INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 9/1 axa 30-31
  • Woda Alakpa Ðe Esi!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woda Alakpa Ðe Esi!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàɖu Tetekpɔ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Sodom Kple Gomora Ƒe Tsɔtsrɔ̃ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Da Dɔ Na Amewo Nukutɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Na Eƒe Nyaselawo Ƒe Nu Ku
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 9/1 axa 30-31

Na Ðeviwo

Woda Alakpa Ðe Esi!

YOSEF—AKPA 2

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

Ame siwo koŋ ŋu ŋutinyaa ku ɖo: Yosef, Potifar, kple Potifar srɔ̃

Ŋutinyaa toto ɖe eme: Wode Yosef gaxɔ me togbɔ be meɖi fɔ o, ke Yehowa nɔ kplii.

1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ 1 MOSE 39:7, 10-23.

Aleke nèsusu be Potifar srɔ̃ ƒo nui esime wònɔ alakpa dam ɖe Yosef si?

․․․․․

Aleke nèsusu be gaxɔ si me wode Yosef la nɔ?

․․․․․

Esi wode Yosef gaxɔ me teti la, nɔnɔme sesẽ kawo mee wòto? (Kpekpeɖeŋu: Xlẽ Psalmo 105:17, 18.)

․․․․․

2 WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.

Ne ɖe xɔse sẽŋu menɔ Yosef si o la, ɖewohĩ susu kae ava ta me nɛ esime wònɔ gaxɔa me? (Kpekpeɖeŋu: Xlẽ Hiob 30:20, 21.)

․․․․․

Aleke míewɔ nya be Yosef mebu fɔ Yehowa ɖe fu siwo wòkpe la ta o? (Kpekpeɖeŋu: Xlẽ 1 Mose 40:8; 41:15, 16.)

․․․․․

Nɔnɔme kawoe nɔ Yosef si siwo kpe ɖe eŋu wòdo dzi nɔ gaxɔa me togbɔ be meɖi fɔ o hã? (Kpekpeɖeŋu: Xlẽ mawunyakpukpui siawo, eye nàde ŋugble le wo ŋu: Mixa 7:7; Luka 14:11; Yakobo 1:4.)

․․․․․

Nɔnɔme kawoe Yosef srɔ̃ esime wònɔ gaxɔ me, eye aleke woɖe vi nɛ ƒe aɖewo megbe? (Kpekpeɖeŋu: Xlẽ 1 Mose 39:21-23; 41:38-43.)

․․․․․

3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI:

Ale si dzidodo le nɔnɔme sesẽwo me ɖea vii.

․․․․․

Nɔnɔme nyui siwo ate ŋu asu asiwò esime nèle xaxawo me tom.

․․․․․

Ale si Yehowa kpena ɖe ame ŋu le dodokpɔɣiwo.

․․․․․

MƆ BUBU SIWO NU NÀTSƆE AWƆ DƆ LE.

Ðe nane dzɔ ɖe dziwò si na nèse le ɖokuiwò me be yeɖo xaxa me, eye wogblẽ ye ɖi kpɔa? Aleke Yehowa anya nɔ kpekpem ɖe ŋuwò esime nènɔ nɔnɔme sesẽa me tom? (Kpekpeɖeŋu: Xlẽ 1 Korintotɔwo 10:13, eye nàde ŋugble le eŋu.)

․․․․․

4 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?

․․․․․

Ne biblia mele asiwò o la, xɔ ɖeka le Yehowa Ðasefowo gbɔ, alo xlẽ yevugbe me tɔ le www.watchtower.org

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe