Te Ðe Mawu Ŋu
“Wò Fiazikpui Ali Ke Tegbee”
LE AMEGBETƆWO ƒe ŋutinya katã me la, woɖe dziɖula geɖewo le zi dzi. Woda akɔ hafi ɖe ɖewo le zi dzi, eye woɖe bubuwo hã akpasesẽtɔe. Ke Yesu Kristo, Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ya ɖe? Ðe nane ate ŋu axe mɔ nɛ be wòado kpo dziɖuɖu abe Fia si Mawu tia enea? Míakpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo le nya siwo Yehowa gblɔ na blema Israel Fia David, abe ale si wòdze le 2 Samuel ta 7 ene la me.
Wogblɔ le ta ma ƒe gɔmedzedze be ete ɖe David dzi be ye, si nye amegbetɔ dzro ko la, yele fiasã dzeani aɖe me, evɔ Mawu ƒe aɖaka ya le agbadɔ tsɛ aɖe ko me.a David ɖe ale si wòdi vevie be yeatu xɔ alo gbedoxɔ nyui aɖe la gblɔ na Yehowa. (Kpukpui 2) Gake menye David ye atu xɔ la o. Yehowa dɔ nyagblɔɖila Natan wògblɔ na David be viae atu gbedoxɔ la.—Kpukpui 4, 5, 12, 13.
Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe didi vevie si nɔ David me la ŋu ŋutɔ. Le ale si David tsɔ eɖokui na Mawu kple egbɔ kpɔkpɔ be nyagblɔɖi aɖe nava eme ta la, Mawu bla nu kplii be yeana ame aɖe nado tso eƒe fiaƒomea me, si aɖu fia tegbee. Natan gblɔ Mawu ƒe ŋugbedodo tɔxɛ sia na David be: “Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.” (Kpukpui 16) Ame kae anye nubabla sia ƒe Domenyila si aɖu fia tegbee?—Psalmo 89:21, 30, 35-37.
David ƒe dzidzimevie Yesu Nazaretetɔ la nye. Esime mawudɔla aɖe nɔ gbeƒã ɖem Yesu dzidzi la, egblɔ be: “Yehowa Mawu atsɔ fofoa David ƒe fiazikpui la anae, eye wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe la dzi tegbee, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.” (Luka 1:32, 33) Eya ta Yesu Kristo dzie nubabla si Mawu wɔ kple David la va eme ɖo. Eya ta menye amegbetɔwoe ɖoe fiae o, ke boŋ Mawue tsɔ gome sia nae le eƒe nubabla la nu be wòaɖu dzi tegbee. Ele be míaɖo ŋku edzi be Mawu ƒe ŋugbedodowo vaa eme ɣesiaɣi.—Yesaya 55:10, 11.
Nufiame vevi evee le 2 Samuel ta 7 lia me na mí. Gbã la, míate ŋu aka ɖe edzi be naneke alo ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na Yesu Kristo be wòado kpo dziɖuɖu o. Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be awɔ nu si ta woɖoe zi dzi la ade goe, si nye be wòana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.—Mateo 6:9, 10.
Evelia, ŋutinya sia fia nu vevi aɖe mí tso Yehowa ŋu. Ðo ŋku edzi be Yehowa de dzesi David ƒe dzimedidiwo eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Edea dzi ƒo ŋutɔ be míanyae be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu ne míetsɔ mía ɖokuiwo na le eƒe tadedeagua dodo ɖe ŋgɔ me. Ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o, abe lãmegbegblẽ alo tsitsi ene, awɔe be míate ŋu awɔ nu siwo katã míedi be míawɔ le Mawu subɔsubɔ me o. Ne edzɔ nenema la, míate ŋu akpɔ akɔfafa tso nyanya be Yehowa te ŋu kpɔa míaƒe dzi me ke henyaa ale si gbegbe míedi vevie be míado eƒe tadedeagua ɖe ŋgɔ la me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Nubablaɖaka la nye aɖaka kɔkɔe si wokpa le Yehowa ƒe mɔfiafia te le ale si eya ŋutɔ dii nu. Aɖaka siae nye dzesi na blema Israel viwo be Yehowa le wo dome.—2 Mose 25:22.