Te Ðe Mawu Ŋu
‘Eɖoa To Gbedodoɖa’
ÐE YEHOWA MAWU ɖoa gbe siwo esubɔla wɔnuteƒewo dona ɖa nɛ tso dzi me la ŋu vavã? Nu si Biblia gblɔ tso ŋutsu aɖe si ŋu míenya nu geɖe tsoe o, si ŋkɔe nye Yabez, ŋu la ɖee fia be Yehowa ‘ɖoa to gbedodoɖa’ nyateƒe. (Psalmo 65:3) Nuŋlɔɖi kpui ma dze le afi si màsusu o—edze le dzidzime siwo woyɔ le Kronika Gbãtɔ ƒe ta gbãtɔawo me la dome. Na míadzro 1 Kronika 4:9, 10 me kpɔ.
Nu siwo katã míenya le Yabez ŋu la koe nye ema dze le kpukpui eve mawo me. Kpukpui 9 lia gblɔ be “dadaa na ŋkɔe be Yabez, le esi wòse veve hafi dzii ta.”a Nu ka tae ŋkɔ mae wòtsɔ nɛ? Ðe wòse veve le edziɣi wu ale si funɔwo sea vevea? Alo be ahosi wònye ɣemaɣi, eye ale si srɔ̃a meli akpɔ dzidzɔ ɖe eti be yewodzi vi o lae nye nuxaxa nɛa? Biblia megblɔe o. Gake ava nye dada na vidada sia gbe ɖeka be yedzi vi sia. Ðewohĩ Yabez nɔviwo nye ame dzɔdzɔewo, gake “bubu nɔ Yabez ŋu wu nɔviawo.”
Yabez nye ame si doa gbe ɖa vevie tso dzi me. Nya gbãtɔ si wògblɔ le eƒe gbedodoɖa mee nye be Mawu neyra ye dzro. Emegbe ebia nu etɔ̃, siwo ɖee fia be eƒe xɔse me sẽ.
Gbã la, Yabez ɖe kuku na Mawu be: ‘Keke nye anyigba ɖe enu.’ (Kpukpui 10) Ŋutsu bubume sia menye anyigba hala, si tsɔa ŋukeklẽ xɔa nu si nye ehavi tɔ o. Ðewohĩ amewo koŋ ŋue wòle gbe dom ɖa ɖo, ke menye anyigba o. Ðe wòanya nɔ biabiam be yeƒe anyigba nakeke ɖe enu, gake menye to aʋawɔwɔ me o, ale be Mawu vavã la subɔlawo nasɔ gbɔ ɖe edzi.b
Evelia, Yabez ɖe kuku be Mawu ƒe “asi” nanɔ kpli ye. Mawu ƒe kpɔɖeŋusi lae nye eƒe ŋusẽ si wòzãna, si wòtsɔna kpena ɖe esubɔlawo ŋu. (1 Kronika 29:12) Yabez le Mawu si ƒe asi meto ɖe eme be wòakpe ɖe ame siwo xɔ edzi se ŋu o la si nu kpɔm be wòawɔ nu siwo yeƒe dzi di la na ye.—Yesaya 59:1.
Etɔ̃lia, Yabez do gbe ɖa be: ‘Kpɔ tanye tso vɔ̃ me, be wòagagblẽ nu le ŋunye o.’ Nya si wògblɔ be ‘be wòagagblẽ nu le ŋunye o’ la fia be, menye ɖe Yabez do gbe ɖa be vɔ̃ neƒo asa na ye o, ke boŋ be nu siwo adzɔ ɖe ye dzi la negana yease veve ale gbegbe be yeadzudzɔ esubɔsubɔ o.
Gbe si Yabez do ɖa la ɖee fia be etsi dzi ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu, eƒe xɔse me sẽ, eye wòɖoa ŋu ɖe Mawu, ame si sea gbedodoɖa la ŋu. Aleke Yehowa ɖo gbe si wòdo ɖa la ŋui? Wowu nuŋlɔɖi kpui sia nu ale: “Mawu na nu si wòbia la, va me.”
Yehowa metrɔ o; egaɖoa to gbedodoɖa kokoko. Gbe siwo esubɔlawo dona ɖa nɛ la dzea eŋu. Eya ta ame siwo xɔ edzi se heɖoa ŋu ɖe eŋu la ate ŋu aka ɖe nya sia dzi be: “Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.”—1 Yohanes 5:14.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Nya si me woɖe ŋkɔ Yabez tso la ate ŋu afia “vevesese.”
b Woɖe Yabez ƒe nyawo gɔme ɖe Targum, si nye Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo, si Yudatɔwo to ɖe eme la, me be: “Yram madzi vi geɖe, eye na nusrɔ̃lawo nasɔ gbɔ ɖe nye anyigba dzi.”