Xexeame Subɔsubɔhawo Ƒe Sewɔtakpekpe—Akpɔ Dzidzedzea?
SUBƆSUBƆHAŊGƆNƆLA alafa geɖewo kpe ta ɖe Xexeame Subɔsubɔhawo ƒe Sewɔtakpekpe evelia si wowɔ le Chicago, Illinois, U.S.A., le ƒe 1993 ƒe dzomeŋɔli la me. Buddha-subɔsubɔ, Kristodukɔa, Hindu-subɔsubɔ, Yuda-subɔsubɔ, kple Islam-subɔsubɔwo katã ƒe amedɔdɔwo va. Adzetɔwo kple mawunɔsubɔlawo hã va. Wodzro akpa si woawɔ le aʋawɔwɔ nutsitsi me la me. Takpekpea ƒe zimenɔla gblɔ be “ne womã aʋa sesẽ siwo katã wɔm wole le xexeame egbea ɖe akpa etɔ̃ la, subɔsubɔhawo ƒe asi le akpa eve me.”
Ƒe Alafa Ðeka si Va Yi
Ðe sewɔtakpekpea kpɔ dzidzedzea? Kpɔ nusi dzɔ le ƒe alafa ɖeka si va yi me le Xexeame Subɔsubɔhawo ƒe Sewɔtakpekpe gbãtɔ si wowɔ la me ɖa. Chicago kee wowɔ eya hã le le ƒe 1893 ƒe dzomeŋɔli me, eye subɔsubɔha siwo wu 40 dɔ ame ɖa. Xexeame Subɔsubɔhawo ƒe Sewɔtakpekpea ƒe Aɖaŋuɖoha aɖe gblɔ be amesiwo va takpekpea le ƒe 1893 me la “xɔe se be emae anye dukɔwo dome xɔsetsakatsaka ƒe takpekpe siwo woawɔ ɖe wo nɔewo nu be wòahe nugɔmesese, ŋutifafa, kple ŋgɔyiyi vɛ la dometɔ gbãtɔ. Meva eme nenema o. Subɔsubɔhawo ƒe mɔmaɖemaɖeɖenuŋu kple nuvlowɔwɔ le eme hafi aʋa siwo wowɔ le ƒe 100 siwo va yi me la dzɔ, eye aleae wògale vaseɖe egbea.” Nukatae wodo kpo nu? Elabena Mawu meda asi ɖe xɔsetsakatsaka ƒe susu bliboa dzi o. Biblia gblɔ be: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o!”—Korintotɔwo II, 6:14-17.
Eyata esɔ esime September 1893 Zion’s Watch Tower ƒe tata te gbe ɖe edzi be Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖe Xexeame Subɔsubɔhawo ƒe Sewɔtakpekpea dzi o esime wògblɔ fewuɖuɖutɔe be: “Woku anyikpe meme lɔbɔ sesẽ wɔnuku geɖe le tome le Babilon kple blemadu bubuwo ƒe dudowo me gake ɖewo li siwo ŋu womeke ɖo haɖe o. . . . Womeke ɖe ɖeke si gblɔ tso Mose kple Yosua ŋu be woyɔ Moabitɔwo, Amonitɔwo, kple Edomtɔwo va ‘Subɔsubɔhawo ƒe Sewɔtakpekpe’ me kpɔ o . . . Womeke ɖe ɖeke si ƒo nu tso Samuel tsitsi dzɔtsu la ŋu be edɔ ame ɖo ɖe Gat kple Ekron be woaɖo amedɔdɔwo ɖa tso Dagon ƒe nunɔlawo dome be woava Silo ne woawɔ takpekpe kple Yehowa ƒe nunɔlawo o . . . Womeke ɖe ɖeke si ƒo nu tso Eliya tsitsi si tsɔa lãgbalẽ blaa ali dzi ŋu be edo susu ɖa be yeawɔ ‘takpekpe’ kple Baal kple Molex ƒe nunɔlawo ne yewoadzro nu me kwasiɖa ɖeka le yewo dometɔ ɖesiaɖe ƒe xɔse ƒe nufiafia ŋu be wòana yewoade bubu yewo nɔewo ƒe subɔsubɔ ŋu o.”
Mawu ƒe Fiaɖuƒe Koe Nye Mɔkpɔkpɔ Ðeka Kolia
Xexeame Subɔsubɔhawo ƒe Sewɔtakpekpe madze edzi o. Nyadzɔdzɔgbalẽwo kple amedɔdɔwo zã nya siwo nye “zitɔtɔ,” “ʋunyaʋunyawɔwɔ,” kple “tɔtɔ gã” tsɔ ƒo nu tso sewɔtakpekpea ŋui. Nyatakaka aɖe gblɔ be kpovitɔwo gɔ̃ hã va lé avu le ʋunyaʋunya eve siwo dunyahehe ƒe tɔtɔwo he vɛ la me. Sewɔtakpekpea gblɔ le agbalẽ si woŋlɔ le ƒe 1952 me be yewoƒe tameɖoɖowo dometɔ ɖekae nye be: “Yewoaɖo Xexeame Subɔsubɔhawo ƒe Sewɔtakpekpe si anɔ anyi ɖaa la anyi be wòawɔ dɔ kple DUKƆ ƑOƑUAWO ƑE HABƆBƆA be woahe ŋutifafa kple nugɔmesese va amewo katã dome le xexeame katã.” Yesu gblɔ nya si to vovo be yeƒe Fiaɖuƒe menye xexe sia me ƒe akpa aɖeke o. Biblia fia asi Mawu ƒe Fiaɖuƒea be eya ɖeɖekoe akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ.—Daniel 2:44; Yohanes 18:36.