Na “Amenuveve” Nadzɔ Wò Aɖe Ŋu
“Ekea eƒe nu kple nunya, eye nufiame fafɛwo [alo amenuveve] le eƒe aɖe dzi.”—LOD. 31:26.
1, 2. (a) Nɔnɔme nyui kae wole dzi dem ƒo na Yehowa subɔlawo be woatu ɖo? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?
FIA Lemuel si nɔ anyi le blema la dada gblɔ nuxlɔ̃amenya vevi aɖewo nɛ, eye egblɔ nɔnɔme vevi aɖe si wòle be woakpɔ le srɔ̃nyɔnu nyui ŋu hã nɛ. Egblɔ nɛ be: “Ekea eƒe nu kple nunya, eye nufiame fafɛwo [alo amenuveve] le eƒe aɖe dzi.”a (Lod. 31:1, 10, 26) Atsyɔ̃ wònyena na nyɔnu nyanu kple ame bubu ɖe sia ɖe si dina be Yehowa Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu la be amenuveve nanɔ eƒe nuƒoƒo me. (Mixlẽ Lododowo 19:22.) Ele be amenuveve naɖe dzesi le tadeagula vavãwo katã ƒe nuƒoƒo me ɣesiaɣi.
2 Nu kae amenuveve fia? Ame kawoe wòle be woaɖe nɔnɔme sia afia? Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míana “amenuveve” nanɔ míaƒe aɖe dzi? Aleke esia wɔwɔ akpɔ ŋusẽ ɖe mía kple míaƒe ƒometɔwo kple hati Kristotɔwo dome dzeɖoɖo dzi?
Enye Dɔmenyonyo Si Ŋu Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Kpe Ðo
3, 4. (a) Nu kae amenuveve fia? (b) Alekee amenuveve to vovo na dɔmenyonyo si amegbetɔwo ɖena fiana le dzɔdzɔme nu?
3 Amenuveve lɔ lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo siaa ɖe eme. Elɔ dɔmenyonyo ɖe eme le mɔ sia nu be, dɔmenyola tsɔa ɖe le ame bubuwo ƒe nyonyo me eye wòɖea esia fiana to nyuiwɔwɔ kple nya tuameɖowo gbɔgblɔ me. Esi wònye be amenuveve lɔ lɔlɔ̃ hã ɖe eme ta la, ebia be lɔlɔ̃ naʋã ame wòatsɔ ɖe le ame bubuwo ƒe nyonyo me. Ke hã, nya si wozã le gbegbɔgblɔ gbãtɔa me na amenuveve la lɔ nu geɖe ɖe eme wu dɔmenyonyo si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo. Amenuveve fia be ame nalɔ̃ faa aku ɖe ame aɖe ŋu nuteƒewɔwɔtɔe ayi edzi anɔ dɔme nyom nɛ va se ɖe esime taɖodzinu si ta wòle ewɔm ɖo la va eme.
4 Amenuveve gato vovo na dɔmenyonyo le go bubu aɖe hã me. Dɔmenyonyo ƒe nɔnɔme si amegbetɔwo ɖena fiana le dzɔdzɔme nu la nye esi wotea ŋu ɖena fiaa amedzrowo gɔ̃ hã. Malta ƒukpo la dzi tɔwo ɖe dɔmenyonyo sia ƒomevi fia apostolo Paulo kple ame 275 siwo nɔ tɔdziʋu me kplii wògbã le ƒu dzi la, togbɔ be ƒukpo ma dzi tɔwo mekpɔ wo kpɔ o gɔ̃ hã. (Dɔw. 27:37–28:2) Gake amenuveve ya do ƒome kple kuku ɖe ame ŋu nuteƒewɔwɔtɔe si nɔa ame siwo le ƒomedodo aɖe me kple wo nɔewo xoxo la dome.b Amenuveve siae Kenitɔwo ɖe fia ‘Israel-viwo katã, esi woʋu tso Egipte!’—1 Sam. 15:6.
Ŋugbledede Kple Gbedodoɖa Le Vevie
5. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míade ga míaƒe aɖe?
5 Mele bɔbɔe be míana amenuveve nanɔ míaƒe nuƒoƒo me o. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ ku ɖe aɖe la ŋu be: “Amegbetɔ aɖeke mate ŋu amlae o. Enye nane si dzi womate ŋu aɖu bɔbɔe o, eye wòyɔ fũu kple aɖi wuame.” (Yak. 3:8) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade ga míaƒe ŋutinu sue sia si mamla sesẽ alea la? Nya siwo Yesu gblɔ na subɔsubɔhakplɔlawo le eƒe ŋkekea me la na míese nu si akpe ɖe mía ŋu la gɔme. Egblɔ be: “Nya si wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Mat. 12:34) Bene míana amenuveve nadzɔ míaƒe aɖe ŋu la, ehiã be míaƒã nɔnɔme sia ɖe míaƒe dzi—si nye ame si míenye le ememe la—me. Na míakpɔ ale si ŋugbledede kple gbedodoɖa kpena ɖe mía ŋu míewɔa esiae ɖa.
6. Nu ka tae wòle be míade ŋugble le ale si Yehowa ve esubɔlawo nui le blema la ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe?
6 Biblia gblɔ be, Yehowa Mawu ƒe ‘amenuveve sɔ gbɔ.’ (2 Mose 34:6) Hakpala la dzi ha be: “Yehowa, wò amenuveve yɔ anyigba dzi fũ.” (Ps. 119:64) Nuŋlɔɖi geɖewo le Ŋɔŋlɔawo me siwo ɖe ale si Yehowa ve esubɔlawo nui la fia. Ne míedia ɣeyiɣi dea ŋugble le ‘Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo’ ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe la, esia ate ŋu anyɔ didia ɖe mía me be míatu mawumenɔnɔme sia ɖo.—Mixlẽ Psalmo 77:13.
7, 8. (a) Aleke Yehowa ve Lot kple eƒe ƒomea nui? (b) Aleke David se le eɖokui me esi wòkpɔe be Mawu ve ye nu?
7 Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le ale si Yehowa ɖe Abraham ƒe tɔgãyɔvi Lot kple eƒe ƒomea esime wòhe tsɔtsrɔ̃ va Sodom, du si me wonɔ ɣemaɣi la, dzi ŋu kpɔ. Esi dua tsrɔ̃ɣi tu aƒe la, mawudɔla siwo va Lot gbɔ la de dzi ƒo nɛ be wòakplɔ eƒe ƒomea woawɔ kaba adzo le dua me. Biblia gblɔ be, “esi wòle tɔtrɔm la, [mawudɔlaawo] lé eya kple srɔ̃a kpakple vianyɔnu eveawo ƒe alɔnu hekplɔ wo do goe, eye woɖe asi le wo ŋu ɖe du la godo; elabena Yehowa ve woawo nu.” Ne míede ŋugble le ameɖeɖedɔ sia ŋu la, ɖe mewɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ oa? Eye ɖe esia menana míekpɔnɛ dzea sii be enye Mawu ƒe amenuveve ɖeɖe fia oa?—1 Mose 19:16, 19.
8 Bu blema Israel Fia David hã ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ; edzi hã be: “[Yehowa] tsɔa wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu.” Aleke gbegbee wòanya do dzidzɔ na David be wotsɔ nu vɔ̃ si wòwɔ kple Bat-Seba la kee enye esi! Ekafu Yehowa gblɔ bena: ‘Ale si dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe la, nenema eƒe amenuveve nu sẽ ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la dzii.’ (Ps. 103:3, 11) Ŋugbledede le esia kple Ŋɔŋlɔawo me nuŋlɔɖi bubuwo ŋu nana míaƒe dziwo yɔna fũu kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe amenuveve ŋu, eye esia ʋãa mí be míakafui ahada akpe nɛ. Zi ale si míekpɔa ŋudzedze ɖe Mawu vavã la ƒe amenuveve ŋui la, zi nenemae míedina be míasrɔ̃e.—Ef. 5:1.
9. Susu vevi ka tae wòle be Yehowa subɔlawo nanɔ amenuveve ɖem fia le woƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me?
9 Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋuwo ɖee fia be ame siwo le ƒomedodo nyui me kple Yehowa xoxo lae wòɖea amenuveve—alo eƒe nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃—fiana. Ke ame siwo mele ƒomedodo sia me kple Mawu gbagbe la o ya ɖe? Ðe wòfia be Yehowa mekɔa ŋkume ɖe wo o alo be menyoa dɔme na wo oa? Kura o. Luka 6:35 gblɔ be: “[Mawu nyoa] dɔme na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.” “Enana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Mat. 5:45) Hafi míasrɔ̃ nyateƒea ahate agbenɔnɔ ɖe enu la, ale si ko Mawu nyoa dɔme na ameƒomea me tɔwo katã la, nenema kee wònyoa dɔme na míawo hã. Gake esi míeva nye esubɔlawo la, eɖea nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃, alo amenuveve si metrɔna o la, fiaa mí. (Mixlẽ Yesaya 54:10.) Aleke gbegbee wòle be míada akpe ɖe etae nye esi! Eye ɖe esia menye susu vevi aɖe si ta wòle be míaɖe amenuveve afia le míaƒe nuƒoƒo kple míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa bubuwo me gbe sia gbe oa?
10. Nu ka tae gbedodoɖa le vevie ŋutɔ hafi míate ŋu anye amenuvelawo?
10 Nu vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu míatu nɔnɔme sia ɖoe nye gbedodoɖa. Nu si tae nye be amenuveve lɔ lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo, siwo nye Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖewo la, ɖe eme. (Gal. 5:22) Ne míeɖea mɔ gbɔgbɔ ma fiaa mɔ mí la, akpe ɖe mía ŋu míatu amenuveve ƒe gbɔgbɔ la ɖo le míaƒe dzi me. Mɔ si le tẽe wu si dzi míato axɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe lae nye be míado gbe ɖe abiae. (Luka 11:13) Esɔ be míanɔ gbe dom ɖa anɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ la biam edziedzi ahanɔ mɔ ɖem be wòafia mɔ mí. Ɛ̃, ŋugbledede kple gbedodoɖa le vevie ne míedi be amenuveve nanɔ míaƒe aɖe dzi.
Ale Si Srɔ̃tɔwo Ate Ŋu Aɖee Afia Le Nuƒoƒo Na Wo Nɔewo Me
11. (a) Aleke míewɔ nya be Yehowa di tso srɔ̃ŋutsuwo si be woana amenuveve nanɔ ale si wowɔa nu ɖe wo srɔ̃wo ŋui me? (b) Mɔ kawo nue amenuveve ate ŋu akpe ɖe srɔ̃ŋutsu ŋu wòaɖu eƒe aɖe dzi le?
11 Apostolo Paulo de dzi ƒo na srɔ̃ŋutsuwo be: “Miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo, abe ale si ko Kristo la hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe eta la ene.” (Ef. 5:25) Paulo ɖo ŋku nya si Yehowa gblɔ na Adam kple Xawa la hã dzi na wo. Egblɔ bena: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋu, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka.” (Ef. 5:31) Eme kɔ ƒãa be, Yehowa kpɔ mɔ be srɔ̃ŋutsuwo nalé ɖe wo srɔ̃wo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe, eye amenuveve nadze le woƒe nuwɔwɔ ɖe wo ŋu me ɣesiaɣi. Srɔ̃ŋutsu si ɖea mɔ nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ fiaa mɔ ale si wòzãa eƒe aɖee la meʋua go srɔ̃a ƒe vodadawo le amewo dome alo ɖia gbɔe o. Ke boŋ edzɔa dzi nɛ be yeakafui. (Lod. 31:28) Ne le susu aɖewo ta masɔmasɔ aɖe do mo ɖa le srɔ̃ɖeɖea me la, amenuveve ʋãa srɔ̃ŋutsua wòɖua eƒe aɖe dzi be wòagada srɔ̃a ɖe anyi o.
12. Aleke srɔ̃nyɔnu ate ŋu aɖee afia le eƒe nuƒoƒo me be amenuveve fiaa mɔ eƒe aɖe?
12 Ele be amenuveve nafia mɔ ale si srɔ̃nyɔnu hã zãa eƒe aɖee. Mele be xexea ƒe gbɔgbɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nuƒoƒo dzi o. Esi ‘wòdea bubu deto srɔ̃a ŋu’ ta la, eƒoa nu tso eŋu nyuie le amewo dome eye wònana amewo gadea bubu eŋu geɖe wu. (Ef. 5:33) Esi medina be yeana bubu si le ɖeviawo si na wo fofo la dzi naɖe akpɔtɔ o ta la, eƒoa asa na tsitretsitsi ɖe eƒe nukpɔsusuwo ŋu alo ɖeklemiɖeɖe eƒe nyawo le ɖeviawo ŋkume. Ekpɔa nya mawo gbɔ ne woa kple srɔ̃a ɖeɖe woli. Biblia gblɔ be: “Nyɔnuwo ƒe nunya tua woƒe [aƒe].” (Lod. 14:1) Eƒe aƒe me nyea teƒe si ƒome bliboa kpɔa dzidzɔ le eye wònyea afi si woƒe dzi dzea eme le.
13. Afi ka koŋue wòle be amenuveve ɖeɖe fia naxɔ aƒe ɖo, eye aleke esia anya wɔe?
13 Ne srɔ̃tɔwo ɖeɖe le aƒe me gɔ̃ hã la, ele be woanɔ woƒe aɖe la zãm le mɔ si aɖee afia be wodea bubu wo nɔewo ŋu la nu. Paulo ŋlɔ bena: ‘Miɖe wo katã ɖe aga tso mia gbɔ: dɔmedzoe, dziku, vɔ̃ɖinyenye, dzugbewo, kple yakanya siwo dona tso miaƒe nu me.’ Egblɔ kpee be: “Mido dɔmetɔtrɔ ƒe veveseɖeamenu, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa, kple dzigbɔgbɔ blewu. . . . Mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.” (Kol. 3:8, 12-14) Ne ɖeviwo senɛ wo dzilawo gblɔa nya siwo ɖea lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo fiana le aƒe me la, menye ɖeko esia ana woazu ame ɖɔʋuwo o, ke woadi be yewoasrɔ̃ ale si yewo dzilawo ƒoa nui hã.
14. Mɔ kawo nue ƒome ƒe tawo ate ŋu azã woƒe aɖe atsɔ afa akɔ na ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te le?
14 Hakpala la ŋlɔ tso Yehowa ŋu be: “Wò amenuveve nenye akɔfafa nam.” (Ps. 119:76) Mɔ ɖedzesi aɖe si dzi Yehowa tona faa akɔ na eƒe amewoe nye dzidedeƒo na wo kple mɔfiafia wo. (Ps. 119:105) Aleke mía Fofo si le dziƒo la ƒe kpɔɖeŋu sia ate ŋu aɖe vi na ƒome ƒe tawo eye woazã woƒe aɖe atsɔ afa akɔ na ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te? Woate ŋu awɔ esia to mɔfiafia kple dzideƒoname si wohiã la nana wo me. Mɔnukpɔkpɔ nyui kae nye esi Ƒometadedeagu fiẽsiwo ƒe ɖoɖoa ʋuna ɖi be woake ɖe gbɔgbɔmekesinɔnuwo ŋu!—Lod. 24:4.
Ðe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Fia Haxɔsetɔwo
15. Alekee hamemetsitsiwo kple gbɔgbɔmeme tsitsi bubuwo ate ŋu azã woƒe aɖe atsɔ akpɔ nɔviwo ta le hamea me?
15 Fia David do gbe ɖa be: “Wò amenuveve kple wò nyateƒe [nakpɔ] tanye ɖaa.” (Ps. 40:12) Alekee Kristotɔ hamemetsitsiwo kple gbɔgbɔmeme tsitsi bubu siwo le hamea me la ate ŋu asrɔ̃ Yehowa le go sia me? Ðikeke mele eme o be, ne míezãa aɖe la tsɔ hea susu yia Ŋɔŋlɔawo me nyawo dzi la, esia nye amenuveve ɖeɖe fia.—Lod. 17:17.
16, 17. Mɔ siwo dzi míate ŋu ato aɖee afia be amenuveve fiaa mɔ míaƒe nuƒoƒo la dometɔ aɖewo ɖe?
16 Ne míekpɔ Kristotɔ aɖe wòle afɔ ɖem ɖo ta nuwɔna aɖe si tsi tsitre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu me la, nu kae wòle be míawɔ? Ðe mele be amenuveve naʋã mí míazã míaƒe aɖe atsɔ adze agbagba aɖɔe ɖo oa? (Ps. 141:5) Ne míeva nya be haxɔsetɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ ʋãa mí be míade dzi ƒo na nu gbegblẽ wɔlaa be “[wòayɔ] hamemetsitsiwo woava egbɔ, eye woado gbe ɖa ɖe eta ahasi ami nɛ le Yehowa ƒe ŋkɔ me.” (Yak. 5:14) Ne nu gbegblẽ wɔlaa gbe tete ɖe hamemetsitsiwo ŋu eye míawo hã míeyi ɖaka eta na wo o la, esia manye lɔlɔ̃ɖeɖefia alo dɔmenyonyo o. Dziɖeleameƒo, akogotsitsi, sese le ame ɖokui me be yemele ɖeke me o, alo dzigbãnyawo ate ŋu anɔ fu ɖem na mía dometɔ aɖewo. Mɔ nyui aɖe si dzi míato aɖee afia be amenuveve le míaƒe aɖe dzie nye be “[míaƒo] nu na luʋɔ siwo lé blanui la akɔfafatɔe.”—1 Tes. 5:14.
17 Ne míesee Mawu ƒe futɔwo le ameŋugblẽnyawo kakam le haxɔsetɔ aɖe ŋu la, aleke wòle be míawɔ nui? Le esi míake ɖi mía nɔvia ƒe nuteƒewɔwɔ teƒe la, nu si wòle be míawɔ boŋue nye be míaɖe kɔ ɖa le nya mawo ƒomevi ŋu, alo ne amenutsolaa nye nugɔmesela la, míate ŋu abiae be, ɖe wòka ɖe edzi vavã be kpeɖodziwo le nya si gblɔm wòle la ŋu mahã. Ne Mawu ƒe futɔwo di be yewoanya afi si nɔvi Kristotɔ aɖewo le bene yewoawɔ nu vevi wo la, nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔviwo aƒoe ɖe mía nu be míagbe nyatakaka mawo nana wo.—Lod. 18:24.
Ame Si Ti ‘Amenuveve Yome La, Eƒe Asi Atu Agbe’
18, 19. Nu ka tae mele be amenuveve nate ɖa le míaƒe aɖe dzi le nuwɔwɔ kple hati tadeagula me o?
18 Ele be nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ naɖe dzesi le míaƒe nuwɔwɔ kple mía hati Yehowa subɔlawo me ɣeawokatãɣi. Le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me la, mele be amenuveve nate ɖa le míaƒe aɖe dzi o. Esime Israel viwo ƒe amenuveve va nɔ ‘abe zãmu si nu yina le ŋdi ene’ la, woƒe nu medze Yehowa ŋu o. (Hos. 6:4, 6) Gake ne amenuveve ɖeɖe fia zu numame na mí la, esia dzea Yehowa ŋu. Kpɔ ale si wòyraa ame siwo tia amenuveve yomee ɖa.
19 Lododowo 21:21 gblɔ be: ‘Ame si ti dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ [alo amenuveve] yome la, eƒe asi atu agbe, dzɔdzɔenyenye kple bubu.’ Hekpe ɖe yayra siwo asu ame sia ƒomevi si ŋu la, akpɔ agbe hã—menye be wòanɔ agbe ɣeyiɣi kpui aɖe ko o, ke boŋ anɔ agbe tegbee. Yehowa ayrae be eƒe “asi nasu agbe vavã la dzi sesĩe.” (1 Tim. 6:12, 19) Ekema, mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be ‘míaɖe amenuveve afia mía havi.’—Zax. 7:9.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le Ŋɔŋlɔawo me la, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “amenuveve” la gɔmesese de to ale gbegbe be le gbegbɔgblɔ akpa gãtɔ me la, wometea ŋu zãa nya ɖeka aɖe tsɔ ɖea egɔme pɛpɛpɛ o. Le Eʋegbe Biblia si nye, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me, me la, wozã nyawo abe “lɔlɔ̃,” “dɔmenyonyo,” “nublanuikpɔkpɔ,” kple “nuteƒewɔwɔ” ene le mawunyakpukpui aɖewo me abe ale si wòdze le nyati sia me ene.
b Kpɔ May 15, 2002, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 12-13, 18-19, hena numeɖeɖe bubuwo ku ɖe ale si amenuveve to vovo na nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃, kple dɔmenyonyoe ŋu.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
• Aleke nàɖe nu si amenuveve fia mee?
• Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míana amenuveve nanɔ míaƒe aɖe dzi?
• Alekee srɔ̃tɔwo ate ŋu aɖe nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ afia le woƒe nuƒoƒo me?
• Nu kawoe ɖenɛ fiana le míaƒe nuwɔwɔ kple hati tadeagulawo me be amenuveve le míaƒe aɖe dzi?
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
David kafu Yehowa ƒe amenuveve
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Ðe miekpɔa gome le Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe ɖoɖoa me edziedzia?