Fiaɖuƒe Akpata Tutudɔ—Subɔsubɔ Kɔkɔea Ƒe Akpa Vevi Aɖee
1. Dɔ kawoe wowɔ le Fiaɖuƒe Akpata tutudɔa me, gake hiahiã kae gakpɔtɔ li?
1 Le ƒe adre siwo va yi me la, wotu Fiaɖuƒe Akpata yeye geɖe alo wogbugbɔ trɔ asi le wo dometɔ geɖe ŋu le Ghana. Míekpɔa ŋudzedze ɖe Fiaɖuƒe Akpata tuhawo kple ame siwo katã kpe asi ɖe wo ŋu la ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ ŋu. Togbɔ be wowɔ dɔ geɖe xoxo hã la, geɖe gali míawɔ le Fiaɖuƒe Akpata tutudɔa me. Aleke mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akpe asi ɖe subɔsubɔ kɔkɔe si míetsɔna na Yehowa ƒe akpa vevi sia ŋui?—Nyaɖ. 7:15.
2. Aleke míate ŋu akpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata tutudɔa ŋu tẽe?
2 Tsɔ Ðokuiwò Na Faa: Ne gbeƒãɖelae nènye la, ekema míele dzi dem ƒo na wò be nàkpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata tuhawo ŋu ne woɖe gbeƒã ku ɖe xɔtudɔ aɖe ŋu le miaƒe nutoa me. (Ps. 110:3) Ele be ame siwo katã di be yewoawɔ lɔlɔ̃nu faa dɔ sia la nanye ame siwo alɔ̃ awɔ dɔ aduadu kple ame bubuwo. (Ps. 133:1) Ne mènya xɔtuɖaŋu aɖeke o hã la, àte ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe be xɔtudɔa nakpɔ dzidzedze.
3. Nu ka tae wòhiã vevie be míatsɔ mía ɖokui ana le Fiaɖuƒe Akpata tutudɔa me?
3 Nɔviŋutsu atɔ̃ aɖewo koe wona hehee be woanɔ xɔtuha ƒe ƒuƒoƒo aɖe me be woava kpe ɖe mia ŋu miatu miaƒe Fiaɖuƒe Akpata ahawu enu le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe dzi. Esia fia be ehiã godoo be nɔvi siwo le nutoa me nakpe asi ɖe dɔa ŋu hafi wòadze edzi. Ne nɔvi ʋɛ aɖewo koe tsɔ wo ɖokui na, eye womete ŋu wu xɔtudɔa nu le ɣeyiɣi si woɖo ɖi dzi o la, esia agblẽ nu le hame bubu siwo le lalam be yewoatu Fiaɖuƒe Akpata yeye la ŋu.
4. Mɔ bubu kawo hã dzie míato akpe asi ɖe xɔtudɔa ŋu le?
4 Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia: Fiaɖuƒe Akpatawo tutudɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe gakpekpeɖeŋunana dzi. Le dɔa wɔɣi la, hamea naa dzeƒe kple nuɖuɖu siwo me nunyiame le la xɔtudɔwɔlawo. Nɔvi geɖe naa nuɖuɖu siwo woate ŋu atsɔ akpɔ dɔwɔlawo dzii. Nɔviwo dzɔa nu be woate ŋu akpɔ ga atsɔ aƒle nu bubu siwo hiã na dɔwɔlawo dzi kpɔkpɔ. Togbɔ be ganyawo mede hame aɖewo dzi le nuto aɖewo me o hã la, nɔviwo mekpɔnɛ be esia nye agba o, ke boŋ be enye mɔnukpɔkpɔ si yewoatsɔ aɖe yewoƒe lɔlɔ̃ na Yehowa, na eƒe amewo, kple Fiaɖuƒea afia.—Lod. 3:9.
5. Nu ka tae wotrɔ asi le Fiaɖuƒe Akpata ƒe atsyãwo ŋu be woanɔ kpokploe?
5 Wotrɔ asi le Fiaɖuƒe Akpata ƒe atsyãwo ŋu be woanɔ kpokploe, eye be woazã xɔtunu siwo le nutoa me. Taɖodzinua enye be woate ŋu azã gadzɔdzɔ sue si li la atsɔ atu akpata geɖe. Ewɔnɛ hã be beléle na míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo mesesẽna o. Miedze na kafukafu be akpata ƒe atsyã kpokploe siawo dzea mia ŋu. Esi míenya be mehiã be míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo nanye xɔ gã nyadri siwo woɖo atsyɔ̃ na be wòadze amewo ŋu o ta la, ekpena ɖe mía ŋu be míedaa míaƒe susu ɖe ‘nu siwo le vevie wu’ la dzi.—Fil. 1:10, NW.
6. Nu kawoe míawɔ atsɔ alé be na míaƒe Fiaɖuƒe Akpata la?
6 Milé Be Na Miaƒe Fiaɖuƒe Akpata La: Ne wowu akpata aɖe tutu nu ko la, hamea yia edzi dzɔa nu tso dzi me faa be woatsɔ axe ga si wodo na wo ɖe xɔtudɔa ŋu. (Kor. II, 9:2) Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔe be mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míadzɔ nu eye míatsɔ mía ɖokui ana faa le beléle na akpataa kple edzadzraɖo me, be wòayi edzi anɔ nɔnɔme nyuie me. Ele be ɣesiaɣi la, Fiaɖuƒe Akpata la me kple egodo siaa nanɔ dzadzɛ, wòaƒo nu nyui tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu.—od-EW axa 120-121.
7. Ne hamea me tɔwo katã wɔ nu aduadu hena tadedeagu vavãtɔa dodo ɖe ŋgɔ la, vi kae wòɖena?
7 Apostolo Paulo ƒo nu tso ame siwo le hamea me ŋu be wowɔa dɔ ɖekae hena ‘ŋutilã ƒe tsitsi hena etutu le lɔlɔ̃ me.’ (Ef. 4:16) Ale si míelɔ̃ Yehowa kple tadedeagu vavãtɔ lae ʋãa mí be míeyia edzi kpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutudɔ, si nye subɔsubɔ kɔkɔe ƒe akpa aɖe la ŋu.