INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 11/15 axa 28-32
  • Mina Hehe Ŋutsuwo Woadze Axɔ Agbanɔamedziwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mina Hehe Ŋutsuwo Woadze Axɔ Agbanɔamedziwo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Meyɔa Mi Be Xɔ̃nyewo”
  • “Meɖo Kpɔɖeŋu Ði Na Mi”
  • ‘Esi Yesu De Sewo Na Wo La, Edɔ Wo Ða’
  • “Nunyala Ðoa To Aɖaŋuɖoɖo”
  • ‘Nɔ Ðokuiwò Mlam’
  • Nɔviŋutsuwo—Miƒã Nu Le Gbɔgbɔ Me, Miminya Agbanɔamedziwo!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Hamemegãwo Mina Hehe Ame Bubuwo be Woatsɔ Agba La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Yehowa Naa Hehe Alẽkplɔlawo Hena Eƒe Alẽha La Dzi Kpɔkpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Ðe Nèle Dzikpɔladɔ ‘Minyama’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 11/15 axa 28-32

Mina Hehe Ŋutsuwo Woadze Axɔ Agbanɔamedziwo

“Ame sia ame si wofia nui nyuie la anɔ abe eƒe nufiala ene.”—LUKA 6:40.

1. Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi la, aleke wòɖo hame wɔnuku aɖe gɔme anyi?

APOSTOLO Yohanes wu Nya Nyui si wòŋlɔ la nu be: “Le nyateƒe me la, nu bubu geɖewo gali, siwo Yesu wɔ, si ne ɖe woŋlɔ wo ɖi tsitotsito la, mesusu be xexea ŋutɔ mate ŋu akpɔ teƒe na agbalẽ xatsaxatsa siwo woaŋlɔ la o.” (Yoh. 21:25) Nu siwo katã Yesu wɔ le ɣeyiɣi kpui si wòtsɔ wɔ eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa ŋkubiãtɔe me la dometɔ aɖewoe nye ŋutsu siwo ava xɔ ŋgɔ ne etrɔ yi dziƒo la didi, hehenana wo, kple mɔfiafia wo. Kaka Yesu natrɔ ayi dziƒo le ƒe 33 M.Ŋ. me la, eɖo hame wɔnuku aɖe si me tɔwo ava dzi ɖe edzi kabakaba azu ame akpe geɖewo la gɔme anyi.—Dɔw. 2:41, 42; 4:4; 6:7.

2, 3. (a) Nu ka tae wòhiã vevie be nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo nadze agbagba adze axɔ agbanɔamedziwo? (b) Nu kae míasrɔ̃ le nyati sia me?

2 Esi wònye be Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo wu miliɔn adre, siwo le hame siwo wu 100,000 me le xexea me katã lae li egbea ta la, ŋutsuwo gahiã kokoko be woaxɔ ŋgɔ le hame mawo me. Le kpɔɖeŋu me, wohiã na Kristotɔ hamemetsitsiwo vevie ŋutɔ. Ame siwo dzea agbagba be yewoadze ne subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia nasu yewo si la dze na kafukafu, elabena ‘wole dɔ nyui dim.’—1 Tim. 3:1.

3 Ke hã subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia mesua ame si agbagba aɖeke madzemadzee o. Agbalẽnyanya alo agbemenuteƒekpɔkpɔ dzro ko menana ame sua te na dɔ sia wɔwɔ o. Hafi ŋutsu aɖe nate ŋu asubɔ nyuie le agbanɔamedzinɔƒe aɖe la, ele be wòanye ame si dze le gbɔgbɔ me. Menye ŋutete si le ame aɖe si alo nu siwo wòte ŋu wɔ lae nana subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia sua esi o, ke boŋ ele be wòaɖo gbɔgbɔmenudidi aɖewo gbɔ. Aleke míate ŋu akpe ɖe ŋutsuwo ŋu le hamea me woadze axɔ agbanɔamedziwo? Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si wofia nui nyuie la anɔ abe eƒe nufiala ene.” (Luka 6:40) Le nyati sia me la, míadzro mɔ aɖewo siwo dzi Yesu Kristo, Nufiala Gã la, to na hehe eƒe nusrɔ̃lawo wodze na agbanɔamedzi gãwo tsɔtsɔ la me, eye míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me.

“Meyɔa Mi Be Xɔ̃nyewo”

4. Alekee Yesu ɖee fia be yenye xɔlɔ̃ vavã na yeƒe nusrɔ̃lawo?

4 Yesu wɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu abe xɔlɔ̃awo ene, ke mewɔ nu ɖe wo ŋu abe ɖe asixɔxɔ mele wo ŋu abe eya ene o. Ekpɔ ɣeyiɣi ɖe wo ŋu, eka ɖe wo dzi, eye ‘wòna wonya nu siwo katã wòse tso Fofoa gbɔ.’ (Mixlẽ Yohanes 15:15.) Bu ale si dzi anya dzɔ woe esi Yesu ɖo nya si wobiae be, “Nu kae anye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” la ŋu na wo ŋu kpɔ. (Mat. 24:3, 4) Egblɔ eƒe nya ɣaɣlawo kple eƒe seselelãmewo na wo. Le kpɔɖeŋu me, le zã si me wode Yesu asi me la, ekplɔ Petro, Yakobo, kple Yohanes yi Getsemane bɔa me, eye wòƒo koko na Fofoa tso dzi si yɔ fũu kple nuxaxa la me. Ðewohĩ apostolo etɔ̃awo mese nya siwo Yesu nɔ gbɔgblɔm le gbedodoɖaa me o, gake woanya de dzesii be enɔ veve sem ale gbegbe. (Mar. 14:33-38) Bu ale si Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ si teƒe apostolo etɔ̃ siawo kpɔ ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ la anya wɔ dɔ ɖe wo dzii hã ŋu kpɔ. (Mar. 9:2-8; 2 Pet. 1:16-18) Xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli si nɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dome la nɔ abe seke, si lé wo ɖe te sesĩe esime wòva hiã be woatsɔ agbanɔamedzi kpekpewo la, ene.

5. Aleke Kristotɔ hamemetsitsiwo kpena ɖe ame bubuwo ŋu?

5 Abe Yesu ene la, Kristotɔ hamemetsitsiwo dzea xɔlɔ̃ ame bubuwo hekpena ɖe wo ŋu. Wotsɔ ɖe le eme na wo hati tadeagulawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖekaɖeka, eye wotoa esia dzi nana xɔlɔ̃wɔwɔ nɔa woa kpli wo dome. Togbɔ be hamemetsitsiwo nyae be mele be yewoaʋu go nya ɣaɣlawo o hã la, wogblɔa woƒe dzimenyawo faa. Hamemetsitsiwo kana ɖe wo nɔviwo dzi eye wofiaa Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe siwo woawo ŋutɔwo wosrɔ̃ la wo. Hamemetsitsiwo mewɔa nu ɖe subɔsubɔdɔwɔla aɖe si nye sɔhɛ la ŋu abe ɖe asixɔxɔ mele eŋu abe yewo ene o gbeɖe o. Wobunɛ be enye ame si wɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me, si agate ŋu awɔ ŋgɔyiyi geɖe, ame si le dɔ siwo ɖea vi na hamea la wɔm.

“Meɖo Kpɔɖeŋu Ði Na Mi”

6, 7. Ƒo nu tso kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na eƒe nusrɔ̃lawo kple dɔ si esia wɔ ɖe wo dzi la ŋu.

6 Togbɔ be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu hã la, ɣeaɖewoɣi la, wo de kɔnyinyiwo kple dekɔnuwo kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe nukpɔsusuwo dzi. (Mat. 19:9, 10; Luka 9:46-48; Yoh. 4:27) Ke hã Yesu mehe nya ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu alo do ŋɔdzi na wo o. Nenema kee meɖo dɔ aɖe si wɔwɔ sesẽ akpa la na wo loo, alo bia tso wo si be woawɔ nane evɔ eya ŋutɔ madi be yeawɔe o. Ke boŋ Yesu toa kpɔɖeŋu nyui si wòɖona dzi fiaa nu wo.—Mixlẽ Yohanes 13:15.

7 Kpɔɖeŋu ka tɔgbie Yesu ɖo ɖi na eƒe nusrɔ̃lawo? (1 Pet. 2:21) Enɔ agbe tsɛ ale be wòate ŋu asubɔ amewo. (Luka 9:58) Yesu bɔbɔ eɖokui eye wòtua eƒe nufiafia ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi ɣesiaɣi. (Yoh. 5:19; 17:14, 17) Enye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ ye ʋãe wòwɔ nu sia nu. (Mat. 19:13-15; Yoh. 15:12) Kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe eƒe apostolowo dzi. Le kpɔɖeŋu me, esi woɖoe be woawu Yakobo la, mevɔ̃ o, ke boŋ eyi edzi wɔ nuteƒe Mawu va se ɖe ku me. (Dɔw. 12:1, 2) Yohanes hã dze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome nuteƒewɔwɔtɔe ƒe 60 kple edzivɔ.—Nyaɖ. 1:1, 2, 9.

8. Kpɔɖeŋu kae hamemetsitsiwo ɖona ɖi na ɖekakpuiwo kple ame bubuwo?

8 Hamemetsitsi siwo ɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ fiana, siwo bɔbɔa wo ɖokui, eye wolɔ̃a ame la ɖoa kpɔɖeŋu si ɖekakpuiwo hiã la ɖi na wo. (1 Pet. 5:2, 3) Gakpe ɖe eŋu la, hamemetsitsi siwo nye kpɔɖeŋu na ɖekakpuiwo le xɔse me, le nufiafia me, le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ kpakple subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la kpɔa dzidzɔ le esi wonyae be ame bubuwo ate ŋu asrɔ̃ yewoƒe xɔse ta.—Heb. 13:7.

‘Esi Yesu De Sewo Na Wo La, Edɔ Wo Ða’

9. Aleke míewɔ nya be Yesu na hehe eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔa ade goe?

9 Esi Yesu wɔ eƒe subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe abe ƒe eve kloe ene megbe la, ekeke gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu esime wòdɔ eƒe apostolo 12 la ɖa be woaɖe gbeƒã. Gake gbã la, ena mɔfiamewo woamawo. (Mat. 10:5-14) Esi Yesu di be yeana nuɖuɖu ame akpe geɖewo nukutɔe la, egblɔ ale si wòdi be nusrɔ̃lawo naɖo ameawo ɖe ɖoɖo nu kple ale si woama nuɖuɖua la na wo. (Luka 9:12-17) Eya ta eme kɔ ƒãa be Yesu na hehe eƒe nusrɔ̃lawo to mɔfiame siwo me kɔ eye wole tẽe la nana wo me. Hehe sia si Yesu na eƒe apostolowo kpakple gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu na wosu te nyuie be woawɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔ gã si wowɔ le ƒe 33 M.Ŋ. me kple emegbe siaa la ŋu.

10, 11. Mɔ kawo nue hamemetsitsiwo kple ame bubuwo ate ŋu ana hehe ame yeyewo le?

10 Egbea la, míedzea hehenana ŋutsuwo gɔme ne míenya te Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo ko. Ðewohĩ ahiã be míakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòanya nuxexlẽ nyuie. Míeyia edzi kpena ɖe eŋu zi ale si míeyi edzi le Biblia srɔ̃m kplii. Míayi edzi anɔ hehe namee ne edze Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gɔme, ne edze dɔwɔwɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me gɔme, ne ezu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ, alo le ŋgɔyiyi wɔm le mɔ bubuwo nu. Le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, nɔviŋutsuwo ana hehee le mɔ bubuwo nu. Woafiae beléle na Fiaɖuƒe Akpata. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, woate ŋu akpe ɖe nɔviŋutsua ŋu wòanya nu siwo wòle be wòawɔ adze azu subɔsubɔdɔwɔla.

11 Ne hamemetsitsiwo le dɔ aɖe dem asi na nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖe la, wolɔ̃na faa ɖea ɖoɖo siwo nu habɔbɔa di be woawɔ dɔa le la me nɛ eye wonaa mɔfiame siwo wòahiã lae. Ele be nɔviŋutsu si wole hehea namee la nase nu si wodi be wòawɔ la gɔme nyuie. Ne dɔa wɔwɔ le sesẽm nɛ la, hamemetsitsi lɔ̃ame maƒo nya ta enumake be medze o. Ke boŋ hamemetsitsi dɔmenyotɔ gbugbɔ ɖea nu siwo koŋ wodi be wòawɔ kple ale si tututu wòawɔ woe la me nɛ. Hamemetsitsiwo kpɔa dzidzɔ ne wole kpekpem ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu be wòatsɔ eƒe agbanɔamedziwo nyuie, elabena wonyae be akpɔ dzidzɔ ne ele nɔviawo subɔm le hamea me.—Dɔw. 20:35.

“Nunyala Ðoa To Aɖaŋuɖoɖo”

12. Nu kae na Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖe vi?

12 Mɔ bubu si dzi Yesu to na hehe eƒe nusrɔ̃lawoe nye be eɖo aɖaŋu siwo wohiã la na wo le ɣeyiɣi si sɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, egbe nya na Yakobo kple Yohanes esi wodi be yewoana dzo nage tso dziƒo ava fiã Samariatɔ siwo mexɔe o la. (Luka 9:52-55) Esi Yakobo kple Yohanes dada te ɖe Yesu ŋu hebia be ye viwo nanɔ ɖoƒe tɔxɛ aɖewo le eƒe Fiaɖuƒea me la, Yesu ƒo nu na nusrɔ̃la eve siawo siwo nye dadaviwo la tẽe gblɔ be: “Anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi alo mia me ya la, menye tɔnye be mana o, ke boŋ ame siwo Fofonye dzrae ɖo ɖi na la tɔe.” (Mat. 20:20-23) Yesu ɖoa aɖaŋu siwo me kɔ, siwo sɔ ɖe nɔnɔmea nu, siwo wotu ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo dzi ɣeawokatãɣi. Efia eƒe nusrɔ̃lawo be woƒe tamebubu kple nuwɔna nawɔ ɖeka kple dzidzenu mawo. (Mat. 17:24-27) Yesu nya eyomedzelawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo eye mekpɔa mɔ be woawɔ nu wòade blibo o. Lɔlɔ̃ vavãe ʋãe wòɖo aɖaŋu ɖe sia ɖe.—Yoh. 13:1.

13, 14. (a) Ame kawoe hiãa aɖaŋuɖoɖo? (b) Gblɔ ale si hamemetsitsiwo ate ŋu aɖo aɖaŋu na nɔviŋutsu aɖe si mele ŋgɔyiyi wɔm le gbɔgbɔ me o la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

13 Nɔviŋutsu ɖe sia ɖe si di be yeadze axɔ agbanɔamedziwo le Kristo hamea me la hiãa Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame kple aɖaŋuɖoɖowo ɣeaɖewoɣi godoo. Lododowo 12:15 gblɔ be: “Nunyala ɖoa to aɖaŋuɖoɖo.” Nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe gblɔ be: ‘Mekpɔe be nye kuxi gãtɔe nye ale si maɖu nye ŋutɔ nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Hamemetsitsi aɖe ƒe aɖaŋuɖoɖo kpe ɖe ŋunye mese egɔme be mehiã be made blibo hafi asubɔ o.’

14 Ne hamemetsitsiwo de dzesii be agbenɔnɔ manyomanyo aɖe wɔe be nɔviŋutsu aɖe mete ŋu le gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm o la, wotsona enumake ɖɔnɛ ɖo le tufafa ƒe gbɔgbɔ me. (Gal. 6:1) Ɣeaɖewoɣi la, ehiãna be woaɖo aɖaŋu na ŋutsu aɖewo le nɔnɔme aɖewo siwo le wo si ta. Le kpɔɖeŋu me, ne edze abe nɔviŋutsu aɖe mewɔa eƒe ŋutete katã o ene la, hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe eŋu ne wohe eƒe susu yi ale si Yesu wɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzonɔamemetɔe eye wòde se na eyomedzelawo be woawo hã nawɔ nusrɔ̃lawo la dzi. (Mat. 28:19, 20; Luka 8:1) Ne nɔviŋutsu aɖe dia nɔƒe gã nɔnɔ la, hamemetsitsiwo ate ŋu ahe eƒe susu ayi ale si Yesu kpe ɖe Eƒe nusrɔ̃lawo ŋu wokpɔ afɔku si le nɔƒe gã didi me dze sii la dzi. (Luka 22:24-27) Ke ne nɔviŋutsu aɖe medina be yeatsɔ amewo ƒe vodada ake wo o ya ɖe? Ne ele alea la, hamemetsitsiwo ate ŋu azã kluvi aɖe, si gbe be yematsɔ fe sue si ehati kluvi aɖe nyi le eŋu la akee o, evɔ wònye wotsɔ fe gbogbo aɖe si eya nyi la kee hafi, la ƒe kpɔɖeŋua atsɔ akpe ɖe eŋu. (Mat. 18:21-35) Ne ehiã be woaɖo aɖaŋu na nɔviŋutsu aɖe la, ele be hamemetsitsiwo nawɔe kaba ale si woate ŋui.—Mixlẽ Lododowo 27:9.

‘Nɔ Ðokuiwò Mlam’

15. Aleke ŋutsu aɖe ƒe ƒome ate ŋu akpe ɖe eŋu wòasubɔ ame bubuwo?

15 Hamemetsitsiwo xɔa ŋgɔ le hehenana ŋutsuwo me be woadze axɔ agbanɔamedziwo, gake ame bubuwo hã ate ŋu akpe asi ɖe woƒe agbagbadzedzewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe ƒe ƒome ate ŋu akpe ɖe eŋu wòadze axɔ agbanɔamedziwo, eye ele be woawɔe hã. Ne enye hamemetsitsi xoxo la, srɔ̃anyɔnu lɔ̃amea kple via ɖokuitɔmadilawo kpea asi ɖe eŋu wòtsɔa eƒe agbanɔamedziwo le hamea me. Wonya be ele be wòazã eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ɖe ame bubuwo hã ŋu. Edoa dzidzɔ nɛ ŋutɔ ne wolɔ̃na faa tsɔa nanewo saa vɔe be wòate ŋu atsɔ eƒe agbanɔamedziwo nyuie. Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si ƒomea ɖena fiana la nana ŋutsua kpɔa dzidzɔ, eye ame bubuwo hã kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu ŋutɔ.—Lod. 15:20; 31:10, 23.

16. (a) Ame ka koŋ ƒe agbanɔamedzie wònye be wòaɖee afia be yedi be yeasubɔ ame bubuwo? (b) Aleke ŋutsu aɖe awɔ adze axɔ agbanɔamedziwo le hamea me?

16 Togbɔ be ame bubuwo ate ŋu akpe ɖe ŋutsu aɖe ŋu wòadze axɔ agbanɔamedziwo hã la, eya ŋutɔ ƒe ŋkumee wòkpɔ gbã. (Mixlẽ Galatiatɔwo 6:5.) Le nyateƒe me la, mehiã be nɔviŋutsu aɖe nanye subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi hafi akpe ɖe ame bubuwo ŋu ahakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me bliboe o. Ke hã hafi ŋutsu aɖe nadze axɔ agbanɔamedziwo le hamea me la, ele be wòaku kutri vevie aɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiwo gbɔ. (1 Tim. 3:1-13; Tito 1:5-9; 1 Pet. 5:1-3) Eya ta ne ŋutsu aɖe di be yeanye subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi gake womekpɔ ɖoe agbanɔamedzinɔƒe ma o la, ele be wòalé ŋku ɖe go siwo me wòle be wòawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi le la ŋu. Esia bia be wòanɔ Biblia xlẽm edziedzi, wòado vevie ɖokuisinusɔsrɔ̃, ŋugbledede vevie, gbedodoɖa tso dzi me, kple gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe. Ate ŋu ato mɔ siawo dzi awɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo na Timoteo la dzi, be: “Na ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nanye taɖodzinu si nàtsɔ anɔ ɖokuiwò mlam.”—1 Tim. 4:7.

17, 18. Nu kae nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖe ate ŋu awɔ ne dzimaɖitsitsi kple sese le eɖokui me be ŋutete mele ye ŋu o le ehem ɖe megbe alo didia mele eme be yeasubɔ o?

17 Ke ne dzimaɖitsitsi alo sese le ame ɖokui me be ŋutete mele ye ŋu o na be ŋutsu aɖe medi be yeaxɔ agbanɔamedzi o ya ɖe? Anyo be wòade ŋugble le nu si gbegbe Yehowa Mawu kple Yesu Kristo wɔ na mí la ŋu. Le nyateƒe me la, Yehowa ‘tsɔa míaƒe agbawo na mí gbeawotsyogbe.’ (Ps. 68:20) Eya ta mía Fofo si le dziƒo la ate ŋu akpe ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu wòatsɔ agbanɔamedziwo le hamea me. Anyo hã be nɔviŋutsu si menye subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi o la nabu nyateƒe si wònye be wohiã na ŋutsu geɖewo be woaxɔ agbanɔamedziwo le Mawu ƒe habɔbɔa me la ŋu. Ŋugbledede tso nya mawo ŋu ate ŋu aʋã nɔviŋutsu aɖe wòadze agbagba aɖu seselelãme manyomanyowo dzi. Ate ŋu ado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea, eye anyo be wòanɔ susu me nɛ be gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖewoe nye ŋutifafa kple ɖokuidziɖuɖu, siwo nye nɔnɔme siwo wòhiã, be wòate ŋu aɖu dzimaɖitsitsi kple sese le eɖokui me be ŋutete mele ye ŋu o dzi. (Luka 11:13; Gal. 5:22, 23) Eye ate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa yraa ame siwo katã dina be yewoaxɔ agbanɔamedziwo eye wowɔa esia kple susu nyui la.

18 Ðe wòanye be didia ye mele nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖe me be yeadze agbagba adze axɔ agbanɔamedziwo oa? Nu kae ate ŋu akpe ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu be wòadi be yeasubɔ? Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “[Mawue] le dɔ wɔm le mia me, bene didi kple nuwɔwɔ siaa nanɔ mia me le nu si dze eŋu la nu.” (Flp. 2:13) Mawue dea amewo subɔsubɔ ƒe didia ame me, eye ate ŋu ado ŋusẽ ame aɖe be wòawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. (Flp. 4:13) Gakpe ɖe eŋu la, Kristotɔ ate ŋu ado gbe ɖa be Mawu nakpe ɖe ye ŋu yeawɔ nu si le eteƒe.—Ps. 25:4, 5.

19. Kakaɖedzi kae nya si wogblɔ ɖi be woadɔ “lãkplɔvi adre kple amegã enyi” la na mí?

19 Yehowa yrana ɖe agbagba siwo hamemetsitsiwo dzena be yewoana hehe ŋutsuwo la dzi. Eyraa ŋutsu siwo lɔ̃na wonaa hehe wo eye wodina be yewoaxɔ agbanɔamedziwo le hamea me la hã. Ŋɔŋlɔawo ka ɖe edzi na mí be woakpɔ “lãkplɔvi adre kple amegã enyi”—ŋutsu siwo dze la ƒe xexlẽme bliboa—le Mawu ƒe amewo dome be woaxɔ ŋgɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa me. (Mixa 5:4) Yayra ka gbegbee nye esi wònye be wole hehe nam ŋutsu Kristotɔ geɖe siwo le didim ɖokuibɔbɔtɔe be yewoadze axɔ subɔsubɔgbanɔamedziwo hena Yehowa ƒe kafukafu!

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu wosu te na agbanɔamedzi gãwo tsɔtsɔ?

• Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu le kpekpeɖeŋunana ŋutsuwo me be woadze axɔ agbanɔamedziwo le hamea me?

• Akpa kae ŋutsu aɖe ƒe ƒomea wɔna le kpekpe ɖe eŋu be wòadze axɔ agbanɔamedziwo me?

• Nu kae ŋutsu aɖe ŋutɔ ate ŋu awɔ be wòadze axɔ agbanɔamedziwo?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Ne wò Biblia nusrɔ̃vi di be yeawɔ ŋgɔyiyi la, hehe kae nàte ŋu anɛ?

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Aleke ŋutsuwo ate ŋu aɖee afia be yewodi be yewoadze axɔ agbanɔamedziwo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe