Nu Si Ta Ame Geɖe Menya Mawu Nyuie O
AME aɖe li, si medi be nànya Yehowa ƒe ŋkɔa, ale be mia kplii dome nanɔ kplikplikpli o. Futɔ vɔ̃ɖi kae ma? Biblia gblɔ be: “Nuɖoanyi sia ƒe mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu.” Xexe mavɔ̃mawu sia ƒe mawue nye Satana Abosam. Edi be nànɔ viviti me, ale be “Mawu ŋuti sidzedze si ŋu ŋutikɔkɔe le” la nagasu asiwò o. Satana medi be nànya ame si tɔ ŋkɔ Yehowa nyuie o. Gake mɔ siwo dzi Satana tona gbãa ŋku na amewo ƒe tamesusu la dometɔ aɖewo ɖe?—2 Korintotɔwo 4:4-6.
Satana zãa alakpasubɔsubɔ tsɔna xea mɔ na amewo be woaganya Mawu nyuie o. Le kpɔɖeŋu me, le blema la, Yudatɔwo ɖoe koŋ gbe nya siwo Mawu na woŋlɔ la hetrɔ ɖe kɔnyinyiwo ŋu, ale be wodzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔa zazã. Kaka apostoloawo ŋɔli naɖo le ƒe alafa gbãtɔ me la, wode se na Yudatɔ siwo xlẽa Mawu ƒe Nya la na amewo le dutoƒo be woagayɔ Mawu ƒe ŋkɔ si dze le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me la o, ke boŋ woayɔ ʼAdho·naiʹ, si gɔmee nye “Aƒetɔ” ɖe eteƒe boŋ. Nuwɔna ma na ame geɖe megava nya Mawu kura o. Ema wɔe be ame geɖe medze si Mawu kaka woa kplii dome nayi nyonyo ge o. Nu kae Yesu ya wɔ? Aleke wòbu Yehowa ƒe ŋkɔae?
Yesu Kple Eyomedzelawo Na Amewo Nya Mawu Ƒe Ŋkɔa
Yesu do gbe ɖa na Fofoa be: “Mena wonya wò ŋkɔ la, eye [magana] woanyae.” (Yohanes 17:26) Yesu ayɔ Mawu ƒe ŋkɔa godoo zi gbɔ zi geɖe, ne ele Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe teƒe siwo ŋkɔ vevi ma dze le la xlẽm, le nya yɔm tso wo me, alo le wo me ɖem na amewo. Eya ta Yesu anya zã Mawu ƒe ŋkɔa faa abe ale si ko nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ nɛ la zãe ene. Ne Yudatɔwo aɖewo dzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔa zazã xoxo hafi Yesu va dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme hã la, Yesu ya makplɔ woƒe kɔnyinyi ma ɖo gbeɖe o. Eka mo na subɔsubɔhakplɔlawo vevie be: “Miena Mawu ƒe nya la zu dzodzro le miaƒe kɔnyinyi la ta.”—Mateo 15:6.
Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe hã la, eyomedzela wɔnuteƒewo na amewo nya Mawu ƒe ŋkɔa. (Kpɔ aɖaka si nye: “Ðe Kristotɔ Gbãtɔwo Zã Mawu Ƒe Ŋkɔa?”) Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkeke dzi, si nye gbe si gbe tututu woɖo Kristo hamea anyi la, apostolo Petro yɔ Yoel ƒe nyagblɔɖia hegblɔ na Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me va zu Yudatɔwo la siaa be: “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.” (Dɔwɔwɔwo 2:21; Yoel 3:5) Kristotɔ gbãtɔwo kpe ɖe ame siwo tso dukɔ vovovowo me ŋu wova dze si ame si tɔ ŋkɔ Yehowa nyuie. Ema tae nusrɔ̃la Yakobo gblɔ le kpekpe aɖe si apostoloawo kple hamemetsitsiwo wɔ le Yerusalem la me be: “Mawu trɔ susu ɖe dukɔwo ŋu . . . be yeaɖe dukɔ aɖe tso wo dome hena yeƒe ŋkɔ.”—Dɔwɔwɔwo 15:14.
Gake ame si medi be amewo nanya Mawu ƒe ŋkɔa o la mena ta o. Esi apostoloawo nya ku ko la, Satana ble ame geɖewo nu wogbe xɔse vavãtɔ la. (Mateo 13:38, 39; 2 Petro 2:1) Le kpɔɖeŋu me, wodzi agbalẽŋlɔla aɖe si woyɔna be Justin Martyr, si ŋutɔ be Kristotɔe yenye la, le Yohanes, si nye apostolo mamlɛtɔ, ƒe kuɣi lɔƒo. Gake Justin te tɔ ɖe edzi enuenu le eƒe agbalẽwo me be “womeyɔa ŋkɔ tɔxɛ aɖeke na Mawu,” si nye nuwo katã Nala la o.
Edze ƒãa be, esi Kristotɔ xɔsegbelawo va gbugbɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa si woŋlɔ ɖe Helagbe me gbã la le ŋɔŋlɔm la, woɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ɖa le eme hetsɔ Kyʹri·os, si nye Helagbe me nya si gɔmee nye “Aƒetɔ” ɖo eteƒe. Nenema kee wowɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo hã. Esi Yudatɔ agbalẽfiala siwo gbe xɔse la megaxlẽa Mawu ƒe ŋkɔa na amewo le dutoƒo o ta la, wotsɔ ʼAdho·naiʹ ɖɔ li Mawu ƒe ŋkɔa le teƒe 130 kple edzivɔ le woƒe Ŋɔŋlɔawo me. Woɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa le Latingbe me Biblia si ame geɖe zã, si gɔme Jerome ɖe hewu enu le ƒe 405 M.Ŋ. me, eye woyɔnɛ be Vulgate la, hã me.
Ale Si Wodi Be Woaɖe Mawu Ƒe Ŋkɔa Ða Egbea
Agbalẽnyala gã siwo li egbea la nyae be, Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa dze le Biblia me zi gbɔ zi 7,000 kloe. Eya tae wozã Mawu ƒe ŋkɔa ŋutɔŋutɔ le Biblia siwo ame geɖe zãna la dometɔ aɖewo ƒe teƒe geɖe, siwo dometɔ aɖewoe nye Katolikotɔwo ƒe Biblia si woyɔna be Jerusalem Bible, Katolikotɔwo tɔ si woyɔna be La Biblia Latinoamérica, si le Spaingbe me, kple Biblia si woyɔna be Reina-Valera, si hã le Spaingbe me. Gbegɔmeɖela aɖewo ɖe Mawu ƒe ŋkɔa gɔme be “Yahweh.”
Nublanuitɔe la, sɔlemeha siwo do alɔ Biblia gɔme ɖelawo la ƒoe ɖe wo nu be woaɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa le woƒe Bibliawo me. Le kpɔɖeŋu me, Papa gblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ le Vatican ɖo ɖe Katolikotɔwo ƒe bisiɔpwo ƒe takpekpe ƒe zimenɔlawo le June 29, 2008 be: “Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ zazã gava le mo dom ɖa le ƒe siawo me.” Wode se le agbalẽa me tẽe be: “Ame aɖeke mekpɔ mɔ azã Mawu ƒe ŋkɔa . . . alo ayɔe o.” Wogblɔ kpee be: “Ele be woaɖe Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔna ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔae la gɔme be Adonai/Kyrios, si gɔmee nye: ‘Aƒetɔ’ le Biblia siwo gɔme woaɖe ɖe gbe siwo míedona egbea me la me.” Eme kɔ ƒãa be, ɖe Papa la de se ma be yeatsɔ ana woadzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔa zazã kura.
Protestanttɔwo hã mede bubu aɖeke Yehowa ƒe ŋkɔ la ŋu o. Biblia aɖe (New International Version), si Protestanttɔwo do alɔ wota le Eŋlisigbe me le ƒe 1978 me la, ƒe nyanuɖela gblɔ be: “Yehowae nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ, eye eyae wòle be míazã hafi. Gake ga dɔlar miliɔn eve kple edzivɔ ye míezã ɖe Biblia sia ŋu, eye ne, le kpɔɖeŋu me, ɖe míeɖe Psalmo 23 gɔme be: ‘Yahweh ye nye kplɔlanye’ la, anye ne ga gbogbo ma dome agblẽ.”
Azɔ hã, sɔlemehawo dze agbagba be yewoana Latin Amerikatɔwo naganya Mawu ƒe ŋkɔa o. Steven Voth, si nye gbegɔmeɖeɖe ŋuti aɖaŋuɖola na Biblia Habɔbɔwo Ƒe Ƒuƒoƒo (si woyɔna be UBS le Eŋlisigbe me) la, gblɔ be: “Nya siwo ʋlim wole le Protestanttɔ siwo le Latin Amerika dome la dometɔ ɖeka ku ɖe ŋkɔ Jehová zazã ŋu . . . Ewɔ nuku ŋutɔ be, Pentekost ha gbogbo aɖewo . . . gblɔ be Biblia si nye Reina-Valera, si gɔme woɖe le ƒe 1960 me la, dzɔ dzi na yewo, gake yewomedi be ŋkɔ Jehová nanɔ eme o. Wobe yewodi nya Señor [Aƒetɔ] boŋ ɖe eteƒe.” Voth gblɔ be Biblia Habɔbɔwo Ƒe Ƒuƒoƒoa gbe wɔwɔ ɖe biabia ma dzi gbã, gake emegbe wova gbugbɔ ɖe Reina-Valera Biblia la gɔme hetae, “gake ŋkɔ Jehová megadze le eme o.”
Ale si woɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa le eƒe Nya si wòna woŋlɔ ɖii la me hetsɔ nya “Aƒetɔ” ɖo eteƒe la wɔe be, ame siwo xlẽa Biblia la menyaa ame si tututu Mawu nye o. Ewɔwɔ alea na ame geɖe tɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe le Biblia xlẽm, eye wòva ke ɖe nya “Aƒetɔ” ŋu la, manya ne Yehowa ŋue wole nu ƒom le loo alo Via Yesu ye o. Ale wòdzɔe be, woɖe mawunyakpukpui si me apostolo Petro yɔ David ƒe nyawo le be: “Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ [Yesu si wofɔ ɖe tsitre] be: ‘Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me’” la, gɔme le Biblia geɖewo me be: “Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena.” (Dɔwɔwɔwo 2:34, Eʋegbe Biblia) Eye David Clines gblɔ le eƒe agbalẽ si ƒe tanyae nye: “Yahweh Ye Loo Alo Mawu Si Ŋu Kristotɔwo Fiaa Nu Tsoe Yea?” me be: “Nu siwo ale si Kristotɔwo meganya ŋkɔ Yahweh o gblẽ la dometɔ ɖekae nye be amewo katã ƒe susu va le Kristo ŋu.” Ale sɔlemedela geɖe menya be Ame ŋutɔŋutɔe Mawu vavã si Yesu do gbe ɖa na la nye, eye ŋkɔ le esi, si nye Yehowa, o.
Satana te kpɔ vevie gbã ŋku na ame geɖewo ƒe tamesusu be woagadze si Mawu o. Gake wò ya àte ŋu ava dze si Yehowa nyuie, eye mia kplii dome hã ate ŋu anɔ kplikplikpli.
Wò Ya Àte Ŋu Adze Si Ame Si Tɔ Ŋkɔ Yehowa
Nyateƒee, Satana tso ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ŋu, eye wòzã alakpasubɔsubɔhawo ayetɔe tsɔ wɔ esia. Gake ŋusẽtɔ aɖeke mele dziƒo alo anyigba dzi, si ate ŋu axe mɔ na Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa be wòana ame siwo dii la nanya ame si tututu wònye kple ta me nyui si wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la o.
Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoasrɔ̃ Biblia kpli wò ne nànya ale si nàwɔ ate ɖe Mawu ŋu. Wosrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu, ame si gblɔ na Mawu be: “Mena wonya wò ŋkɔ la, eye [magana] woanyae.” (Yohanes 17:26) Ne èdzro ŋɔŋlɔ siwo ƒo nu tso dɔ vovovo siwo Yehowa wɔna be wòayra na amegbetɔwo ŋu me la, àva kpɔ eƒe nɔnɔme nyui nyoameŋu geɖeawo.
“Mawu bɔ ha,” alo nɔ kplikplikpli, kple esubɔla Hiob le blema, eye mia kple Mawu hã dome ate ŋu anɔ nenema. (Hiob 29:4) Ne èva nya Mawu ƒe Nya la nyuie la, ekema àte ŋu ava dze si ame si tututu Yehowa nye. Esia ana nàka ɖe edzi be Yehowa awɔ nu ɣesiaɣi abe ale si wògblɔ be yeƒe ŋkɔa fia ene be: “Mazu nu sia nu si dze ŋunye.” (2 Mose 3:14) Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi be, awɔ nu nyui siwo katã ƒe ŋugbe wòdo na amegbetɔwo la dzi godoo.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 6]
Ðe Kristotɔ Gbãtɔwo Zã Mawu Ƒe Ŋkɔa?
Woɖo Kristotɔwo ƒe hamewo anyi ɖe dukɔ geɖe me le Yesu ƒe apostoloawo ŋɔli le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Hame mawo me tɔwo kpena edziedzi hesrɔ̃a Ŋɔŋlɔawo. Ðe Mawu ƒe ŋkɔ, si nye Yehowa, nɔ Ŋɔŋlɔ siwo Kristotɔ gbãtɔawo zã la mea?
Esi Helagbe va zu gbe si wodona le dukɔ geɖe me ɣemaɣi ta la, Hebri Ŋɔŋlɔ siwo gɔme woɖe ɖe Helagbe me, si nu wowu le ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. me, eye woyɔnɛ be Septuagint, lae wozã le hame geɖe me. Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be tso esime wota Septuagint Biblia la zi gbãtɔ la, Mawu ƒe ŋkɔa medze le eme kpɔ o, ke boŋ Kyʹri·os, si nye Helagbe me dzesideŋkɔ si gɔmee nye “Aƒetɔ,” ye wotsɔ ɖɔ lii le eme. Gake kpeɖodziwo ɖee fia be menye nenemae kura o.
Helagbe me Septuagint si wozã le ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ. me la ƒe akpa aɖewoe nye esiwo dze le afi sia. Ŋɔŋlɔdzesi ene יהוה (YHWH), siwo wotsɔ ŋlɔ Yehowa ƒe ŋkɔa le Hebrigbe mee nye ema dze le wo me eme kɔ nyuie. Nufialagã George Howard ŋlɔ be: “Helagbe me Septuagint vovovo etɔ̃ siwo woŋlɔ do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli lae le mía si, eye womeɖe Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔa la gɔme le wo dometɔ aɖeke me be kyrios o, eye wometsɔ nya bubu aɖeke hã ɖɔ lii o. Míate ŋu agblɔ kakaɖedzitɔe be hafi woava ŋlɔ Nubabla Yeyea, le eŋlɔɣi, kple emegbe siaa la, ne Yudatɔwo gbugbɔ le Helagbe me Biblia ŋlɔm la, woŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔa . . . ɖe eme.”—Biblical Archaeology Review.
Ðe Yesu ƒe apostoloawo kple nusrɔ̃lawo zã Mawu ƒe Ŋkɔa le woƒe agbalẽwo mea? Nufialagã Howard gblɔ be: “Ne Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔa nya dze le Septuagint Biblia si sɔlemeha si ŋu Nubabla Yeyea ƒo nu tsoe la zã, si me Nubabla Yeyea ŋlɔlawo yɔ nya tsoe la ƒe afi aɖe ko la, woawo hã woŋlɔnɛ ɖe afi ma pɛpɛpɛ.”
Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be Kristotɔ gbãtɔawo xlẽ Mawu ƒe ŋkɔa le Hebri Ŋɔŋlɔ siwo gɔme woɖe ɖe Helagbe me kple Hela Ŋɔŋlɔ siwo le wo si la siaa me.
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Fotoawo katã: Société Royale de Papyrologie du Caire
[Nɔnɔmetata si le axa 4, 5]
Yesaya ƒe agbalẽa ƒe kakɛ si wofɔ le ƒu kukua me, si dzi mawu ƒe ŋkɔ dze le
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Shrine of the Book, Photo © The Israel Museum, Jerusalem
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Sɔlemehawo ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa le Biblia me le Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi ta alo woawo ŋutɔwo ƒe viɖe ta
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Yesu na amewo nya Mawu ƒe ŋkɔa, wònye kpɔɖeŋu na mí be míasrɔ̃