INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/98 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èwɔa Tɔwò Si Nua Be Míaƒe Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Natu Ame Ðoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Alesi Míawɔ Ase Vivi na Kpekpeawo Wu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míaƒo Ƒu Asubɔ Mawu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Ƒe Kpekpewo Dede Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 4/98 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Nukae míate ŋu awɔ be míaƒe kpekpeawo naɖe vi na mí wu?

Ame aɖewo asusui be hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔlawo ko dzie míaƒe hamea ƒe kpekpeawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ƒe agba le, elabena woawoe kpɔa wo dzi hewɔa dɔ akpa gãtɔ le wo me. Le nyateƒe me la, mí katã míate ŋu awɔ akpa aɖe be kpekpeawo navivi eye wòaɖe vi. Míate ŋu akpe asi ɖe eŋu be kpekpeawo naɖe vi na mí to mɔ ewo siwo gbɔna dzi:

Dzra ɖo do ŋgɔ. Ne míedzra ɖo nyuie la, míase vivi na kpekpeawo. Ne mí katã míewɔe alea la, agbe anɔ kpekpeawo me eye wòatu ame ɖo wu. De edziedzi. Kpekpeawo vava le agbɔsɔsɔ me dea dzi ƒo na vavala ɖesiaɖe eye wòdoa ŋusẽ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe kpekpeawo dede ƒe vevienyenye ŋu. Va ɖe game dzi. Ne míenɔ anyi hafi kpekpea dze egɔme la, míate ŋu akpɔ gome le hadzidzi kple gbedodoɖa si woatsɔ ʋu kpekpeawo nui me eye wòaɖe vi na mí bliboe. Tsɔ nusiwo katã woazã ɖe asi vɛ. Ne míetsɔ míaƒe Biblia kple agbalẽ bubu si(wo) woazã le kpekpea me ɖe asi vɛ la, míate ŋu akpɔ wo dzi eye wòakpe ɖe mía ŋu be míase nusi me dzrom wole me nyuie wu. Tsri nusiwo hea ame ƒe susu ɖa. Míate ŋu aɖo to nyuie wu ne míenɔ ŋgɔgbe. Dalĩdodo kple nugododeƒe alo aɖuɖɔɖɔƒe yiyi kabakaba ate ŋu awɔe míaƒe susu kple ame bubuwo tɔ nadzo le nusi gblɔm wole la dzi. Kpɔ gome le kpekpeawo me. Ne mía dometɔ geɖe do asi ɖe dzi ɖo nya ŋu la, míaƒe xɔsemeʋuʋua dea dzi ƒo na ame geɖe eye míetua wo ɖo. ­Wò nyaŋuɖoɖo nanɔ kpuie. Esia ana mɔnukpɔkpɔ ame geɖe alesinu ate ŋui be woaɖo nya ŋu. Ele be míana míaƒe nyaŋuɖoɖo kpuiawo naku ɖe nusi srɔ̃m míele la koŋ ŋu. Wɔ wò dɔdasiwo. Ne wode dɔ asi na mí le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me alo le Subɔsubɔ Kpekpea me la, ele be míadzra ɖo nyuie, míato nuawo me do ŋgɔ, eye míadze agbagba be míagado kpo míaƒe dɔdasia wɔwɔ o. Kafu amesiwo kpɔ gome le eme. Gblɔ alesi nèkpɔ ŋudzedze ɖe ame bubuwo ƒe dɔwɔwɔwo ŋui la na wo. Esia tua wo ɖo eye wòʋãa wo be woagawɔe wòanyo awu ɣebubuɣi. Mide dzi ƒo na mia nɔewo. Gbedodo na ame lɔlɔ̃tɔe kple dzeɖoɖo tuameɖowo do ŋgɔ na kpekpeawo kple le kpakpã vɔ megbe dzia dzidzɔ kple viɖe siwo míekpɔna le kpekpewo dede me la ɖe edzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe