Xaran—Blemadu Aɖe Si Me Dɔ Geɖe Yi Edzi Le
NE WONYA yɔ Xaran ŋkɔ ko la, ame siwo nya Ŋɔŋlɔawo la ƒe susu yia blemafofo wɔnuteƒe Abraham dzi enumake. Esime Abraham ʋu tso Ur nɔ mɔ zɔm yina Kanaan nyigba dzi la, eya kple srɔ̃a Sara, fofoa Tarax, kpakple tɔgãyɔvia Lot, siaa yi ɖanɔ Xaran hena ɣeyiɣi aɖe. Abraham ƒo kesinɔnu geɖe nu ƒu le du ma me. Le Abraham fofo ƒe ku megbe la, eyi eƒe mɔzɔzɔa dzi ɖo ta anyigba si ŋugbe Mawu vavã la do nɛ la dzi. (1 Mose 11:31, 32; 12:4, 5; Dɔw. 7:2-4) Emegbe la, Abraham dɔ eƒe dɔla tsitsitɔ ɖe Xaran alo nuto aɖe si te ɖe eŋu me be wòaɖaɖe srɔ̃ na Isak. Abraham tɔgbuiyɔvi Yakob hã va nɔ afi ma hena ƒe aɖewo.—1 Mose 24:1-4, 10; 27:42-45; 28:1, 2, 10.
Le Asiria Fia Sanxerib ƒe ŋɔdzidoname gbedeasi si wòɖo ɖe Yuda Fia Xizkiya me la, woyɔ Xaran kpe ɖe “dukɔ” siwo dzi Asiria (alo Asur) fia ɖu la ŋu. “Xaran” si woyɔ le afi sia la meku ɖe dugã ma ɖeɖe ko ŋu o, ke elɔ nuto siwo ƒo xlãe hã ɖe eme. (2 Fia. 19:11, 12) Ezekiel ƒe nyagblɔɖia yɔ Xaran be enye dukɔ vevi siwo tsaa asi kple Tiro la dometɔ ɖeka, eye esia ɖo kpe edzi be Xaran nye asitsadu vevi aɖe.—Eze. 27:1, 2, 23.
Egbea la, Xaran nye du sue aɖe si te ɖe Şanlıurfa ŋu, le Turkey ƒe ɣedzeƒe. Gake ɣeaɖeɣi le ŋutinya me la, blemadu Xaran nye dugã aɖe si me dɔ geɖe yi edzi le. Blemadu siwo ƒe ŋkɔwo woyɔ le Biblia me dometɔ ʋɛ siwo ƒe ŋkɔwo metrɔ o la dometɔ ɖekae Xaran nye. Asiriagbe me ŋkɔ si woyɔna na du sia, si nye Harranu, ate ŋu afia “Mɔ” alo “Asitsahawo Ƒe Mɔ,” eye esia ɖee fia be Xaran nɔ asitsamɔ vevi aɖewo siwo nɔ du gãwo dome la dzi. Le nuŋlɔɖi siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo le Xaran dua me ƒe nya nu la, Babilon Fia Nabonido dada ye nye trɔ̃si gã nɔ Xarantɔwo ƒe ɣletimawu, Sin, ƒe gbedoxɔ me. Ame aɖewo gblɔ be Nabonido gbugbɔ ɖɔ gbedoxɔ sia ɖo. Le ema megbe la, fiaɖuƒe geɖewo va ɖu dzi eye wo nu va yi, gake Xaran kpɔtɔ li.
Egbea la, ale si Xaran le la to vovo kura na ale si wònɔ le blema. Blema Xaran nye dugã deŋgɔ kple dugã vevi aɖe, vevietɔ le ɣeyiɣi aɖewo me. Gake egbea la, nuto aɖe si me aƒe siwo ƒe xɔ tame le lɔbɔe le koe Xaran nye, eye blemadua ƒe aƒedo siwo ɖe ŋkuʋuʋu si nɔ anyi ɣemaɣi fia la ƒo xlãe. Le xexe yeye si Mawu awɔ me la, woafɔ ame geɖe siwo nɔ Xaran kpɔ—siwo dometɔ aɖewo nye Abraham, Sara, kple Lot—ɖe tsitre. Míate ŋu aka ɖe edzi be woate ŋu agblɔ nya geɖe wu na mí tso Xaran, si nye blemadu aɖe si me dɔ geɖe yi edzi le la, ŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Xaran ƒe aƒedowo
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Xɔ tamelɔbɔewo
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Ale si Xaran dua le egbea