Na Sɔhɛwo
Na Kakaɖedzi Nanɔ Asiwò Ɣesiaɣi!
Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.
Ame siwo koŋ ŋu ŋutinyaa ku ɖo: Yeremiya, Ebed-Melex, Fia Zedekiya
Ŋutinyaa totoɖeme: Wotsi tsitre ɖe Yeremiya ŋu vevie esi wòɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi si nye be ele be Yudatɔwo nana ta Kaldeatɔwo.
1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ YEREMIYA 38:1-5.
Alekee nèsusu be Yeremiya se le eɖokui me esime wònɔ gbeƒã ɖem na Yudatɔawo?
․․․․․
Seselelãme kae nède dzesi le Yeremiya ƒe gbe me esi wònɔ Yehowa ƒe nuxlɔ̃amegbedeasia gblɔm?
․․․․․
WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.
Kakaɖedzi kawoe nɔ Yeremiya si siwo do ŋusẽe wòte ŋu ɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe nenema?
․․․․․
2 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ YEREMIYA 38:6-13.
Bu eŋu kpɔ nàkpɔe ɖa be alekee vudoa ƒe kekeme kple goglome anɔ hã; alekee nèsusu be eme anɔ ʋeʋẽm?
․․․․․
Susu kawoe anya va tame na Yeremiya esime ‘wònɔ to ɖom ɖe ba la me’? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 6.)
․․․․․
WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.
Dze agbagba nàwɔ numekuku tso nu siwo menya tso vudo siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo ŋu tsã o la ŋu.
․․․․․
Kakaɖedzi kae anya nɔ Ebed-Melex si si ʋãe wòdze agbagba be yeaɖe Yeremiya? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 7-9.)
․․․․․
Nu ka gbɔe wòtso be amegãwo te ŋu ble Zedekiya nu gbã, eye emegbe wògate ŋu xɔ Ebed-Melex hã ƒe nyawo de eme bɔbɔe nenema? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 5 kple 10.) Nu kae esia fia tso eƒe amenyenye kple ale si mete ŋu nɔa te sesĩe o ŋu?
․․․․․
Ame kawoe ɖe dzinɔameƒo fia le ŋutinya sia me, eye ame kawoe mete ŋu ɖee fia o? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?
․․․․․
3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI . . .
Dzinɔameƒo.
․․․․․
Kakaɖedzinɔamesi.
․․․․․
․Ale si Yehowa kpɔa ame siwo ɖoa toe vɔvɔ̃manɔmee la ta.
․․․․․
․Ne èɖo xaxa me la, alekee kakaɖedzinɔamesi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nawɔ nu si sɔ?
․․․․․
4 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?
․․․․․
NE BIBLIA MELE ASIWÒ O LA XƆ ÐEKA LE YEHOWA ÐASEFOWO GBƆ, ALO, XLẼ YEVUGBE ME TƆ LE www.watchtower.org