Natan—Edo Tadedeagu Dzadzɛa Ðe Ŋgɔ Nuteƒewɔwɔtɔe
Mele bɔbɔe be woana ŋusẽtɔ aɖe nalɔ̃ ɖe edzi be yewɔ nu gbegblẽ eye be ehiã be yeawɔ tɔtrɔ o. Ðe nàlɔ̃ ayi aɖahe eƒe susu ayi nu si wòwɔ la dzi ne ènyae be ewu ŋutsu aɖe be yeatsyɔ nu nu gbegblẽ si yewɔ la dzi be yeagaɖu ŋukpe oa?
Blema Israel Fia David wɔ ahasi kple Bat-Seba, eye wòfɔ fu. Esi David di be yeatsyɔ nu woƒe nu vɔ̃a dzi ta la, ena wowu Bat-Seba srɔ̃ŋutsua eye wòɖe nyɔnua wòzu srɔ̃a. Nu siawo megbe la, ɣleti geɖewo va yi, David nɔ agbe eve nɔm, eye ɖikeke mele eme o be eyi eƒe dɔwo dzi abe fia ene. Gake Yehowa meŋe aɖaba ƒu fia la ƒe nu vɔ̃wo dzi o. Eɖo eƒe nyagblɔɖila Natan ɖe David gbɔ be wòaɖahe eƒe susu ayi nu vɔ̃ si wòwɔ la dzi.
Dɔdeasi sesẽ aɖee nye esia! Tsɔ ɖokuiwò ɖo Natan teƒe nàkpɔ. Ðikekemanɔmee la, nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple Mawu ƒe dzidzenuwo me léle ɖe asi ye ʋã Natan be wòayi aɖaɖo ŋku David ƒe nu vɔ̃wo dzi nɛ. Aleke nyagblɔɖila la ate ŋu awɔ esia eye wòana Fia David nalɔ̃ ɖe edzi be ehiã be yeatrɔ dzi me?
NUFIALA SI ÐƆA ŊU ÐO
Ðe manyo be nàzã miniti ʋɛ aɖewo axlẽ 2 Samuel 12:1-25 oa? Azɔ tsɔe be wòe nye ema le Natan teƒe esi wònɔ ŋutinya sia gblɔm na David: “Ŋutsu eve wole du ɖeka me, ɖeka kpɔ ho, ke ɖeka ɖo ko. Alẽ kple nyiwo le kesinɔtɔ la si fũu. Ke naneke mele ame dahe la si o, negbe alẽvi sue ɖeka, si wòƒle la ko; eye wònyii wòtsi kple viawo le egbɔ. Eɖua eƒe nu alɔgomedede la ƒe ɖe, eye wònoa tsi le eƒe tre nu, edɔa alɔ̃ ɖe eƒe akɔ nu, eye wòle nɛ abe vianyɔnu ene. Ke esi mɔzɔla aɖe va dze kesinɔtɔa la, eƒe alẽwo kple nyiwo dometɔ ɖeka lelé ɖa na amedzro, si va dze egbɔ la vee, eye wòlé ame dahe la ƒe alẽvia heɖa na ŋutsu, si va dzee.”—2 Sam. 12:1-4.
Edze ƒãa be David—ame si ŋutɔ nye alẽkplɔla kpɔ la—xɔe se be ŋutinya sia nye nu si dzɔ ŋutɔŋutɔ. Biblia ŋuti numeɖela aɖe gblɔ be: “Ðewohĩ Natan yia egbɔ edziedzi ɖaɖea kuku ɖe ame siwo ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖo, siwo si kpeɖeŋutɔ aɖeke mele o la ta, eye David xɔe se be nya sia tɔgbi kee wòtsɔ vae.” Ne alea ye nyaa nɔ gɔ̃ hã la, ebia nuteƒewɔwɔ na Mawu kpakple dzinɔameƒo hafi Natan nate ŋu aƒo nu na fia la nenema. Natan ƒe ŋutinyaa na David do dziku vevie. Egblɔ na Natan be: “Zi ale si Yehowa le agbe la, ŋutsu si wɔ nu sia la dze ku!” Eyome Natan gblɔ fɔbuamenya sesẽ sia nɛ be: “Wòe nye ŋutsu la!”—2 Sam. 12:5-7.
Bu nu si tae Natan kpɔ nyaa gbɔ alea ŋu kpɔ. Mele bɔbɔe be ame si ƒe dzi ku ɖe ame aɖe ŋu vevie la nabu nuwo ŋu nyuie o. Zi geɖe la, mí katã míedina be míaɖe mía ɖokui nu atsɔ nanewo ado taflatsɛ ɖe nu gbegblẽ aɖe si míewɔ la ta. Gake kpɔɖeŋu si Natan wɔ la ʋã David wòbu fɔ eya ŋutɔ ɖokui le manyamanya me. Fia la kpɔe dze sii kɔtɛ be, nu si Natan gblɔ be amea wɔ la vɔ̃ɖi ŋutɔ. Gake esi David bu fɔ amea vɔ hafi Natan gblɔ nɛ be eya ŋutɔ ŋue kpɔɖeŋua ku ɖo. Esia na David te ŋu kpɔ ale si gbegbe eƒe nu vɔ̃a loloe la dze sii. Eye esia na wònɔ bɔbɔe nɛ be wòaxɔ mokaname. Elɔ̃ ɖe edzi be ‘yedo vlo’ Yehowa vavã le agbe ma si yenɔ kple Bat-Seba la ta, eye wòlɔ̃ xɔ tohehe si wòdze na.—2 Sam. 12:9-14; Ps. 51.
Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? Biblia fiala ƒe taɖodzinue nye be wòakpe ɖe eƒe nyaselawo ŋu woawɔ nyataƒoƒo nyuitɔ. Natan de bubu David ŋu, eya ta ete ɖe eŋu ŋuɖɔɖotɔe. Natan nyae be David lɔ̃ dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃. Eya ta nyagblɔɖilaa wɔ kpɔɖeŋu aɖe si wònya be awɔ dɔ ɖe edzi. Míawo hã míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woase Yehowa ƒe susuwo gɔme. Aleke? Míate ŋu awɔ esia ne míekpe ɖe wo ŋu wokpɔ nu si woawo ŋutɔwo nya be ele dzɔdzɔe la dze sii ƒãa, evɔ míawɔ naneke si ana woase le wo ɖokuiwo me be míenyo wu yewo, alo be míawoe agblɔ nu si wòle be woawɔ la na wo o. Biblia lae míazã atsɔ agblɔ nu si nyo kple nu si menyo o la na amewo, ke menye míawo ŋutɔwo ƒe nukpɔsusu o.
Nuteƒewɔwɔ na Mawu koŋ ye na Natan te ŋu ka mo na fia ŋusẽtɔ la. (2 Sam. 12:1) Nenema kee nuteƒewɔwɔ na Mawu ana dzi nanɔ mía ƒo míalé Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi.
EDO TADEDEAGU DZADZƐA ÐE ŊGƆ
Edze ƒãa be Natan kple David wonye xɔlɔ̃ veviwo, elabena David tsɔ ŋkɔ na viaŋutsu ɖeka be Natan. (1 Kron. 3:1, 5) Zi gbãtɔ si woyɔ Natan ŋkɔ le Biblia me la, enɔ David gbɔ. Woa kple evea siaa wolɔ̃ Yehowa. Edze ƒãa be fia la kana ɖe Natan ƒe nyawo dzi, elabena eɖe didi si nɔ eme be yeatu gbedoxɔ na Yehowa la gblɔ na nyagblɔɖila la. David gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, nyea mele sedertixɔ me, ke Mawu ƒe aɖaka la le kuntruwo te. Natan ɖo ŋu na fia la bena: Yi nàwɔ nu sia nu, si le wò dzi me, elabena Yehowa li kpli wò!”—2 Sam. 7:2, 3.
Esi wònye be Natan nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe ta la, eda asi ɖe tame si David ɖo be yeatu gbedoxɔ gbãtɔ hena tadedeagu na Yehowa le anyigba dzi la dzi. Gake edze ƒãa be, ɣemaɣi la, menye Yehowa ƒe ŋkɔ mee Natan ƒo nu le o, ke boŋ ale si eya ŋutɔ se le eɖokui mee wògblɔ. Le zã ma me la, Mawu de gbe aɖe si to vovo kura asi na nyagblɔɖila la be wòayi aɖagblɔ na fia la: David matu gbedoxɔ na Yehowa o. David viŋutsuwo dometɔ ɖekae atu xɔ la. Gake Natan gblɔ na David be Mawu le nu blam kplii be yeana “eƒe fiaɖuƒe nali ke” tegbee.—2 Sam. 7:4-16.
Natan ƒe nukpɔsusu mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le gbedoxɔa tutu ƒe nyaa me o. Ke hã nyagblɔɖila ɖokuibɔbɔla sia meto nyatoƒoe o, ke boŋ elɔ̃ ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo dzi eye wòkpe asi ɖe eme vava ŋu. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi wòle be míasrɔ̃ ne eva dzɔ be Mawu ɖɔ mí ɖo! Nu siwo Natan va wɔ emegbe la ɖee fia be Mawu yi edzi kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Le nyateƒe me la, edze abe Yehowa tsɔ eƒe gbɔgbɔ ʋã Natan kple nukpɔla Gad siaa wofia mɔ David wòwɔ ɖoɖo ɖe hadzila 4,000 siwo subɔna le gbedoxɔa me la ŋu ene.—1 Kron. 23:1-5; 2 Kron. 29:25.
EƲLI FIANYENYEA TA
Natan nyae be Salomo ye le fia ɖu ge ɖe David amegãɖeɖi la teƒe. Eya ta Natan wɔ nu ŋkubiãtɔe esime Adoniya dze agbagba be yeaxɔ fiazikpuia madzemadzee le David ƒe amegãkuɣi. Natan gawɔ nu ŋuɖɔɖotɔe hegawɔ nuteƒe ake. Gbã la, ede dzi ƒo na Bat-Seba be wòayi aɖaɖo ŋku edzi na David be eya ŋutɔ ka atam be yewo viŋutsu Salomo ye le fia zu ge. Eyome Natan ŋutɔ ge ɖe David dzi be yeabiae be eya ŋutɔe ɖe mɔ be Adoniya naɖu fia ɖe ye teƒe mahã. Esi fia tsitsi la kpɔ ale si gbegbe nyaa nye ŋkubiãnyae dze sii la, egblɔ na Natan kple fia la dɔla wɔnuteƒe bubuwo be woana woasi ami na Salomo ahaɖe gbeƒãe be ezu fia. Wogblẽ Adoniya ƒe nugbeɖoɖoa me.—1 Fia. 1:5-53.
ENYE ŊUTINYAŊLƆLA BƆBƆÐOKUI
Zi geɖe la, wogblɔna be Natan kple Gad ye ŋlɔ 1 Samuel ta 25 va se ɖe ta 31 kpakple 2 Samuel la katã. Wogblɔ tso ŋutinya, siwo tso gbɔgbɔ me, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ mawo me ŋu be: “Fia David ŋutinyawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe nukpɔla Samuel ŋutinyawo, nyagblɔɖila Natan ŋutinyawo kple nukpɔla Gad ŋutinyawo me.” (1 Kron. 29:29) Wogagblɔ tso Natan ŋu hã be ekpɔ gome le ‘Salomo ŋutinyawo’ ŋɔŋlɔ me. (2 Kron. 9:29) Esia fia be, anɔ eme be, le David ƒe ku megbe gɔ̃ hã la, Natan yi edzi wɔ akpa vevi aɖe le fiasã me.
Anɔ eme be Natan ŋutɔe ŋlɔ nu siwo míenya tso eŋu la dometɔ akpa gãtɔ. Ke hã nyatakaka siwo meŋlɔ o la fia nu geɖe mí tso eyama ŋu. Edze ƒãa be Natan nye ŋutinyaŋlɔla bɔbɔɖokui. Media nɔƒe gã o, eye medina be yeaxɔ ŋkɔ o. Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be esi wonɔ nu ƒom tso eŋu le ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo me la, “womegblɔ nya aɖeke tso eya ŋutɔ kple ƒome si me wòtso la ŋu o.” Míenya nu siwo me Natan ŋutɔ to le agbe me la ƒe ɖeke o.
NUTEƑEWƆWƆ NA YEHOWA YE ƲÃE
Le nya ʋɛ siwo wogblɔ na mí tso Natan ŋu le Ŋɔŋlɔawo me nu la, edze ƒãa be enye ame bɔbɔɖokui, evɔ wòhenye Mawu ƒe ɖoɖowo ta ʋlila sẽŋu aɖe. Yehowa Mawu de agbanɔamedzi kpekpewo asi nɛ. De ŋugble tso nɔnɔme nyui siwo nɔ Natan si, abe nuteƒewɔwɔ na Mawu kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu ene, la ŋu. Dze agbagba nàsrɔ̃ nɔnɔme nyui mawo.
Ðewohĩ madzɔ gbeɖe be woabia tso asiwò be nàka mo na fia siwo wɔ ahasi loo, alo agblẽ ɖoɖo si ame aɖewo wɔ be yewoaxɔ ame bubuwo ƒe fiazikpui la me o. Ke hã le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu awɔ nuteƒe na Mawu eye àte ŋu alé eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi. Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu anye nyateƒea fiala dzinɔameƒotɔ, evɔ nàhanye nufiala si ɖɔa ŋu ɖo, aganye ame si doa tadedeagu dzadzɛa ɖe ŋgɔ hã.
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Abe fianyenyea ta ʋlila ene la, Natan ƒo nu na Bat-Seba ŋuɖɔɖotɔe