le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo kple blema Yudatɔwo siaa gome la, lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔ kpɔa teƒea ŋuti gazazãwo gbɔe; osɔfowo menɔ anyi si wogblɔ be woawo ko sie mɔnukpɔkpɔ le be woaxlẽ Mawu ƒe Nya ahaɖe eme o; le go eveawo siaa me la, hamemetsitsi siwo le agbanɔamedzinɔƒewoe wɔa ɖoɖo ɖe kpekpeawo ŋu henaa mɔfiame siwo hiã.

Egbea la, Yehowa Ðasefowo dzea agbagba dzea kpɔɖeŋu si Yesu kple eyomedzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ɖo ɖi la yome. Eya ta kpekpe siwo wowɔna le woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me la de sɔsɔ ge kple esiwo wowɔ le ƒuƒoƒewo le blema. Ƒo wo katã ta la, taɖodzinu ma ke si nɔ nyateƒea lɔ̃lawo si tso blema ke la kee le Ðasefowo ƒe kpekpewo ŋu egbea—be ‘yewoate ɖe Mawu ŋu.’—Yakobo 4:8.

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Xɔ sia si wogbugbɔ tu la sɔ ɖe ale si ƒe alafa gbãtɔ me Gamla Ƒuƒoƒea nɔ la nu

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Wofiaa nu ŋutsuvi siwo xɔ tso ƒe 6 va ɖo ƒe 13 la le suku siwo nɔ ƒuƒoƒewo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe