INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 9/1 axa 5-9
  • Nu Vɔ̃ɖi Wɔwɔwo Katã Nu Ayi Godoo!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Vɔ̃ɖi Wɔwɔwo Katã Nu Ayi Godoo!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amewo Le Tɔtrɔm Fifi Laa Gɔ̃ hã
  • Dzɔdzɔenyenye Na Amewo Katã—Mlɔeba
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Agbe Si Ƒomevi Wòana Mí
    Nyɔ!—2007
  • Nɔ Agbe Tegbee Le Paradisonyigba Dzi
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
  • Nu Siwo Adzɔ Le Etsɔme Kpuie La Gbɔgblɔ Ði
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 9/1 axa 5-9

Nu Vɔ̃ɖi Wɔwɔwo Katã Nu Ayi Godoo!

MAWU na eƒe Nya Biblia mí, eye eɖe susu siwo tae amewo wɔa nu baɖa la me. Ena ablɔɖe hã mí be míatia nu si míawɔ, eye wòna ŋutete hã mí be míaɖu mía ɖokui dzi, ale be ne míelɔ̃ la, míate ŋu agbe nu baɖa wɔwɔ. (5 Mose 30:15, 16, 19) Esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nu baɖa siwo wɔwɔ dzroa mí, eye míadze agbagba aɖu wo dzi. Ne míeƒo asa na nu baɖa wɔwɔ la, ana mía ŋutɔwo kple ame siwo dome míele la míakpɔ dzidzɔ.—Psalmo 1:1.

Gake aleke kee mía dometɔ ɖe sia ɖe dze agbagba be yeagawɔ nu baɖae o, míekpɔa nu vɔ̃ɖi gbogbo siwo mía havi amegbetɔwo wɔna le xexea me. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Nya esia be, le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ la ava.” Biblia ɖe nu si na ŋkekeawo “me nɔnɔ [sesẽ]” la me esi wògblɔ yi edzi be: “Amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, ɖokuidoɖedzilawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe nya aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame magbɔdziɖiwo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu, ame siwo si ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme le, gake womenɔa agbe ɖe eƒe ŋusẽ nu o; te ɖokuiwò ɖa tso ame siawo gbɔ.”—2 Timoteo 3:1-5.

Ðewohĩ ède dzesi nya “ŋkeke mamlɛawo” le nyagblɔɖi si míeyɔ fifi laa la me. Aleke nèse egɔmee? Abe ale si ame geɖe sea egɔmee ene la, ne wogblɔ be “ŋkeke mamlɛawo” la, efia be nane le enu wu ge. Nu kae? Kpɔ nu si ŋugbe Mawu do le eƒe Nya la mee ɖa.

Woaɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa keŋkeŋ.

“Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” —PSALMO 37:10, 11.

“Yehowa kpɔa ame siwo katã lɔ̃nɛ la ta, ke etsrɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo katã.” —PSALMO 145:20.

Ame aɖeke magate nɔvia ɖe anyi o.

“Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.” —PSALMO 72:12, 14.

“Woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me, eye wòakpɔ Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le la.” —ROMATƆWO 8:21.

Woakpɔ amewo ƒe nu hiahiãwo gbɔ na wo.

“Wo dome ame sia ame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ.” —MIXA 4:4.

“Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe ale si ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.” —YESAYA 65:21, 22.

Woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame sia ame.

“Ekema, ɖe Mawu mana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na eƒe ame tiatia siwo doa ɣli nɛ zã kple keli . . . la oa? Mele egblɔm na mi be: Ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na wo kaba.” —LUKA 18:7, 8.

“Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o; akpɔ wo ta tegbee.” —PSALMO 37:28.

Ame aɖeke magadi eɖokui tɔ azɔ o, ke boŋ woawɔ nu ɖe ame sia ame ŋu sɔsɔe.

“Xexeametɔwo [asrɔ̃] dzɔdzɔenyenye.” —YESAYA 26:9.

“Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” —2 PETRO 3:13.

Amewo Le Tɔtrɔm Fifi Laa Gɔ̃ hã

Ŋugbedodo siawo adzro mía dometɔ ɖe sia ɖe godoo. Gake nu kae ate ŋu ana míaka ɖe edzi be woava eme? Nya lae nye be, míele nu si ɖo kpe edzi be Mawu ƒe ŋugbedodo siawo ava eme la kpɔm fifi laa. Eyae nye nu ka? Eyae nye ale si ame miliɔn geɖe te ŋu dzudzɔ ɖokuitɔdidi, agbe gbegblẽ nɔnɔ, alo ŋutasesẽ ƒe nɔnɔme si nɔ wo si tsã, eye wova srɔ̃ ale si woaɖi anukware, anɔ ŋutifafa me kple amewo ahawɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie. Yehowa Ðasefowo de miliɔn adre kple edzivɔ le xexea me egbea, wowɔ ɖeka le xexea me godoo, eye womeɖea mɔ ŋutigbalẽ, gbegbɔgblɔ, dukɔ, dunyahehe alo ganyawo dea mama wo dome, abe ale si amewo lé fu wo nɔewo, sẽ ŋuta le wo nɔewo ŋu, alo kɔ wo nɔewo ƒe ʋu ɖi le nu siawo ta ene o.a Ale si ame siawo te ŋu trɔ alea la ɖo kpe edzi kɔtɛ be míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme le xexea me katã.

Gake nu kae kpena ɖe ame ŋu wòtrɔna alea? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le ŋugbedodo bubu si le Biblia me, si ŋu nyagblɔɖila Yesaya ƒo nu tsoe la me. Egblɔ be:

“Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo. . . . Dzata aɖu gbe abe nyi ene. Ðevi nono afe le ƒli ƒe do nu, eye ɖevi, si ɖi no la, aƒo asi ɖe dakpui ƒe do me. Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu me ene.”—Yesaya 11:6-9.

Ðe ale si lãwo ava nɔ anyi kple amegbetɔwo le ŋutifafa me gbe ɖeka ŋu nya ko gblɔm wole le nyagblɔɖi sia mea? Kpao, efia nu geɖe wu ema. De dzesii be wogblɔ nu si gbɔ tɔtrɔ sia tso la le kpukpui mamlɛtɔ me be: “Sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu me ene.” Ðe lãwo ate ŋu adze si Mawu ahatrɔ nɔnɔmea? Gbeɖe! Gake ate ŋu adzɔ le amegbetɔwo ya gome, eye ele dzɔdzɔm hã! Nyagblɔɖi sia fia be ame siwo wɔa nu abe lãwo ene tsã la aɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ mawo ŋu, eye woasrɔ̃ Kristo, elabena wova srɔ̃ nu si tututu Biblia fia hetsɔnɛ dea dɔwɔwɔ me.

Bu Pedro ŋu kpɔ.b Eɖo ŋɔdzinuwɔlawo ƒe ha me kple susu be yeaɖɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo ɖo. Esi wona hehee vɔ la, wodɔe be wòayi aɖadze kpovitɔwo nɔƒe aɖe dzi. Esi wòle dzadzram ɖo ɖe dɔ sia ŋu la, asi tui. Wode Pedro mɔ ƒe ɖeka kple afã, gake eyi eƒe aglãdzedzea dzi kokoko. Ɣemaɣi la, Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple srɔ̃a. Esi woɖe asi le Pedro ŋu la, eya hã te Biblia sɔsrɔ̃, eye nu siwo wòsrɔ̃ tso Yehowa Mawu ŋu la ʋãe wòtrɔ ale si wòwɔa nui kple ale si wòbua agbee. Egblɔ be: “Medaa akpe na Yehowa be nyemewu ame aɖeke le ƒe siwo katã me menɔ ŋɔdzinuwɔlawo dome o. Fifia mezãa Mawu ƒe gbɔgbɔ la ƒe yi, si nye Biblia la, tsɔna gblɔa ŋutifafa vavãtɔ kple dzɔdzɔenyenye ŋuti nya, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe nya nyui la, na amewo.” Pedro yi kpovitɔwo nɔƒe si wòɖo be yeatsrɔ̃ tsã la, ale be wòaɖe gbeƒã na amewo tso ŋutifafa kple xexe si me ŋutasesẽ maganɔ o ŋu.

Ale si Mawu ƒe Nya la tea ŋu trɔa amewo la na míegaka ɖe edzi ŋutɔ be ŋugbe si Mawu do be nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã nu ayi la ava eme godoo. Ɛ̃, ame vɔ̃ɖiwo manɔ anyi ɖaa o, ke boŋ nuwo ava trɔ. Eteƒe madidi o, Yehowa aɖe ame si gbɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã dzɔ tso, si nye Satana Abosam, si le megbe na nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me la ɖa. Biblia gblɔ be: “Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yohanes 5:19) Gake woaɖee ɖa kpuie. Woaɖe ame siwo sẽ dzi me gbe asiɖeɖe le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ŋu hã ɖa. Kpɔ ale si agbenɔnɔ avivi ɣemaɣi ɖa!

Nu kae wòle be nàwɔ be nàva kpɔ yayra nyui siawo le etsɔ me? Ðo ŋku edzi be “sidzedze Yehowa” ye kpena ɖe amewo ŋu wotrɔna egbea, eye eya kee ana amewo natrɔ le xexea me godoo le etsɔ si gbɔna kpuie me. Ne èsrɔ̃ Biblia nyuie hetsɔ emenyawo wɔ dɔe abe Pedro ene la, wò hã àte ŋu anɔ mɔ kpɔm be yeava nɔ agbe le xexe si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la me. (2 Petro 3:13) Eya ta míele dzi dem ƒo na wò be nàwɔ mɔnukpɔkpɔ si gali la ŋu dɔ asrɔ̃ nu tso Mawu kple Yesu Kristo ŋu, elabena ewɔwɔ alea ana be nàkpɔ agbe mavɔ.—Yohanes 17:3.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ne èdi be woagakɔ nu geɖe me na ye la, ekema kpɔ agbalẽ si nye Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse? Yehowa Ðasefowoe tae.

b Míetrɔ ŋkɔa.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

Wò hã àte ŋu anɔ mɔ kpɔm be yeava nɔ agbe le xexe si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe