INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 8/1 axa 10-13
  • Ale Si Srɔ̃tɔ Yeyewo Awɔ Ato Ƒe Gbãtɔ Me Ado Dedie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Srɔ̃tɔ Yeyewo Awɔ Ato Ƒe Gbãtɔ Me Ado Dedie
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mègabia Nu Si Srɔ̃wò Mate Ŋu Awɔ O La Tso Esi O
  • Nu Vevi Eve Siwo Naa Srɔ̃ɖeɖe Nɔa Anyi Didina
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Gblẽa Amewo Ƒe Srɔ̃ɖeɖe Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?—Akpa 1
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Srɔ̃ɖeɖe—Enye Nunana Tso Mawu Gbɔ
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 8/1 axa 10-13

Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Ale Si Srɔ̃tɔ Yeyewo Awɔ Ato Ƒe Gbãtɔ Me Ado Dedie

Ŋutsua be: “Ewɔ nuku nam ŋutɔ be mía kple srɔ̃nye míeto vovo na mía nɔewo kura! Le kpɔɖeŋu me, medina be mafɔ kaba, gake eya medina be yeafɔ kaba o. Eye ale si eƒe nɔnɔme trɔna kabakaba hã wɔa nuku nam! Menye ema koe o—ne meɖa nu la, edia kpɔgblɔ le eŋu, vevietɔ ne metsɔ nu si metsɔ tutu agbawo ŋu la tutu asi.”

Nyɔnua be: “Srɔ̃nye mekea nu zi eve hafi zã dona o. Gake nye ƒomea ƒe nɔnɔmee tsi nye ya asinye. Woƒoa nu ŋutɔ, vevietɔ ne wole nu ɖum. Eye ne srɔ̃nye ɖa nu la, nu si wòtsɔna tutua agbawo la kee wòtsɔna tutua asi! Evea dɔ me na ŋutɔ! Nu ka tae ŋutsuwo le alea ɖo? Aleke amewo wɔ hafi woƒe srɔ̃ɖeɖe me nyo?”

NE MIEÐE srɔ̃ eteƒe medidi o la, ɖe miawo hã miele kuxi siawo ƒomevi me toma? Ðe wòwɔna na wò be nɔnɔme gbegblẽ aɖewo va le ye srɔ̃ si fifia, siwo yemenya nɛ tsã esime miele ŋugbedodo me oa? Aleke nàwɔ be “fuɖename” siwo srɔ̃tɔwo doa goe la nagagblẽ nu geɖe le mia ŋu o?—1 Korintotɔwo 7:28, Agbenya la.

Gbã la, mègatsɔe be esi mia kple srɔ̃wò mienya ka atam na mia nɔewo le miaƒe srɔ̃ɖegbe ko la, efia be mienya nu sia nu tso srɔ̃ɖeɖe ŋu o. Kpao! Ðewohĩ èsrɔ̃ nɔnɔme nyui aɖewo esime nènye tre, eye ɖewohĩ wogava nyo ɖe edzi esime mienɔ ŋugbedodo me. Gake nanewo ate ŋu adzɔ le mia kple srɔ̃wò dome, siwo me wòahiã le be nàgatu nɔnɔme nyui mawo ɖo geɖe wu, alo siwo abia be nàgasrɔ̃ nɔnɔme yeyewo. Ðe nanewo wɔwɔ ato mia me na wòa? Godoo. Gake ɖe nàte ŋu asrɔ̃ nɔnɔme siwo akpe ɖe ŋuwò nàwɔe nyuie wua? Ɛ̃!

Ne èdi be yeabi ɖe nane wɔwɔ me la, mɔ nyuitɔe nye be nàbia ame si nya nua wɔwɔ nyuie, eye nàwɔ aɖaŋu si wòɖo na wò la dzi. Yehowa Mawue nye ame si nya nu tso srɔ̃ɖeɖe ŋu wu ame sia ame. Nya lae nye be, eyae wɔ mí hede srɔ̃ɖeɖe ƒe didi mía me. (1 Mose 2:22-24) Kpɔ ale si eƒe Nya Biblia la ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miakpɔ kuxiawo gbɔ ahasrɔ̃ nɔnɔme siwo hiã, ale be miato ƒe gbãtɔ si mieɖe srɔ̃ la me ado dedie ɖa.

NƆNƆME 1. MIDZE AGBAGBA MIALÉ NYAWO KPƆ ÐEKAE

Nu ka tae wòsesẽna?

Ɣeaɖewoɣi la, Keiji,a si nye srɔ̃ŋutsu le Japan, ŋlɔa be be ale si yetso nya me le nanewo ŋu la ate ŋu agblẽ nu le ye srɔ̃ ŋu. Egblɔ be: “Ne ame aɖe gblɔ nam be yedi be yeakpe mía kple srɔ̃nye la, melɔ̃na hafi va gblɔnɛ nɛ. Emegbe hafi meva kpɔnɛ be manya wɔ nɛ be wòayi o.” Allen, si le Australia, gblɔ be: “Ewɔna nam be ne mebia srɔ̃nye ƒe susu le nanewo ŋu la, ekema nyemegale nu wɔm abe ŋutsu ene o.” Hehe si ƒomevi wòxɔ gbɔe eƒe kuxia tso. Nenema kee wònɔ le Dianne, si le Britain hã gome. Egblɔ be: “Hafi maɖe srɔ̃ la, nye ƒomea me tɔwoe ɖoa aɖaŋu nam. Eya ta le gɔmedzedzea me la, woawo boŋ ye medina be malé nyawo kpɔ kplii ne medi be matso nya me le nane ŋu, ke menye srɔ̃nye o.”

Nu kae akpe ɖe mia ŋu?

Nenɔ susu me na mi be Yehowa Mawu bua srɔ̃tɔwo be wonye “ŋutilã ɖeka.” (Mateo 19:3-6) Ebunɛ be ame kple srɔ̃a dome kadodo le vevie wu kadodo bubu ɖe sia ɖe! Hafi srɔ̃tɔwo dome nanɔ kplikplikpli la, dzeɖoɖo nyui hiã.

Ne srɔ̃tɔwo dzro ale si Yehowa Mawu ɖo dze kple Abraham mee la, woate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso eme. Le kpɔɖeŋu me, mixlẽ dzeɖoɖo ma si dze le 1 Mose 18:17-33. Mide dzesii be Mawu de bubu Abraham ŋu le nu etɔ̃ me. (1) Yehowa ɖe nu si wòɖo be yeawɔ la me nɛ. (2) Eɖo to esime Abraham ɖe eƒe susu le gbɔgblɔm. (3) Yehowa trɔ nu si wòɖo be yeawɔ la ale si hiã, ale be wòawɔ Abraham ƒe didiwo dzi nɛ. Aleke wò hã nàte ŋu awɔ nu alea ne èdi be yealé nya aɖe kpɔ kple srɔ̃wò?

TE MƆNU SIA KPƆ: Ne miele nya siwo aka srɔ̃wò me dzrom la, (1) ɖe ale si nèdi be miakpɔ nya gbɔe la me, gake gblɔe wòanye susu nèdo ɖa, ke menye abe nya mee nètso xoxo alo ɖo nu si wòle be miawɔ ene o; (2) bia srɔ̃wòa wòaɖe eƒe susu agblɔ, eye lɔ̃ ɖe edzi be srɔ̃wò ƒe susu ate ŋu ato vovo na tɔwò; eye (3) ne anya wɔ la, da asi ɖe srɔ̃wò ƒe susua dzi nàtsɔ ana wòadze le ŋuwò be ‘nugɔmeselae nènye.’—Filipitɔwo 4:5.

NƆNƆME 2 LIA. NYA NUƑOƑO

Nu ka tae wòsesẽna?

Ðewohĩ ƒome si me nètso alo hehe si nèxɔ la na wòzu numame na wò be nàte tɔ ɖe wò susuwo dzi alo agblɔ wo kã. Le kpɔɖeŋu me, Liam, si le Europa, gblɔ be: “Mía de tɔwo metrɔa asi le nya ŋu hafi gblɔna o. Ale si megblɔa nyawo kã la doa dziku na srɔ̃nye zi geɖe. Eva hiã be masrɔ̃ ale si maƒo nu tufafatɔe.”

Nu kae akpe ɖe mia ŋu?

Mègatsɔe be srɔ̃wò adi be nàƒo nu na ye abe ale si wòma wò ene o. (Filipitɔwo 2:3, 4) Aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na dutanyanyuigblɔla aɖe la ate ŋu aɖe vi na srɔ̃tɔ yeyewo hã. Egblɔ nɛ be: “Mele be Aƒetɔ la ƒe kluvi nawɔ dzre o, ke boŋ ele be wòafa tu.” Le Helagbe me la, woagate ŋu aɖe nya si gɔme woɖe be ‘fa tu’ la gɔme be ‘ɖɔ ŋu ɖo.’ (2 Timoteo 2:24) Ŋuɖɔɖoe nye ŋutete si le ame si be wòalé ŋku ɖe nɔnɔme aɖe ŋu ahanya ale si wòawɔ nui be wòagave ame o.

TE MƆNU SIA KPƆ: Ne srɔ̃wò wɔ nane wòdo dziku na wò hafi nèle nu ƒo ge nɛ la, ekema tsɔe be xɔ̃wò vevi aɖe alo wò dɔtɔ ye nèle nu ƒo ge na. Gbe si nètsɔna ƒoa nu na srɔ̃wò alo nya siwo nèzãna kee nàzã ne xɔ̃wò alo dɔtɔ yea? Azɔ bu eŋu kpɔ: Ðe mele be bubu kple ŋuɖɔɖo geɖe wu nadze le wò nuƒoƒo me ne èle nu ƒom na srɔ̃wò wu ale si wòanɔ ne xɔ̃wò alo dɔtɔe nèle nu ƒom na oa?—Kolosetɔwo 4:6.

NƆNƆME 3 LIA. MIDZE AGBAGBA MIANYA ÐOƑE SI MIA DOMETƆ ÐE SIA ÐE LE

Nu ka tae wòsesẽna?

Ðewohĩ le gɔmedzedzea la, srɔ̃ŋutsua, si nye ƒomea ƒe ta, manɔ eƒe ɖoƒea ŋu dɔ wɔm nyuie o, alo srɔ̃nyɔnua manya ale si wodoa susu ɖa ŋuɖɔɖotɔe o. Le kpɔɖeŋu me, Antonio, si le Italy, gblɔ be: “Ƒãa hafi fofonye biaa danye ƒe susu le ƒomea me nyawo ŋu. Eya ta le gɔmedzedzea la, nu si ƒe gbe meɖe la, eyae wòle be srɔ̃nye nawɔ.” Debbie, si le Canada, gblɔ be: “Meɖoe na srɔ̃nye be wòana eƒe nuwo nanɔ ɖoɖo nu nyuie wu. Gake ale si megblɔnɛ abe gbe wònye ɖem mele nɛ ene la na wòsẽa dzi me.”

Nu kae akpe ɖe ŋutsuwo ŋu?

Ŋutsu aɖewo menya be vovototo le nu si Biblia gblɔ tso wo srɔ̃ ƒe ɖokuibɔbɔ na wo kple nu si wògblɔ tso ɖeviwo ƒe toɖoɖo wo dzilawo ŋu dome o. (Kolosetɔwo 3:20; 1 Petro 3:1) Biblia gblɔ be ele na srɔ̃ŋutsu be “wòalé ɖe srɔ̃a ŋu, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka”; gake megblɔ nenema le dzila kple ɖevi ya ŋu o. (Mateo 19:5) Yehowa gblɔ be nyɔnu nye kpeɖeŋutɔ, alo ame si ado evelia, na srɔ̃a. (1 Mose 2:18) Gake megblɔ le ɖevi ya ŋu kpɔ gbeɖe be enye kpeɖeŋutɔ, alo ame si ado evelia, na edzila o. Èsusu be ne ŋutsu aɖe wɔa nu ɖe srɔ̃a ŋu abe ɖevi ene la, ele bubu dem srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa ŋua?

Ðe Mawu ƒe Nya la xlɔ̃a nu wò boŋ be nàwɔ nu ɖe srɔ̃wò ŋu abe ale si Yesu wɔa nu ɖe Kristo hamea ŋu ene. Àte ŋu ana wòanɔ bɔbɔe wu na srɔ̃wò be wòabu wò be ènye yeƒe ta ne (1) mèkpɔa mɔ be wòabɔbɔ ɖe ye te enumake le nya sia nya si yeagblɔ me o, eye (2) nèlɔ̃nɛ abe wò ŋutɔ wò ŋutilã ene, ne kuxiwo do mo ɖa hã.—Efesotɔwo 5:25-29.

Nu kae akpe ɖe nyɔnuwo ŋu?

Nyae be esi nèva ɖe srɔ̃ ko la, Mawu ɖoe be ŋutsua nanye ta na wò. (1 Korintotɔwo 11:3) Ne èbua srɔ̃wò la, nyae be Mawue ma bum nèle. Ne mèbɔbɔna ɖe ete o la, ekema menye srɔ̃wò koe mèdi be yeabu o, ke boŋ mèdi be yeabu Mawu alo awɔ nu si wòdi tso asiwò hã o.—Kolosetɔwo 3:18.

Ne miele nya sesẽwo gbɔ kpɔm la, wò susu nenɔ kuxia ŋu, ke menye srɔ̃wò ƒe nɔnɔme ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, Fianyɔnu Ester di be ye srɔ̃, Fia Axasweros, naɖɔ nu madzɔmadzɔ aɖe si wowɔ la ɖo. Le esi teƒe be wòabu fɔ srɔ̃a la, eɖe eƒe susu gblɔ ŋuɖɔɖotɔe. Srɔ̃a da asi ɖe eƒe susua dzi, eye wòva kpɔ nyaa gbɔ mlɔeba. (Ester 7:1-4; 8:3-8) Srɔ̃wò agalɔ̃ wò geɖe wu ne (1) ègbɔa dzi ɖi nɛ be wòava bi ɖe tanyenyea ŋu dɔ wɔwɔ me, eye (2) èdea bubu eŋu ne mewɔ nanewo nyuie o hã.—Efesotɔwo 5:33.

TE MƆNU SIA KPƆ: Le esi wò susu nanɔ nu siwo ŋu nèsusu be ele be ye srɔ̃ natrɔ asi le ŋu la, ŋlɔ nu siwo ŋu wòhiã be wò ŋutɔ nàtrɔ asi le la ɖi. Srɔ̃ŋutsu: Ne ale si nèle tanyenyea ŋu dɔ wɔmee alo ale si mèle eŋu dɔ wɔm nyuie o na srɔ̃wò do dziku la, biae be nu ka ŋu wòkpɔ be ehiã be yeatrɔ asi le hã, eye nàŋlɔ nya si wògblɔ la ɖi. Srɔ̃nyɔnu: Ne ewɔ na srɔ̃wò be mèle ye bum ale si dze o la, biae be nu ka ŋu wòkpɔ be ehiã be yeatrɔ asi le hã, eye bu nya si wògblɔ la ŋu.

Mègabia Nu Si Srɔ̃wò Mate Ŋu Awɔ O La Tso Esi O

Agbagbadzedze be mia kple srɔ̃wò dome nanyo, eye mianɔ dzidzɔ kpɔm la, le ko abe ale si nàsrɔ̃ gasɔdodo ene. Àdze anyi zi ɖeka zi eve aɖe ya godoo hafi gasɔa dodo nava ma wò. Nenema kee wòle be mianɔ mɔ kpɔm be miada vo le nanewo me godoo hafi miava nya ale si miawɔ nu ɖe mia nɔewo ŋu nyuie.

Dze agbagba nànɔ dzidzɔ kpɔm ɣesiaɣi. Tsɔ srɔ̃wò ƒe nyawo nya vevii, gake ne wò ŋutɔ èda vo alo mèwɔ nanewo nyuie o la, ko ɖokuiwò. Wɔ ɖe sia ɖe nàna dzi nadzɔ srɔ̃wò le miaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe gbãtɔ me. (5 Mose 24:5) Vevietɔ wu la, mina Mawu ƒe Nya la nafia mɔ mi. Ne miewɔe alea la, ekema mia kple srɔ̃wò dome anɔ nyonyom ɖe edzi ƒe sia ƒe.

Biblia Kpe Ðe Mía Ŋu Be Míegbe Mía Nɔewo O

Toru kple Akiko lɔ̃ wo nɔewo esime woɖe srɔ̃. Gake le ɣleti enyi pɛ ko megbe la, srɔ̃tɔ siawo, siwo le Japan la, ɖoe be yewoagbe yewo nɔewo. Wobe ale si nuwo va yie nye esi:

Toru: “Mekpɔe be mía kple srɔ̃nye míesɔ na mía nɔewo kura o. Le kpɔɖeŋu me, ne míele television kpɔm la, nyea medina be makpɔ bɔl, gake eya lɔ̃a dramakpɔkpɔ. Melɔ̃a tsaɖiƒeyiyi, gake eya lɔ̃a aƒemenɔnɔ.”

Akiko: “Toru wɔa nu sia nu si eƒe ƒomea bia tso esi, gake megblɔnɛ nam hafi wɔnɛ o. Mebianɛ be: ‘Ame kae le vevie na wò wu, dawò loo alo nye?’ Ale si Toru daa alakpa hã ɖea fu nam ŋutɔ. Megblɔna nɛ be alakpa vi ye dzia alakpa gã, eye be ne medzudzɔ o Ia, míete ŋu le mía nɔewo gbɔ nɔ ge wòadidi o.”

Toru: “Srɔ̃nye ƒe nuwɔna tena ɖe dzinye ale gbegbe be mebia nye dɔwɔhati aɖe si tsi wum be nu kae wòle be mawɔ na srɔ̃nyea hã. Egblɔ be: ‘Wò ya gblɔ nɛ be mekpɔ mɔ ake nu o. Ne egbe la, ƒoe ƒu anyi.’ Gbe ɖeka meƒo tome na Akiko hemu kplɔ̃a ƒu anyi. Emegbe míewɔ dzre eteƒe mekɔ o, eye wòdzo le aƒea me. Ðe meyi ɖakplɔe tso amedzrodzeƒe aɖe le Tokyo gbɔe. Mlɔeba míeɖoe be míagbe mía nɔewo. Esi medze dɔmemɔ gbe ma gbe la, srɔ̃nye nɔ eƒe agbawo fɔm.”

Akiko: “Esi mekɔ nye agbawo ɖo mɔa nu la, mese be woƒo agbonugaa. Nyɔnu aɖe tɔ ɖe agboa nu. Yehowa Ðasefoe. Mekpee be wòage ɖe eme.”

Toru: “Esi meɖo dɔ me la, nye susu va nɔ wɔyem eveeve le ale si mebe magbe srɔ̃nye ŋu, eya ta mewɔ kaba trɔ gbɔ va aƒe me. Esi meva ɖo la, mekpɔ Akiko kple nyɔnua wonɔ dze ɖom. Nyɔnua gblɔ nam be: ‘Ehiã be mi ame evea miawɔ nane ɖe du. Miadi be woasrɔ̃ Biblia kpli yewoa?’ Meɖo eŋu be: ‘Ɛ̃, nu sia nu si akpe ɖe mía ŋu be míagagbe mía nɔewo o ko!’”

Akiko: “Nyɔnua wɔ ɖoɖo be woasrɔ̃ Biblia kpli mí. Nuwo va trɔ kura esi míexlẽ nu si Biblia gblɔ tso srɔ̃ɖeɖe ŋu. Egblɔ be: ‘Eya ŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.’”—1 Mose 2:24.

Toru: “Mese egɔme enumake. Megblɔ na dzinyelawo be: ‘Tso esia dzi la, ne mebe matso nya me le nane ŋu la, srɔ̃nyee mele eme dzro ge kplii.’ Nyemeganoa aha tsu hã o. Eye esi meva srɔ̃e be Mawu tsri aʋatsokaka la, medzea agbagba be mato nyateƒe ɣesiaɣi.”

Akiko: “Nye hã nye nɔnɔme trɔ. Le kpɔɖeŋu me, tsã la, medina be mate Toru kpɔ. Gake esi mekpɔe be ewɔa Biblia me gɔmeɖosewo dzi la, meva kpea asi ɖe eŋu geɖe wu. (Efesotɔwo 5:22-24) Ƒe 28 kple edzivɔe nye esia míeɖe mía nɔewo, gake míegale dzidzɔ kpɔm. Nu si kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ta na míaƒe kuxiawoe nye be míedze agbagba dze si mía nɔewo nyuie wu, eye míewɔa aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia me la dzi.”

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

  • Srɔ̃nyee megblɔa nye nya veviwo na, alo ame bubuwo gbɔe metsɔa nye nyawo yina?

  • Nu kae mewɔ etsɔ si va yi, si ɖee fia be melɔ̃ srɔ̃nye hedea bubu eŋu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe