INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 4/1 axa 26-29
  • Ðe Biblia Gblɔ Yesu Ŋuti Nyateƒea Katã Na Mía?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Biblia Gblɔ Yesu Ŋuti Nyateƒea Katã Na Mía?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ɣekaɣie Woŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, Eye Ame Kawoe Ŋlɔ Wo?
  • Ame Kae Ƒo Biblia Gbalẽawo Nu Ƒu?
  • Alekee Apokrifa Ŋɔŋlɔawo To Vovoe?
  • Biblia Ŋlɔlawo Xlɔ̃ Nu Tso Xɔsegbegbe Aɖe Si Ava Va Ŋu
  • Nu Si Ta Nàte Ŋu Aka Ðe Nyanyuigbalẽawo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Apokrifa Nya Nyui Gbalẽwo—Yesu Ŋu Nyateƒenya Ɣaɣlɛwoe Wonyea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 4/1 axa 26-29

Ðe Biblia Gblɔ Yesu Ŋuti Nyateƒea Katã Na Mía?

Ðe wòanye be Yesu meku le Golgata abe ale si Biblia gblɔe ene o, ke boŋ be etsi agbea? Nyateƒee wònye be eɖe Maria Magdalatɔ la, eye woa kpli wodzi viwoa? Alo ame si te dzidzɔkpɔkpɔ kple vivisesewo katã eɖokui ye wònyea? Ðe wòanɔ eme be efia nanewo siwo to vovo na nu siwo míexlẽna le Biblia me egbea?

WOBEWOBE siawo va le bɔbɔm le míaƒe ɣeyiɣi siawo me, eye videodzifefewo kple ŋutinyagbalẽwo wɔ akpa aɖe le wo kaka me. Hekpe ɖe ŋutinya kpakpa siawo ŋu la, agbalẽ bubu geɖewo hã li, siwo me nyawo wotu ɖe apokrifa ŋɔŋlɔawo, siwo woŋlɔ tso ƒe alafa evelia kple etɔ̃lia M.Ŋ. me, siwo gblɔ be yewoɖe Yesu ŋuti nyateƒenya aɖewo siwo mele Biblia ƒe Nyanyuigbalẽawo me o ɖe go la dzi. Nyateƒee nya mawo nyea? Ðe míate ŋu aka ɖe edzi be Biblia gblɔ Yesu ŋuti nyateƒewo katã na mía?

Be míaɖo biabia sia ŋu la, anyo be míadzro nya vevi etɔ̃ aɖewo me kpɔ. Gbã la, ele be míanya nu vevi aɖewo tso ame siwo ŋlɔ Nyanyuigbalẽawo kple ɣeyiɣi siwo me woŋlɔ wo la ŋu; evelia, ele be míanya ame si ƒo agbalẽ siwo dzi woda asi ɖo be woanɔ Biblia me la nu ƒu kple ale si wowɔ ƒo wo nu ƒui; eye etɔ̃lia, ele be míanya afi si apokrifa ŋɔŋlɔawo dzɔ tso kple ale si woto vovo tso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gbɔe.a

Ɣekaɣie Woŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, Eye Ame Kawoe Ŋlɔ Wo?

Nuŋlɔɖi aɖewo ɖee fia be ƒe 41 M.Ŋ me lɔƒo, si nye ƒe enyi pɛ ko le Kristo ƒe ku megbee woŋlɔ Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa. Togbɔ be agbalẽnyala aɖewo gblɔ be ƒe geɖe aɖewo megbe hafi woŋlɔe hã la, ame akpa gãtɔ da asi ɖe edzi be ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. mee woŋlɔ agbalẽ siwo katã le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me.

Ame siwo kpɔ Yesu ƒe agbenɔnɔ, eƒe ku, kple tsitretsitsia teƒe la ganɔ agbe ɣemaɣi, siwo ate ŋu anya ne Nyanyuigbalẽawo me nyawo nye nyateƒe alo aʋatso. Eya ta ne wo me nya aɖewo mele eteƒe o la, woate ŋu aʋu goe bɔbɔe. Agbalẽnyalagã F. F. Bruce gblɔ be: “Nu siwo na apostoloawo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe kpe dometɔ ɖekae nye be woƒo nu tso nu siwo ŋu woƒe nyaselawo ŋutɔ nya nu tso la ŋu; womegblɔna ko be ‘mía ŋutɔwo míekpɔ eteƒe o,’ ke boŋ be ‘abe ale si mia ŋutɔwo hã mienyae ene’ (Dɔwɔwɔwo 2:22).”

Ame kawoe ŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo? Yesu ƒe apostolo 12-awo dometɔ aɖewo hã nɔ eme. Ame siawo kple Biblia ŋlɔla bubuwo, abe Yakobo, Yuda, kple ɖewohĩ Marko ene hã nɔ anyi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi esime woɖo Kristotɔwo ƒe hamea anyi. Biblia ŋlɔla siawo katã—Paulo hã le eme—wɔ dɔ kplikplikpli kple Kristotɔwo ƒe hame gbãtɔ sia ƒe dziɖuha, si me tɔwo nye apostoloawo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem.—Dɔwɔwɔwo 15:2, 6, 12-14, 22; Galatiatɔwo 2:7-10.

Yesu dɔ eyomedzelawo be woayi gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔ si gɔme yedze la dzi. (Mateo 28:19, 20) Egblɔ gɔ̃ hã be: “Ame si ɖoa to mi la ɖoa to nye hã.” (Luka 10:16) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, edo ŋugbe na wo be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ, ana ŋusẽ si hiã la wo be woate ŋu awɔ dɔ sia. Eya ta Kristotɔ gbãtɔawo xɔ agbalẽ mawo siwo apostoloawo kple woƒe hadɔwɔla kplikplikpliwo—ame siwo ŋu wòdze le ƒãa be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le dɔ wɔm le wo dzi—ŋlɔ la be Mawu gbɔe wotso.

Biblia Ŋlɔla aɖewo ɖo kpe wo tɔ bubuwo ƒe nuŋlɔɖiwo dzi be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee wotso vavã. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Petro yɔ agbalẽ siwo Paulo ŋlɔ la me nyawo hegblɔ be wonye ‘Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa bubuawo.’ (2 Petro 3:15, 16) Paulo hã ɖo kpe edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã apostoloawo kple Kristotɔ bubu siwo gblɔ nya ɖi.—Efesotɔwo 3:5.

Eya ta kpeɖodzi sẽŋu li be Nyanyuigbalẽawo me nyawo de pɛpɛpɛ eye kakaɖedzi blibo le wo ŋu. Menye gliwo kple nyakpakpawoe le wo me o. Wonye ŋutinyamenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ siwo dzi ame siwo kpɔ nuawo teƒe la ɖo kpee, siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ʋã amewo woŋlɔ ɖi beléletɔe.

Ame Kae Ƒo Biblia Gbalẽawo Nu Ƒu?

Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be sɔlemeha aɖe si woɖo anyi le Fiagã Konstantino ƒe mɔfiafia tee va ƒo agbalẽ siwo le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la nu ƒu, ƒe alafa geɖewo le wo ŋɔŋlɔ vɔ megbe. Gake kpeɖodziwo ɖee fia be menye nyateƒee o.

Le kpɔɖeŋu me, Sɔlemehawo Ƒe Ŋutinyawo Ŋuti Nufialagã Oskar Skarsaune gblɔ be: “Menye sɔlemeha aɖe alo ame ɖeka aɖekee tso nya me le agbalẽ siwo anɔ Nubabla Yeyea me alo esiwo manɔ eme o la ŋu o . . . Ele bɔbɔe be woade dzesi agbalẽ siawo: Kakaɖedzi blibo nɔ nuŋlɔɖi ɖe sia ɖe si woŋlɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me, siwo ŋu kpeɖodzi le be apostoloawo alo woƒe hadɔwɔlawoe ŋlɔ wo la ŋu. Agbalẽ, lɛta, alo yeaɖi nyanyuigbalẽ bubu siwo wova ŋlɔ emegbe la dometɔ aɖeke mele eme o . . . Wode dzesi agbalẽ siwo ŋu kakaɖedzi le la heƒo wo nu ƒu ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na Konstantino kple eƒe dziɖuɖua ƒe sɔlemehaa ɖoɖo anyi. Xɔsetakulawoe na Nubabla Yeyea ka mía si, ke menye dziɖuɖu aɖeke ƒe sɔlemehae o.”

Nufialagãtenɔla Ken Berding, si srɔ̃ nu tso Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋu la gblɔ tso ale si woƒo agbalẽ siwo le eme nu ƒui la ŋu be: “Menye sɔlemehae tia agbalẽ siwo anɔ Biblia me o; esɔ wu be míase egɔme boŋ be agbalẽ siwo dzi Kristotɔwo lɔ̃ ɖo xoxo be wonye Mawu ƒe Nya koe sɔlemeha la hã va xɔ de eme.”

Gake ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ tsɛ mawo ŋutɔ ɖeɖee tia agbalẽ siwo dze anɔ Biblia mea? Biblia na míenya be nu vevi bubu aɖe—si sẽŋu sãsãsã wu—wɔ akpa vevi aɖe le esia me.

Le Biblia ƒe nya nu la, gbɔgbɔa ƒe nunana wɔnuku siwo Kristotɔwo ƒe hame gbãtɔa me tɔ aɖewo xɔ la dometɔ ɖekae nye “nya siwo tso gbɔgbɔ me la gɔme sese.” (1 Korintotɔwo 12:4, 10) Esia fia be wona ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu Kristotɔ mawo be woate ŋu ade vovototo nya siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me kple esiwo metsoe o dome. Eya ta Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Ŋɔŋlɔ siwo le Biblia me la tso.

Eme kɔ ƒãa be gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia tee woƒo agbalẽ siwo le Biblia me la nu ƒu le le wo ŋɔŋlɔ vɔ megbe teti. Tso ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo la, agbalẽŋlɔla aɖewo ɖo kpe edzi be kakaɖedzi le Biblia gbalẽwo ŋu. Esia mefia be agbalẽŋlɔla siawoe tia agbalẽ siwo dze anɔ Biblia me o; ɖeko woɖo kpe agbalẽ siwo Mawu ŋutɔ tia xoxo to eteƒenɔla siwo gbɔgbɔ ʋã dzi la dzi.

Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo hã na kpeɖodzi sẽŋu si ɖee fia be kakaɖedzi le agbalẽ siwo le Biblia me egbea la ŋu. Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ 5,000 kple edzivɔwo, siwo le gbegbɔgblɔ si me woŋlɔ wo ɖo zi gbãtɔ me, siwo dometɔ aɖewo woŋlɔ le ƒe alafa evelia kple etɔ̃lia M.Ŋ. mee li. Asinuŋɔŋlɔgbalẽ siawoe wobu le ƒe alafa gbãtɔawo me be wotso Mawu gbɔ, si ta wowɔ woƒe kɔpi geɖewo hena wode du, ke menye apokrifa ŋɔŋlɔawoe o.

Ke hã, kpeɖodzi siwo le Biblia gbalẽawo ŋutɔ me koŋ ye gana kakaɖedzi le wo ŋu wu. Biblia gbalẽwo katã sɔ ɖe ‘nya nyuitɔwo ƒe kpɔɖeŋu tɔxɛ aɖe nu.’ (2 Timoteo 1:13) Wodea dzi ƒo na ame siwo xlẽa wo be woalɔ̃ Yehowa ahasubɔe, eye woxlɔ̃a nu amewo be woaƒo asa na aʋatsodzixɔse, gbɔgbɔ vɔ̃wo kple nuwɔwɔwo subɔsubɔ. Wosɔ ɖe ŋutinyamenudzɔdzɔwo nu, eye wo me nyagblɔɖiwo le eteƒe. Wodea dzi ƒo na ame siwo xlẽa wo be woalɔ̃ wo havi. Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me nya siawoe na be woto vovo kura tso agbalẽ bubuwo gbɔ. Ðe apokrifa ŋɔŋlɔawo hã le nenema?

Alekee Apokrifa Ŋɔŋlɔawo To Vovoe?

Apokrifa ŋɔŋlɔawo to vovo tso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gbɔ. Ƒe alafa evelia ƒe domedome lɔƒoe woŋlɔ apokrifagbalẽawo, si nye ƒe gbogbo aɖewo le Biblia gbalẽawo ŋɔŋlɔ vɔ megbe. Nya siwo wogblɔ tso Yesu kple Kristotɔnyenye ŋu la mesɔ kple Ŋɔŋlɔ siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me o.

Le kpɔɖeŋu me, apokrifa ŋɔŋlɔawo ƒe akpa si nye Toma Ƒe Nyanyuigbalẽa gblɔ nya wɔmoya aɖewo, siwo dometɔ aɖee nye be Yesu gblɔ be yeatrɔ Maria wòazu ŋutsu ale be wòate ŋu age ɖe Dziƒo fiaɖuƒea me. Woɖɔ Yesu le Toma Ƒe Gɔmedzedze Nyanyuigbalẽa me be enye ɖevi vɔ̃ɖi si ɖoe koŋ wu ɖevi bubu aɖe. Wogblɔ le apokrifa ŋɔŋlɔawo ƒe akpa siwo nye Paulo Ƒe Dɔwɔwɔwo kple Petro Ƒe Dɔwɔwɔwo me be mele be ame nakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me o, eye wogblɔ gɔ̃ hã be apostoloawo nɔ eƒom ɖe srɔ̃nyɔnuwo nu be woadzo le wo srɔ̃wo gbɔ. Wogblɔ le eƒe akpa si nye Yuda Ƒe Nyanyuigbalẽa me be Yesu nɔ eƒe nusrɔ̃lawo kom esi wonɔ gbe dom ɖa na Mawu le nuɖuɣi aɖe. Nya mawo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo o.—Marko 14:22; 1 Korintotɔwo 7:3-5; Galatiatɔwo 3:28; Hebritɔwo 7:26.

Apokrifa ŋɔŋlɔawo de Gnostics dzixɔsewo, siwo dometɔ ɖekae nye be Yehowa, Wɔla la, menye Mawu nyui o la dzi. Woxɔe se hã be tsitretsitsi ŋutɔŋutɔ aɖeke meli o, be xexea me nuwo katã ŋu dɔ wɔwɔ nye nu vɔ̃, eye be Satana ye ɖo srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi gɔme anyi.

Ame aɖewo siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ƒe ŋkɔwoe woyɔ be woawoe ŋlɔ apokrifagbalẽawo dometɔ geɖe, gake alakpae. Ðe wòanye be ame aɖewoe ɖo nugbe ɖe agbalẽ mawo ɖa le Biblia mea? Agbalẽnyala aɖe si woyɔna be M. R. James gblɔ tso apokrifagbalẽawo ŋu be: “Menye ame aɖekee ɖo nugbe heɖe wo le Nubabla Yeyea me o: ke boŋ esi wo me nyawo tsi tsitre ɖe Nubabla Yeyea ŋu tae womele eme o ɖo.”

Biblia Ŋlɔlawo Xlɔ̃ Nu Tso Xɔsegbegbe Aɖe Si Ava Va Ŋu

Nuxlɔ̃ame geɖe le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me ku ɖe xɔsegbegbe aɖe si le nu gblẽ ge le Kristo hamea ŋu la ŋu. Le nyateƒe me la, xɔsegbegbe ma dze egɔme tso ƒe alafa gbãtɔa me ke, eye apostoloawoe xe mɔ ɖe eƒe takeke nu. (Dɔwɔwɔwo 20:30; 2 Tesalonikatɔwo 2:3, 6, 7; 1 Timoteo 4:1-3; 2 Petro 2:1; 1 Yohanes 2:18, 19; 4:1-3) Nuxlɔ̃ame mawo na míese nu si tae le apostoloawo ƒe ku megbe la, agbalẽ mawo, siwo me nyawo tsi tsitre ɖe Yesu ƒe nufiafiawo ŋu la te dodo ɖo la gɔme.

Enye nyateƒe be nuŋlɔɖi mawo li tso gbe aɖe gbe ke, eye be agbalẽnyalawo kple ŋutinyaŋlɔlawo dea asixɔxɔ wo ŋu ya. Gake bu nya sia ŋu kpɔ: Tsɔe be agbalẽnyalawo ƒo nuŋlɔɖi siwo ŋu kakaɖedzi mele o, ɖewohĩ tso magazine siwo me wogblɔa ameŋugblẽnyawo le kple subɔsubɔha zazɛnyahelawo ƒe agbalẽ siwo li egbea me la nu ƒu hetsɔ wo yi ɖaɣla ɖe xɔ aɖe me. Ðe nuŋlɔɖi mawo ate ŋu ava zu nyateƒenyawo le ƒe gbogbo aɖewo megbea? Ðe alakpanya kple nya totro siwo le wo me ate ŋu atrɔ azu nyateƒenyawo le ƒe 1,700 megbe, le esi wonɔ anyi ƒe gbogbo mawo ta?

Kpao! Nenema kee gbɔgblɔ be Yesu ɖe Maria Magdalatɔ kple nya manyatalenu bubu siwo le apokrifagbalẽawo me hã le. Nu ka tae nàxɔ nya mawo ƒomevi siwo ŋu kakaɖedzi mele o dzi ase, vevietɔ esi bubu siwo ŋu kakaɖedzi le la li? Nu sia nu si Mawu di be míanya tso ye Via ŋu la le Biblia, si nye nuŋlɔɖi si dzi míate ŋu aka ɖo la me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Agbalẽ suesuesue 66 siwo me nyawo ɖee fia kɔtɛ be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ wo lae ƒo ƒu wɔ Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo. Wobua agbalẽ siawo dometɔ ɖe sia ɖe be enye Mawu ƒe Nya la ƒe akpa aɖe si le vevie.

[Nuwo ƒe nɔnɔme/​Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

YESU ƑE AGBENƆƔI HELA ŊƆŊLƆAWO APOKRIFA ŊƆŊLƆAWO

2 B.C.E. 33 C.E. 41 98 130 300

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Kenneth Garrett/National Geographic Image Collection

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Apostolo Paulo wɔ nukunuwo, efɔ ame kuku ɖe tsitre gɔ̃ hã, si nye kpeɖodzi sẽŋu aɖe be Mawu ƒe gbɔgbɔe nɔ megbe na eƒe dɔwɔnawo kple nuŋlɔɖiwo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe