Gbeƒãɖeɖe ‘Nya Nyuia’ Le Ƒukpo Siwo Le Australia Ƒe Dziehe Kekeake Dzi
YESU gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi.” (Mateo 24:14) Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe Yesu ƒe sedede sia dzi hedzea agbagba ɖea gbeƒã na amewo le afi sia afi. (Mateo 28:19, 20) Lɔlɔ̃nu faa dɔe dɔ sia nye, togbɔ be abia nɔnɔme sesẽwo me toto kple ame ŋutɔ ƒe nunɔamesiwo zazã ɣeaɖewoɣi hã.
Le kpɔɖeŋu me, Nathan kple Carly trɔ asi le woƒe nɔnɔmewo ŋu ale be woate ŋu aɖe gbeƒã na ame siwo le Torres Strait Ƒukpo siwo sa ɖe aga la dzi. Le ƒe 2003 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Australia la teƒenɔla aɖe mia asi wo be woayi Thursday Island aɖakpe ɖe hame si le afi ma ŋu. Ƒukpo ma nye ƒukpo dama gbogbo siwo tsya ɖe wo nɔewo nu le Pasifik ƒua nu le Australia kple New Guinea dome, henya kpɔ abe dzonuwoe wotɔ ka ɖi ene la dometɔ ɖeka.
Le ƒe 2007 me la, ƒomea ƒle atitɔdziʋu xoxoe aɖe si woyɔna be Teisan-Y. Wozã woawo ŋutɔwo ƒe ga tsɔ dzrae ɖo, eye woʋu yi ɖatsi Thursday Island hezɔa mɔ yia ƒukpo ewo siwo le adzɔge ʋĩ la dzi ɖaɖea gbeƒã. Mɔzɔzɔ siwo wowɔ le ƒukpo mawo dzi la ŋuti nyatakaka aɖewoe nye esi gbɔna.
January 2008: Metsɔ akro yi Bamaga—si nye kilometa 80 ƒe mɔzɔzɔ yiyi kple gbɔgbɔ—ɖakɔ Ðasefo ade tso afi ma. Azɔ míeva tsɔ Teisan-Y la, tsi akroa ɖe eŋu hezɔ mɔ yi Warraber kple Poruma ƒukpoawo dzi. Míedze ami lita 5,500, si ƒe home nye dɔlar 11,000 la de eme wòyɔ banaa. Tɔdziʋua mete ŋu nɔ du sim o, kilometa 10 ƒe mɔ koe wòate ŋu azɔ le gaƒoƒo ɖeka me. Gake yaa me ƒe nɔnɔme de mía dzi ŋutɔ—ƒua mewɔ adã kura o.
Esi míeva ɖo la, míede seke tɔdziʋua ɖe ƒua ta, eye nye kple mía dometɔ ɖeka eve aɖewo siwo ƒe ƒometɔwo le Warraber la míetsɔ akroa heyi afi ma be míaɖabia mɔ le dua dzi kpɔla gbɔ. Enye osɔfo le sɔlemeha si le afi ma la me, gake eɖe mɔ na mí be míaɖe gbeƒã na dua me tɔwo. Nenema kee míewɔ le Poruma hã, eye woɖe mɔ na mí míeɖe gbeƒã. Dua me tɔwo wɔ ame ŋutɔ, eye wotsɔa didi vevie xlẽa míaƒe agbalẽwo. Míedze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame geɖe.
April 2008: Míewɔ ɖoɖo be míayi Dauan, Saibai, kple Boigu, siwo nye ƒukpo etɔ̃ bubu siwo le didiƒe kekeake, le Papua New Guinea ƒe liƒoa gbɔ. Gake yame ƒe nɔnɔme megade mía dzi kura o, si wɔe be míetrɔ heyi Mabuiag ƒukpoa dzi boŋ. Tso Thursday Island yi Mabuiag anɔ abe kilometa 70 ko ene, gake kaka míazɔ gɔdɔ̃gɔdɔ̃ to adzakpo blanane siwo le ƒua dzi dome la, míezɔ kilometa 140 sɔŋ ƒe mɔ hafi va ɖo.
Ƒutsotsoe sesẽ aɖe va ɖe akroa ɖa le tɔdziʋua ŋu. Míetrɔ godoo le ƒua dzi heɖalé akroa. Tɔdziʋua me nɔla akpa gãtɔ koe dze dɔ zi ɖeka.
Esi míeva ɖo Mabuiag la, woɖe mɔ na mí be míaɖe gbeƒã, eye dua me tɔwo xɔ mí nyuie ale gbegbe be ɖeko míeŋlɔ nu siwo tu mí le ƒua dzi la be. Nyɔnu aɖe kpɔ dzidzɔ ɖe míaƒe gbedeasia ŋu ale gbegbe be wòbia be míana míaƒe agbalẽ geɖewo ye ne yeatsɔ ɖewo ada ɖe agbalẽdzraɖoƒe si yewɔa dɔ le.
May Va Se Ðe October 2008: Le yame ƒe nɔnɔme manyomanyowo ta la, míete ŋu de ƒukpoawo dometɔ aɖeke dzi o. Míetsi Thursday Island nɔ gbeƒã ɖem, di dɔ aɖe nɔ wɔwɔm, henɔ míaƒe tɔdziʋua dzram ɖo.
Ðɔɖɔɖo geɖe hiã le tɔdziʋua ŋu, eya ta míezɔ mɔ yi Weipa melidzeƒedu la me, eye míetsi agbatsɔnu aɖe ɖe ʋu ŋu tsɔ hee tso tsia me va gota. Esia wɔwɔ menɔ bɔbɔe kura o! Ðasefo siwo le afi ma la dometɔ geɖe tsɔ wo ɖokuiwo na heva kpe ɖe mía ŋu le ʋua dzadzraɖo ŋuti dɔ vovovowo wɔwɔ me. Ame aɖewo ɖaa nu vanɛ na mí. Ame bubuwo hã na nu geɖewo mí be míazã le míaƒe mɔzɔzɔ si agakplɔe ɖo me. Míekpɔ ŋudzedze gã aɖe ɖe woƒe amedzrowɔwɔ kple kpekpeɖeŋuwo ŋu ŋutɔ.
December 2008: Míegadze mɔ ɖo ta Dauan, Saibai, kple Boigu. Mɔ vovovo siwo nɔ mía si la kpe ɖe mía ŋu míete ŋu de axa na adzakpowo kple ahom sesẽwo hezɔ mɔa dedie. Togbɔ be gaƒoƒo 12 sɔŋ ƒe mɔe míezɔ hafi va ɖo Dauan hã la, eyae nye ƒukpo dzeanitɔ kekeake si míekpɔ kpɔ. Alilikpowo tsyɔ to kɔkɔ siwo le afi ma la tame keŋ. Dauantɔwo tsɔ didi vevie ɖo to mí, eye míewɔ ɖoɖo be míayi Biblia nusɔsrɔ̃ dzi kpli wo le telefon dzi ne míetrɔ gbɔ.
Nyɔnu aɖe si le afi ma, si ŋkɔe nye Lettie, anya xɔ míaƒe magazine aɖewo eye wòlã nudɔgbalẽvi si le eme, kpee ɖo heɖoe ɖe habɔbɔa tsɔ bia be woaɖo agbalẽ bubuwo ɖe ye. Alɔdzedɔwɔƒe si le Australia ɖo agbalẽ siwo wòbia la ɖee heŋlɔ lɛta ɖo ɖe míaƒe hamea be ne anya wɔ la ame aɖe naɖasrãe kpɔ. Míeva ke ɖe Lettie ŋu mlɔeba, eye edzɔ dzi na mí ŋutɔ be míawo hã míewɔ akpa aɖe le eƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nɛ me.
Le Saibai ƒukpoa dzi la, dua dzi kpɔla meɖe mɔ na mí be míaɖe gbeƒã na dua me tɔwo o. Gake eɖe mɔ be ame siwo le mía dome, siwo ƒe ƒometɔwo le afi ma la be woate ŋu ayi aɖasrã woƒe ƒometɔwo kpɔ faa. Mekpɔ aŋɔsisidɔ nɔ wɔwɔm le Saibai, eye ema kpe ɖe mía ŋu le míaƒe ganyawo gbɔ kpɔkpɔ me.
Papua New Guinea ƒe kɔƒedu aɖe si tsɔ ɖe Saibai gbɔ abe kilometa 4 pɛ ko ene la mee nɔvinyɔnu siwo nɔ mía dome dometɔ ɖeka, si ŋkɔe nye Tassie, tso. Australia dziɖuɖua ɖe mɔ na Papua New Guinea tɔwo be woate ŋu ava tsa asi le Saibai. Tassie do go woƒe kɔƒea me tɔ geɖe le afi ma, eye agbalẽ geɖe menɔ esi wòana wo katã o. Emae nye zi gbãtɔ si Tassie do go eƒe kɔƒea me tɔwo tso esime wòzu Yehowa Ðasefo. Míetrɔ yi tɔdziʋua gbɔ ɖatsɔ agbalẽ aɖakago ɖeka vae nɛ, eye agbalẽawo dometɔ akpa gãtɔ le Papua New Guinea ƒe gbe si nye Tok Pisin me. Tassie ɖe gbeƒã Biblia me gbedeasia na Papua New Guinea tɔ 30 kple edzivɔ siwo va ƒo ƒu ɖi, eye woxɔ agbalẽawo katã wòvɔ le aɖakagoa me. Tɔdziʋu koe woɖona yia kɔƒe si me wotso la me, eye ɖewohĩ Yehowa Ðasefo aɖeke mede afi ma kpɔ o.
Ƒukpo mamlɛtɔa, si nye Boigu, dzi yiyi menɔ bɔbɔe kura o. Esi míeku tɔdziʋua dzo le gota abe kilometa ene sɔŋ ene hã la, tsia ƒe goglome katã koe nye meta eve kple afã. Evɔ tɔdziʋua ɖeɖe yi to abe meta eve kloe ene. Nye kple tɔdziʋua me nɔla bubu aɖe míetsɔ míaƒe akroa yi ɖadi mɔ si míato ade ƒukpoa dzi. Tsi gã aɖe dza heƒo mí nyuie! Exɔ gaƒoƒo eve sɔŋ hafi míeva kpɔ afi aɖe si míate ŋu ato.
Esi míeva ɖo la, ƒukpoa dzi nɔlawo ƒe nu ku ŋutɔ, eye wogblɔ be menye mɔfiagbalẽ nyuitɔe nɔ mía si o, eye be ƒuŋudzɔla alo ƒudzisrafo aɖeke gɔ̃ hã meva nutoa me o. Dua dzi kpɔla meɖe mɔ na mí be míaɖe gbeƒã le afi ma o, gake elɔ̃ be mía dometɔ siwo ƒe ƒometɔwo le afi ma la ate ŋu ayi wo gbɔ aɖaɖe gbeƒã na wo faa. Míewɔ eƒe gbe dzi heyi ɖe ƒometɔwo ko gbɔ. Ŋutsu aɖe xɔ Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa,a eye wòxlẽe enumake hete biabia siwo va susu me nɛ la ŋɔŋlɔ ɖe eƒe Biblia ƒe megbekpa dzi. Míegava do go ŋutsu sia emegbe esime wòɖi tsa va Thursday Island.
January 2009: Míetrɔ yi Moa kple Mabuiag ƒukpoawo dzi ɖasrã ame siwo tsɔ ɖe le Biblia me gbedeasia me la kpɔ. Woxɔ mí nyuie le ƒukpo eveawo siaa dzi. Le St. Paul, si nye kɔƒe aɖe le Moa ƒukpoa dzi la, ame geɖewo gblɔ na mí be eteƒe nagadidi azɔ hafi míagava srã yewo kpɔ o. Dua dzi kpɔla gblɔ na mí be míate ŋu ava ɖe gbeƒã le dua me ɣesiayi si míedi faa.
Ƒukpo 17 sɔŋ ye le Torres Strait, siwo dzi amewo le. Míenya ne míate ŋu ava de ame siwo katã le ƒukpo mawo dzi gbɔ ya o. Gake mí ame siwo katã le hame si le ƒukpo siwo le Australia ƒe dziehe kekeake afi sia dzi me la míele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ be míele mía tɔ sinua wɔm le kafukafu tsɔtsɔ na mía Wɔla Gã Yehowa me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Yehowa Ðasefowoe tae.
[Anyigbatata si le axa 23]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
AUSTRALIA
Weipa
Bamaga
TORRES STRAIT ƑUKPOAWO
PAPUA NEW GUINEA
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Based on NASA/Visible Earth imagery
[Anyigbatata si le axa 24, 25]
Bamaga
Thursday Island
Moa Ƒukpoa
Warraber Ƒukpoa
Poruma Ƒukpoa
Mabuiag Ƒukpoa
Saibai Ƒukpoa
Dauan Ƒukpoa
Boigu Ƒukpoa
PAPUA NEW GUINEA
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Based on NASA/Visible Earth imagery
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Esi míeva ɖo Thursday Island
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Míele mɔ dzi yina amewo srã ge kpɔ le Saibai Ƒukpoa dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Míele gbeƒã ɖem nya nyuia le Tok Pisin gbe me