INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 6/1 axa 27
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Xɔsetsakatsakae?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Xɔsetsakatsakae?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Mawu Da Asi Ðe Xɔsetsakatsaka Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Ƒoa Wo Ðokui Ðe Xɔsetsakatsaka Nuwɔnawo Mea?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Xexeame Subɔsubɔhawo Ƒe Sewɔtakpekpe—Akpɔ Dzidzedzea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 6/1 axa 27

Exlẽlawo Bia Be . . .

Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Xɔsetsakatsakae?

▪ Le World Christian Encyclopedia ƒe nya nu la, “subɔsubɔha vovovo 10,000 aɖewoe le xexea me.” Esi wònye masɔmasɔ siwo doa mo ɖa le wo dome la gblẽa nu le ame geɖe ŋu ta la, amewo bua xɔsetsakatsaka be anye kuxi ma gbɔkpɔnu nyuitɔ. Woxɔe se be ate ŋu ana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ subɔsubɔhawo katã dome le xexea me.

Nyateƒee, Biblia de ɖekawɔwɔ ƒe dzi ƒo. Apostolo Paulo tsɔ Kristotɔwo ƒe hamea sɔ kple míaƒe ametia, si ƒe ŋutinu ɖe sia ɖe ‘wokpe pɛpɛpɛ, eye wowɔ wo be woawɔ dɔ ɖekae.’ (Efesotɔwo 4:16) Nenema kee apostolo Petro hã xlɔ̃ nu eƒe haxɔsetɔwo be: “Mina mi katã miaƒe susu nanɔ ɖeka.”—1 Petro 3:8.

Dekɔnu kple subɔsubɔha vovovowo nɔ anyi le Kristotɔ gbãtɔawo hã ŋɔli. Gake esi Paulo nɔ nu ƒom tso tsakatsaka kple subɔsubɔha bubu me tɔwo ŋu la, ebia nya sia be: “Gome kae le nuteƒewɔla si le dzimaxɔsetɔ gbɔ?” Emegbe ena nuxlɔ̃ame sia Kristotɔwo be: “Mido go le wo dome.” (2 Korintotɔwo 6:15, 17) Eme kɔ ƒãa be Paulo meda asi ɖe xɔsetsakatsaka dzi o. Nu ka tae?

Apostoloa ɖe eme be Kristotɔ vavã ƒe ɖekawɔwɔ kple subɔsubɔha bubu me tɔ le mawusubɔsubɔ gome anye kɔkuti si mesɔ o te nɔnɔ. (2 Korintotɔwo 6:14) Ðeko esia wɔwɔ agblẽ nu le Kristotɔ vavã ƒe xɔse ŋu. Paulo ƒe seselelãmea sɔ kple vifofo aɖe si de dzesii be ɖevi siwo le yewoƒe nutoa me la dometɔ aɖewo ƒe agbe meɖɔ ʋu kura o la tɔ. Esi vifofo sia tsi dzi ɖe via ƒe nyonyo ŋu ta la, nunya le eme be wòade se na via ku ɖe ame siwo wòade ha kple la ŋu. Ðewohĩ seɖoƒe siwo wòaɖo na via la mavivi na ame aɖewo o. Togbɔ be anɔ nenema hã la, seɖoƒe mawo dzi wɔwɔ akpɔ via ta tso hadede gbegblẽwo me. Nenema kee Paulo hã nyae be ne Kristotɔwo ɖe wo ɖokuiwo ɖe aga tso subɔsubɔha bubuwo gbɔ la, akpɔ wo ta tso ha mawo ƒe nuwɔna gbegblẽwo me.

Yesu ƒe kpɔɖeŋue Paulo srɔ̃ le go sia me. Togbɔ be Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi le ŋutifafa me nɔnɔ kple amewo gome hã la, meƒo eɖokui ɖe xɔsetsakatsaka me o. Subɔsubɔha geɖewo, abe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ene, nɔ anyi le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi. Le nyateƒe me la, subɔsubɔha mawo wɔ ɖeka hetsi tsitre ɖe Yesu ŋu, eye woawoe ɖo nugbe ɖe ewuwu ŋu gɔ̃ hã. Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be ‘woakpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe nufiafia ŋu.’—Mateo 16:12.

Ke egbea ya ɖe? Ðe viɖe gakpɔtɔ le Biblia ƒe nuxlɔ̃ame be míatsri xɔsetsakatsaka ŋua? Ɛ̃, viɖe le eŋu. Abe ale si ko tsi kple ami mate ŋu atsaka ne wokɔ wo ɖe nugo ɖeka me gɔ̃ hã o ene la, xɔsetsakatsaka mate ŋu ana subɔsubɔha vovovowo ƒe dzixɔsewo nawɔ ɖeka o. Le kpɔɖeŋu me, ne subɔsubɔha vovovowo me tɔwo va ƒo ƒu le gbe dom ɖa ɖe ŋutifafa ta la, ke woƒe mawu vovovoawo dometɔ kae wole gbea dom ɖa na? Kristodukɔa ƒe Mawuɖekaetɔ̃a ye loo, Hindutɔwo ƒe Brahma ye loo, Buddha ye loo, alo mawu bubu aɖe yea?

Nyagblɔɖila Mixa gblɔ ɖi be “le ŋkeke mlɔeawo me” la, dukɔwo katã me tɔwo agblɔ be: “Mina míayi Yehowa ƒe to la kple Yakob ƒe Mawu la ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí, eye míazɔ eƒe toƒewo!” (Mixa 4:1-4) Esia me tsonu anye be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ axɔ xexe bliboa katã me, menye to xɔsetsakatsaka dzi o, ke boŋ le esi amewo katã wɔ ɖeka le xɔse vavãtɔ ɖeka la me ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Subɔsubɔha gãwo me tɔ siwo le xɔsetsakatsaka ƒe takpekpe aɖe wɔm le ƒe 2008 me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

REUTERS/Andreas Manolis

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe