Na Sɔhɛwo
Ale Si Nàwɔ Adze Xɔ̃ Nyuiwo
Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.
Ame siwo koŋ ŋu ŋutinyaa ku ɖo: Yonatan, David, kple Saul
Ŋutinyaa toto ɖe eme: Esi David wu Goliat megbe la, Yonatan va zu David ƒe xɔlɔ̃ vevitɔ.
1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ 1 SAMUEL 17:57–18:11; 19:1; 20:1-17, 41, 42.
Ðɔ ale si nèsusui be Saul ƒe dzedzeme anɔ. (Kpekpeɖeŋu: Kpɔ 1 Samuel 10:20-23.)
․․․․․
Ðewohĩ ƒewuivi ko David nye esime wòdze si Yonatan. Alekee nèsusu be eƒe dzedzeme anɔ? (Kpekpeɖeŋu: Kpɔ 1 Samuel 16:12, 13.)
․․․․․
Seselelãme kae nède dzesi le gbe si David kple Yonatan tso ƒo nu na wo nɔewo esi wonɔ kaklãm me, abe ale si wòdze le 1 Samuel ta 20 ƒe nuwuwu ene?
․․․․․
2 WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.
Nuŋlɔɖia gblɔ be “Dawid ƒe nu lé dzi na Yonatan”—alo abe ale si Contemporary English Version gblɔe ene la, “David kple Yonatan zu xɔlɔ̃ veviwo.” (1 Samuel 18:1) Nɔnɔme nyui kawoe Yonatan anya kpɔ le David ŋu, si ta wòdze xɔ̃e? (Kpekpeɖeŋu: Kpɔ 1 Samuel 17:45, 46.)
․․․․․
Yonatan tsi wu David abe ƒe 30 sɔŋ ene. Nu kawoe nèsusu be woanya kpe ɖe wo ŋu wozu “xɔlɔ̃ veviwo” togbɔ be womenye hati o hã?
․․․․․
Nu kawoe ɖea dzesi le xɔlɔ̃ vavã ŋu abe ale si ŋutinya wɔdɔɖeamedzi sia ɖee fiae ene? (Kpekpeɖeŋu: Kpɔ Lododowo 17:17; 18:24.)
․․․․․
Nu ka tae Yonatan ku ɖe David ŋu wu ye ŋutɔ fofoa gɔ̃ hã?
․․․․․
3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI . . .
Xɔlɔ̃dzedze.
․․․․․
Kuku ɖe ame ŋu.
․․․․․
Xɔlɔ̃dzedze ame tsitsiwo.
․․․․․
Aleke nàwɔ adze xɔ̃ nyuiwo?
․․․․․
4 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?
․․․․․
NE BIBLIA MELE ASIWÒ O LA XƆ ÐEKA LE YEHOWA ÐASEFOWO GBƆ, ALO XLẼ YEVUGBE ME TƆ LE www.watchtower.org