NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 2 MOSE 10-11
Mose Kple Aron Ðee Fia Be Dzi Le Yewo Ƒo Ŋutɔ
Dzi nɔ Mose kple Aron ƒo ale gbegbe esime wonɔ nu ƒom kple Farao, si nye amegbetɔ ŋusẽtɔ gãtɔ le anyigba dzi ɣemaɣi. Nu kae na dzi nɔ wo ƒo nenema? Biblia gblɔ tso Mose ŋu be: “Le xɔse me edzo le Egipte, ke mevɔ̃ fia ƒe dziku la o, elabena eyi edzi nɔ te sesĩe, abe ɖe wòle Ame si womekpɔna o la kpɔm ene.” (Heb 11:27) Mose kple Aron xɔ Yehowa dzi se ale gbegbe be woɖo ŋu ɖe eŋu.
Nɔnɔme kawoe abia be dzi nanɔ ƒowò nàƒo nu tso wò xɔse ŋu na amegã aɖe?