INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 6/1 axa 4-7
  • Nu Vɔ̃—Ðe Nane Trɔ Le Eŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Vɔ̃—Ðe Nane Trɔ Le Eŋua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Míenyi Nu Vɔ̃ Domea?
  • Ðe Míewɔa Nu Vɔ̃ Nyateƒea?
  • Asiɖeɖe Le Blema Dzidzenuwo Ŋu
  • Nya Siwo Vivia Tome Na Amewo Gbɔgblɔ
  • Nu Vɔ̃ Ŋuti Nyateƒe La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nu Kae Nye Nu Vɔ̃ Gbãtɔa?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ðe Míeŋlɔ Nu Si Nu Vɔ̃ Nye Bea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ɣeyiɣi si me Nuvɔ̃ Maganɔ Anyi O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 6/1 axa 4-7

Nu Vɔ̃—Ðe Nane Trɔ Le Eŋua?

“EGBEA la, amewo megadina be yewoasee be míenyi nu vɔ̃ aɖe dome, si wɔe be nane gblẽ le mía ŋu le dzɔdzɔme nu, o. Eye womega lɔ̃na gɔ̃ hã be nane li woyɔna be nu vɔ̃ o. . . . Wogblɔna be ne nu vɔ̃ li hã la, ke amewo abe Adolf Hitler kple Josef Stalin ene ŋue woagblɔ le be wowɔ nu vɔ̃, gake mí ame susɔeawo ya la, míewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.”—The Wall Street Journal.

Le nyadzɔdzɔgbalẽ sia ƒe nya nu la, amewo ƒe nukpɔsusu le nu vɔ̃ ŋu trɔ kura le egbeŋkekeawo me. Nu ka gbɔe wòtso? Ðe nane trɔ le nu vɔ̃ ŋua? Le nya ŋutɔŋutɔ nu la, nu kae nye nu vɔ̃ si ŋu nya amewo megadina be yewoase o?

Nu vɔ̃ ƒomevi evee li—nu vɔ̃ si dome míenyi kple nu vɔ̃ si míawo ŋutɔwo míewɔna. Gbãtɔa nye nu si míedzɔ kple, evelia nye nu si míewɔna. Mina míadzro wo dometɔ ɖe sia ɖe me kpɔ.

Ðe Míenyi Nu Vɔ̃ Domea?

Biblia fia nu be mía dzila gbãtɔwo wɔ nu vɔ̃ aɖe si dome ameƒomea katã nyi. Esia wɔe be wodzia mí katã míenyea ame madeblibowo. Biblia gblɔ be: “Madzɔmadzɔnyenye ɖe sia ɖe nye nu vɔ̃.”—1 Yohanes 5:17.

Gake esesẽna na sɔlemedela geɖe be woase egɔme alo alɔ̃ ɖe edzi be nu vɔ̃ sagaa aɖe si me ameƒomea mekpɔ gome le o, alo si ŋu womenya naneke kura gɔ̃ hã tso o la wɔe be wodzia wo katã wonyea ame madeblibowo. Mawuŋutinunyafiala Edward Oakes gblɔ tso domenyinuvɔ̃ ŋuti nufiafiaa ŋu be, “eɖea fu na ame aɖewo gake ɖeko womia nu ɖe edzi, ame aɖewo ya tsi tsitre ɖe eŋu gaglã, eye ɖeko ame bubuwo hã xɔ edzi se afã kple afã evɔ woƒe nuwɔnawo meɖenɛ fiana be wolɔ̃ ɖe edzi be yewonye nuvɔ̃mewo o.”

Nu siwo na wòsesẽna na amewo be woalɔ̃ ɖe edzi be míenyi nu vɔ̃ dome la dometɔ ɖekae nye nu si sɔlemehawo fiana tso nya sia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le Trent ƒe aɖaŋuɖotakpekpe aɖe (1545-1563) me la, sɔlemehaa bu fɔ ame sia ame si gbe be woagade tsi ta na vidzĩwo atsɔ aklɔ domenyinuvɔ̃ ɖa le wo ŋu o. Mawuŋutinunyafialawo gblɔ be ne womede tsi ta na vidzĩ aɖe hafi wòku o la, eƒe domenyinuvɔ̃ si womeklɔ le eŋu o awɔe be mate ŋu ayi Mawu gbɔ le dziƒo gbeɖe o. Calvin fia nu gɔ̃ hã be ɖeviwo ‘ŋutɔ tsɔa woƒe dzo mavɔ me yiyi ƒe fɔbubua ɖe asi tso wo dada ƒe dɔme ke.’ Egblɔ kpee be ‘Mawu lé fu vidzĩ siwo ŋu womeklɔ nu vɔ̃ le o, eye woƒe nu nyɔa ŋu nɛ.’

Ame akpa gãtɔ sena le wo ɖokuiwo me be esi vidzĩwo menya naneke o ta la, masɔ le dzɔdzɔmenu be woagblɔ be vidzĩwo akpe fu le domenyinuvɔ̃ ta o. Eya ta sɔlemehawo ƒe nufiafia sia na ame geɖe megava xɔe se be míenyi nu vɔ̃ aɖe dome o. Le nyateƒe me la, meva sɔe na sɔlemehakplɔla aɖewo ŋutɔ gɔ̃ hã be woaƒo nya ta be vidzĩ siwo womede tsi ta na o la yia dzo mavɔ me o. Le woawo gome la, nu si adzɔ ɖe vidzĩ mawo dzi le ku megbe kpɔtɔ nye taɖui na mawuŋutinunyafialawo. Nu si Katolikohaa fia hena ƒe alafa geɖe, si dzi womete ŋu ɖo kpe tututu o, ye nye be vidzĩ siwo womede tsi ta na hafi woku o la ƒe luʋɔwo yia Limbo.a

Nu bubu si hã gana amewo megava xɔ edzi se be míenyi nu vɔ̃ dome o lae nye be xexemenunyala, dzɔdzɔmeŋutinunyala, kple mawuŋutinunyafiala siwo nɔ anyi le ƒe alafa 19 lia me la va te nya tsɔtsɔ ɖe Biblia ŋu be emenyawo menye ŋutinyamenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo o. Ame geɖe siwo xɔ Darwin ƒe amedzɔtsolãme nufiafiaa dzi se la bua Adam kple Xawa ƒe ŋutinyaa be enye nyakpakpa. Esiawo katã wɔe be ame geɖe va bua Biblia me nyawo be wonye ame siwo ŋlɔ wo la ŋutɔ ƒe nukpɔsusu kple nufiafia, ke menye nya siwo tso Mawu gbɔ o.

Ŋusẽ kae esia kpɔ ɖe domenyinuvɔ̃ ƒe nyaa dzi? Edze ƒãa be ne wona sɔlemedelawo se egɔme be Adam kple Xawa menye ame ŋutɔŋutɔ nɔ anyi kpɔ o la, ke woaƒo nya ta hã be míenyi nu vɔ̃ aɖeke dome o. Ame siwo lɔ̃na ɖe edzi be nane gblẽ le ameƒomea ŋu gɔ̃ hã melɔ̃ ɖe edzi be nu vɔ̃ aɖe domee míenyi o, ke boŋ be domenyinuvɔ̃ ƒe nyaa nye amewo ƒe agbagbadzedze ko be yewoaɖe nu si ta míede blibo o gɔme.

Domenyinuvɔ̃ tɔe nye ema. Ke gbɔgblɔ be mía ŋutɔwo míewɔa nu vɔ̃—si to vovo na nu vɔ̃ si dome míenyi—wònyea agɔdzedze le Mawu dzi ya ɖe?

Ðe Míewɔa Nu Vɔ̃ Nyateƒea?

Ne wobia ame geɖe be nu kae nye nu vɔ̃ hã la, Se Ewoawo—siwo ku ɖe amewuwu, ahasiwɔwɔ, ŋubiã, matrewɔwɔ, fififi, kple bubuawo ŋu—dzi koe woƒe susu yina. Sɔlemehawo fiaa nu be ne ame aɖe metrɔ dzi me tso nu vɔ̃ mawo me hafi ku o la, woawɔ funyafunyae ɖaa le dzo mavɔ me.b

Katolikohaa bia be ne ame aɖe medi be yeayi dzo mavɔ me o la, ele be wòava nɔ eƒe nu vɔ̃wo me ʋum na osɔfo, si wobuna be ŋusẽ le esi wòatsɔ nu vɔ̃wo ake. Ke hã, le Katolikotɔ akpa gãtɔ gome la, nu vɔ̃ me ʋuʋu, nu vɔ̃ tsɔtsɔ ke, kple dzimetɔtrɔ zu gbe aɖe gbe nyawo. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be Katolikotɔ siwo le Italy la dometɔ 60 le alafa me megaʋua nu vɔ̃ me o.

Edze ƒãa be nukpɔsusu si le amewo si ku ɖe nu vɔ̃ kple emetsonuwo ŋu—abe ale si subɔsubɔhawo fianɛ ene—mekpe ɖe wo ŋu wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ o. Sɔlemedela geɖewo megaxɔe se be nane gblẽ le nu mawo katã ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo susuna be ne ame tsitsi eve ŋutɔ lɔ̃ kpɔ gome le gbɔdɔdɔ me, eye megblẽ nu le ame bubu aɖeke ŋu o la, menye nu vɔ̃ o.

Susu siwo ta amewo bua nu ŋu nenema dometɔ ɖekae nye be le ememe la, womeka ɖe nu si wofia wo tso nu vɔ̃ ŋu dzi o. Le nyateƒe me la, esesẽna na ame geɖe be woaxɔe ase be Mawu lɔ̃ame nanɔ funyafunya wɔm nu vɔ̃ wɔlawo le dzo mavɔ me. Eye ɖewohĩ ale si wòsesẽna na amewo be woaxɔ nu sia dzi see na womegalɔ̃na ɖe edzi gɔ̃ hã be nu vɔ̃ li ŋutɔŋutɔ o. Gake nu bubu aɖewo hã wɔe be amewo ƒe dzitsinya megaɖea fu na wo be wowɔ nu vɔ̃ o.

Asiɖeɖe Le Blema Dzidzenuwo Ŋu

Nu siwo dzɔ le ƒe alafa ʋɛ siwo va yi me la he tɔtrɔ ɖedzesiwo va dukɔ blibowo kple ame ɖekaɖekawo ƒe nuŋububu me. Xexemeʋa eveawo, aʋa suesuesue geɖe siwo mele xexlẽ me o, kple ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura ƒe nugbeɖoɖowo wɔe be ame geɖe megadea asixɔxɔ agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenu siwo nɔ anyi tsã ŋu o. Wogblɔna be: ‘Le egbe mɔɖaŋu kple ŋkuʋuʋu ƒe xexe sia me la, ɖe nunya le eme be míaganɔ agbe nɔm ɖe dzidzenu siwo woŋlɔ ɖi tso blema ke la nua?’ Susuŋudɔwɔwɔ ŋuti nunyala kple agbe nyui nɔnɔ ŋuti nunyala geɖewo ƒo nya ta be nunya manɔ eme nenema kura o. Woƒe dzixɔsee nye be ele be amegbetɔwo naɖe asi le blema dzidzenu kple dzixɔsewo ŋu ahaɖo dzidzenu siwo deŋgɔ wu na wo ɖokuiwo to agbalẽsɔsrɔ̃ me.

Nuŋububu sia na ame geɖe megava le ɖeke tsɔm le mawusubɔsubɔnyawo me o. Le Europa dukɔ geɖe me la, ame ʋɛ aɖewo koe gadea sɔleme. Ame siwo va le asi ɖem le woƒe dzixɔsewo ŋu la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ, eye sɔlemehawo ƒe nufiafiawo kua dzi na ame geɖe le esi womegava le ta nyam le wo nu o ta. Wogblɔna be esi wònye nɔnɔmetɔtrɔ dzie amegbetɔwo to dzɔ, ke menye Mawue wɔ mí o la, ɖe wògahiã be míaƒo nu tso agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenu aɖe dzi dada ŋua?

Ale si ame geɖe megava dea asixɔxɔ agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenuwo ŋu le Ɣetoɖoƒedukɔwo me le ƒe alafa 20 lia me o la va he mɔɖeɖe ɖe gbɔdɔnuwɔna kple nu tovo wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu vɛ. Sukuviwo ƒe aglãdzedze, tsitretsitsi ɖe dzidzenuwo ŋu ŋuti habɔbɔwo, kple mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ŋuti mɔnuwo hã wɔe be amewo megadea asixɔxɔ agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenu siwo li tso blema ke la ŋu o. Esia na wogbe nu le Biblia ƒe dzidzenuwo gbɔ. Egbeviwo meganya nu boo aɖeke tso agbe nyui nɔnɔ ŋu o, eye womegabua naneke gɔ̃ hã be nu vɔ̃ o. Nuŋlɔla aɖe gblɔ be, “se ɖeka si wonya koe nye ŋutsu kple nyɔnu dome lɔlɔ̃ se”—si ɖe mɔ ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu.

Nya Siwo Vivia Tome Na Amewo Gbɔgblɔ

Esi nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Newsweek nɔ nu ƒom tso ale si nɔnɔmea le le United States ŋu la, egblɔ be: “Osɔfo geɖe va kpɔe be ne yewomegblɔ nya siwo avivi yewoƒe hameviwo nu o la, woadzo ayi sɔlemeha bubuwo me.” Wosena le wo ɖokuiwo me be ne yewole se geɖe dem na yewoƒe hameviwo la, woava ʋu adzo le yewo gbɔ. Amewo megadina be woagblɔ na yewo be yewoatu ɖokuibɔbɔ, ɖokuidziɖuɖu, kple nudzeamewɔwɔ ɖo loo, alo be ele be yewoɖo to yewoƒe dzitsinya ahatrɔ dzi me tso yewoƒe nu vɔ̃wo me o. Eya ta abe ale si Chicago Sun-Times gblɔe ene la, nu si va bɔ le sɔlemeha geɖewo me fifiae nye be “woɖe asi le Kristotɔwo ƒe nya nyuia ŋu hele nyuidinamenyawo kple nu siwo avivi tome na amewo la ko fiam.”

Nu si do tso nuŋububu alea mee nye be subɔsubɔhawo va to nu si woa ŋutɔ wosusu be enye Mawusubɔsubɔ la vae, eye menye Mawu kple nu siwo wòdi tso mía sie le vevie na wo o, ke boŋ nya siwo amewo dina be yewoase, siwo ana bubu geɖe nanɔ wo ŋue wogblɔna na wo. Hameviwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo koŋ ŋu ko woƒoa nu tsoe. Esia wɔe be nufiame aɖeke megava nɔa woƒe mawunyagbɔgblɔwo me o. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Wall Street Journal bia nya sia be: “Ke nu kae va xɔ ɖe Kristotɔwo ƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti nufiafiawo teƒe?” Eɖo eŋu be: “Nu si ko wofiana azɔe nye be woaɖe mɔ ɖe ame bubuwo ƒe nukpɔsusu ŋu, eye be ne ame nya wɔa nu ɖe ame bubuwo ŋu nyuie ko la, ate ŋu anɔ agbe ɖe sia ɖe si dzroe faa.”

Eme kɔ ƒãa be nu siawo katãe na nukpɔsusu sia va bɔ be subɔsubɔha ɖe sia ɖe si nya gblɔa nya siwo vivia tome na ame la nyo. Le nyadzɔdzɔgbalẽa ƒe nya nu la, ame sia ame si si nukpɔsusu ma le la “ate ŋu age ɖe sɔlemeha ɖe sia ɖe me faa, zi ale si haa menya ɖo agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenu kpaɖi aɖeke na eƒe hameviwo o ko.” Eye be sɔlemehawo hã le klalo be yewoaxɔ ame sia ame ɖe yewoƒe hawo me “metsɔ le agbe si ƒomevi wònɔna me o.”

Nya siawo ana Biblia xlẽla geɖewo naɖo ŋku nyagblɔɖi aɖe si apostolo Paulo ŋlɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me dzi. Egblɔ be: “Ɣeyiɣi aɖe ava, esime womaxɔ nufiafia nyuitɔ la o, ke boŋ le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokuiwo, bene woalũ tome na wo; eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋu.”—2 Timoteo 4:3, 4.

Ne subɔsubɔhakplɔlawo ŋe aɖaba ƒu nu vɔ̃ dzi, gblɔ be nu vɔ̃ meli o, hele ‘tome lũm’ na woƒe hameviwo to nya siwo wodina be yewoase ko gbɔgblɔ na wo me, le esi teƒe be woafia nu si Biblia fia la, wole nu gblẽm le amewo ŋu. Nya mawo nye aʋatsonufiafia siwo me afɔku le. Wonye afɔbublu na Kristotɔnyenye ŋuti nyateƒenya vevi aɖe. Nu vɔ̃ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔke nye nya nyui si ŋu Yesu kple eƒe apostolowo fia nu tsoe la ƒe akpa vevi aɖe. Míede dzi ƒo na wò be nàxlẽ nyati si kplɔe ɖo bene nàse esia gɔme nyuie.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wobua Limbo be enye teƒe si ame siwo medze na dziƒo yiyi o, evɔ womedze na dzo mavɔ me yiyi hã o ƒe luʋɔwo nɔna. Anɔ eme be ale si Limbo ŋuti nufiafiaa tɔtɔa amewoe wɔe be wova ɖee ɖa le Katolikohaa ƒe dzixɔsewo ŋuti nufiagbalẽ akpa gãtɔ me ɖo. Kpɔ aɖaka si nye “Tɔtrɔ Kpata Si Mawuŋutinunyafialawo Wɔ,” le axa 10.

b Dzixɔse si nye be wowɔa funyafunya amewo le dzo mavɔ me la ŋuti kpeɖodzi aɖeke mele Biblia me o. Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta la, ƒe ta 6 lia si nye “Afikae Ame Kukuwo Le?” hena numeɖeɖe bubuwo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

Nu gbegblẽwo sɔŋ ye do tso nya siwo vivia tome na amewo la gbɔgblɔ me

[Aɖaka si le axa 6]

Nu Vɔ̃​—“Meganye Nu Míatsi Dzi Ðe Eŋu Fiafia O”

▪ “Nu vɔ̃ ŋuti nya hã le nu siwo zu taɖui na sɔlemehawo la dome. Míegabua mía ɖokuiwo be míenye ‘nu vɔ̃ wɔla’ siwo hiã tsɔtsɔke o. Ðewohĩ míetsia dzi ɖe nu vɔ̃ ŋu tsã, gake fifia ya míaƒe ŋku ʋu. Eya ta esi sɔlemehawo le ta gbãm le nu vɔ̃ ŋuti nya sia ŋu la, Amerikatɔ akpa gãtɔ ya megabunɛ be enye kuxi aɖeke na yewo o.”—Subɔsubɔhawo ŋuti nuŋlɔla John A. Studebaker, Jr.

▪ “Ame aɖewo gblɔna be: ‘Medina be manɔ agbe nyui eye mekpɔa mɔ be ame bubuwo hã nawɔe nenema, gake menya be amegbetɔwoe mí katã míenye, eya ta nyemate ŋu alé dzidzenu kpaɖii aɖeke me ɖe asi o.’ Agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenu siwo nyo mía ŋu la nue míenɔa agbe ɖo. . . . Gake míeŋea aɖaba ƒua nu vɔ̃ gãwo ya dzi.”—Albert Mohler, Baptisttɔwo ƒe Mawuŋutinunya Takpekpe aɖe ƒe zimenɔla.

▪ “Nu siwo wobuna ŋukpenanuwo tsã [abe nu siwo woyɔna be nu vɔ̃ adre siwo wua ame ene] va zu adegbeƒonuwo fifia: dzilawo dea dzi ƒo na wo viwo be woanye ɖokuidoɖedzilawo bene vɔvɔ̃ nanɔ wo ŋu; Franseawo ƒe nuɖala aɖewo gblɔ na Vatican be nutsuɖuɖu menye nu vɔ̃ o. Ale si nyatakakamɔnuwo kafua ŋuʋaʋã la va le ame geɖewo nu vivim. Ŋukeklẽ dodo ɖe ŋgɔ va zu asitsalawo ƒe boblodomɔnu; wova bua dzikudodo be enye nu si sɔ bene ame si dzi wodze agɔ le la natsɔ aɖe eƒe ŋusẽ afia. Eye ɣeaɖewoɣi la, ame aɖewo ɖonɛ koŋ wɔa kuvia le woƒe dɔwo ŋu.”—Nancy Gibbs, le Time magazine me.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ame geɖewo bua Adam kple Xawa ƒe ŋutinyaa be enye nyakpakpa

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe