Te Ðe Mawu Ŋu
Ne “Dzi Gbagbã, Si Tugu” Le Tsɔtsɔke Dim
MÍ KATà míewɔa nu vɔ̃ zi geɖe. Aleke kee míeɖa se vevee o, ɖewohĩ míebiana be: ‘Ðe Mawu sea nye dzimetɔtrɔ ŋuti gbedodoɖawoa? Ðe wòatsɔe akema?’ Biblia me nyateƒe sia faa akɔ na ame ŋutɔ be: Togbɔ be Yehowa meŋea aɖaba ƒua nu vɔ̃ dzi o hã, elɔ̃na tsɔna kea nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me. Nyateƒenya sia dze ƒãa le blema Israel Fia David gome, abe ale si wòdze le 2 Samuel ta 12 lia me ene.
De ŋugble tso nudzɔdzɔa ŋu kpɔ. David wɔ nu vɔ̃ gãwo. Ewɔ ahasi kple Bat-Seba, eye esi wòdze agbagba be yeatsyɔ nu nu vɔ̃a dzi ʋu dokpoe la, ewɔ ɖoɖo wowu srɔ̃a. Azɔ David mia nu ɖe nyaa dzi, eye wònɔ eɖokui lém kpoo abe ɖe naneke medzɔ o ene hena ɣleti aɖewo. Ke hã, Yehowa ya kpɔ nu sia nu. Ekpɔ nu vɔ̃ siwo David wɔ. Gake ekpɔe hã be David ƒe dzi meku atri be wòagbe dzimetɔtrɔ o. (Lododowo 17:3) Nu kae Yehowa wɔ?
Yehowa dɔ nyagblɔɖila Natan ɖe David gbɔ. (Kpukpui 1) Le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia te la, Natan te ɖe fia la ŋu ŋuɖɔɖotɔe, eye enya be ele be yeatia nya siwo yeagblɔ la nyuie. Aleke wòawɔ aʋu go David ƒe ayemenuwɔwɔa ahakpe ɖe eŋu wòakpɔ eƒe nu vɔ̃awo ƒe kpekpeme adze sii?
Natan gblɔ ŋutinya aɖe si wònya be ade dzi gbɔ na David, si nye alẽkplɔla tsã la, bene wòate ŋu alɔ̃ ɖe eƒe nu vɔ̃awo dzi la nɛ. Ŋutinyaa ku ɖe kesinɔtɔ aɖe kple ame dahe aɖe ŋu. “Alẽ kple nyiwo le kesinɔtɔ la si fũ,” gake ‘alẽnɔe vi ɖeka’ koe le ame dahea ya si. Kesinɔtɔa xɔ amedzro eye wòdi be yeaɖa nu nɛ. Le esi teƒe be wòalé eya ŋutɔ ƒe alẽawo dometɔ ɖeka aɖa nɛ la, eyi ɖalé ame dahea ƒe alẽvi ɖeka kolia la boŋ. David susui be nu ŋutɔŋutɔe wònye dzɔ, eya ta edo dziku vevie hegblɔ be: “Ŋutsu, si wɔ nu sia la, dze ku.” Nu ka tae? David ŋutɔ ɖe eme be: “Ame ƒe nu mevee o.”a—Kpukpui 2-6.
Kpɔɖeŋu si Natan wɔ la ɖo eƒe taɖodzinua gbɔ. David ŋutɔ bu fɔ eɖokui le manyamanya me. Natan gblɔe nɛ kã azɔ be: “Wòe nye ŋutsu la!” (Kpukpui 7) Esi wònye Mawu teƒee Natan nɔ ƒo nu ta la, eme kɔ ƒãa be Yehowa bu David ƒe nu vɔ̃a be ye ŋutɔ ŋue wòwɔe ɖo. David ƒe dada le Mawu ƒe seawo dzi nye bubumademade Senala la ŋu. Mawu gblɔ nɛ be: “Nèdo vlom.” (Kpukpui 10) Mokaname vevi sia de dzi gbɔ na David wòʋu eɖokui me be: “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.” Natan na David nya be Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃awo kee, gake be emetsonuawo ya ava edzi godoo.—Kpukpui 13, 14.
Esi woʋu go David ƒe nu vɔ̃a megbee wòŋlɔ Psalmo 51 lia. Le Psalmo sia me la, David ɖe eƒe dzimenyawo gblɔ tsɔ ɖe ale si gbegbe wòtrɔ dzi mee fia. David to eƒe nu vɔ̃awo dzi do vlo Yehowa. Gake esi Fia sia si trɔ dzi me la kpɔ Mawu ƒe tsɔtsɔke ƒe atsyɔ̃ dze sii ta la, ète ŋu gblɔ na Yehowa be: “Màdo vlo dzi gbagbã, si tugu la o.” (Psalmo 51:19) Kakaɖedzinya kawo gbegbee nye esi si ade dzi gbɔ na nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me hele didim be Yehowa nakpɔ nublanui na ye!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le ɣeyiɣi mawo me la, wowua alẽvi na ame si va dze ame gbɔ tsɔ wɔa amedzro nɛ. Gake ame aɖe ƒe alẽvi fifi nye nu tovo wɔwɔ si ƒe tohehee nye be amea naɖo eteƒe zi gbɔ zi ene. (2 Mose 22:1) David kpɔe be kesinɔtɔa meɖe veveseseɖeamenu fia esi wòɖalé ame dahea ƒe alẽvia o. Elabena alẽnɔe vi ɖeka pɛ si le ame dahea si, si ana notsi kple alẽfu eƒe ƒomea, alo ate ŋu ava dzi viwo ahazu alẽha nɛ lae nye ema wòxɔ le esi.