INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 10/1 axa 14-18
  • ‘Etsi Le Yehowa Gbɔ’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Etsi Le Yehowa Gbɔ’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Enye Ðevi Subɔna Le Yehowa Ŋkume’
  • Elé Eɖokui Dzadzɛ Le Nu Vɔ̃ɖi Wɔlawo Dome
  • “Ƒo Nu, Wò Dɔla Kè To Ði!”
  • “Samuel Yɔ Yehowa”
  • ‘Enɔ Tsitsim Le Yehowa Gbɔ’
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Samuel Yi Edzi Nɔ Nu Si Nyo La Wɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Samuel Yi Edzi Wɔ Nu Nyui
    Fia Nu Viwòwo
  • Yehowa Ƒo Nu Kple Samuel
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 10/1 axa 14-18

Srɔ̃ Woƒe Xɔse

‘Etsi Le Yehowa Gbɔ’

SAMUEL yɔ Israel dukɔa ƒo ƒu ɖe Gilgal. Ele wo katã ƒe ŋkume kpɔm dũu. Ŋutsu sia nye nyagblɔɖila kple ʋɔnudrɔ̃la si wɔ nuteƒe na Yehowa ƒe geɖe. Ku le ɖiɖim ɣemaɣi; ne egbee la, ke May alo June mee. Luwo ƒu ɖe agblewo dzi keŋ. Ameha la zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ. Aleke Samuel awɔ be eƒe nyawo nawɔ dɔ ɖe wo dzi vevie?

Dukɔa menya ale si nu si biam wole la nye ŋkubiãnyae o. Wobe ɖeko wòle be woaɖo fia na yewo godoo. Womenya be yewoƒe nuwɔnaa nye bubumademade yewoƒe Mawu, Yehowa kple eƒe nyagblɔɖila la ŋu o. Womenya be ɖe yewole Yehowa gbem be wòaganye yewoƒe Fia azɔ o! Aleke Samuel awɔ akpe ɖe wo ŋu woatrɔ dzi me?

Azɔ Samuel ƒo nu. Egblɔ na ameha la be: “Nye la metsi, meƒo wɔ.” Ale si eƒe ta ƒo wɔ la na wotsɔ eƒe nyawo nya vevii. Egblɔ kpee be: “Mezɔ mia ŋgɔ tso nye ɖekakpuime va se ɖe egbe.” (1 Samuel 11:14, 15; 12:2) Togbɔ be Samuel zu amegã ɖeɖi hã la, meŋlɔ eƒe ɖekakpuimenɔɣi be o. Nu siwo dzɔ ɣemaɣi la gakpɔtɔ le susu me nɛ pɛpɛpɛ. Ale si wòtso nya mee le ɖevime, esime wòle tsitsim lae kpe ɖe eŋu wòva xɔ eƒe Mawu, Yehowa dzi se bliboe hetsɔ eɖokui nae keŋkeŋ.

Eva hiã enuenu be Samuel nawɔ nu si ana be eƒe xɔse me nasẽ ɖaa, togbɔ be xɔsemanɔsitɔwo kple ame mawɔnuteƒewo domee wòle hã. Nenema kee egbea hã, ehiã be míadze agbagba vevie hafi míaƒe xɔse me nasẽ, elabena ame siwo mexɔ Mawu dzi se o, eye wowɔa nu gbegblẽwo la domee míele. Eya ta na míakpɔe ɖa be nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Samuel gbɔ hã; míadze egɔme tso eƒe ɖevime ke.

‘Enye Ðevi Subɔna Le Yehowa Ŋkume’

Samuel ƒe ɖevimenɔnɔ menɔ abe ɖevi bubuwo tɔ ene o. Ðewohĩ ƒe ene aɖe koe wòxɔ esi wotso no nɛ, eye le ema megbe kpuie ko la, ete Yehowa subɔsubɔ le eƒe avɔgbadɔa me le Silo, si anɔ abe kilometa 30 ene tso wo de Rama. Edzilawo, Elkana kple Xana, tsɔe na Yehowa be wòanye Nasiretɔ asubɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me.a Ðe esia fia be Samuel dzilawo melɔ̃e o, eya ta womegale edim oa?

Kpao! Wonya be woalé be na yewo via le Silo. Nunɔlagã Eli anya kpɔ egbɔ be wolé be na Samuel, elabena Samuel nɔ eŋu kplikplikpli. Nyɔnu geɖewo hã wɔa avɔgbadɔa ŋu dɔ aɖewo, eye edze ƒãa be ɖoɖo aɖe koŋ li ɖe dɔ siawo ŋu.—2 Mose 38:8.

Azɔ hã, Xana kple Elkana meŋlɔ woƒe ŋgɔgbevi lɔlɔ̃a, si wodo gbe ɖa na Mawu wòna wo la be gbeɖe o. Xana ye do gbea ɖa na Mawu be wòana vi ye, eye wòdo ŋugbe be ne ŋutsuvie la, yeatsɔe ana Mawu wòasubɔe le eƒe agbe me katã. Ƒe sia ƒe ne Xana yina Samuel kpɔ ge ɖa la, etɔa awudziwui yeye aɖe yina nɛ, be wòazã le avɔgbadɔa me. Samuel ɖevi la anya kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne edzilawo va srãe kpɔ. Anɔ eme godoo be ale si edzilawo lɔ̃e, fia mɔe hedea dzi ƒo nɛ be mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ wònye be woasubɔ Yehowa le teƒe tɔxɛ ma lae kpe ɖe eŋu wòwɔ nuteƒe.

Dzilawo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Xana kple Elkana gbɔ. Zi geɖe la, dzilawo tsia dzi ɖe wo viwo ƒe ŋutilãmenu hiahiãwo ŋu wu ale si woakpe ɖe wo ŋu woadze si Mawu. Gake Samuel dzilawo ya tsɔ Mawu tɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ, eye esiae na wo via tsi va zu ame nyui alea.—Lododowo 22:6.

Àte ŋu akpɔe le susu me ɖaa, ale si Samuel nɔ tsitsim henɔ tsa ɖim le togbɛwo dzi le Silo. Ne ele togbɛ mawo dzi hekpɔ dua kple balia me ɖaa, eye wòkpɔ Yehowa ƒe avɔgbadɔa la, anye dzidzɔ kple dada gã aɖe nɛ. Kɔkɔeƒee avɔgbadɔ ma nye nyateƒe.b Mose ye nɔ ŋgɔ wotui ƒe 400 kloe nye ema, eye wònye teƒe vevitɔ si wodea ta agu na Yehowa le le xexea me godoo ɣemaɣi.

Esi Samuel nɔ tsitsim la, avɔgbadɔa me nɔnɔ dzɔa dzi nɛ. Eya ŋutɔ va ŋlɔ emegbe be: ‘Samuel subɔna le Yehowa ŋkume, enye ɖevi, eye wòdoa aklala kɔmewu.’ (1 Samuel 2:18) Kɔmewu ma nye dzesi be Samuel kpena ɖe nunɔlawo ŋu le avɔgbadɔa me. Togbɔ be menye nunɔlae Samuel nye o hã la, eƒe dɔwo dometɔ aɖee nye be wòaʋu kpɔ si me avɔgbadɔa le la ƒe agbowo ŋdi sia ŋdi, eye wòatsɔ dɔ na Eli si nye amegã ɖeɖi. Togbɔ be dɔ siawo wɔwɔ vivia enu ŋutɔ hã la, le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nanewo va te ɖe edzi vevie. Nu gbegblẽ gã aɖe nɔ edzi yim le Yehowa ƒe aƒea me.

Elé Eɖokui Dzadzɛ Le Nu Vɔ̃ɖi Wɔlawo Dome

Samuel nɔ ame siwo ɖoe koŋ nɔ nu vɔ̃ɖi kple nu fitifiti wɔm la dome. Ŋutsuvi eve le Eli si, siwo nye Xofni kple Pinexas. Samuel gblɔ be: “Eli viŋutsuwo nye ame vlowo, eye wometsɔ ɖeke le Yehowa ƒe nya [me o].” (1 Samuel 2:12) Nya eve siwo wogblɔ tso wo ŋu le kpukpui sia me la wɔ ɖeka. Xofni kple Pinexas nye “ame vlowo”—ne woaɖe egɔme tẽe la, efia be wonye “vi siwo ŋu viɖe aɖeke mele o”—elabena womebua Yehowa ɖe naneke me o. Wometsɔa ɖeke le eƒe dzidzenu kple nudidi dzɔdzɔewo me o. Esiae kplɔ wo de nu vɔ̃ bubu siwo katã wowɔ la me.

Mawu ƒe Se la gblɔ dɔ si wòle be nunɔlawo nawɔ kple ale si woasa vɔ le avɔgbadɔa me la eme kɔ nyuie. Susu vevi aɖe tae. Vɔsa mawo le tsitre ɖi na ɖoɖo siwo Mawu wɔ be yeatsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ake wo, ne woanɔ dzadzɛ le ye ŋkume, ale be woadze na yeƒe yayrawo kple mɔfiamewo. Gake Xofni kple Pinexas ƒe nuwɔna na woa kple nunɔla bubuwo medea bubu aɖeke vɔ siwo wosana la ŋu o.c

Wò ya kpɔ ale si Samuel ɖevi la ake ŋku gãa anɔ nu gbegblẽ siawo gbegbe teƒe kpɔm, evɔ womele naneke wɔm tso eŋu o la ɖa le susu me. Bu ame ale si nu gbegbe wòanya kpɔ—ame dahewo, ame tsɛwo, ame siwo wote ɖe anyi—siwo va avɔgbadɔ kɔkɔe ma me kple susu be woafa akɔ na yewo ahado ŋusẽ yewo, evɔ ɖeko wotrɔ dzona kple dzigbagbã, vevesese kple ŋukpee ŋu kpɔ. Eye esi wòse be Xofni kple Pinexas mebua Yehowa ƒe se si ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu la o, ke boŋ wodɔa nyɔnu siwo subɔna le avɔgbadɔa me la dometɔ aɖewo gbɔ la, aleke wòase le eɖokui me? (1 Samuel 2:22) Ðewohĩ enɔ mɔ kpɔm be Eli awɔ nane le eŋu.

Eli ate ŋu akpɔ kuxi sia gbɔ nyuie hafi. Nunɔlagã wònye, eya ta eya dzie nu siwo dzɔna le avɔgbadɔa me la ƒe agba le. Vifofo hãe wònye, eya ta agba le edzi be wòaɖɔ viawo ɖo. Ne èbu eŋu kpɔ la, wonɔ nu gblẽm le woawo ŋutɔwo kple dukɔa me tɔ bubu geɖewo ŋu. Gake Eli do kpo nu le go eveawo katã me. Ðeko wòtsɔa gbe bɔbɔe ƒoa nu na wo ɖewoɖewoe be nya gbem yele na woe nye ema. (1 Samuel 2:23-25) Ðe wòle be wòaka mo na viawo vevie hafi. Nu vɔ̃ si dze kue ma wɔm wole!

Nuwo va gblẽ ale gbegbe be Yehowa tsɔ ʋɔnudrɔ̃gbedeasi sesẽ aɖe de “Mawu ƒe ame aɖe,” si nye nyagblɔɖila si ŋkɔ womeyɔ o la, si ɖo ɖe Eli. Yehowa gblɔ na Eli be: “Èbu viwòwo wum.” Ale Mawu gblɔ be Eli ƒe vi vɔ̃ɖi eveawo siaa aku le ŋkeke ɖeka dzi, nu geɖe agblẽ le eƒe ƒomea ŋu, eye nunɔlanyenye ƒe ɖoƒe tɔxɛ la age le wo si. Ðe nuxlɔ̃ame sesẽ sia na ƒomea me tɔwo trɔ dzi mea? Naneke mele nuŋlɔɖia me si ɖee fia be wotrɔ dzi me o.—1 Samuel 2:27–3:1.

Ðe nu gbegblẽ wɔwɔ siawo gblẽ nu le Samuel ŋua? Togbɔ be nu gbegblẽ siawo katã nɔ edzi yim hã la, nya nyuiwo sɔŋ ko wogblɔ tso Samuel ya ŋu, be ele tsitsim nyuie hele ŋgɔ yim. Ðo ŋku edzi be wogblɔ le 1 Samuel 2:18 be Samuel wɔ nuteƒe, eye wònye ɖevi si ‘subɔna le Yehowa ŋkume.’ Togbɔ be ɖevi dzaa ko wònye ɣemaɣi hã la, Mawu subɔsubɔe nye nu vevitɔ nɛ le agbe me. Ta ma ke ƒe kpukpui 21 lia gblɔ nya dodzidzɔname sia tso eŋu be: “Samuel ɖevi la tsi le Yehowa gbɔ.” Esi wòle tsitsim la, woa kple Fofo si le dziƒo la dome gava le kplikplikpli wu. Ne ame kple Yehowa dome le kplikplikpli alea ko hafi wòate ŋu alé nu nyui wɔwɔ me ɖe asi ɖaa.

Ele bɔbɔe be Samuel nasusui be ne nunɔlagã kple viawo tea ŋu wɔa nu vɔ̃ siawo gbegbe la, ekema ye hã yeate ŋu awɔ nu si dze ye ŋu faa. Gake mele be míatsɔ ame bubuwo kple ame siwo le ŋgɔ xɔm la ƒe nu gbegblẽ wɔwɔ ado taflatsɛ gbeɖe be míawo hã míate ŋu awɔ nu vɔ̃ o. Sɔhɛ Kristotɔ geɖe srɔ̃a Samuel ƒe kpɔɖeŋu egbea, eye ‘wole tsitsim le Yehowa gbɔ,’ ne ame siwo dome wole la meɖoa kpɔɖeŋu nyui aɖeke na wo o hã.

Ðe agbenɔnɔ alea ɖe vi na Samuel le mɔ aɖe nua? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Samuel ɖevi la tsi ɖe dzi, eye eƒe nu nyo Yehowa kple amegbetɔwo ŋu.” (1 Samuel 2:26) Eya ta ame siwo ŋu wòle be Samuel nadze ya teti lɔ̃ eƒe nya gbɔ. Yehowa ŋutɔ bu ɖevi sia ame vevii le esi wòwɔa nuteƒe ta. Eye Samuel ka ɖe edzi be Mawu atso ɖe ame siwo katã le nu vlo wɔm le Silo la ŋu gbe ɖeka, gake ɖewohĩ anɔ eɖokui biam be ɣekaɣie wòle ewɔ ge hã.

“Ƒo Nu, Wò Dɔla Kè To Ði!”

Wova ɖo nya sia ŋu nɛ gbe ɖeka zã me. Fɔŋli ye; akaɖi gã si wosi ɖe avɔgbadɔa me la gakpɔtɔ le keklẽm. Samuel se ame aɖe yɔe le vivitia me. Esusui be amegã ɖeɖi Eli, si ƒe ŋkuwo le tsitsim lae. Samuel fɔ enumake, eye “wòƒu du” yi egbɔ. Kpɔe ɖa le susu me, be ɖevi sia le afɔ ƒuƒlu hele du dzi ɖo ta Eli gbɔ be yeakpɔ ɖa be nu ka tae wòyɔ ye ɖo hã. Ðe mewɔ dɔ ɖe dziwò ŋutɔ be Samuel dea bubu Eli ŋu heléa be nɛ nyuie alea oa? Togbɔ be Eli wɔ nu vɔ̃ geɖe hã la, enyae be eyae nye nunɔlagã si Yehowa ɖo.—1 Samuel 3:2-5.

Samuel yi ɖanyɔ Eli gblɔ nɛ be: “Nyee nye si, elabena èyɔm.” Gake Eli gblɔ nɛ be netrɔ yi ɖamlɔ anyi, elabena yemeyɔe o. Gake wogayɔe ake zi gbɔ zi eve! Mlɔeba Eli va de dzesi nu si tututu nɔ dzɔdzɔm. Ƒãa hafi Yehowa ganana ame aɖe kpɔa ŋutega alo gblɔa nya ɖi na eƒe dukɔa, eye woawo ŋutɔwo hã nya nu si tae. Gake Eli de dzesii be Yehowa gadi be yeagblɔ nya aɖe, eye fifia edi be yeaƒo nu to ɖevi sia dzi! Eli gblɔ na Samuel be netrɔ yi ɖamlɔ anyi, eye wòfiae ale si wòaɖo eŋu ne wogayɔe ake. Eya ta Samuel trɔ yi ɖamlɔ anyi. Eteƒe medidi o, egase woyɔe be: “Samuel! Samuel!” Ðevi la ɖo eŋu be: “Ƒo nu, wò dɔla kè to ɖi!”—1 Samuel 3:1, 5-10.

Azɔ ko Yehowa gakpɔ esubɔla aɖe le Silo si wòate ŋu aƒo nu na wòasee. Nenemae Samuel ɖo to Yehowa le eƒe agbe me katã. Ðe woate ŋu agblɔ le wò hã ŋuwò nenema? Mele be míanɔ mɔ kpɔm be míase gbe aɖe tso dziƒo wòaƒo nu na mí le zã me hafi míaɖo to o. Le mɔ aɖe nu la, Mawu ƒoa nu na mí ɣesiaɣi egbea. Eƒe Nya Biblia dzie wòtona. Zi ale si míeɖoa to Mawu la, zi nenemae míaƒe xɔse hã asẽe. Nenemae Samuel wɔe.

Zã vevi aɖee zã ma nye na Samuel, elabena ɣemaɣi, le Silo, ye wòva te sidzedze Yehowa Mawu etɔxɛe heva zu eƒe nyagblɔɖila kple nyanuɖela. Ðevi la vɔ̃ gbã be yeagblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasia na Eli, elabena nyagblɔɖi wònye ɖe eƒe ƒomea ŋu, si le eme va ge kpuie. Gake Samuel lé dzi ɖe ƒo ɖagblɔe na Eli, eye Eli lɔ̃ ɖe edzi be Mawu nedrɔ̃ ʋɔnu ale si dze eŋu. Eteƒe medidi o, nya siwo katã Yehowa gblɔ la va eme. Israel viwo kpe aʋa kple Filistitɔwo, eye Xofni kple Pinexas ku le ŋkeke ɖeka dzi. Eli ŋutɔ hã ku esi wòse be woxɔ Yehowa ƒe Nubablaɖaka kɔkɔe la.—1 Samuel 3:10-18; 4:1-18.

Gake ɖeko nyagblɔɖila wɔnuteƒe Samuel ƒe ŋkɔ ganyɔ ɖe edzi wu. Wogblɔ tso eŋu be: “Yehowa nɔ kplii,” eye be Yehowa mena Samuel ƒe nyagblɔɖiwo dometɔ aɖeke do kpo emevava o.”—1 Samuel 3:19.

“Samuel Yɔ Yehowa”

Gake ɖe esia fia be Israel viwo ɖo to Samuel ale be wowɔ nuteƒe na Mawu hesubɔea? Kpao. Emegbe wotso nya me be yewomedi be nyagblɔɖila nanye ʋɔnudrɔ̃la na yewo o. Wodi be yewoanɔ abe dukɔ bubuwo ene, eye woaɖo fia na yewo wòaɖu yewo dzi. Yehowa gblɔ na Samuel be wòaɖoe na wo. Gake ele be wòana Israel viwo nakpɔ ale si gbegbe woƒe nu vɔ̃a loloe. Menye amegbetɔ dzro gbemee wole o, ke boŋ Yehowa ŋutɔ gbemee wole! Eya ta eyɔ dukɔa ƒo ƒu ɖe Gilgal.

Mina míatrɔ ɖe eŋu ne míase nya si wògblɔ na Israel le Gilgal gbe ma gbe ɖa. Samuel si zu amegã ɖeɖi ɣemaɣi la ɖo ŋku edzi na Israel viwo be yewɔ nuteƒe tso ɖevime ke. Emegbe “Samuel yɔ Yehowa.” Ebia Yehowa be wòana dzi naɖe gbe, eye tsi nadza.—1 Samuel 12:17, 18.

Be tsi nadza? Le kuɖiɣia? Ame aɖe se nya sia kpɔa? Ne ameawo dometɔ aɖe ke ɖi alo ɖu fewu hã la, eƒe nu aku kpuie. Kasia tsi ɖo, eye xexea me tsyɔ. Tete ya de asi ƒoƒo me, eye wònyama luwo le agblewo dzi keŋ. Dzi de asi gbeɖeɖe me sesĩe. Kasia tsi kɔ ɖi. Aleke dukɔa wɔ nui? “Dukɔ blibo la vɔ̃ Yehowa kple Samuel ŋutɔ.” Ɛ̃, wode dzesi nu vɔ̃ si gbegbe wowɔ la azɔ.—1 Samuel 12:18, 19.

Menye Samuel ye na nya siawo ɖo dukɔ dzeaglã sia ƒe dzi gbɔ o, ke boŋ Yehowa Mawue. Samuel xɔ Mawu dzi se tso eƒe ɖevime ke. Eye Yehowa ɖo eteƒe nɛ. Yehowa metrɔ o. Egakpena ɖe ame siwo xɔa edzi sena abe Samuel ene la ŋu egbea hã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ame siwo nye Nasiretɔwo la ɖe adzɔgbe be yewomano aha muame o, eye yewomakpa ɖa o. Ame akpa gãtɔ ɖe adzɔgbe sia ɣeyiɣi aɖe ko, gake ame ʋɛ aɖewo, abe Simson, Samuel kple Yohanes Amenyrɔɖetsimela ene, nye Nasiretɔwo le woƒe agbe me katã.

b Atie wotsɔ tu kɔkɔeƒe sia, eye wòle dzogoe ene me. Gake nu adodoewoe wotsɔ wɔe: nyogbalẽ, avɔ dzeani siwo me wolɔ̃ nu ɖo, kple ati xɔasi siwo ŋu wofa klosalo kple sika ɖo. Wotɔ kpɔ si hã le dzogoe ene me ƒo xlã kɔkɔeƒe sia, eye vɔsamlekpui gã aɖe si dzi wosaa vɔ le hã le eme. Edze ƒãa be wova tu xɔ aɖewo ɖe avɔgbadɔa ŋu na nunɔlawo emegbe. Edze abe xɔ siawo dometɔ ɖeka mee Samuel mlɔna ene.

c Nuŋlɔɖia gblɔ nu eve siwo me womede bubu Yehowa ŋu le o na mí. Gbãtɔe nye be Sea gblɔ vɔsalã la ƒe akpa si nye nunɔlawo tɔ be woaɖu. (5 Mose 18:3) Gake nunɔla vɔ̃ɖi siawo va wɔ ɖoɖo bubu kura le avɔgbadɔa me. Wonana woƒe subɔviwo tsɔa gaflo gã aɖe ƒona ɖe ze si me lãa le fiefiem le la me, eye wotsɔa lãkɔ ɖe sia ɖe si gafloa he doe! Eveliae nye be ne amewo tsɔ woƒe vɔsalãwo va be woamè le vɔsamlekpuia dzi la, nunɔla vɔ̃ɖiawo nana woƒe subɔviwo doa ŋɔdzi na ame si le vɔa sam la, eye wobiana be yewoaxɔ lã mumua hafi woatsɔ lã la ƒe amiwo asa vɔe na Yehowa.—3 Mose 3:3-5; 1 Samuel 2:13-17.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Togbɔ be Samuel vɔ̃ hã la, egblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasia na Eli

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Samuel xɔ Yehowa dzi se hedo gbe ɖa, eye Yehowa ɖo gbedodoɖaa ŋu nɛ esi wòna dzi ɖe gbe, eye tsi dza

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe