Yehowa Sea Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã La Ƒe Ɣlidodowo
ABE ale si nunyala Fia Salomo si nɔ blema Israel gblɔe ene la, “azãgbe kple nuɖiɖeame li na [mí] katã.” (Nyagb. 9:11) Nu wɔnublanui aɖe alo dodokpɔ sesẽ aɖe ate ŋu ana míaƒe agbe natɔtɔ kura. Le kpɔɖeŋu me, ne míaƒe ƒometɔ kplikplikpli aɖe ku kpata la, ate ŋu ana míaƒe dzi nagbã gudugudu. Nuxaxa kple mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe seselelãme ate ŋu awu dzi na mí le kwasiɖa siwo kplɔe ɖo kple ɣleti siwo kplɔe ɖo me. Ate ŋu adzɔ be ame aɖe ƒe susu natɔtɔ ale gbegbe be wòase le eɖokui me be yemedze ate ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me o.
Ne ame aɖe le nɔnɔme sia me la, ahiã dzideƒoname, veveseɖeamenu, kple lɔlɔ̃ɖeɖefia. Hakpala David dzi ha fakɔname sia be: ‘Yehowa tsoa ame siwo katã dze anyi la xɔna, eye wòfɔa ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la, ɖe tsitrenu.’ (Ps. 145:14) Biblia gblɔ na mí be ‘Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.’ (2 Kron. 16:9) ‘Ele ame si wogbã gudugudu, kple ame si ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ ɖe anyi la gbɔ, ne wòagbɔ agbe ame siwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye wòagbɔ agbe ame siwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.’ (Yes. 57:15) Alekee Yehowa kpena ɖe ame si ƒe dzi gbã gudugudu kple ame si ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ ɖe anyi la ŋu?
“Nya, Si Wogblɔ Ðe Egblɔɣi”
Mɔ aɖe si dzi Yehowa tona kpena ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi si sɔ dzi lae nye to mía nɔvi Kristotɔwo dzi. Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woafa akɔ na luʋɔ siwo lé blanui la.’ (1 Tes. 5:14) Ne nɔvi aɖe le fukpekpe me tom eye wòle nu xam la, nɔvi haxɔsetɔ veveseɖeamenulawo ƒe ɖetsɔlemenya siwo woagblɔ lɔlɔ̃tɔe la ate ŋu ado ŋusẽ eyama. Akɔfanamenya siwo woagblɔ le dze kpui siwo woaɖo kple ame si ƒe dzi gbã me gɔ̃ hã ate ŋu ana agbe naɖo eme. Ame siwo agblɔ akɔfanamenya mawo la ate ŋu anye ame siwo hã to nuteɖeamedzi kple nuxaxa mawo tɔgbi me kpɔ. Alo ate ŋu anye xɔlɔ̃ aɖe si léa ŋku ɖe nu ŋu si si nɔnɔme siawo ŋuti nuteƒekpɔkpɔ geɖe le. Yehowa ate ŋu ato mɔ siawo dzi agbɔ agbe ame si ƒe dzi gbã gudugudu.
Bu Kristotɔ hamemetsitsi aɖe si ɖe srɔ̃ yeye, si ŋkɔe nye Alex, la ŋu kpɔ. Dɔléle vɔ̃ɖi aɖe si womate ada o la wu srɔ̃a kpata. Dzikpɔla mɔzɔla veveseɖeamenula aɖe ɖoe be yeagblɔ akɔfanamenyawo na Alex. Eya hã srɔ̃ ku, eye emegbe wòɖe srɔ̃ bubu. Dzikpɔla mɔzɔlaa gblɔ be esi wònye be nu wɔa dɔ ɖe ye dzi le dzɔdzɔme nu ŋutɔ ta la, nudzɔdzɔa wu tsɔtsɔ na ye. Eƒe dzi dzea eme ne woa kple nɔvi bubuwo wole gbeadzi alo hame ƒe kpekpewo me. Gake ne egbɔ va aƒe me, ge ɖe xɔ me hetu ʋɔa la, esena le eɖokui me be yetsi akogo ale gbegbe. Alex gblɔ be: “Aleke gbegbee wòfa akɔ nam enye esi, esi mekpɔe be nye nuxaxa la menye numadzɔkpɔ o eye be ame bubuwo hã to nɔnɔme sia tɔgbi me kpɔ!” Le nyateƒe me la, “nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la” ate ŋu afa akɔ na ame le hiãɣi.—Lod. 15:23.
Kristotɔ hamemetsitsi bubu aɖe, si si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su le akɔfafa na ame geɖe siwo srɔ̃wo ku me la, hã ƒe dzi ʋãe wògblɔ dzideƒonamenya aɖewo na Alex. Egblɔ na Alex lɔlɔ̃tɔe kpakple veveseɖeamenu be Yehowa nya ale si míesena le mía ɖokui me kple nu siwo míehiã. Nɔviŋutsua gblɔ be: “Le ɣleti aɖewo alo ƒe aɖewo megbe la, ne èse le ɖokuiwò me be yehiã kpeɖeŋutɔ vevie la, ɖoɖo si me lɔlɔ̃ le si Yehowa wɔ na mí fifiae nye srɔ̃ɖeɖe ake.” Enye nyateƒe be menye ame siwo srɔ̃wo ku eye emegbe wodi be yewoagaɖe srɔ̃ ake la katãe nɔnɔmeawo ɖea mɔ na wogaɖea srɔ̃ o. Ke hã, esi Alex nɔ ŋugble dem le nɔviŋutsua ƒe nyaa ŋu la, egblɔ be, “Ne woɖo ŋku edzi na wò be, enye Yehowa ƒe ɖoɖo be àgate ŋu aɖe srɔ̃ ake la, enana be ne ègava ɖe srɔ̃ ake la, wò dzitsinya manɔ fɔ bum wò be mèwɔ nuteƒe na srɔ̃wò si ku la o, alo be mede bubu Yehowa ƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa ŋu o.”—1 Kor. 7:8, 9, 39.
Hakpala David, ame si ŋutɔ hã to dodokpɔ kple nɔnɔme sesẽ geɖe me la, gblɔ be: ‘Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu. Etsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ.’ (Ps. 34:16, 19) Kakaɖedzitɔe la, Yehowa ate ŋu ato nya siwo me nunya le, siwo ɖea nugɔmesese deto fiana, siwo mía nɔvi Kristotɔ veveseɖeamenula siwo tsi le gbɔgbɔ me gblɔna dzi aɖo ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la ƒe ɣlidodowo ŋu na wo le ɣeyiɣi si sɔ dzi. Asixɔxɔ gã aɖe le ɖoɖo sia ŋu eye wòɖea vi hã.
Kpekpeɖeŋu To Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Dzi
Ele bɔbɔe be nukpɔsusu masɔmasɔwo nava nɔ ame si ƒe dzi gbã la si, si ana be wòaɖe eɖokui ɖe aga. Ke hã, Lododowo 18:1 xlɔ̃ nu be: ‘Ame si ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tsitre ɖe nunyanyawo katã ŋu.’ Alex gblɔ be: “Ne ame srɔ̃ ku la, nukpɔsusu masɔmasɔwo va xɔa susu me na ame.” Eɖo ŋku edzi be yenɔa ye ɖokui biam be: “‘Ðe nane li wòle be mawɔ hafia? Ðe wòanye be mate ŋu aɖe ameŋububu kple nugɔmesename geɖe wu afia hafia?’ Nyemedi be matsi akogo o. Nyemedi be mazu tre o. Esesẽna be ame naɖe susu le nya mawo dzi, elabena ŋkeke ɖe sia ɖe ɖoa ŋku edzi na ame be etsi akogo.”
Ame si ƒe dzi gbã gudugudu la hiã hadede tuameɖowo wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Hadede siawo bɔ ɖe hamea ƒe kpekpewo me. Le hame ƒe kpekpewo me la, míetsɔa míaƒe susu katã ɖoa Mawu ƒe nya siwo dea dzi ƒo na ame hedoa ŋusẽ ame la ŋu.
Kristotɔwo ƒe kpekpewo kpena ɖe mía ŋu be nukpɔsusu nyuitɔ sua mía si ku ɖe nɔnɔme siwo me tom míele la ŋu. Ne míele Biblia me nyawo sem hele ŋugble dem le wo ŋu la, míetsɔa míaƒe susu ɖoa nya siwo le vevie wu la ŋu—siwo nye Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli kple eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ—ke menye míawo ŋutɔwo ƒe fukpekpewo ko ŋu o. Gakpe ɖe eŋu la, ne míele nu srɔ̃m tso Mawu ŋu le hame ƒe kpekpewo me la, míekpɔnɛ be ne amewo menya fu siwo kpem míele o alo womesea ale si míesena le mía ɖokui me la gɔme o gɔ̃ hã la, míeka ɖe edzi be Yehowa ya nya wo eye wòsea míaƒe seselelãmewo gɔme, eye esia doa ŋusẽ mí. Yehowa nyae be “ne dzi le nu xam la, ekema wɔna vɔna le dzideƒo ŋu.” (Lod. 15:13) Mawu vavã la di be yeakpe ɖe mía ŋu, eye esia nyanya dea dzi ƒo na mí eye wòdoa ŋusẽ mí be míebua mɔkpɔkpɔ o.—Ps. 27:14.
Esi Fia David ƒe futɔwo ti eyome kutɔkutɔe la, efa konyi na Mawu gblɔ be: “Nu te nye gbɔgbɔ ŋu, eye nye dzi lulu ɖe menye.” (Ps. 143:4) Zi geɖe la, nukpekeame naa ŋusẽ vɔna le ame ŋu eye nu tea eŋu le seselelãme gome, eye eƒe dzi gɔ̃ hã kuna ɖe eme. Míaƒe fukpekpewo ate ŋu anye dɔléle alo lãmegbegblẽ siwo aƒo mí aƒu anyi ɣeyiɣi didi aɖe. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu míado dzi. (Ps. 41:2-4) Togbɔ be Mawu medaa dɔ na ame aɖeke nukutɔe egbea o hã la, enaa nunya kple dzideƒo ame si le dɔ lém la be wòate ŋu anɔ te ɖe enu dzidzedzetɔe. Ðo ŋku edzi be esi nɔnɔme sesẽwo na nu te David ŋu belibeli la, etsɔ eƒe nyawo ɖo Yehowa ŋkume. Edzi ha be: “Meɖo ŋu blemaŋkekewo, mede ŋugble le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye mesusu wò asinudɔwɔwɔwo ŋu.”—Ps. 143:5.
Nyateƒe si wònye be woŋlɔ nya siwo gbɔgbɔ ʋã hakpalaa wògblɔ la ɖe Mawu ƒe Nya la me ɖee fia be Yehowa nya ale si míesena le mía ɖokui me. Nya mawo tɔgbi na míekana ɖe edzi be esea míaƒe ɣlidodowo. Ne míelɔ̃ xɔ Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu la, ‘akpɔ mía ta.’—Ps. 55:23.
Nɔ “Gbe Dom Ða Madzudzɔmadzudzɔe”
Yakobo 4:8 gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” Gbedodoɖa nye mɔ aɖe si dzi míetona tena ɖe Mawu ŋu. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na mí be ‘míanɔ gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe.’ (1 Tes. 5:17) Ne ale si tututu míele sesem le mía ɖokui me la gbɔgblɔ le sesẽm na mí gɔ̃ hã la, “gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa míaƒe ŋeŋe siwo míeɖe gblɔ o la, ɖe akɔ.” (Rom. 8:26, 27) Kakaɖedzitɔe la, Yehowa nya ale si míesena le mía ɖokuiwo me.
Monika, ame si se le eɖokui me be nu siawo wɔwɔ na ye kple Yehowa dome le kplikplikpli la gblɔ be: “Gbedodoɖa, Biblia xexlẽ, kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋunye meva kpɔe be Yehowa va zu Xɔ̃nye vevitɔ. Eva zu ame ŋutɔŋutɔ nam ale gbegbe be mekpɔnɛ be ekpena ɖe ŋunye ɣesiaɣi. Efaa akɔ nam be manya be ne nyemete ŋu le ale si tututu mele sesem le ɖokuinye me gblɔm o hã la, esea nu gɔme nam. Menyae be eƒe dɔmenyonyo kple yayrawo mele xexlẽ me o.”
Eya ta, mina míaɖoe kplikpaa be míaxɔ akɔfanamenya siwo mía nɔvi Kristotɔwo gblɔna na mí lɔlɔ̃tɔe la ade eme, míawɔ ɖe aɖaŋu siwo woɖona na mí dɔmenyotɔe kple ŋkuɖodzinya siwo doa ŋusẽ ame ƒe xɔse siwo míesena le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la dzi, eye míagblɔ míaƒe dzimenyawo na Yehowa le gbedodoɖa me. Nu siawo katã, siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu, nye mɔ siwo dzi Yehowa tona ɖenɛ fiana be yetsɔ ɖe le eme na mí. Alex nɔ te ɖe eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ dzi gblɔ be, “Ne míewɔ mía tɔ si nua hewɔ mɔnuɖoɖo siwo katã Yehowa Mawu wɔ na mí bene ƒomedodo si le mía kplii dome la me nakpɔtɔ asẽ la ŋu dɔ la, ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ asu mía si míatsɔ anɔ te ɖe dodokpɔ ɖe sia ɖe si míado goe la nu.”—2 Kor. 4:7.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]
Akɔfafa Na Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã Gudugudu
Nya siwo ɖe ale si amegbetɔwo sena le wo ɖokuiwo me kple kpeɖodzi geɖe siwo fia be Yehowa sea ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu eye nu te ɖe wo dzi la ƒe ɣlidodowo la sɔ gbɔ ɖe psalmowo me fũu. De ŋugble le psalmoawo ƒe akpa siwo gbɔna ŋu kpɔ:
“Esi meɖo xaxa me la, meyɔ Yehowa, eye medo ɣli na nye Mawu. Ese nye gbe le eƒe gbedoxɔ me, eye nye ɣlidodo de egbɔ ge ɖe eƒe to me.”—Ps. 18:7.
‘Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.’ —Ps. 34:19.
‘[Yehowa] daa gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye woblaa woƒe abiwo.’—Ps. 147:3.
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Aleke gbegbee “nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la” ate ŋu afa akɔ na ame le hiãɣie enye esi!