INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 4/15 axa 29-32
  • Yehowa Di Be Nànɔ “Dedie”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Di Be Nànɔ “Dedie”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dedienɔnɔ Ŋuti Nyawo Le Mose Ƒe Sea Me
  • Dedienɔnɔ Le Xɔtudɔwo Me
  • Akpa Si Lɔlɔ̃ Wɔna
  • Aŋutsrɔewo Zazã—Ðe Nèléa Ŋku Ðe Ametakpɔmɔnu Siawo Ŋua?
    Nyɔ!—2000
  • Alesi Nàwɔ Anɔ Dedie le Dɔwɔƒe
    Nyɔ!—2002
  • Xɔtudɔ Siwo Dea Bubu Yehowa Ŋu
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Fiaɖuƒe Akpata Tutudɔ—Subɔsubɔ Kɔkɔea Ƒe Akpa Vevi Aɖee
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 4/15 axa 29-32

Yehowa Di Be Nànɔ “Dedie”

NE NUDZƆDZƆ si me afɔku anɔ wu ɖe sia ɖe le ŋutinya me la ɖo edzi la, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la akpɔ egbɔ be ame siwo katã ƒe nu dzea ye ŋu la “ado le eme dedie.” (Yoel 3:5, NW) Gake le nyateƒe me la, Yehowa dina ɣesiaɣi be yeakpɔ amewo ta tso afɔku me. Esi wònye be “[Egbɔe] agbedzɔƒe le” ta la, ebua amegbetɔwo katã be asixɔxɔ le wo ŋu eye wodze be yeakpɔ wo ta.—Ps. 36:10.

Mawu ƒe nukpɔsusu le agbe ŋu nɔ esubɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema la hã si. Wogblɔ le 1 Mose 33:18 be, Yakob kple eƒe ƒomea wu mɔzɔzɔ aɖe si me afɔku ate ŋu adzɔ le la nu “dedie.” Yakob ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ ye ta, gake eya ŋutɔ hã ɖe afɔ vevi aɖewo be yeatsɔ akpɔ ame siwo katã nɔ mɔa zɔm kpli ye la ta. (1 Mose 32:8, 9; 33:14, 15) Ne ètsɔa Biblia me gɔmeɖosewo wɔa dɔe la, esia ate ŋu ana mia kple ame bubuwo mianɔ dedie wu. Na míakpɔ ale si nyateƒenya sia ku ɖe ame siwo tua Fiaɖuƒe Akpatawo kple ame siwo wɔa xɔtudɔ siawo ƒomevi kpakple ame siwo naa kpekpeɖeŋu ne afɔkuwo dzɔ la ŋui ɖa.

Dedienɔnɔ Ŋuti Nyawo Le Mose Ƒe Sea Me

Mose ƒe Sea bia tso Mawu ƒe amewo si be woawɔ nu siwo ana woanɔ dedie. Le kpɔɖeŋu me, Sea bia be ne Israel vi aɖe tu xɔ la, ele be wòatɔ kpɔ ɖe xɔa tame. Esi wònye be amewo nɔa woƒe xɔwo, siwo tame nɔa gbadza la, dzi zi geɖe ta la, kpɔtɔtɔ ma kpɔa wo ta be ame aɖeke nagage tso xɔa ta o. (1 Sam. 9:26; Mat. 24:17) Ne afɔku aɖe dzɔ le esi aƒea tɔ mewɔ ɖe dedienɔnɔ ƒe se sia dzi o ta la, Yehowa abia akɔnta tso esi.—5 Mose 22:8.

Mɔfiamewo hã nɔ Sea me siwo akpɔ amewo ta tso aƒemelãwo ƒe nu vevi wɔame si me. Ne nyitsu aɖe tu dzo ame aɖe wòku la, ele be nyia tɔ nawu nyi la, bene ame bubuwo nanɔ dedie. Esi wònye be Sea meɖe mɔ be wòaɖu nyi ma ƒe lã alo adzrae o ta la, lã ma wuwu ana wòanyi fe ŋutɔ. Gake tsɔe be nyitsu aɖe wɔ nu vevi ame aɖe evɔ nyia tɔ mekpɔ edzi o la, nu kae adzɔ? Ne emegbe nyi ma ke wu ame aɖe la, woawu nyi la kple nyia tɔ siaa. Se ma ƒoe ɖe ame sia ame si menɔa ŋudzɔ ɖe eƒe lãhawo ŋu o la nu be wòatrɔ eƒe nɔnɔme.—2 Mose 21:28, 29.

Sea de dɔwɔnuwo zazã le mɔ nyuitɔ nu hã ƒe dzi ƒo. Israel vi geɖe lãa nakee kple fia. Ne ame aɖe le nake lãm, eye kasia, fia la tu le atia nu hedze ame aɖe si le exa wòku la, ele na atia dzela be wòasi ayi sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka me. Ele nɛ be wòanɔ afi ma halase esime nunɔlagã la ku, si ate ŋu afia be ame si mebua wu ame o la naklã tso eƒe ƒomea gbɔ ƒe geɖe. Ðoɖo ma fia dukɔa be agbe nye nu kɔkɔe na Yehowa. Eya ta ame si si Mawu ƒe nukpɔsusu le agbe ŋu le la akpɔ egbɔ be yeƒe dɔwɔnuwo le nɔnɔme nyui me, eye azã wo ŋuɖɔɖotɔe be woagawɔ nu vevi ame aɖeke o.—4 Mose 35:25; 5 Mose 19:4-6.

Yehowa to se siawo dzi na eme kɔ na eƒe amewo be yedi be woawɔ nu siwo ana woanɔ dedie le woƒe aƒewo me kple gota siaa. Yehowa abia akɔnta tso ame siwo mebua hafi wu ame alo wɔ nu vevi ame o la gɔ̃ hã si. Yehowa ƒe nukpɔsusu le dedienɔnɔ ƒe nyaa ŋu metrɔ o. (Mal. 3:6) Egbea hã la, edi be amewo naƒo asa nu vevi wɔwɔ wo ɖokuiwo kple ame bubuwo siaa. Esia nye nyateƒe, vevietɔ ne míele xɔ siwo míezãna le tadedeagu vavãtɔ me la tum alo míele wo dzram ɖo.

Dedienɔnɔ Le Xɔtudɔwo Me

Míebua gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, kple alɔdzedɔwɔƒewo tutu me be wonye mɔnukpɔkpɔ gãwo. Nenema kee míebua dɔ siwo míewɔna tsɔ kpea asi ɖe mía nɔvi siwo dzi afɔku dzɔ ɖo ŋu la hã. Míedina be míawɔ míaƒe dɔwo ŋuɖɔɖotɔe ɣeawokatãɣi, elabena ŋumaɖɔmaɖɔɖo, le dɔ suewo wɔwɔ gɔ̃ hã me, ate ŋu ana nu vevi nawɔ míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo. (Nyagb. 10:9) Le nyateƒe me la, ne dɔwɔwɔ ŋuɖɔɖotɔe zu numame na mí la, míate ŋu axe mɔ ɖe nu vevi wɔwɔ ame nu.

Biblia gblɔ be: “Ðekakpuiwo ƒe atsyɔ̃ enye woƒe ŋusẽ, eye ta ɣi enye amegã ɖeɖiwo ƒe bubu.” (Lod. 20:29) Ðekakpuiwo ƒe ŋusẽ hiã hena dɔ sesẽwo wɔwɔ. Ke hã, dɔwɔla taɣiwo alo dɔwɔla tsitsiwo—siwo nye ame siwo kpɔ nuteƒe le xɔtutu me—tsɔa woƒe asiwo kple dɔwɔnuwo wɔa aɖaŋudɔwo. Eye esime ame tsitsi siawo nye ɖekakpuiwo la, wotsɔ woƒe ɖekakpuimeŋusẽ wɔ dɔ sesẽwoe. Ne lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla yeyee nènye la, lé ŋku ɖe ale si dɔwɔla kpɔnuteƒewo wɔa dɔe ŋu, eye wɔ ɖe woƒe mɔfiamewo dzi. Ne èdi be yeasrɔ̃ nu vavã la, nɔviŋutsu siwo kpɔ nuteƒe le xɔtutu me la afia nu geɖe wò. Nu siwo woafia wò la dometɔ aɖewoe nye mɔ nyuitɔ si nu nàzã dɔwɔnu siwo ate ŋu awɔ nu vevi ame bɔbɔe la le kple ale si wòle be nàkɔ nu kpekpewoe. Esia ana wò dɔwo natsɔ afɔ nyuie, ànɔ dedie, eye ànɔ dzidzɔ kpɔm.

Ne xɔtudɔwo le edzi yim la, ele be dɔwɔlawo nanɔ ŋudzɔ ɣeawokatãɣi. Nuwo tea ŋu trɔna kpata. Afi si anyigba sɔ nyuie le tsã la, ate ŋu ava zu teƒe si ʋe le. Ðewohĩ dɔwɔla bubu siwo hã le gome kpɔm le xɔtudɔa me la ɖɔ li nɔƒe na atrakpui, ʋuƒo, alo tɔkpo aɖe, si me aŋɔ le. Ne mèle ŋudzɔ o la, àte ŋu adze afɔku bɔbɔe. Dedienɔnɔ ŋuti mɔfiamewo biana zi geɖe be, ame siwo le dɔ wɔm le xɔtudɔwɔƒewo nazã ameɖokuitakpɔnuwo. Gaŋkui tɔxɛwo, kuku sesẽwo, kple dɔwɔfɔkpa siwo sɔ ate ŋu akpɔ tawò tso afɔku geɖe me le xɔtudɔwo me. Gake ne èna dɔwɔnu siawo le nɔnɔme nyui me eye nèzãa wo ko hafi nànɔ dedie.

Togbɔ be dɔwɔnu geɖewo adze nu siwo ŋu dɔ woate ŋu awɔ bɔbɔe hã la, wo zazã aɖaŋutɔe le mɔ si ana nu vevi mawɔ wò o nu bia hehexɔxɔ kple wo zazã edziedzi. Ne ehiã be nàzã dɔwɔnu aɖe gake mènya ezazã o la, na nɔviŋutsu si le dɔa dzi kpɔm la nanya. Awɔ ɖoɖo be woafia ezazã nyuie wò. Afi si wò ŋutete se ɖo nyanya nye nɔnɔme nyui aɖe. Le nyateƒe me la, nɔnɔme sia ɖeɖe fia le vevie bene nu vevi nagawɔ wò ŋutɔ alo ame bubu siwo le dɔa wɔm kpli wò o.—Lod. 11:2.

Gege tso dzi nye nu si naa amewo dzea afɔku le xɔtudɔwo me wu la dometɔ ɖeka. Hafi nàlia aŋutsrɔe alo ade agba si dzi wotɔna ɖo wɔa dɔ dzi la, kpɔ egbɔ be nu siwo katã wodea eŋu be ezãla nanɔ dedie la le wo teƒe eye wòle nɔnɔme nyui me. Ne ehiã be nàde agba dzi alo anɔ xɔ tame awɔ dɔ la, ɖewohĩ ahiã be nàzã ka si ame tsina ɖe eɖokui ŋu be wòagage o, alo nàkpɔ egbɔ be wotɔ gakpɔ ɖe agbaa dzi le ɖekawɔwɔ me kple dedienɔnɔ ƒe mɔfiamewo. Ne ehiã be nàde dzi hafi awɔ dɔ aɖe, evɔ nyabiase aɖewo le asiwò ku ɖe eŋu la, ekema bia dɔdzikpɔlaa.a

Esi wònye be Yehowa subɔlawo le dzidzim ɖe edzi le xexea me godoo ta la, ehiã be míanɔ Fiaɖuƒe Akpatawo kple xɔ bubu siwo míezãna le tadedeagu vavãtɔa dodo ɖe ŋgɔ me la tum geɖe wu. Ame siwo kpɔa dɔ dzi le Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔ kple xɔtudɔ siawo ƒomevi me la ƒe agbanɔamedzie wònye be woakpɔ Yehowa ƒe alẽ xɔasi siwo le dɔ wɔm le woƒe mɔfiafia te la ta. (Yes. 32:1, 2) Ne mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nànɔ nɔviwòwo nu le xɔtudɔ aɖe me la, mègaŋlɔ dedienɔnɔ ƒe vevienyenye be gbeɖe o. Kpɔ egbɔ be dɔwɔƒea le dzadzɛ eye nu siwo mehiã o la nanɔ asa me. Le ame siwo wòhiã be woaɖo ŋku nu dzi na gome la, tsɔ tufafa si ŋu moveviɖoɖo kpe ɖo la fia ale si woawɔ dɔa bene woanɔ dedie la wo. Mègaɖe mɔ be sɔhɛwo kple dɔwɔla makpɔnuteƒewo nagogo teƒe siwo afɔku ate ŋu adzɔ le bɔbɔe la o. Dze agbagba nàkpɔ afɔku si ate ŋu adzɔ le dɔ aɖe wɔwɔ me la do ŋgɔ, eye nàfia ale si woawɔ dɔae be woanɔ dedie la dɔa wɔlawo. Ðo ŋku edzi be, míaƒe taɖodzinue nye be míawu dɔa nu afɔku manɔmee.

Akpa Si Lɔlɔ̃ Wɔna

Fiaɖuƒe Akpatawo kple xɔ bubu siwo míezãna le tadeagu vavãtɔ me la tutu nye dɔ siwo me afɔkuwo ate ŋu adzɔ le. Eya ta ele be ame siwo kpɔa gome le dɔ siawo wɔwɔ me la naɖɔ ŋu ɖo. Ne èdea bubu Biblia me gɔmeɖosewo ŋu, ne èwɔna ɖe dedienɔnɔ ƒe mɔfiame siwo le dɔa ŋu dzi, eye nèwɔa nuŋububu nyui ŋu dɔ la, àƒo asa na afɔkuwo, eye àkpɔ wò dɔwɔhatiwo hã ta tso nu vevi wɔame me.

Nu kae nye susu vevitɔ si ta dedienɔnɔ ƒe nyaa le vevie na mí alea gbegbe ɖo? Lɔlɔ̃ ye. Ɛ̃, lɔlɔ̃ na Yehowa ʋãa mí míedea asixɔxɔ agbe ŋu abe ale si eya ŋutɔ hã dea asixɔxɔ eŋu ene. Eye lɔlɔ̃ na mía haviwo wɔnɛ be míeɖɔa ŋu ɖo be míagawɔ naneke si ana nu vevi nawɔ wo o. (Mat. 22:37-39) Eya ta mina míawɔ míaƒe ŋutete katã be ame sia ame nanɔ “dedie” le míaƒe xɔtudɔwo wɔwɔ me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Nàzã Aŋutsrɔewoe Be Nànɔ Dedie” le axa 30.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 30]

Ale Si Nàzã Aŋutsrɔewoe Be Nànɔ Dedie

Le ƒe aɖe si va yi nyitsɔ laa me le United States la, dɔwɔla siwo wu 160,000 ge le aŋutsrɔewo dzi dze afɔku. Hekpe ɖe eŋu la, ame 150 ku le anyidzedze mawo me. Afi ka kee nèɖale o alo wɔa dɔ le o, mɔfiame siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na gege le aŋutsrɔe dzi.

◇ Mègazã aŋutsrɔe si le ʋuʋum alo esi gblẽ o, eye mègate kpɔ be yeadzra aŋutsrɔe sia ƒomevi ɖo o. Gblẽ edome boŋ.

◇ Kpekpeme aɖe koŋ ye wowɔ aŋutsrɔe ɖe sia ɖe be wòakɔ. Kpɔ egbɔ be wò ŋutɔ kpakple dɔwɔnu siwo katã zã ge nàla la ƒe kpekpeme bliboa nagagbɔ esi wowɔ aŋutsrɔea be wòatsɔ la ŋu o.

◇ Na wò aŋutsrɔea nanɔ anyigba sɔsɔe si sẽ nyuie dzi. Mègatsɔ aŋutsrɔea ɖo nu si meli sesĩe o, abe agba si dzi wotɔna ɖo, tɔkpowo, alo aɖakawo dzi o.

◇ Dze ŋgɔ aŋutsrɔe la ɣesiaɣi si nèle eliam alo nèle ɖiɖim le edzi.

◇ Mègatsi tsitre alo anɔ anyi ɖe aŋutsrɔe ƒomevi aɖeke ƒe afɔɖoƒe mamlɛtɔ eve siwo le etame la dzi o.

◇ Hafi nàzã aŋutsrɔe si wohena wòdidina la, kpɔ egbɔ be edidi wu nu si dzi dem nèle alo gli si ŋu nèviãe ɖo la meta 1 ya teti. Bla eƒe afɔtiawo ɖi alo nàklã ʋuƒo aɖe ɖe wo gɔme atsɔ akpɔ egbɔ be woagaɖiɖi o. Ne màte ŋu ana aŋutsrɔea nanɔ dedie le mɔ siawo nu o la, na ame aɖe nalée ɖe asi esime nède edzi le dɔa wɔm. Bla aŋutsrɔea ƒe tame ɖe nane ŋu nyuie nàtsɔ akpɔ egbɔ be wòagamu ayi akpa ɖeka o.

◇ Mègatsɔ agba si nèli ɖi ƒe ʋuƒowo aɖo aŋutsrɔe ƒe afɔɖoƒeawo dzi wòanye agba si dzi nàde awɔ dɔ o.

◇ Ne èhe wò abɔwo kple wò afɔwo me esime nèle aŋutsrɔe dzi le dɔ wɔm la, ate ŋu awɔe be aŋutsrɔea naʋuʋu alo amu. Ƒo asa na nu sia si me afɔku le la wɔwɔ. Ði le aŋutsrɔea dzi nàhee ne wòate ɖe dɔ si wɔm nèle ŋu zi gbɔ zi ale si esia ahiã.

◇ Ne ehiã be nàde aŋutsrɔe aɖe dzi awɔ dɔ le ʋɔtru aɖe si le tutu ŋgɔ la, wɔ nyanyanadzesi aɖe ɖe ʋɔtrua ŋu eye nàtui kple safui. Ne manya wɔ be nàtui kple safui o la, na ame aɖe natɔ ɖi anɔ ame siwo le eme tsom la ƒe susu hem anɔ edzi yim.

◇ Ame ɖeka pɛ ko nade aŋutsrɔe dzi negbe ɖe wowɔe be dɔwɔla eve nade edzi.b

[Etenuŋɔŋlɔ]

b Àte ŋu akpɔ mɔfiame bubuwo ku ɖe ale si nàzã aŋutsrɔe atsɔ awɔ dɔe ŋu le February 8, 2000, ƒe Nyɔ! me, le axa 24 (yevugbe me tɔ, August 8, 1999, axa 22).

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mose ƒe Sea bia be woatɔ kpɔ ɖe xɔ siwo tame le gbadzaa la ta

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe